Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpovitɔwo—Etsɔme Kae Li na Wo?

Kpovitɔwo—Etsɔme Kae Li na Wo?

Kpovitɔwo​—Etsɔme Kae Li na Wo?

NE KPOVITƆWO meli o la, ele bɔbɔe ŋutɔ be nuwo natɔ zi. Gake esi kpovitɔwo li hã la, ɖe míaƒe xexeame le dediea? Le dugã akpa gãtɔ me egbea la, wode dzesii be dedienɔnɔ ƒe kuxiwo li abe alesi wòle le kɔƒenuto geɖewo me ene. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be kpovitɔwo akpɔ mía ta tso hamenuvlowɔlawo kple nuvlowɔla bubuwo si mea? Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be kpovitɔwo ana míanɔ dedie le míaƒe ablɔwo dzia? Woate ŋu aɖu aʋa si woho ɖe nuvlowɔwɔ ŋu la dzia?

David Bayley ɖe susu aɖe gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Police for the Future me be: “Kpovitɔwo mexea mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu o. Le nyateƒe me la, ɖeko kpovitɔwo le abe abiblanu si wotsɔ bla abii ene. . . . Míate ŋu aɖo ŋu ɖe kpovitɔwo ŋu, ne wotsɔ wo ɖokui ɖo anyi gɔ̃ hã be yewoatsi nuvlowɔwɔ nu, be yewoaxɔ na ameƒomea tso nuvlowɔwɔ si me o.” Numekukuwo ɖee fia be dɔ vevi etɔ̃ siwo kpovitɔwo wɔna—tsatsa le ablɔwo me, tsotso ɖe nudzɔdzɔ kpatawo ŋu, kple nuvlowɔwɔwo me kuku—mexea mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu o. Nukatae?

Agbagbadzedze be woaxe mɔ ɖe nuvlowɔwɔ nu to kpovitɔwo ƒe xexlẽme dzidziɖedzi ko dzi abia ga gbogbo aɖe si manya akpɔ o. Edze abe kpovitɔwo dzidziɖedzi metsɔa fu lãme na nuvlowɔlawo o ene. Kpovitɔwo ƒe afɔɖeɖe enumake hã medoa ŋɔdzi na nuvlowɔla geɖewo o. Kpovitɔwo ka nya ta be ne yewomeɖo afisi wole nu vlo aɖe wɔm le hafi aɖabaƒoƒo ɖeka va yi o la, mele bɔbɔe be yewoƒe asi nasu ewɔlawo dzi o. Ewɔ abe nuvlowɔlawo nya be woƒe afɔ mate ŋu atsɔ nenema gbegbe o ene. Nenema ke nuvlowɔwɔ ŋuti numekukuwo hã mexea mɔ ɖe enu o. Edze abe ne adzamekpovitɔwo lé nuvlowɔlawo hede wo mɔ̃ gɔ̃ hã la, metsia nuvlowɔwɔ nu o ene. United States dea nuvlowɔlawo mɔ̃ wu dukɔ bubu ɖesiaɖe, gake dukɔ ma me ke wogawɔa nu vlowo le wu; evɔ̃ Japan, si dea ame ʋɛ aɖewo ko mɔ̃ la, nye dukɔ siwo me nuvlowɔwɔ mebɔ ɖo o la dometɔ ɖeka. Ðoɖowo abe nutoa me dzɔdzɔ ene gɔ̃ hã mete ŋu wɔa dɔ eteƒe didina o, vevietɔ le nuto siwo me nuvlowɔwɔa bɔ ɖo ŋutɔ la me. Se sesẽ siwo wodena ɖe nu vlo aɖewo, abe atikevɔ̃ɖisitsatsa alo adzodada ene, nu tẽ wɔa dɔ sẽ, gake eteƒe medidina hafi woƒe dɔwɔwɔ nu yina o.

Agbalẽ si nye Police for the Future gblɔ be: “Mele be alesi kpovitɔwo mete ŋu le nuvlowɔwɔ nu tsim o la nawɔ nuku na amesiwo bua nu ŋu o. Enye nusi wonya nyuie le afisiafi be hadome ƒe nɔnɔme siwo wu tsɔtsɔ na kpovitɔwo kpakple tohehe made edeƒe siwo wonaa nuvlowɔlawo siaa lae fiaa alesi gbegbe nuvlowɔwɔ doa agbogbo le nutowo mee.”

Nukae Adzɔ ne Kpovitɔwo Meli O?

Aleke nèwɔa nui ne kpovitɔ aɖeke mele kpɔwòm o? Ðe nàda se dzi le woƒe anyimanɔmanɔa ta? Ewɔ nuku ŋutɔ be bubume kple amegã geɖe dea woƒe ŋkɔ nyui kple woƒe etsɔme afɔku me le viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ le ɔfisdɔ me nufitifitiwɔwɔwo me ta. The New York Times ka nya ta nyitsɔ laa le ‘ame 112 siwo ŋu wotsɔ ametafatafa ƒe nyawo ɖo, amesiwo ŋu wogblɔ le be wole ɖoɖo aɖe si wowɔ be woatsɔ ada adzo ʋuwo ŋuti nugblẽfexeɖoɖo ƒe dɔwɔƒewo me la ŋu. Amesiwo ŋu wotsɔ nyaa ɖo la dometɔ aɖewo nye senyalawo, ɖɔktawo, dzimehenamelawo (chiropractors), kamedemɔnudɔyɔlawo (physiotherapy), abuitɔtɔamedɔdalawo, kple Kpovitɔwo ƒe Dɔwɔƒe ƒe amegã teƒenɔla.’

Ametafatafa ƒe nya gã aɖe na dzidzi ƒo xexeame ƒe aɖaŋudɔwɔla kesinɔtɔ gãwo nyitsɔ laa esime wotsɔ nya ɖe Sotheby sitsaha si le New York kple Christie sitsaha le London, siwo nye asitsaha siwo dzraa nu na ame ɖe amesi na ga home gbogbotɔ nu ƒe amegãwo ŋu be woa ŋutɔwoe doa asi ɖe nuwo ŋu na wo ɖokui. Wodo fe dɔlar miliɔn 843 na woa kple woƒe asitsahawo wònye tohefe kple teƒeɖoɖoga! Eyata àte ŋu akpɔ ga ƒe ŋukeklẽ maɖikɔnamea le ameƒomea ƒe akpa sia akpa.

Nusi dzɔ le Recife, Brazil, le ƒe 1997 me, esime kpovitɔwo gbe dɔ fia be ame geɖe wɔa nu vlo bɔbɔe ne kplamatsedonu aɖeke meli o. Subɔsubɔ ƒe dzixɔse si anɔ wo si la mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe woƒe nuwɔna dzi o. Woate ŋu atɔ tsi agbenɔnɔse kple gɔmeɖosewo alo aɖe asi le wo ŋu bɔbɔe. Eyata mewɔ nuku o be kpovitɔ siwo le dukɔ akpa gãtɔ me la le kpo dom nu le xexe aɖe si me sedzimawɔmawɔ bɔ ɖo me eɖanye le nu sueawo alo nu gãwo me o.

Gake ame aɖewo wɔna ɖe se dzi le esi wodea bubu dziɖuɖu ŋu ta. Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo le Roma be woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo be woanɔ anyi elabena wokpɔa egbɔ be sedziwɔwɔ aɖe teti ya nɔa anyi. Eŋlɔ ku ɖe dziɖuɖu siawo ŋu be: “Mawu ƒe subɔla kple amesi tsɔa dziku biaa hlɔ̃ amesi le nu vɔ̃ɖi wɔm la wònye. Eyata ehiã be, miabɔbɔ mia ɖokui, menye dzikudodo ta ɖeɖeko o, hafi le dzitsinya ŋuti hã boŋ.”—Romatɔwo 13:4, 5.

Hadome Nɔnɔme Siwo Le Tɔtrɔm

Le nyateƒe me la, kpovitɔwo ƒe dɔ wɔa akpa aɖe le hadome nɔnɔmewo ƒe kakaɖeme ŋu. Ne amewo kpɔ be woɖe atikevɔ̃ɖiwo kple nuvlowɔwɔ ɖa le ablɔwo dzi la, wodzea agbagba be yewoanɔ agbe wòasɔ ɖe alesi nutoa me ka ɖe emee nu. Gake le nyateƒe me la, ameƒomea katã tɔtrɔ be nuwo nanyo nye nusi gbɔ kpovitɔwo ƒe ŋutete ŋu.

Àte ŋu akpɔe le susu me be ameƒome aɖe anɔ anyi si me tɔwo ade bubu se ŋu ale gbegbe be womagahiã na kpovitɔwo oa? Àte ŋu akpɔ xexe aɖe si me amewo tsɔ ɖe le eme na wo nɔewo ale gbegbe be aƒelikawo alɔ̃ ɣesiaɣi be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu eye mahiã be ame aɖeke nayɔ kpovitɔwo be woava kpe ɖe ye ŋu o la le susu mea? Ðewohĩ esia adze abe nususukpɔ ko ene. Gake Yesu ƒe nya siawo, togbɔ be nya bubu mee wògblɔe le hã, awɔ dɔ le afisia. Egblɔ be: “Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.”—Mateo 19:26.

Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si ava va esime ameƒomea katã anye dziɖuɖu aɖe si Yehowa Mawu ɖo anyi la teviwo ŋu. “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo.” (Daniel 2:44) Dziɖuɖu yeye sia ato Mawu ƒe mɔ siwo me lɔlɔ̃ le fiafia dzianukwaretɔ siwo le ete dzi atrɔ hadomenɔnɔme siwo hea nuvlowɔwɔ vɛ. “Sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Yehowa ƒe Fia Yesu Kristo ate ŋu atsi nuvlowɔwɔ ɖesiaɖe nu. “Madrɔ̃ ʋɔnu ɖe nusi eƒe ŋku le kpɔkpɔm la nu o, eye matso afia ɖe nusi eƒe to le sesem la nu o. Adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia na anyigba dzi hiãtɔwo ɖe eteƒe.”—Yesaya 11:3, 4.

Nuvlowɔlawo alo nuvlowɔwɔ aɖeke maganɔ anyi o. Kpovitɔwo magahiã o. “Amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.” (Mixa 4:4) Ne àdi be yeanye “anyigba yeye” si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la dzi nɔla la, ke fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be nàku nusiwo ƒe ŋugbe Mawu do le eƒe Nya me la me.—Petro II, 3:13.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Àte ŋu akpɔe le susu me be ameƒome aɖe anɔ anyi si me tɔwo ade bubu se ŋu ale gbegbe be womagahiã na kpovitɔwo oa?

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Nuvlowɔlawo alo nuvlowɔwɔ aɖeke maganɔ anyi o

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

Kpovitɔwo Kple Ŋɔdzinuwɔlawo

Abe alesi nusiwo dzɔ le New York City kple Washington, D.C. le September 11, 2001, dzi ɖee fiae ene la, yameʋuxɔlawo, aboyoɖeamelawo, kple ŋɔdzinuwɔlawo naa wòsesẽna na kpovitɔwo ŋutɔ be woakpɔ amewo ta. Wo dometɔ aɖewo xɔ hehe tɔxɛwo le xexeame ƒe akpa geɖewo be woage ɖe yameʋu siwo dze la me akpɔ nyawo gbɔ. Wosrɔ̃ alesi woalili amewo age ɖe wo dzi le xɔ me alo aƒeme le vome hã—woaɖi to ka ŋu tso xɔ tame, adzo to fesre nu, eye wodaa bɔmb sue siwo gbãa lãme na ame henaa woyia ɖime kple dzudzɔbɔmb ɖe amewo dome hã. Kpovitɔ siawo siwo xɔ hehe la dzea ŋɔdzinuwɔlawo dzi le vome heɖua wo dzi zi geɖe esi womegblẽa nu boo aɖeke le amesiwo woɖe aboyoe la ŋu o.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

James R. Tourtellotte/U.S. Customs Service

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nusiwo magahiã le Mawu ƒe xexe yeyea me o