Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Nye Dzedzeme Naganyo Ðe Edzi?

Aleke Mawɔ Nye Dzedzeme Naganyo Ðe Edzi?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Nye Dzedzeme Naganyo Ðe Edzi?

“Dzeɖoɖo kple nyɔnuviwo menya wɔna nam o. Nyemenya nusi le susu me na wo o, eye nyemenya alesi wosena le wo ɖokui me, alo alesi wobua nuwoe o.”​—Tyler.

NƆNƆME kawoe nyɔnuviwo lɔ̃na wu le ŋutsuviwo ŋu? Ƒewuivi si ŋkɔe nye Emily gblɔ be, “amesi ƒo dzi le.” Robyn, si nye ƒewuivi bubu gblɔ be nukokoedoamela ye nye nɔnɔme gbãtɔ. Eye nɔnɔme kawo ŋue ŋutsuviwo léa ŋku ɖo vevie le nyɔnuviwo ŋu? Mewɔ nuku o be, numekuku aɖe ɖee fia be le woawo gome la tugbedzedzee xɔ nɔƒe gbãtɔ. Nɔnɔme dodzidzɔname kple nɔnɔme bubu siwo ɖi emawo xɔ nɔƒe adelia.

Nyati kple numekuku siwo ƒoa nu tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi dome kadodo ŋu dzena zi geɖe le magazine siwo ƒoa nu tso sɔhɛwo koŋ ŋu me. Edze ƒã be ɖekakpui geɖewo ƒe susu nɔa alesi ɖetugbiwo bua woe ŋu eye nenema ke wòle le ɖetugbiwo hã gome—alo ɖewohĩ akpa evea siaa tsia dzi ɖe eŋu gɔ̃ hã. Ðewohĩ wò hã ètsia dzi ɖe eŋu ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Menye kple susu be yeaɖe srɔ̃ kpuie ya o. Nya la koe nye be amesiame dina be yeanya kpɔ alo yeƒe nu nanyo ame ŋu! Tyler gblɔ be: “Ne èle wò ƒewuiwo me la, àdi be yeanya kpɔ na amesiame. Àdi be yeƒe nu nadze ye hatiwo ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu.” Azɔ hã àsee le ɖokuiwò me be yeadi be yeakpɔ srɔ̃ nyui aɖe aɖe gbeɖeka. Ne ɣeyiɣi ma de la, àdi be yeƒe nu nanyo ame ma ŋu godoo.

Gake esi nènye Kristotɔ sɔhɛ ta la, anye be nuteƒekpɔkpɔ geɖe mesu asiwò le alesi wowɔa nu kple ame kemɛawo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la hatiwòwo anya nɔ nya ƒom ɖe nuwò be nàna wò dzadzraɖo nanyo ɖe edzi ahadze ame ŋu. Mewɔ nuku o be, fefewɔla xɔŋkɔ kple ame kako gbogbo siwo nèkpɔna le television dzi kple magazinewo me ate ŋu ana mavo o eye nàse le ɖokuiwò me be yemedze o! Ekema nukae wòle be nàwɔ be wò dzedzeme nanyo amewo ŋu—siwo dometɔ aɖewoe nye ɖetugbiwo ne ɖekakpui nènye alo ɖekakpuiwo ne ɖetugbie nènye—alesi dze?

Movidzɔdzɔ si Le Mɔkpɔkpɔ be Dzedzeme “Deblibo” Nasu Ame Si Me

Tagbɔdɔdala William S. Pollack gblɔ be nɔnɔme siwo wokafuna le modzakaɖeɖe ƒe mɔnu vovovowo me na be sɔhɛ gbogbo aɖewo “le gaƒoƒo geɖe zãm tsɔ nɔ asi trɔm le alesi woɖua nui ŋu, eye wonɔa gakpowo kɔm, henɔa kamedefefewo wɔm kple susu be woatrɔ woƒe dzedzeme.” Wo dometɔ aɖewo wɔa nusi gbɔ eme akpa, abe dɔtsitsi kple susu be dzedzeme “deblibo” ma nasu yewo si. Ke hã Hadomenyawo Ŋuti Numekuƒe aɖe gblɔ be: “Nyɔnu siwo mede ame 5% (atɔ̃ le alafa me) o koe te ŋu ɖoa tugbedzedze ƒe kpɔɖeŋu siwo nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo kafuna egbea be eyae nye nyuitɔ la gbɔ—ke hã kpekpeme kple lolome dzaa ko ŋue akɔnta sia ku ɖo. Ne èdi ameti bliboa ƒe dzedzeme, mo ƒe anidzedze kple bubuawo siwo wobe enye nyuitɔ la, ke ɖewohĩ anye ame 1% (ɖeka le alafa me) koe nàkpɔ.”

Ekema Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Romatɔwo 12:2 sɔ ŋutɔ be: “Migana xexe si me miele natrɔ mi ɖe eƒe nɔnɔme nu o.” (Phillips) Gake esia mefia be màgatsɔ ɖeke le wò dzedzeme me o. Esɔ be nàlé be na wò ŋutilã to dadasɔ le kamedede kple nuɖuɖu me. (Romatɔwo 12:1; Timoteo I, 4:8) Ðiɖiɖeme si sɔ kple alɔ̃dɔdɔ nyuie hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ nyuie. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wò susu nenɔ dzadzɛnyenye kple ame ɖokui dzadzraɖo ŋu. Ðekakpui aɖe si tso Britain si ŋkɔe nye David gblɔ be: “Menya nyɔnuvi dzetugbe aɖe, gake eɖea ya. Amewo ƒoa asa nɛ le esia ta.” Eyata le tsi ɣesiaɣi. Asi, ɖa, kple fe siwo ŋu kɔ nyuie ate ŋu ana wò dzedzeme naganyo ɖe edzi.

Togbɔ be Biblia xlɔ̃ nu tsi tre ɖe nudodo vivivo ŋu hã la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo be woado “awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.” (Timoteo I, 2:9) Do awu siwo adze wò gake menye esiwo gbɔa eme alo esiwo tɔa ŋku o. * Beléle na ameɖokui alesi sɔ ate ŋu ana dzi nanɔ ƒowò. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Paul gblɔe ale: “Mànye amesi dze tugbe alo dze ɖeka wu amewo katã o, gake àte ŋu atrɔ asi le wò dzedzeme ŋu.”

Nɔnɔme Ememetɔ

Togbɔ be mo si nya kpɔna kple atsudzɔdzɔ nyoa ame ŋu hã la, wova kpɔna mlɔeba be, “tugbedzedze la, yae.” (Lododowo 31:30) Ɣeyiɣi kpui aɖe koe tugbedzedze alo ɖekadzedze nɔa anyi, eye mele be woaxɔ ɖe amenyenye nyoameŋuwo teƒe o. (Lododowo 11:22) Ðo ŋku edzi hã be “amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:7, 8) Eyata le esi teƒe be nàtsi dzi ɖe wò dzedzeme alo wò atsudzɔdzɔ ŋu la, dze agbagba nàtu “dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ, si xɔ asi sesẽ le Mawu ŋku me” ɖo. (Petro I, 3:3, 4; Efesotɔwo 4:24) Nyateƒee, le egbexexea me la, sɔhɛ geɖewo megatsɔa ɖeke le amenyenye nyoameŋu si anɔ amesi me—kaka wòahayi gbɔgbɔmenɔnɔmewo nye ge o. * Gake amesiwo si mawumenɔnɔmewo le ya kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wonyoa wo ŋu!

Ekema mɔ nyuitɔ si dzi nàto wò nu nanyo Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒe susu kuna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋue nye be wò ŋutɔ nànye gbɔgbɔmeme. Tu wò gbɔgbɔmemenyenye ɖo to gbedodoɖa, ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me. (Psalmo 1:1-3) Ke hã aɖaŋudɔwɔwɔ kple nɔnɔme nyui bubuwo li nàte ŋu atu ɖo. Mehiã be mia kple ame aɖe alo lɔlɔ̃tɔ aɖe míanɔ ha dem kplikplikpli kokoko hafi nàte ŋu atu nɔnɔme siawo ɖo o. Ke boŋ àte ŋu atu wo ɖo to alesi nèwɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu le wò gbesiagbegbenɔnɔ me me.

Le kpɔɖeŋu me, ne ɖekakpuie nènye la, ɖe mèvona le ɖokuiwò me o alo ŋu kpea wò ne ɖetugbiwo le gbɔwòa? Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Paul lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyemete ŋu vona le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi o—elabena nyɔnuviwoe wonye, eye nyemenya nɔnɔme si le nyɔnuviwo si tututu abe alesi menya ŋutsuviwo tɔ ene o. Eye nyemedi be mado ŋukpe ɖokuinye o.” Aleke nàwɔ dzi nanɔ ƒowò nàɖu ɖokuiwò dzi be ame bubuwo hã naɖe dzi ɖi? Mɔ ɖekae nye be nàzã mɔnukpɔkpɔa atsɔ ade ha kple ame vovovo siwo le Kristo-hamea me. Tsɔ ɖe le eme na ame bubuwo le kpekpeawo me—menye sɔhɛ siwo le abe wò ene ɖeɖeko o, ke boŋ ɖeviwo, ame tsitsiwo, kple amesiwo ku amegã kple nyagã siaa hã. (Filipitɔwo 2:4) Alesi nàwɔ nu kple ame vovovo siawo sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò.

Gake anyo be nàkpɔ nyuie. Yesu gblɔ be: ‘Nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ (Mateo 19:19) Ne mebua fɔ ɖokuiwò o la, ekema màtsi dzi le ɖokuiwò me fũ eye nàtsi mavomavo ne èle amewo dome o. * Togbɔ be ele vevie be bubudedeameɖokuiŋu aɖe nanɔ mewò hã la, mègawɔe wòagbɔ eme o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o.”—Romatɔwo 12:3.

Dzro wò nɔnɔmewo kple alesi nèwɔa nu ɖe amewo ŋu me kpɔ nyuie. Nyɔnuvi aɖe si tso Britain si ŋkɔe nye Lydia gblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe le míaƒe suku si nyɔnuvi geɖewo lɔ̃na ŋutɔ. Emegbe esi wova dze sii nyuie la, womegalɔ̃a eƒe nya gbɔ o elabena mewɔ ame o eye mebua ame hã o.” Amewo tena ɖe amesi medaa gbe ɖe ame gbɔ o, eye wònye amesi dea bubu ame ŋu hebua ame ŋu la ŋu. (Efesotɔwo 4:29, 32; 5:3, 4) Ðk. T. Berry Brazelton gblɔ be: “Nɔnɔme nyoameŋu ƒe amesinɔnɔ le abe mɔzɔgbalẽ, si naa amewo te ŋu tena ɖe ame ŋu faa ene.” Nɔnɔme nyuiwo “nye nu vevi aɖe si naa amewo tena ɖe ame ŋu.”

Dekɔnuwo kple agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo to vovo le xexeame godoo. Eyata anyo be nàlé ŋku ɖe alesi Kristotɔ ŋutsu kple nyɔnu tsitsiwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui la ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, ɖe ŋutsu léa ʋɔ ɖe asi na nyɔnu be wòage ɖe xɔ me le mia dea? Ne nenemae la, ameŋububunu sia wɔwɔ adzi wò nɔnɔme nyuiwo ɖe edzi, eye dzi anɔ ƒowò ɖe wò nɔnɔme nyui ta.

Mlɔeba la, anyo be nàtu nukokoedoname ƒe nɔnɔme si sɔ ɖo. Biblia gblɔ be “nukoɣi li,” eye zi geɖe la amesi doa nukokoe na ame te ŋu dzea xɔlɔ̃ bɔbɔe.—Nyagblɔla 3:1, 4.

Xɔlɔ̃dzedze alo Zɔzɔ Kplikplikpli Kple Ŋutsu alo Nyɔnu

Agbalẽ aɖe si wona ŋkɔe be “alesi woawɔ akpɔ dzidzedze le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me ŋuti mɔfiame” la ɖo aɖaŋu be nusi nana ŋutsu ƒe nu nyoa nyɔnuwo ŋu alo nyɔnu ƒe nu nyoa ŋutsuwo ŋu enye hadede kpli wo. Wogblɔ na exlẽlawo be woasrɔ̃ nukomoɖoɖo kple ŋku tete na ame tsɔ kpe ɖe asitɔtrɔ le ‘ɖokuiɖefianya’ nyuiwo ŋu. Aɖaŋuɖoɖo ma tsi tre ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo be wòawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu “le dzadzɛnyenye katã me” ŋu.—Timoteo I, 5:2.

Togbɔ be hadede kple ŋutsu alo nyɔnu ate ŋu ana nàdze ɖokuiwò ŋu hã la, enye alakpanuwɔwɔ kple anukwaremaɖimaɖi. Mehiã be nàɖo ahiãmo alo anye hatsɛkala hafi wò dzeɖoɖo kple amewo navivi o. Eye mahiã be nàbia ŋukpenanyawo alo nya madzetowo be nànya alesi ame kemɛa sena le eɖokui me alo bua tamee o. Ƒo nu tso nusiwo le “dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃,” ko ŋu eye àɖee afia be yele ŋutsu alo nyɔnu tsitsi si ƒe susu ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la zum. (Filipitɔwo 4:8) Toɖoɖo mawumegɔmeɖosewo mana wò nu nanyo ame kemɛa ɖeɖeko ŋu o ke boŋ anyo Mawu ŋutɔ hã ŋu. *Lododowo 1:7-9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Awu Siwo Ƒomevi Míedona—Ðe Wole Vevie Ŋutɔŋutɔa? si dze le February 8, 1999 tɔ me alo October 8, 1989, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!

^ mm. 12 Numekula aɖe gblɔ be, yewokpɔ be zi geɖe la, woɖua fewu le sɔhɛ siwo ƒe tagbɔ kɔ ŋu ɖe woƒe agbagbadzedze ta. Sɔhɛ aɖewo wɔa nu ɖe enu eye womegadoa vevie nusɔsrɔ̃ o.

^ mm. 15 Agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, si Yehowa Ðasefowo ta ƒe ta 12 ɖo aɖaŋu nyui geɖe le alesi woawɔ atu bubudedeameɖokuiŋu ɖo ŋu.

^ mm. 21 Ne metsi aɖe srɔ̃ o la, anye nusi me susu le be nàde ha kple ame kemɛawo le ƒuƒoƒo me. Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ne Dzinyelawo Susu Be Nyemetsi Aɖo Gbe Ði O Ðe?” si dze le Nyɔ!, February 8, 2001 ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Le esi nànɔ ŋku lém ɖe wò dzedzeme ko ŋu teƒe la, trɔ asi le wò gbɔgbɔ me nɔnɔmewo ŋu boŋ

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Srɔ̃ alesi nàɖe dzi ɖi ne èle ame vovovowo dome