Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela

Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela

Dunyahela Sesẽ Aɖe Si Va Zu Kristotɔ Akpaɖekedzimadela

ABE ALESI LADISLAV ŠMEJKAL GBLƆE ENE

Le nye tohehe gbɔgblɔ nam vɔ megbe la, wogakplɔm yi gaxɔa me. Meƒo glia enumake hewɔ Gliƒoƒo dzesi aɖe na xɔ̃nye aɖe si le dzisasrã eve siwo le mía tame la dzi. Enɔ lalam be yease tohehe si woanam.

Mewɔ dzesi nɛ be, “Ƒe wuiene.”

Mexɔe se o. Eyata ebia be: “Ɣleti wuienea?”

Meɖo eŋu be, “Ao.” Ƒe wuiene.”

ƑE 1953 mee. Teƒeae nye—Liberec, Czechoslovakia (si nye Czech Republic fifia). Ɣemaɣi la, menye ƒe 19 vi dunyahela sesẽ aɖe si di be tɔtrɔwo nava le dunyaheɖoɖowo me. Mí tsitretsiɖeŋulawo míetoa agbalẽviwo mama me kakaa míaƒe nukpɔsusu siwo tsi tre ɖe Kɔmiunist Dunyahehabɔbɔ si nɔ zi dzi ɣemaɣi la ŋu. Wobu míaƒe nuwɔnaa be enye dugbãnuwɔna vɔ̃ɖi—esia tae wodem mɔ ƒe gbogbowo ɖo.

Wosikam ƒe ɖeka kloe xoxo hafi va gblɔ nye tohehea nam. Hafi woava gblɔ gamenɔlawo ƒe tohehe na wo la, wosikaa wo eveve ɖe xɔ ɖeka me do ŋgɔ, eye tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, woblaa ŋkume na wo hekplɔa wo ɖabiaa gbe wo. Womeɖea mɔ míeƒoa nu le gaxɔawo me o, eyata dalĩe míedona alo wɔa Gliƒoƒo dzesi aɖe.

Eteƒe medidi o meva see be gaxɔa me nɔla dometɔ geɖewo nye Yehowa Ðasefowo. Woɖɔa li gamenɔlawo ɣleti ɖeka alo eve ɖesiaɖe le míaƒe gakpɔa me. Esi Biblia me nyawo doa dzidzɔ nam ta la, dzi dzɔm ŋutɔ esi mlɔeba woda mía kple Ðasefo aɖe ɖe gaxɔ ɖeka me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim.

Mebu be àyɔ míaƒe numedzodzroawo be Biblia-nusɔsrɔ̃, togbɔ be Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ mía si o hã. Le nyateƒe me la, nyemekpɔ Biblia kpɔ le nye agbe me o. Gake míeɖoa dze—Ðasefoa ɖea Biblia me nyati siwo le susu me nɛ me nam—eye mewɔa nusi wògblɔ la ŋuti nuŋlɔɖi. Ðe míenɔa anyi tena ɖe mía nɔewo ŋu kplikplikpli hedoa dalĩ le esiawo katã wɔwɔ me.

Nusiwo nɔ mía gbɔ koe nye afɔdzidepepa kple yiɖa. Mezãa yiɖa tsɔ dea dzesi nyawo ɖe afɔdzidepepaa dzi. Melé mawunyakpukpui siwo me míedzro la dometɔ geɖe ɖe susu me. Ðasefo siwo srɔ̃ nu kplim la fia Fiaɖuƒehawo hã dzidzim. Ðasefo aɖe gblɔ nam be: “Fifia èle gaxɔ me abe dunyahenuvlowɔla ene, gake ɣeyiɣi aɖe ava, eye woate ŋu ade wò gaxɔ me ɖe Yehowa Ðasefo nyenye ta.”

Mlɔeba le gbebiabia geɖe megbe la, wogblɔ nye tohehe nam hekplɔm yi dɔsesẽwɔsaɖa aɖe si te ɖe du si nye Jáchymov gbɔ la me. Ɣemaɣi la, meka ɖe edzi be gbeɖeka megbɔna Yehowa Ðasefo zu ge godoo.

Ƒe Geɖe ƒe Gaxɔmenɔnɔ

Esi meva ɖo asaɖaa me, afisi wokua tomenu si woyɔna be uranium le la, mete Ðasefowo didi enumake. Gake eteƒe medidi o meva see be wokplɔ wo yi teƒe bubu. Gake Ðasefo ɖeka tsi anyi, esi wònye nuɖala ta. Eɣe Biblia vuvu aɖe si woɣla ɖe teƒeteƒewo ʋuu la nam. Eyata mete ŋu xlẽ mawunyakpukpui siwo melé ɖe ta me. Ne mele wo xlẽm la, menɔa gbɔgblɔm na ɖokuinye be, ‘Nyateƒee, alesi nɔviawo fiam la, nenema tututue wòle.’

Anɔ ɣleti ɖeka megbe la, woɖem yi asaɖa si ŋkɔe nye Bytiz, si te ɖe du si nye Příbram ŋu me. Medo go Ðasefo bubuwo le afima. Le Bytiz la, míexɔa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woɣlana hetsɔna vanɛ na mí la edziedzi. Togbɔ be asaɖaa dzikpɔlawo te kpɔ be yewoanya alesi wowɔna kaa mía si hã la, ɖeko wòglo wo. Gamenɔla 14 sɔŋ ye kpɔa gome le ɖaseɖiɖi na ame bubuwo me veviedodotɔe. Amesiawo ƒe afã nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo, eye afã susɔea nye mía hawo, amesiwo va xɔ Ðasefowo ƒe dzixɔsewo dzi se le gaxɔa me.

Mía dometɔ geɖe di be míatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me awɔ míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe kpɔɖeŋui. Gake le tsi manɔanyi—alo be magblɔe tututu la, nugo gã aɖeke si me tsi le ƒe anyimanɔmanɔ ta la—nyɔnyrɔxɔxɔ nye nu sesẽ. Eyata le ɣeyiɣi mawo me la, ɖe ame geɖe lalana doa go le gaxɔ me hafi xɔa nyɔnyrɔ. Gake le Bytiz-saɖaa me la, tsizɔ gã kɔkɔwo li siwo me tsi le wozãna tsɔ faa tomenukumɔ̃wo ƒe dzoxɔxɔ nui. Le ƒe 1950-awo ƒe domedome la, wona nyɔnyrɔ mía dometɔ geɖe le tsizɔ kɔkɔ mawo dometɔ ɖeka me.

Ƒe ʋɛ aɖewo megbe le March 1960 me la, kpovitɔwo ƒe amegã si nɔ amesiwo wode gaxɔ me le dunyahenyawo ta nu la yɔm va eɖokui gbɔe. Egblɔ be ne mena yenya gamenɔla bubuwo ƒe nuwɔnawo la, yeawɔ ɖoɖo woaɖe nye gamenɔɣi dzi akpɔtɔ. Esi megbe nu ma wɔwɔ la, ete busunyawo gbɔgblɔ ɖe ŋunye bababa. Edo ɣli be: “Èbu wò mɔnukpɔkpɔ. Makpɔ egbɔ be magbugbɔ ayi aƒe gbeɖe o! Àku ɖe afisia.” Gake le ɣleti eve megbe la, dziɖuɖua ɖe asi le gamenɔla aɖewo siwo dome nye hã menɔ ŋu, eye metrɔ yi aƒe le ƒe enyi ƒe gamenɔnɔ megbe.

Ablɔɖemenɔɣi Kpui Aɖe

Woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔ nu le Czechoslovakia tso keke April 1949 me ke, eyata eteƒe medidi o meva kpɔe be vovototo boo aɖeke mele Mawu subɔsubɔ le yeaɖi ablɔɖe ɣeyiɣi ma me kple gaxɔmenɔɣi tɔ dome o. Azɔ le nye dodo megbe la, medze ŋgɔ kuxi bubu. Ɣemaɣi la, enye dzizizi na ŋutsu ɖesiaɖe le dukɔa me be wòawɔ asrafodɔ ƒe eve.

Woɖe ŋutsu aɖewo siwo nɔ Dziɖuɖudɔ aɖewo wɔm le asrafodɔa wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, woɖe amesiwo nɔ dɔ wɔm le tomekakuƒe le eme. Esi mewɔ dɔ le akakuƒe kpɔ ta la, meyi ɖadi dɔ le tomekakuƒeawo dometɔ ɖeka. Woxɔm nyuie le afima. Wogblɔ nam be: “Mègatsi dzi le asrafonyawo ŋu kura o. Menye kuxi na mí kura be míaxɔ asrafodɔ mawɔmawɔ ƒe mɔɖegbalẽ na wò o.”

Le ɣleti eve megbe esi woɖo asrafodɔwɔgbalẽ ɖem la, dɔdzikpɔlaawo gana kakaɖedzim ake be: “Mègatsi dzi o, anye vodada aɖee wowɔ. Ðeko míaŋlɔ agbalẽ na asrafomegãawo, eye woakpɔ nyaa gbɔ.” Gake nyaa nu meva yi o. Emegbe dɔmemegã aɖe va gbɔnye va ɖe kuku nam be: “Zi gbãtɔ enye sia nusia tɔgbe dzɔ, gake eva hiã be nàyi asrafodɔa wɔƒe.” Esi le nye dzixɔse ta megbe be nyemage ɖe asrafoha me ahayi aʋa o ta la, wolém hekplɔm yi asrafowo ƒe asaɖa si te ɖe mía ŋu wu la me.—Yesaya 2:4.

Ŋgɔdzedze Ʋɔnudrɔ̃ha Aɖe

Esi wodem gaxɔ me le du si nye Kladno me le January 1961 me megbe la, wodze agbagba geɖe be woable nunye ne mazu asrafo. Asrafomegã aɖe si le dɔa nu wɔ ɖoɖo ɖe kpekpe aɖe ŋu. Wokplɔm yi takpexɔ aɖe si me kplɔ̃ gã kotoo aɖe si ŋu lãgbalẽ zikpui bɔbɔewo le keŋ la me. Eteƒe medidi o asrafomegãawo te xɔa me vava kple anyinɔnɔ ɖe kplɔ̃a ŋu godoo. Wo nunɔla ɖe wo fiam ɖekaɖeka. Emegbe enɔ anyi hegblɔ be: “Azɔ ƒo nu tso wò dzixɔse sia ŋu na mí.”

Le gbe kpui aɖe dodo ɖa le tame megbe la, mete nuƒoƒo na anyinɔƒea si nɔ to dzi vevie. Eteƒe medidi o dzeɖoɖoa trɔ va zu nɔnɔmetɔtrɔ ŋu dze, eye wogblɔ be nɔnɔmetɔtrɔ nye nufiafia si nye nyateƒe le dzɔdzɔmeŋutinunya me. Le dɔsesẽwɔsaɖa aɖe si me menɔ do ŋgɔ me la, mesrɔ̃ agbalẽvi si nye Evolution Versus the New World * (Nɔnɔmetɔtrɔ Kpakple Xexeme Yeye La). Eyata ewɔ nuku na asrafomegã mawo be mete ŋu na kpeɖodzi si fia be nɔnɔmetɔtrɔ nufiafiaa nye nufiafia si ŋu kpeɖodzi mele o.

Emegbe asrafomegã ɖeka si dze ƒã be enya nane tso Katoliko subɔsubɔhaa ŋu ƒo nu. Ebia be: “Nukae nye wò nukpɔsusu le Ðetugbi Nɔaƒe Maria ŋu. Eye aleke nèbua Misa kɔkɔe lae?” Meɖo eƒe biabiaawo ŋu, eye megblɔ emegbe be: “Aƒetɔ, mekpɔe be ànya nye xɔsetɔ, elabena wò biabiawo to vovo na ame bubuwo tɔ.”

Egbe nye nyawo hegblɔ sesĩe be: “Kpao! Kpao! Kpao! Nyemenye xɔsetɔ o!” Le Kɔmiunist-dukɔa me la, womedea bubu gobi aɖeke amesiwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo ŋu alo ahayi dɔ aɖe de ge wo si be woawɔ o. Eyata le biabia ma kple nyaŋuɖoɖoa megbe la, asrafomegãa megake nu gblɔ nya aɖeke le numedzodzroa me o. Enye dzidzɔ nam ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ su asinye meƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo ŋu na ŋutsu siawo.

Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo Hena Ðaseɖiɖi

Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wokplɔm yi asrafoxɔ aɖe me le Prague heɖo asrafowo be woadzɔ ŋunye. Ameŋudzɔɖoɖo tɔxɛ siwo nu wòle be asrafoawo nazɔ ɖo la wɔ nuku na asrafo tutsɔla gbãtɔ si wodɔ ɖa be wòava dzɔ ŋunye la ale gbegbe. Egblɔ nam be: “Zi gbãtɔe nye sia wogblɔ be míadzɔ ame aɖe ŋu kpɔ.” Eyata meɖe nusita wodem gaxɔ me ɖo me nɛ. Numeɖeɖea dzɔ dzi nɛ ale gbegbe be—wòtsɔ eƒe tua de ata me—henɔ to ɖom vevie. Le gaƒoƒo eve megbe la, asrafo bubu va ɖɔ lii, eye nyabiabia kple Biblia me dzodzro ma tɔgbe gayi edzi.

Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye meƒo nu kple amesiwo va dzɔ ŋunye kpakple gamenɔla bubuwo ne dzɔlaawo ɖe mɔ. Dzɔlaawo ʋu gaxɔwo gɔ̃ hã heɖe mɔ na gamenɔlawo be woaƒo ƒu ne madzro Biblia me kpli wo! Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva tsi dzi be ava ɖi be dzɔlaawo ɖea mɔ nam meƒoa nu kple gamenɔla bubuwo eye wòahe kuxi sesẽwo vɛ. Gake womekɔ nu le nya bliboa dzi o.

Mlɔeba esi wokplɔm yi ʋɔnudrɔ̃ƒe be woadrɔ̃ ʋɔnum la, amesiwo meƒo nu na tso nye dzixɔsewo ŋu va de dzi ƒo nam vevie. Wotso afia be mayi mɔ ƒe eve tsɔ kpe ɖe ƒe ade siwo susɔ wòle be manɔ game gake nyemenɔe o le esi dziɖuɖua ɖe asi le mía ŋu ta la ŋu. Esia fia be ƒe enyi aɖewo ganɔ ŋgɔnye matsɔ anɔ gamee.

Mesena le Ðokuinye me be Mawu Kpena Ðe Ŋunye

Zi geɖe la, medea dzesii be Mawu nɔ kpekpem ɖe ŋunye esi wonɔ kplɔyem yi asaɖa kple gaxɔ vovovowo me le Czechoslovakia. Esi wokplɔm va gaxɔ si le Valdice me la, gaxɔdzikpɔlaa bia nusita meva afima. Meɖo eŋu be: “Megbe be nyemawɔ asrafodɔ o. Etsi tre ɖe nye dzixɔsewo ŋu be mawɔ aʋa.”

Eɖo eŋu veveseseɖeamenutɔe be: “Anyo ŋutɔ ne nɔnɔme sia le amesiame si. Gake esi wòbu tame le eŋu sẽe la, egblɔ be: “Gake esi ame akpa gãtɔ mebua nu ŋu alea egbea o ta la, ele be míahe to na wò—eye míahee na wò vevie!”

Ahuhɔ̃edɔwɔƒe, si nye tohehe sesẽ xɔƒe ye wodam ɖo. Àkpɔe be togbɔ be Yehowa Ðasefo nyenye si na megbe be nyemawɔ asrafodɔ o tae wodem gaxɔ me ɖo hã la, wogabuam dunyahenuvlowɔlae kokoko, si ta wodea dɔ sesẽwo asi nam be mawɔ. Ahuhɔ̃e lalã be woatsɔ ade akaɖiwo me kple be woatsɔ awɔ ahuhɔ̃enu dzeani bubuwoe nye dɔ sesẽ aɖe ŋutɔ le esi mele be vodada aɖeke nanɔ eŋu o ta. Zi geɖe ne gamenɔlawo wɔ dɔawo vɔ heɖe asi le wo ŋu la, ɖeko nàkpɔ be wotrɔ dɔ siwo wowɔ la ƒe afã vɛ ŋufɔke be woagbugbɔ awɔ. Eyata enye nu sesẽ ŋutɔ be woaɖo dɔa ŋuti nudidiwo gbɔ.

Gbesigbe mege ɖe ahuhɔ̃edɔwɔƒea la, ele be malala dɔwɔƒea dzikpɔla nava gbã. Eƒe ɖoɖo kple maɖomaɖo ko wòte ɣlidodo ɖe gamenɔla siwo wòsusu be womenɔ dɔa wɔm sesĩe o la ta. Ezɔ to wo ŋu heva gbɔnye hebia be: “Nukae dzɔ? Nukatae mele dɔ wɔm o?”

Meɖe eme nɛ be gamenɔla yeyee menye wokplɔ vɛ. Ekplɔm yi eƒe ɔfis hebia nya mawo kem tso nusita wodem gaxɔ me ŋu. Esi meɖe nye nɔnɔmea gɔme nɛ vɔ la, egblɔ be: “Ekema Yehowa Ðasefoe nènyee?”

Meɖo eŋu be: “Ẽ.”

Eƒe nɔnɔme trɔ. Egblɔ be: “Mègatsi dzi o. Yehowa Ðasefo geɖe va nɔ afisia kpɔ. Míedea bubu wo katã ŋu, elabena wonye veviedonulawo kple ame nyuiwo. Makpɔ egbɔ be dɔ si nàte ŋu awɔe woana wò.”

Alesi dɔdzikpɔlaa ƒe nɔnɔme trɔ la wɔ nuku nam ale gbegbe. Meda akpe na Yehowa kple haxɔsetɔ manyamanya mawo siwo na ŋkɔ nyui le Ðasefowo ŋu le gaxɔ ma me la. Le nyateƒe me la, mekpɔe be Yehowa kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe le nye gamenɔɣia katã me.

Aleke ke nye nɔnɔmea va sesẽ ɖe edzii o, kakaɖedzi nɔ asinye ɣesiaɣi be mava ke ɖe nɔvinye Kristotɔwo ŋu godoo. Ɣemaɣi woaɖo nukomo nam ahade dzi ƒo nam. Wo manɔmee la, anye ne tenɔnɔ ɖe gaxɔmenɔnɔa nu asesẽ nam ŋutɔ.

Edze abe gamenɔla geɖe megabua nu bubu aɖeke ŋu wu alesi woawɔ abia hlɔ̃ amesiwo wɔ fu wo lae o ene. Gake nyemebu ema ŋu kpɔ o. Mekpɔe dze sii be Mawu ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo dzi wɔwɔ tae menɔ fu kpem ɖo. Eyata menyae be Yehowa ate ŋu atsɔ agbemeŋkeke nyui siwo ŋu xexlẽme mele o anam le eƒe Paradisonyigba yeyea dzi ɖe ŋkeke ɖesiaɖe si metsɔ nɔ gaxɔ mee la ta.—Psalmo 37:29; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Yayra Siwo Mekpɔ Egbea la Dze Ŋunye

Le May 1968 me la, woɖe asi le ŋunye mlɔeba, le gaxɔmenɔnɔ ƒe 15 kple edzivɔ megbe. Gbã la, nyemelɔ̃na be maƒo nu kple amewo o, eye aleae wònɔna zi geɖe na amesiwo zã woƒe agbenɔƒe geɖe le gamenɔlawo alo gaxɔdzikpɔlawo dome. Gake eteƒe medidi o nɔvinye Kristotɔwo kpe ɖe ŋunye mekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ, si wokpɔtɔ nɔ wɔwɔm le mɔxeɖenu te la me.

Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo le nye dodo le game megbe la, medo go Eva. Togbɔ be ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, woa kple nɔviaŋutsu wolé Biblia ƒe nyateƒe si woxɔ anɔ ƒe etɔ̃ do ŋgɔ la me ɖe asi sesĩe dzinɔameƒotɔe. Eteƒe medidi o míete gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ɖekae. Azɔ hã míekpɔ gome le míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata me. Míewɔa esia le agbalẽtaƒe si woɖo le adzame la me. Emegbe le November 1969 me la, míeɖe mía nɔewo.

Le ƒe 1970 me la, míedzi mía vi gbãtɔ, Jana. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva zu Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla henɔ hamewo srãm kpɔ le kwasiɖanuwuwuwo nɔ dzi dem ƒo na wo le gbɔgbɔ me. Esi menɔ dɔ sia wɔm le ƒe 1975 la, wolém gadem gaxɔ me ake. Gake fifia ya, ɣleti ʋɛ aɖewo koe menɔ afima. Emegbe le 1977 me la, míedzi mía viŋutsu Štěpán.

Mlɔeba le September 1, 1993 dzi la, Czech Republic dukɔa ɖe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu le se nu. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Dalibor Dražan, si nye Kristotɔ hamemegã aɖe ɖe mía vinyɔnu Jana. Emegbe le ƒe 1999 me la, mía viŋutsu Štěpán, si nye subɔsubɔdɔwɔla la ɖe Blanka, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Fifia mí katã míele hame vovovo me le Prague. Mí katã míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me xexeme yeyea ava—gake nye ya mele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me gaxɔwo maganɔ teƒe aɖeke o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1950 me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Mezã yiɖa tsɔ de dzesi ŋɔŋlɔawoe

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Bytiz-saɖa la, afisi wodem gaxɔ me le, kple afisi mexɔ nyɔnyrɔ le emegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Míaƒe srɔ̃kpegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mía kple Eva kpakple Štěpán kple Blanka le míaƒe miame, Jana kple Dalibor le míaƒe ɖusime