Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wole Nu Geɖe Srɔ̃m—Gake Womewɔ Tɔtrɔ Boo Aɖeke O

Wole Nu Geɖe Srɔ̃m—Gake Womewɔ Tɔtrɔ Boo Aɖeke O

Wole Nu Geɖe Srɔ̃m​—Gake Womewɔ Tɔtrɔ Boo Aɖeke O

“Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyidɔ geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me nyitsɔ laa hã la, amegbetɔwo mewɔ tɔtrɔ gobii aɖeke le ƒe akpe eve siwo va yi me o; eyata ele be míadze agbagba asrɔ̃ nu tso nusiwo dzɔ va yi me.”Kenneth Clark, Civilisation—A Personal View.

NYATEƑEE, wowɔ ŋgɔyidɔ ɖedzesiwo le ƒe alafa siwo va yi me. Time magazine gblɔ be ŋgɔyidɔ siawo “na be mía dometɔ geɖewo nɔ agbe si me dzidzeme le le ŋutinya me.” Wowɔ ŋgɔyidɔ gã siawo dometɔ aɖewo le atikewɔnyawo me. Ŋutinyaŋlɔla Zoé Oldenbourg gblɔ be le titinaɣeyiɣi mawo me la “atikewɔwɔ meɖɔ ʋu o eye wòlɔ ŋutasẽnuwɔna ɖe eme. Ate ŋu adzɔ be atikewɔla la nawu ame alo wòada gbe le ame ŋu.”

Womele Klalo be Yewoasrɔ̃ Nu Ɣesiaɣi O

Amewo medina be yewoasrɔ̃ nu ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, atikewɔla geɖewo ŋe aɖaba ƒu nyateƒenya si fia be woawo ŋutɔwoe le dɔléle kakam ɖe dɔnɔwo dome le mɔ aɖe nu la dzi. Eyata woyi edzi wɔ nusiwo me afɔku le eye ne wokpɔ dɔnɔ ɖeka gbɔ vɔ la womeklɔa asi hafi kpɔa bubu gbɔ o.

Ke hã woyi edzi wɔ ŋgɔyiyi le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me. Ekema ɖeko wònye nusi me nunya le be amegbetɔwo nasrɔ̃ alesi woawɔ xexeame wòanye dzidzɔteƒe si le dedie wu tso nusiwo dzɔ va yi me hafi. Gake nuwo meva yi nenema o.

Bu alesi nuwo nɔ le Europa le ƒe alafa 17 lia me ŋu kpɔ. Woyɔ ɣemaɣiwo be ŋkuʋuʋu kple aɖaŋudeɣeyiɣiwo. Kenneth Clark gblɔ be nɔnɔmeawo gakpɔtɔ le nenema togbɔ be “sidzedze dzi ɖe edzi le aɖaŋudɔwɔwɔ kple dzɔdzɔmeŋutinunya me hã la, wogatia amewo yome hewɔa ŋutasẽnu siwo tɔgbe womese kpɔ o la ɖe wo ŋu le aʋa dziŋɔwo me.”

Le míaƒe ɣeyiɣiwo gɔ̃ hã me la, amewo medina be yewoasrɔ̃ nu tso nusi dzɔ va yi me ne woaƒo asa na woƒe vodadawo o. Esia na wòdze abe míaƒe anyinɔnɔ le ɣletinyigba sia dzi ɖo afɔku me ene. Agbalẽŋlɔla Joseph Needham ƒo eta be nɔnɔmea va le ŋɔ dzim ale gbegbe be ‘nusi ko míate ŋu awɔ le eŋu fifia enye be míanɔ gbedodoɖa dzi ahanɔ mɔ kpɔm be zazɛ̃nyahelawo nagahe afɔku aɖeke va ameƒomea dzi si ate ŋu atsrɔ̃ nu gbagbe ƒomeviwo katã le anyigba dzi o.’

Togbɔ be aɖaŋudzedze kple sidzedze siawo katã su amegbetɔwo si hã la, nukatae ŋutasesẽ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ kpɔtɔ xɔ aƒe ɖe xexeame? Ðe esia ava trɔ gbaɖegbea? Nyati eve siwo kplɔe ɖo la adzro biabia siawo me.