Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anɔ Ŋutifafa me Kple Amesi Le Xɔme Kplim?

Aleke Mawɔ Anɔ Ŋutifafa me Kple Amesi Le Xɔme Kplim?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Anɔ Ŋutifafa me Kple Amesi Le Xɔme Kplim?

“Medi be dzodoƒea nanɔ dzadzɛ. Gake amesiwo le xɔme kplim metsɔa ɖeke le eme ne agbawo kaka ɖi alo nuɖazewo tsi gamlea dzi o. Wometsɔa ɖeke le eme o.”​—Lynn. *

AMESIWO le xɔme kple wo nɔewo. “Woate ŋu anye xɔlɔ̃ veviwo alo futɔ vɔ̃ɖiwo,” alea Kevin Scoleri gblɔ. Màsee le ɖokuiwò me nenema gbegbe o, gake nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be anyinɔnɔ kple ame bubu te ŋu nyea kuxi vavã. * Masɔmasɔ bɔ ɖe amesiwo le xɔme kple wo nɔewo le yunivɛsitiviwo dome ale gbegbe be U.S.News & World Report gblɔ be suku geɖewo le “agbagba geɖe dzem” be woakpe ɖe amesiwo le xɔme kple wo nɔewo ŋu woate ŋu anɔ anyi le ŋutifafa me to “avuléle ƒe ɖoɖowo” kple numedzrokpekpewo dzi.

Xɔmenɔnɔ kple ame nɔewo ate ŋu anye nu sesẽ gɔ̃ hã na sɔhɛ Kristotɔ siwo ʋu le aƒeme be woava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Gake mɔkpɔkpɔ li be ne wowɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ eye wowɔ ‘nu le nunya’ me la ana be woate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ zi geɖe.—Lododowo 2:7.

Minya Mia Nɔewo

Ne dzi megava le dzɔwòm o la, àva na alesi nuwo nɔ le aƒeme nanɔ dzrowòm. (Mose IV, 11:4, 5) Gake ɖeko nana be alesi nuwo nɔ le aƒeme nanɔ ame dzrom nawɔe be asitɔtrɔ wɔwɔ nagasesẽ na wò ɖe edzi. Nyagblɔla 7:10 xlɔ̃ nu be: “Megagblɔ be, nukata tsã ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.” Ẽ, anyo wu be nàwɔ tɔwò sinua le nɔnɔme ɖesiaɖe si me nàkpɔ ɖokuiwò le.

Dze egɔme kple agbagbadzedze be yeanya amesi mia kplii miele xɔme. Nyateƒee, mehiã be amesiwo mia kpli wo miele xɔme nanye zɔhɛ kplikplikpliwo kokoko o. Ðewohĩ manye amesi ƒe nu lé dzi na wò vevie o. Ke hã la, ne ele na wò be nànɔ anyi kple ame ma ɖe, ɖe manye nusi sɔ be nanɔ anyi kplii le ŋutifafa me alesi woanya wɔ oa?

Filipitɔwo 2:4 gblɔ na mí be míaƒe ŋku naganɔ ‘nusi nye ame ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ nenɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!’ Le dzeɖoɖo siwo manɔ abe numetetese ene o me la, ɖe manyo be nàbia amesi mia kplii miele xɔme ƒe ƒometɔwo ta, nusiwo ŋu wòkpɔa dzidzɔ ɖo, eƒe taɖodzinuwo, kple nusiwo dzea eŋu oa? Gblɔ ŋuwò nyawo nɛ. Zi alesi miesrɔ̃ nu tso mia nɔewo ŋu la, zi nenemae miase nu gɔme na mia nɔewoe.

Enuenu la miwɔ ɖoɖo aɖe koŋ hena nuwo wɔwɔ ɖekae. Lee gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la mía kple amesi le xɔme kplim míedona ɖaɖua nu ɖekae, alo míete ŋu ɖia tsa yia aɖaŋudɔwɔƒewo ɖekae.” Le Kristotɔ siwo le xɔme kple wo nɔewo gome la, gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ ɖekae, abe dzadzraɖo ɖe hamea ƒe kpekpeawo ŋu alo dɔwɔwɔ ɖeka le gbeƒãɖeɖedɔa me gɔ̃ hã nye mɔ si nana kadodo gasẽna ɖe edzi.

David gblɔ be: “Ne amesi le xɔme kplim yina Biblia me dutoƒonuƒo na ge la, medea woƒe hamea ƒe kpekpewo be wòanye dzideƒo nɛ.” Togbɔ be nu vovovowoe woa kple amesi le xɔme lɔ̃na le kamedefefe kple haƒoƒo gome hã la, alesi wolɔ̃a gbɔgbɔmenuwoe na wonye zɔhɛ kplikplikpliwo. David gblɔ be: “Míeɖoa dze ku ɖe gbɔgbɔmenu geɖewo ŋu. Le nyateƒe me la, míete ŋu ɖoa dze gaƒoƒo geɖe ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.”

Gake de dzesii: Megaku ɖe amesi mia kplii miele xɔme la ŋu kplikplikpli ale gbegbe be màgate ŋu ade ha nyui kple ame bubuwo o. Ne amesi mia kplii miele xɔme va le sesem le eɖokui me be ele be yeakpe wò ɣesiaɣi ne yeyina afisiafi la, ana wòase le eɖokui me be yexaxa. Biblia ɖo aɖaŋu be “miakeke mia ɖokui” le xɔlɔ̃dzedze me.—Korintotɔwo II, 6:13.

Agbenɔnɔ ɖe Sikasededea Nu

Ele eme baa be esi mieva le mia nɔewo nyam ɖe edzi la, miava nɔ dzesi dem alesi mia nɔewo ƒe nɔnɔmewo, nudidiwo, kple nukpɔsusuwo to vovoe. Abe alesi sɔhɛ Mark xlɔ̃ nui ene la, “ele be miakpɔ mɔ na blibomademade me tsonuwo.” Ame ƒe nya me si asesẽ alo ame ɖokui ŋu dzedze hea kuxiwo kple masɔmasɔwo vɛ. Nenema ke wòle ne èkpɔa mɔ be amesi mia kplii miele xɔme nawɔ tɔtrɔ gãwo be wòasɔ na wò.

Fernando srɔ̃ nusia le xɔmenɔnɔ kple amewo me be: “Ele be nànye dɔmenyotɔ ke menye ɖokuiŋudzela o.” Nya si wògblɔ la sɔ kple Sikasededea, si gblɔ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Le kpɔɖeŋu me, Fernando va kpɔe be alesi yedi xɔa me ƒe fafae la mesɔ na yeƒe evelia o; eya dina be xɔa me ƒe fafa nanɔ vedomesi, gake amesi le xɔme kplii ya dina be xɔa me nafa miamiamia hafi yeamlɔ anyi. Nukae nye egbɔkpɔnua? Fernando gblɔ be: “Medi kuntru aɖe na ɖokuinye.” Ẽ, abe alesi Mark gblɔe ene la, “trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Mele be nàɖe asi le alesi nèwɔa nuwoe ŋu keŋkeŋ o, gake ahiã be nàɖe asi le nu ʋɛ aɖewo ŋu.”

Mɔ bubu si dzi nàgate ŋu awɔ Sikasededea ŋudɔ le enye be: Srɔ̃ alesi nàɖe mɔ ɖe amesi mia kplii miele xɔme la ƒe didiwo nu. Ðe mèlɔ̃a ha siwo wòƒona oa? Anɔ eme godoo be eya hã ase le eɖokui me nenema ɖe tɔwòwo ŋu. Eyata ne amesi le xɔme kpli wò ƒe hawo meku ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu o la, àte ŋu asrɔ̃ dzidodo le eme. Fernando gblɔ be: “Adzɔ dzi nam ne amesi mía kplii míele xɔme la lɔ̃a ha vovovowo. Gake etɔwo va le mayem azɔ.” Le go bubu me la, ame ate ŋu ase ha siwo ƒom wòle to haƒomɔ̃ siwo wodea tome zazã me be wòagaɖe toɣli amesi le xɔme kplii si anɔ nu srɔ̃m la o.

Sikasededea dzi wɔwɔ hã ate ŋu ana woaƒo asa na nyamaɖinyɛwo ku ɖe nunɔamesiwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne èlɔ̃a nusianu si le nufamɔ̃a me zazã—gake bebli hafi nèɖoa wo eteƒe la—ate ŋu ahe dziku vɛ. Nenema ke ne èkpɔa dziku ɖe amesi mia kplii miele xɔme ŋu alo ètroa ŋku ɖee be ezã nane si nèƒle ta la, mana kadodo nyui nanɔ anyi o. Biblia la de dzi ƒo be “woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede.” (Timoteo I, 6:18) Ne èse le ɖokuiwò me be wole ye bam la, megazi kpi ɖe edzi o. Nà woanya nusi le vewòm le nyaa me le ŋutifafa kple tufafa me.

Mide bubu mia nɔewo ƒe nunɔamesiwo ŋu. Enye amemabumabu be woatsɔ ame aɖe ƒe nu esi womebiae o. (Lododowo 11:2) Amesi mia kplii miele xɔme ɖeɖe ƒe anyinɔnɔ nanɔ susu me na wò. Ðe nudzeamewɔwɔ abe ʋɔƒoƒo ene fia hafi nàge ɖe eƒe xɔme. Ne èbua ame la, amesi mia kplii miele xɔme hã abu wò nenema ke. David gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃ le aƒeme menye kuxi na mía dometɔ aɖeke o. Mía ame evea míedea bubu eŋu nyuie eye míeɖea toɣli mía nɔewo o. Gake meyia agbalẽdzraɖoƒe ɖasrɔ̃a nu ne amesi mía kplii míele xɔme di be yeawɔ nane.”

Sikasededea dzi wɔwɔ hã bia be nàwɔ nuteƒe le wò xɔfewo xexe ɖe game dzi me eye nàwɔ wò aƒemedɔwo.

Nyaʋiʋliwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ŋutsu Kristotɔ siwo ŋu wodea bubui nyuie siwo ƒe ŋkɔwoe nye Paulo Kple Barnaba ‘do dɔmedzoe ɖe wo nɔewo ŋu vevie.’ (Dɔwɔwɔwo 15:39) Ke ne nusia tɔgbe ɖo mia dome ɖe? Ðewohĩ masɔmasɔ aɖe alo nutsiamesi aɖe doa wò dzigbɔɖi kpɔna. Ðe nyaʋiʋli aɖe alo nyahehe vevie fia be miagate ŋu anɔ xɔme ɖekae oa? Menye nenema kokoko o. Eme kɔ be Paulo kple Barnaba anya kpɔ woƒe masɔmasɔawo gbɔ. Ðewohĩ àte ŋu awɔe nenema hafi agblɔ be yeaɖe afɔ kpata ɖe ʋuʋu ŋu. Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò dometɔ aɖewoe nye esiwo gbɔna la.

● “Migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui.”—Filipitɔwo 2:3.

● “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome. Ke mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.”—Efesotɔwo 4:31, 32.

● “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.”—Mateo 5:23, 24; Efesotɔwo 4:26.

Viɖeawo

Kristotɔ sɔhɛ (siwo menye ɖeviwo nenema gbegbe o) siwo nɔa xɔme kple wo nɔewo la de dzesi Fia Salomo ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye tẽ: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagblɔla 4:9) Nyateƒee, ame geɖe kpɔe be xɔmenɔnɔ kple ame nyo ale gbegbe. Mark gblɔ be: “Meva srɔ̃ alesi manɔ anyi kple amewo nyuie ahawɔ asitɔtrɔwo.” Renee gblɔ kpee be: “Àsrɔ̃ nu geɖe tso ɖokuiwò ŋu. Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, amesi mia kplii miele xɔme ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe dziwò.” Lynn gblɔ be: “Megblẽ ɖokuinye ŋutɔ hafi mía kple amesi le xɔme va nɔ anyi ɖekae. Gake meva kpɔ be mele be nye nya me nasẽ kpaɖii o. Meva de dzesii be ne ame aɖe wɔ nu le mɔ si to vovo na alesi mewɔnɛ la mefia kokoko be etɔ gblẽ o.”

Nyateƒee, anyinɔnɔ le ŋutifafa me kple amesi mia kplii miele xɔme bia agbagbadzedze kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Gake ne èdze agbagba le Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ wɔm la, àte ŋu awɔ geɖe wu anyinɔnɔ le ŋutifafa me ɖeɖeko; àkpɔe be dzi ava nɔ dzɔwòm ɖe mia kple amesi le xɔme ƒe anyinɔnɔ ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Nusiwo menye tɔwò o zazã ate ŋu ahe masɔmasɔwo vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mibu mia nɔewo ŋu