Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi

Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi

Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi

Meɖo ŋku esime srɔ̃nye nɔ fefem kple mía vinyɔnuvi yeyea dzidzɔtɔe dzi eye wòwɔ nam be woakpɔ dzidzɔ wu ne nyemegali o. Ewɔ nam be meva zu agba ɖe wo dzi ene. Menɔ didim be mage ɖe ʋua me akui ayi demagbɔnugbe. Nyemenya kura be vidzidzi megbe blanuilélee nɔ fu ɖem nam o.

ƑE EWO siwo va yi le nye srɔ̃ɖeɖe me nye dzidzɔɣeyiɣiwo. Dzi nɔ mía kple Jason dzɔm ɖe Liana, mía vinyɔnu gbãtɔa nyinyi ŋu. Eyata esime megafɔ fu la, dzi dzɔ mí katã.

Gake fu sia ɖe fu nam ale gbegbe. Le nyateƒe me la, meku kloe le vidzidzi vɔ megbe le esi lãmesẽkuxiwo ɖe fu nam ta. Gake do ŋgɔ na vidziɣia, si nye le fua ƒe tsitsi me la, metɔtɔ le susu me. Nɔnɔmea va nyra ɖe edzi esi míekplɔ mía vinyɔnuvi Carly tso kɔa dzi va aƒeme. Ðeɖi tea ŋunye kabakaba eye nyametsotso bɔbɔewo gɔ̃ hã menya wɔna nam o. Menɔa kaƒoƒo dzi na Jason le eƒe dɔwɔƒe zi geɖe gbesiagbe ne mabiae ko be dɔ bubu kae magawɔ alo be wòaka ɖe edzi nam be nya si megblɔ alo nusi mewɔ va yi teti la sɔ hã.

Mevanɔ vɔvɔ̃m na nye zɔhɛ xoxowo gɔ̃ hã domenɔnɔ. Ne ame aɖe va do ɖe nye ʋɔtrua nu le vo me la meva bena ɖe xɔgã me. Mekaka nuwo ɖe aƒea me nyamaa, eye nye susu dzona le nuwo dzi eye metɔtɔna. Nuxexlẽ dzɔa dzi nam, gake meganya wɔna nam o elabena nye susu meganɔa nu ŋu o. Nyemegate ŋu doa gbe ɖa tututu o eye meva gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Ðeko meva tsi yaa eye ame aɖeke ƒe nu megaléa dzi nam o. Meva nɔ vɔvɔ̃m be nu vevi ava wɔ vinyewo elabena nye susu meganɔ dɔ wɔm nyuie o. Nyemegadea bubu ɖokuinye ŋu o. Ewɔ nam abe aɖaʋa dzem menɔ ene.

Le ɣeyiɣi mawo me la Jason gbɔna tsoa dɔ me va dzraa aƒea me ɖo hekpena ɖe ŋunye alo ɖaa nu na ƒomea—ke medoa dziku ɖe eŋu be nukata wòkpe ɖe ŋunye hã! Ewɔna nam be eƒe nuwɔna nɔ fiafiam be nyemebi ɖe aƒedzikpɔkpɔ me o. Gake ne mekpe ɖe ŋunye o hã la, mebua fɔe be metsɔa ɖeke le eme nam o. Ne ɖe Jason metsɔ nunya kple lɔlɔ̃ kpɔ nuwo gbɔ abe alesi wòwɔe ene o la, anye ne nye vidzidzi megbe blanuilélea gblẽ míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Ðewohĩ Jason enye amesi dze wu be wòagblɔ alesi nye nɔnɔmea ɖe fu nɛ.

Srɔ̃nye Gblɔ Alesi Nɔnɔmea Ðe Fu Nɛ

“Le gɔmedzedzea me la, nyemese nusi nɔ dzɔdzɔm ɖe Janelle dzi gɔme o. Etrɔ keŋkeŋ meganye dzidzɔme kple vividoɖeameŋula si wònye tsã o eye wòva te agbenɔnɔ abe ame bubu kura ene. Eva bua nya sia nya si magblɔ abe ɖeklemiɖeɖe le ame ŋu ene, eye dzi kunɛ ne mebe makpe ɖe eŋu le eƒe dɔwo wɔwɔ me. Le gɔmedzedzea me la ewɔ nam be magblɔe nɛ be wòaɖu eɖokui dzi vie, gake meva kpɔ be ɖeko nya ma gbɔgblɔ nɛ ana nɔnɔmea nagblẽ ɖe edzi.

“Míaƒe kadodo me nɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi. Ewɔ na Janelle be amesiame lé fu ye hetsi tre ɖe ye ŋu. Mese nyɔnu aɖewo ŋkɔ be woto nɔnɔme sia ƒomevi me kpɔ esi vidzidzi megbe blanuiléle dze wo dzi. Eyata esi meva bui be anye nusia kee le ewɔm la, meva nɔ nyatakaka ɖesiaɖe si mate ŋui xlẽm tso nɔnɔmea ŋu. Nusiwo katã mexlẽ la ɖo kpe nusi susum menɔ la dzi. Meva kpɔ be Janelle ƒe dɔlélea metso eya ŋutɔ gbɔ o—eye be menye nanewo siwo dzi wòŋe aɖaba ƒui gbɔe wòtso o.

“Magblɔ be beléle tɔxɛ si metsɔ na woa kple ɖeviawo na nu te ŋunye le ŋutilã kple seselelãme gome. Ele nam be manɔ kutri kum le nye dɔwɔɖui kple hamemegã kple srɔ̃ŋutsu kpakple vifofo ƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me ƒe eve sɔŋ. Dzidzɔtɔe la, mete ŋu trɔ asi le nye dɔwɔɖuia ŋu ale be mete ŋu gbɔna va aƒeme kaba, vevietɔ le zã siwo me míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Ele be magbɔ va aƒe me kaba ava kpe ɖe Janelle ŋu míaɖa nu eye míadzra ɖeviawo ɖo. Esia na mí katã míete ŋu dea kpekpeawo.”

Esi Mete Hayahaya

Ne menye srɔ̃nyee kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe o la, anye ne nye hayahaya teƒe adidi godoo. Jason ɖo to dzigbɔɖitɔe esi metsɔ aɖatsi gblɔ nye dzimenyawo nɛ. Mekpɔ be mele be matsyɔ nu nye seselelãmewo dzi kura o. Medoa dziku gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. Gake Jason dea dzi ƒo nam ɣesiaɣi be yelɔ̃m eye be mí katã dzie nyaa dzɔ ɖo. Edzena agbagba ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ŋunye be nye ŋku nanɔ nu nyuiwo ɖeɖeko ŋu. Emegbe meva ɖea kuku ɖe nya siwo megblɔ le dziku me la ta. Edea dzi ƒo nam be nye dɔléleae nɔ fu ɖem nam. Ne meɖo ŋku ɣemaɣiwo dzi fifia la, mekpɔa viɖe gbogbo siwo eƒe ameŋubunyawo nye nam.

Mlɔeba la, míeva kpɔ ɖɔkta dɔmenyotɔ aɖe si gbɔ dzi ɖi se alesi menɔ sesem le ɖokuinye me. Egblɔ be vidzidzi megbe blanuilélee le fu ɖem nam, eye wodoe ɖa be mazã atike aɖewo be wòakpe ɖe ŋunye mate ŋu aɖu nye dzimaɖitsitsi enuenua dzi. Egade dzi ƒo nam be maxɔ kpekpeɖeŋu tso tagbɔdɔléleŋutinunyalawo gbɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ekafui nam be made kame edziedzi, si nye dɔyɔmɔnu si kpe ɖe ame geɖe ŋu wote ŋu ɖu blanuiléle dzi.

Nu gãtɔ kekeake si nye kplamatsedonu na nye hayahayae nye akɔkpekpe kple ŋukpe si vidzidzi megbe blanuilélea hena vɛ. Esesẽna na amewo zi geɖe be woase veve ɖe amesiwo le dɔ si gɔme womese o lém la nu. Vidzidzi megbe blanuiléle mele abe afɔ ŋeŋe, si amewo te ŋu kpɔna hesea veve ɖe ame ti ene o. Ke hã nye ƒomea kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ hese veve ɖe nunye.

Lɔlɔ̃ ƒe Kpekpeɖeŋu si Ƒometɔwo Kple Xɔlɔ̃wo Nam

Mía kple Jason míekpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nɔnye na mí ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siawo me vevie. Ɣeaɖewoɣi la ele na Jason be wòagbɔ ɖe eme le aƒea me ƒe fuɖename ta. Dada ƒe nuwɔnawo dea dzi ƒo na mi ɣesiaɣi eye medina be yeaxɔ dɔawo katã le asinye awɔ o. Ke boŋ ekpena ɖe ŋunye hedea dzi ƒo nam be mawɔ tɔnye sinua.

Xɔlɔ̃ siwo le hamea me hã kpe ɖe ŋunye blibo. Wo dometɔ geɖewo ŋlɔ agbalẽ kpuiwo ɖo ɖe mí gblɔ be yewobua ŋunye. Aleke gbegbe nya mawo fa akɔ nam enye si! Esia sɔ nam koŋ elabena nyemete ŋu ƒoa nu na amewo le telefon dzi alo ŋkume kple ŋkume gɔ̃ hã o. Hadede kple hati Kristotɔwo do ŋgɔ na kpekpeawo kple emegbe gɔ̃ hã menya wɔna nam o. Eyata mía xɔlɔ̃wo to agbalẽŋɔŋlɔ na mí dzi ɖee fia be menye nusiwo nye blanuilélea nana nyemete ŋu wɔna o la gɔme ɖeɖeko yewose o, ke yewolɔ̃ mía kple nye ƒomea hetsɔ ɖe le eme na mí hã.

Menye Dɔléle si Nɔa Ame Ŋu Ðaa O!

Mehaya fifia wu tsã—esiawo katã tso ɖɔkta ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo wònam, nye ƒomea ƒe ameŋunɔnɔ kplikplikpli, kple xɔ̃nye nugɔmeselawo gbɔ. Megadea kame edziedzi ne ɖeɖi te ŋunye gɔ̃ hã, elabena esia kpe ɖe ŋunye mele hayahayam. Medzea agbagba hã be mawɔ ɖe dzideƒonamenya siwo ame bubuwo nanam hã dzi nyuie. Le ɣeyiɣi sesẽwo me la, meɖoa to Biblia me nya siwo wolé ɖe kasɛtwo dzi kple Fiaɖuƒehawo—si nye haƒoƒo siwo Yehowa Ðasefowo wɔ si tua ame ɖo le gbɔgbɔ kple seselelãme siaa gome. Nunana siawo do ŋusẽm le gbɔgbɔ me eye wonana nye susu nɔa nu nyuiwo ko ŋu. Medze sukuvi ƒe nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi ƒe dɔdasi wɔwɔ gɔme ake nyitsɔ laa gɔ̃ hã le hamea ƒe kpekpewo me.

Exɔ wu ƒe eve kple afã hafi megate ŋu trɔ ɖe srɔ̃nye, vinyewo kple ame bubuwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia ŋu bliboe heɖenɛ fiaa woawo hã. Togbɔ be ɣeyiɣi siawo menɔ bɔbɔe na nye ƒomea o hã la, míeva kpɔe be míaƒe ƒomedodoa va le kplikplikpli wu tsã. Meda akpe na Jason geɖe, amesi tsɔ eƒe lɔlɔ̃ nam bliboe eye wòdo dzi nɔ te ɖe nye blanuiléɣi sesẽtɔwo nu henɔ ŋunye ɣeawokatãɣi be yeakpe ɖe ŋunye ne mehiãe. Ƒo wo katã ta la, mí ame evea siaa va le ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa, amesi do ŋusẽ mí vavã le míaƒe dodokpɔa me.

Nye blanuilélea mevɔ keŋkeŋ o, gake nye ƒomea, nye ɖɔkta, hamea, kple Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu doa ŋusẽm mekpɔna be mava haya keŋkeŋ. Ẽ, vidzidzi megbe blanuiléle menɔa ame ŋu ɖaa o. Futɔ si dzi míate ŋu aɖue wònye.—Abe alesi Janelle Marshall gblɔe ene.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nusiwo Ate Ŋu Ahe Vidzidzi Megbe Blanuiléle Vɛ

Tsɔ kpe ɖe lãmetsi ƒe dɔwɔna ƒe tɔtrɔ ŋu la, nu bubu geɖewo te ŋu hea vidzidzi megbe blanuiléle vaa ame dzi. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

1. Vidadanyenye ŋuti nukpɔsusu si anɔ nyɔnu aɖe ŋutɔ si, si ate ŋu atso dzidzɔmakpɔmakpɔ le ɖevime kple ƒomedodo nyui si menɔ woa kple edzilawo dome o gbɔ.

2. Nudidi siwo gbɔ eme siwo amewo adi tso vidadawo si.

3. Ne blanuiléle nye dɔ si ame ƒe ƒometɔwo léna.

4. Dzidzememakpɔmakpɔ le atsuƒe kple ƒomea me tɔ kplikplikpliwo alo ƒometɔ bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu manamana ame.

5. Ame ɖokui bubu ame maɖinui ƒe seselelãme.

6. Esese le ame ɖokui me be vidzikpɔkpɔ ɣeawokatãɣi nye agba kpekpe si menya tsɔna o.

Menye nusiawo ɖeɖeko gbɔe wòtsona o. Nu bubuwo ate ŋu ahe vidzidzi megbe blanuiléle vɛ. Le nyateƒe me la, womete ŋu se nusiwo henɛ vɛ gɔme keŋkeŋ vaseɖe fifia o.

[Aɖaka si le axa 16]

Menye “Vidzidzi Megbe Dzidzɔmakpɔmakpɔ” Koe O

Mele be woatɔtɔ vidzidzi megbe blanuiléle kple vidzidzi megbe ƒe tɔtrɔ dzro ko o. Ðk. Laura J. Miller gblɔ be: “Tɔtrɔ siwo vana zi geɖe le vidzidzi megbe nye esi woyɔna be ‘vidzidzi megbe dzidzɔmakpɔmakpɔ.’ . . . Nyɔnu 50 le alafa me toa nɔnɔme sia si nana wofaa avi, si nye seselelãme aɖe si te ŋu trɔna bɔbɔe la me. Zi geɖe la enu sẽna le ŋkeke etɔ̃ alo atɔ̃a gbe le vidzidzi megbe eye enu tea fafa vivivi vaseɖe esime eya ŋutɔ vɔna le kwasiɖa aɖewo megbe.” Numekulawo doe ɖa be anye nyɔnu ƒe lãmetsi ƒe tɔtrɔ si yia edzi le vidzidzi megbe gbɔe wòtsona.

To vovo na “vidzidzi megbe dzidzɔmakpɔmakpɔ” la, vidzidzi megbe blanuiléle lɔ blanuiléle ƒe seselelãme si te ŋu dzea egɔme tso vidziɣia alo kwasiɖa alo ɣleti aɖewo megbe gɔ̃ hã ɖe eme. Dzi ate ŋu adzɔ vinɔ yeye si le nɔnɔme sia me tom sẽ ko agalé blanui—si nana wòadi be yeawu ye ɖokui gɔ̃ hã—le aɖabaƒoƒo si kplɔe ɖo me. Gakpe ɖe eŋu la anɔ dzi bim, anɔ dziku kpɔm, alo ado adã. Ase le eɖokui me enuenu be yemedze anye vinɔ o eye be yemelɔ̃ ye via o. Ðk. Miller gblɔ be: “Vinɔ siwo ɖɔktawo de dzesi be blanuiléle le fu ɖem na nyana le susu me be yewolɔ̃ yewo viwo, gake womegasea seselelãme aɖeke tsɔ wu ɖekematsɔleme, dzikudodo, alo nutsitsri o. Ame aɖewo susua nu vevi wɔwɔ wo viwo alo wo wuwu gɔ̃ hã ŋu.”

Vidzidzi megbe blanuiléle nye nusi dzɔna tso gbaɖegbe ke. Tso keke ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. ke la, Helatɔ atikewɔla Hippocrates de dzesi tɔtrɔ wɔmoyaa sia si yia edzi le susu me be eɖea fu na nyɔnu aɖewo le vidzidzi megbe. Numekuku aɖe si ŋu nya wota ɖe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Brazilian Journal of Medical and Biological Research me ɖe nu me be: “Vidzidzi megbe blanuiléle nye kuxi ɖedzesi si ɖea fu na vinɔ 10 va ɖo 15 le alafa me le dukɔ geɖe me.” Gake nublanuitɔe la, agbalẽa gblɔ be, “womekpɔa dɔ sia ƒe akpa gãtɔ dzea sii nyuie o eye womedanɛ nyuie hã o.”

Dɔléle bubu si mebɔ o gake enu sẽ ŋutɔ si dzɔna le vidzidzi megbe enye vidzidzi megbe tagbɔdɔ. Amesi dzi wòdzɔ ɖo la kpɔa ŋutegawo, sea gbeɖiɖiwo le ta me, eye megatea ŋu dea vovototo nususukpɔ kple nu ŋutɔŋutɔ dome o, togbɔ be eƒe ŋkume kɔna gaƒoƒo alo ŋkeke geɖe ɣeaɖewoɣi hã. Womenyaa nusiwo tututu hea tagbɔdɔléle sia vɛ o, gake Ðk. Miller gblɔ be “anye domenyiŋusẽfianu si gbɔdzɔ gbɔe wòtsona, si anye lãmetsi ƒe dɔwɔna ƒe tɔtrɔe nya henɛ vɛ.” Ðɔkta bibi ate ŋu ada vidzidzi megbe tagbɔdɔlélea nyuie.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]

Alesi Nàte Ŋu Akpe Ðe Ðokuiwò Ŋui *

1. Ne blanuilélea mele kakam ɖe eme o la, di eŋutinunyalawo ƒe kpekpeɖeŋu. Zi alesi nètso ɖe eŋu kabae la, zi nenemae nàhaya kabae. Di ɖɔkta si sea veve ɖe ame nu eye wònya nu tso dɔlélea ŋu nyuie. Dze agbagba be màgana vidzidzi megbe blanuiléle nakpe ŋu na wò o alo be wòaɖe fu na wò ne ehiã be nàzã atike o.

2. De kame edziedzi. Numekuku ɖee fia be kamedede edziedzi te ŋu nyea dɔyɔɖaŋu nyui na blanuilélawo.

3. Gblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me na amesiwo te ɖe ŋuwò kplikplikpli. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga alo azi wò seselelãmewo dzi o.

4. Ðo ŋku edzi be mehiã be nànye aƒedzikpɔla bibi kokoko o. Dze agbagba nànɔ agbe si le bɔbɔe to alesi nàna wò ŋku nanɔ nu vevitɔwo ɖeɖeko ŋu.

5. Do gbe ɖa be dzideƒo kple dzigbɔɖi nasu asiwò. Ne màte ŋu ado gbe ɖa o la, bia ame aɖe be wòado gbe ɖa kpli wò. Ðeko fɔbubu ame ɖokui kple ame ɖokui mabumabu ɖe naneke me ana dɔlélea naxɔ ɣeyiɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 39 Nyɔ! metɔa asi dɔdamɔnu tɔxɛ aɖeke dzi na ame o. Susu siwo woɖe gblɔ le nyati sia me ku ɖe nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa ŋu la melɔ nɔnɔme ɖesiaɖe ɖe eme o, eye wo dometɔ aɖewo mawɔ dɔ le go aɖewo me o.

[Aɖaka si le axa 18]

Aɖaŋuɖoɖo Aɖewo na Ŋutsuwo

1. De dzesii be vidzidzi megbe blanuiléle metso srɔ̃wò gbɔ o. Ne eƒe dɔlélea mele kakam ɖe eme o la, kpe ɖe eŋu miadi ɖɔkta si nya nu tso dɔlélea ŋu si sea veve ɖe ame nu wòakpe ɖe mía ŋu.

2. Ðo to srɔ̃wò le dzigbɔɖeanyi me. Na wòanya be èse eƒe seselelãmea gɔme. Mègana eƒe mɔkpɔkpɔbuɖeame naku dzi na wò o. Kpe ɖe eŋu dɔmenyotɔe be eƒe susu nanɔ nu nyuiwo ɖeɖeko ŋu eye nàde dzi ƒo nɛ be ava ahaya. Mègatsɔe be ele be yeakpɔ ta na kuxi siwo katã ŋu nya wòagblɔ la o. Anye akɔfafa ko dim wòlé, ke menye nyaŋuɖoɖo siwo le tẽ o. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ðo ŋku edzi be vidzidzi megbe blanuiléle nana wòsesẽna na eléla be wòabu tame nyuie.

3. Ðe dɔ siwo mele vevie o dzi kpɔtɔ ale be nàkpɔ ɣeyiɣi geɖe akpe ɖe srɔ̃wò ŋu. Esia wɔwɔ ana wòahaya kaba.

4. Kpɔ egbɔ be ɣeyiɣi aɖe li na wò ŋutɔ hã. Wò ŋutɔ ƒe lãmesẽ me nɔnɔ le ŋutilã, susu, kple gbɔgbɔ me ana be nànye kpeɖeŋutɔ nyui na srɔ̃wò.

5. Di ame aɖe si nàɖo dze kplii wòade dzi ƒo na wò, ate ŋu anye gbɔgbɔmemetsitsi bubu si srɔ̃ hã lé vidzidzi megbe blanuiléle kpɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Marshall ƒomea