Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàda Asɔ le Xexe si me Wolɔ̃a Nuwo Tsɔtsɔ Ƒu Gbe le Me

Alesi Nàda Asɔ le Xexe si me Wolɔ̃a Nuwo Tsɔtsɔ Ƒu Gbe le Me

Alesi Nàda Asɔ le Xexe si me Wolɔ̃a Nuwo Tsɔtsɔ Ƒu Gbe le Me

“NANEKE menye gbeɖuɖɔ le . . . dzɔdzɔme o.” Esia nye gbeɖuɖɔ si ŋudɔ wogawɔna ŋuti nunyala si wobuna vevie ƒe nukpɔsusu si Time magazine gblɔ. Enɔ nu ƒom tso alesi ne wotsɔ nane ƒu gbe le xexeame wògaɖea vi na nu bubuwo la ƒe nukununyenye ŋu. Eŋutinunyala ma kee gagblɔ be “ameƒomea ate ŋu asrɔ̃ alesi dzɔdzɔme gawɔa eƒe gbeɖuɖɔ ŋudɔe, gake esia abia mɔ̃ɖaŋununya yeye toto vɛ eye ahiã be amewo nawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe nɔnɔmewo ŋu.”

Ðewohĩ mía dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu awɔ nu boo aɖeke le mɔ̃ɖaŋununya yeye toto vɛ ŋu o. Gake míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ya ŋu! Eye nɔnɔme nyui siwo anɔ mía si ɖe gɔmeɖose ɖɔʋu aɖewo

ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ le xexe si me wolɔ̃a nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe le me.

Ƒo Asa na Nuwo Dome Gbegblẽ

Ame ɖeka le ame atɔ̃ ɖesiaɖe dome mlɔa nyi dɔmeɣi le xexeame godoo. Ele be esia nyanya nana míade asixɔxɔ nuɖuɖu ŋu eye míaƒo asa na edome gbegblẽ. Atsu kple asi aɖe si wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe 28 le Afrika gatrɔ gbɔ va Europa gblɔ be kuxi sesẽ siwo gbɔ wòle be yewoakpɔ ale be yewo de naganya nɔ na yewo dometɔ ɖekae nye “alesi wotsɔa nuɖuɖu ƒua gbe yakayakae.”

Dzila dzeaɖaŋuwo fiaa wo viwo be woaka nuɖuɖu agbɔsɔsɔ si woate ŋu aɖu dzaa ko ɖe woƒe agbawo me. Esia wɔwɔ ɖea gbeɖuɖɔ wɔwɔ kple nudomegbegblẽ dzi kpɔtɔna. Enyo be woaka nu sue aɖe gbã hafi woagakpɔ mɔ na bubu. Nyateƒee, ele na dzilawo be woaɖo kpɔɖeŋua. Yesu ɖo kpɔɖeŋu na mí katã to ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ ɖeɖe fia ɖe Mawu ƒe nunana, siwo nye ŋutilãmetɔwo kple gbɔgbɔmetɔwo siaa ŋu. Biblia ɖee fia be Yesu ƒo asa na nuɖuɖu dome gbegblẽ vevie—togbɔ be ɖe wowɔe nukutɔe le agbɔsɔsɔ gã me hã!—Yohanes 6:11-13.

Woate ŋu awɔ asaƒoƒo na nudomegbegblẽ ƒe gɔmeɖosea ŋudɔ hã le nudodowo, xɔmenuwo ƒe amesinɔnɔ, kple mɔ̃wo zazã gome hã. Egbɔkpɔkpɔ be nuwo le nɔnɔme nyui me ahazã wo ɣeyiɣi didi alesi dze la afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe nusiwo le mía si ŋu. Mele be míana boblodohawo ƒe agbagbadzedze be nusiwo le mía si nagadze mía ŋu o la naflu mí ne míabui be nu gãtɔ, nu nyuitɔ, nusi wɔa dɔ kabakaba, kple nu sesẽtɔwoe wotsɔ le mía ŋkume ɖom o. Míekpɔ mɔ baa aƒle nu yeye atsɔ aɖo nusiwo ganyo be woazã teƒe ya. Gake hafi míawɔ ema la, míadi be míadzro míaƒe nɔnɔmewo kple susu si ta míawɔe ɖo me akpɔ gbã.

Ƒo Asa na Ŋukeklẽ

Esi Israel-viwo nɔ mɔ zɔm to gbeadzi yina ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, wona nuɖuɖu si nye mana wo. Biblia ƒe nyatakaka fia be wona mana wo le agbɔsɔsɔ si sɔ nu. Gake woxlɔ̃ nu Israel-viwo be woagazu ŋuklẽlawo o; nusi ahiãwo gbemagbe koe wole be woafɔ. Amesiwo meɖo to o va kpɔe be ŋukeklẽ meɖe vi aɖeke na yewo o, elabena esi susɔ la dze nyẽ heƒaƒã. (Mose II, 16:16-20) Biblia la tsi tre ɖe ŋukeklẽ ŋu vevie hena eme kɔ enuenu be menyo o.—Efesotɔwo 5:3.

Menye Biblia ɖeɖekoe gblɔ nya sia o. Le kpɔɖeŋu me, Seneca, si nye Romatɔwo ƒe xexemenunyala kple fefeŋlɔla le ƒe alafa gbãtɔ me de dzesii be nu meɖia kɔ na ŋuklẽla gbeɖe o. Egblɔ be: “Xexeame katã maɖi ƒo na ŋuklẽla o.” Erich Fromm, si nye xexemenunyala aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 20 lia me hã ƒo nya ta nenema ke be: “Ŋukeklẽ le abe ʋe globo ene si nana ame nɔa hloloetsotso dzi ɖaa be wòaɖi kɔ na eƒe dzodzrowo evɔ meɖia kɔ nɛ gbeɖe o.” Ame aɖewo le afɔɖeɖe nyui aɖewo wɔm tsɔ kpe ɖe asaƒoƒo na ŋukeklẽ kple nudomegbegblẽ ŋu.

Srɔ̃ Alesi Nàna Nu Amewo

Hafi nàtsɔ nusiwo gakpɔtɔ le nɔnɔme nyui me aƒu gbe la, bu eŋu kpɔ be amekawoe woado dzidzɔ na be woaxɔ wo hã. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖeviwo tsi wu woƒe nudodowo la, ɖe ɖevi bubu agate ŋu azã woa? Ðe nàte ŋu atsɔ nunɔamesi bubu siwo gakpɔtɔ nyo gake mègale wo zãm fifia o ana nenema kea? Se vivi le nunana ame bubuwo me. Amerikatɔ nuŋlɔla kple nukokoedoamela Mark Twain ŋlɔ kpɔ be: “Be nàkpɔ dzidzɔ blibo la, ele be nàna ame aɖe hã nakpɔ gome le eme kpli wò.” Ðewohĩ eva eme na wò kpɔ be wò dzidzɔ gba go esime nèna ame bubuwo kpɔ gome le eme kpli wò. Ne èle nu wɔm alea la ànɔ asi kpem ɖe mɔxexe ɖe nɔnɔme gbegblẽ si nye nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe kabakaba nu.

Nunana ame bubuwo nye nɔnɔme nyui si Biblia kafu vevie. (Luka 3:11; Romatɔwo 12:13; Korintotɔwo II, 8:14, 15; Timoteo I, 6:18) Aleke gbegbee xexeame anyo ɖe edzi enye si ne amesiwo katã le eme anɔ klalo be yewoana nu ame bubuwo faa!

Nà Agbe me Nu Veviwo Nadze Ŋuwò

Ŋudzedzekpɔɖenuŋulae kpɔa dzidzɔ. Esia nye nyateƒe matrɔmatrɔ. Greecetɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Naneke medzea amesi mekpɔa ŋudzedze ɖe nu suewo ŋuti o la ŋu o.” Eye Japantɔwo tɔ gblɔ be: “Amesi mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la hiãtɔe wònyena.” Biblia hã kafu ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu. Míexlẽ be: “Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:6-8; Filipitɔwo 4:11.

Nyateƒee, be woakpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo le ame si ŋu abia be woawɔ “tɔtrɔ gãwo le ame ƒe agbenɔnɔ me.” Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Susanne de dzesii nyitsɔ laa be ele be yeawɔ tɔtrɔ sia. Egblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be esi nusiwo katã medi mete ŋu su asinye o ta la, ele be masrɔ̃ alesi nusiwo le asinye xoxo nasɔ gbɔ nam. Fifia la dzi dzɔam eye nye dzi dzea eme.”

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu naa wokpɔa dzidzɔ nyateƒe. Agbalẽnyalagã Argir Hadjihristev, si nye Bulgariatɔ si nya nu geɖe tso tsitsi ŋu gblɔ be: “Vɔ̃ gãtɔ wue enye ne ame mekpɔa ŋudzedze ɖe nu sue si le esi ŋu o.” Esi wònɔ nu ƒom tso lãmesẽ ŋuti viɖe siwo le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu me la, egblɔ be: “Amesi medzea agbagba be eme nanyo na ye wu ye hatiwo o, si mekua kutri ɣesiaɣi be nu geɖe wu nanɔ ye si o la, ƒe susu dzea akɔ anyi wònɔa agbe le dziɖeɖi me. Eye esia nyo ŋutɔ na lãmekawo.”

Ẽ, amesiwo lɔ̃a nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe mate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ gbeɖe o. Kaka wòahayi amesiwo si asiɖeɖe le nu ŋu kabakaba ƒe nukpɔsusu le la nye ge o! Ele dzedzem be ame geɖewo va le esia kpɔm dze sii. Ke wò ya ɖe?

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ele be ɖeviwo nasrɔ̃ alesi womagblẽ nuɖuɖu dome o

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu ɖo nuwo dome magblẽmagblẽ ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nukatae màtsɔ nusiwo ŋudɔ màgawɔ o ana ame bubuwo tsɔ wu be nàtsɔe aƒu gbe?