Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nugbagbevi Siwo Bi Ðe Asitɔtrɔ le Gbeɖuɖɔ ŋu Me

Nugbagbevi Siwo Bi Ðe Asitɔtrɔ le Gbeɖuɖɔ ŋu Me

Nugbagbevi Siwo Bi Ðe Asitɔtrɔ le Gbeɖuɖɔ ŋu Me

AAMEGBETƆWO te asitɔtrɔ le tsi gbegblẽ kple gbeɖuɖɔ ŋu le mɔ deŋgɔ nu ƒe 150 kple edzivɔ koe nye esia. Gake nu gbagbe si bi ɖe asitɔtrɔ le gbeɖuɖɔ ŋu me li xoxoxo—eyae nye anyidi sue aɖe siwo le Amerika ƒe anyigba xɔdzowo dzi.

Anyidi aɖewo siwo flia aŋgbawo me ƒe ƒuƒoƒo si anɔ miliɔn ɖeka la nɔa atɔ gã aɖe me le tome. Dɔdasi vovovowoe le anyidi siawo ƒe ƒuƒoƒo vovovo si. Anyidiawo dometɔ aɖewo fɔa aŋgba kakɛwo eye ƒuƒoƒo bubu aɖe ɖunɛ wòzua wɔ. Anyidi agbledɔlawo tsɔa wɔa dea hlo si woɖuna ƒe agble le atɔa ƒe xɔ aɖewo me. Woɖea nusiwo katã ate ŋu akaka dɔlékuiwo, abe hlo si me aɖi le, anyidi siwo ku alo esiwo le kukum, kple nusiwo le vovom la katã ɖa. Gake aleke anyidiawo ɖea woƒe gbeɖuɖɔa ɖae?

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent ka nya ta be Britaintɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Sheffield Yunivɛsiti kpɔ ŋuɖoɖoa. Xɔ siwo lolo wu te ɖe xɔ siwo me anyidi agbledɔwɔlawo wɔa dɔ le ŋu, afimae

wokɔa woƒe gbeɖuɖɔa ɖo. Anyidi siwo wɔa dɔ le gbeɖuɖɔawo ŋu nɔa afima woƒe agbenɔɣiwo katã henɔa gbeɖuɖɔawo trɔm ale be woate ŋu avo kabakaba, eye wogawua dɔlékui siwo ate ŋu ahe dɔléle vɛ hã. Anyidi agbledɔwɔlawo megena ɖe xɔ si me gbeɖuɖɔ le me gbeɖe o. Wotsɔa gbeɖuɖɔawo va kɔna ɖe do aɖe me eye gbeɖuɖɔ ŋuti dɔwɔlawo va lɔnɛ. Asitɔtrɔ le gbeɖuɖɔ ŋu le mɔ nyuitɔ nu alea xea mɔ ɖe dɔxɔxɔ ƒe afɔku ɖesiaɖe nu eye wònana wo katã nɔa lãmesẽ me.

Yehowa Mawu mewɔ nugbagbevi siawo hede dzɔdzɔmenunya sia woawo ɖeɖe me o, ke boŋ ena lãmesẽ me nɔnɔ mɔfiame nyui Israel-viwo anye ƒe 3,500 kple edzivɔwoe nye sia. Se siawo dzi wɔwɔ mana nuɖuɖu kple tsi naƒo ɖi o, axe mɔ ɖe dɔxɔleameŋuwo nu be womakaka o, eye wòana woakɔ gbeɖuɖɔ ɖe afisi dze. Mɔxexe ɖe amewo ƒe fukpekpe kple ku nu ƒe mɔnu nyui ka gbegbee nye esi ne wowɔ ɖe gɔmeɖose mawo dzi!—Mose III, 11:32-38; Mose IV, 19:11, 12, Mose V, 23:10-15.