Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbɔkpɔnu Aɖe Lia?

Egbɔkpɔnu Aɖe Lia?

Egbɔkpɔnu Aɖe Lia?

NUKAE nàtsɔ nusi megahiã wò o awɔe? Àɖo ŋu be “Ðeko matsɔe aƒu gbe.” Gake alesi woakpɔ gbeɖuɖɔ gbɔe menɔa bɔbɔe nenema ɣesiaɣi o. Afikae nàkɔe ɖo? Italytɔwo ƒe nutomedzikpɔha aɖe bu akɔnta be atukpa si wotsɔ ƒu gbe ɖe atsiaƒu me axɔ ƒe 1,000 hafi anyunyɔ. Gake pepawo ya nyunyɔna le ɣleti etɔ̃ pɛ ko megbe. Sigaret takpui ƒoa ɖi atsiaƒua ƒe 5; aŋekotokuwo, tso ƒe 10 va ɖo 20; nylon nuwo, tso ƒe 30 va ɖo 40; ganugoewo, ƒe 500; eye polystyrene, ƒe 1000.

Gbeɖuɖɔ mawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Nu geɖewo bɔ ɖe asi me egbea, eye boblodohawo di be míaxɔe ase be míehiã nu mawo katã. Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Guardian ƒo nya ta be: “Boblodolawo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa hiahiã siwo míesusu kpɔ be wohiã mí o la gbɔ.” Le nyateƒe me la, woƒonɛ ɖe mía nu be míaƒle nu yeye si le tsia dzi ne menye nenema o la woato mía ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, nyagbe siwo wozãna le boblododo me be “nu yeye” fia be “enyo wu eye wònye adodoea,” ke “nu xoxoa” “meɖɔ ʋu o eye enu va yi.”

Eyata zi geɖe la, woƒonɛ ɖe mía nu be míaƒle nu yeye wu esi míadzra xoxoa ɖo. Wogblɔnɛ be nu yeye ƒeƒle ɖe xoxoa teƒe nyona wu sasasã eye menana wogblẽa ga geɖe abe edzadzraɖo ene o. Ele eme nenema ɣeaɖewoɣi ya. Gake zi geɖe la, nu xoxo tsɔtsɔ ƒu gbe ahaƒle yeye ɖe eteƒe nyea ga gbegblẽ si mehiã hafi o.

Wowɔ nu geɖewo egbea kple susu be ne egblẽ ko la woatsɔe aƒu gbe. Wo dzadzraɖo anye nu sesẽ—si nye nya vevi aɖe si wòle be wòanɔ susu me na mí ne míele nu ƒlem. Germanytɔwo ƒe magazine aɖe si wota na nuƒlelawo gblɔ be: “Ɣeyiɣi si wòle be nuwo nadɔ ase ɖo dzi le ɖeɖem ɣesiaɣi. Nusi nɔ ‘tsia dzi’ etsɔ si va yi la zua ‘tsigãdzinu’ egbea eye zi geɖe la gbeɖuɖɔ me koe wòva dona ɖo. Esia nana be nusi ŋudɔ woagate ŋu awɔ le mɔ bubu nu la va zua nu maɖinui le aɖukpo dzi gbesiagbe!”

Ðe nuƒeƒle madzudzɔmadzudzɔ alea ɖea vi na eƒlela vavã? Le nyateƒe me la, amesiwo wòɖea vi na enye asitsala siwo ƒe taɖodzinue nye be ga geɖe nasu yewo si. Switzerlandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Die Weltwoche gblɔ be: “Ganyawo ayi to godoo ne amesiame azã eƒe xɔmenuwo kple ʋu si le esi le eƒe agbemeŋkekewo katã me alo ne wodzi ɣeyiɣi si wozãa wo fifia ɖe edzi teƒe eve gɔ̃ hã.” Ganyawo ƒe toyiyi hã makpɔ nyaa gbɔ o, elabena ana dɔ nage le nuƒlelawo hã si. Ekema mɔ kawo nue woato aɖe gbeɖuɖɔ dzi akpɔtɔ?

Nu Tsɔtsɔ Ƒu Gbe, Asitɔtrɔ le Eŋu be Woagazã, alo Edzi Ðeɖe Kpɔtɔea?

Dukɔ deŋgɔ aɖewo va kɔa woƒe gbeɖuɖɔ ɖe dukɔ madeŋgɔwo me dzaa. Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka aɖe ɖee fia be “le Nigeria nuto aɖe koŋ me la, woke ɖe aɖitike wuame tɔn 3,500 ŋu wònɔ ɖuɖum tso gago 8,000 siwo le ɣebia lém me, henɔ anyigba kple tometsi siaa gblẽm.” Ðikekemanɔmee la, gbeɖuɖɔwo gbɔ kpɔkpɔ to mɔ sia nu menye nyuitɔ o eye menye mɔ si dze be woawɔ nu ɖe amehavi ŋu hã o.

Ke asitɔtrɔ le nusiwo womegadi o ŋu be woagawɔ wo ŋudɔ ake le esi teƒe be woatsɔe aƒu gbe ya ɖe? Nyateƒee, ɖoɖo sia bia be nuƒlelawo nama woƒe gbeɖuɖɔ me ɖe ha vovovowo me, si nye se si dzi wowɔna ɖo xoxo le teƒe aɖewo. Dziɖuɖumegãwo abia be woama gbeɖuɖɔ me ɖe hatsotso siwo nye pepa tɔ, agbalẽgo tɔ, gakpo tɔ, atukpa tɔ, kple nu siwo te ŋu vóna tɔ me. Agahiã be woama atukpawo hã ɖe amadede vovovo si le wo si la nu.

Edze ƒã be viɖewo le asitɔtrɔ le nuwo ŋu be woagawɔ wo ŋudɔ ake ŋu. Agbalẽ si nye 5000 Days to Save the Planet gblɔ be ga ɣi si wogbugbɔ lolona “ɖea ŋusẽ gbogbo si woazã ɖe yeye wɔwɔ ŋu hafi la dzi kpɔtɔna” eye ate ŋu “aɖe ɖiƒoƒo nutome si ga ɣi kuku le tome hena vɛ la dzi akpɔtɔ.” Agbalẽa gblɔ kpee be: “Ne woagbugbɔ asi atrɔ le pepa agbɔsɔsɔ aɖe siwo wozã xoxo va yi ŋu la, ŋusẽ si woagblẽ ɖe yeye wɔwɔ ŋu ƒe afã, kple tsi ƒe akpa ewolia koe ahiã. . . . Woagate ŋu akpɔ nusiwo dome gblẽ ake, atrɔ asi le eŋu eye woagbugbɔ wo ŋudɔ awɔ ake. . . . Ne dɔwɔƒewo magate ŋu awɔ woƒe gbeɖuɖɔwo ŋudɔ o la, woate ŋu atrɔ asi le eŋu be dɔwɔƒe bubuwo nazã . . . Le Holland la, ɖoɖo li si me wotrɔa asi le gbeɖuɖɔ aɖewo ŋu na dɔwɔƒe bubuwo gbugbɔ zãna dzidzedzetɔe tso ƒe 1970-awo ƒe gɔmedzedze ke.”

Le esi teƒe be woanɔ tame bum le asitɔtrɔ le gbeɖuɖɔ ŋu teƒe la dziɖuɖu aɖewo tea gbe ɖe mɔxexe ɖe gbeɖuɖɔa wɔwɔ nu dzi boŋ. Agbalẽ si míeyɔ va yi xlɔ̃ nu be “ele be woaɖe afɔ enumake” nenye be ameƒomea “di be yeaɖe asi le nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe kabakaba ƒe nɔnɔme ŋu . . . ahazu nutakpɔla siwo mewɔa gbeɖuɖɔ fũ o ke boŋ ɖea woƒe dzɔdzɔmenuwo gbegblẽ dzi kpɔtɔna la ŋu.”

Gake ele be amesiwo “di be woaɖe asi le nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe kabakaba ƒe nɔnɔme ŋu” nalɔ̃ faa be yewoazã nusiwo yewoƒle la ɣeyiɣi didi alesi wòanya wɔe, ke woatsɔ wo aƒu gbe nenye be wogblẽ gbɔ eme. Ele be woatsɔ nusiwo megahiã ame o gake woagate ŋu awɔ eŋudɔ la ana ame bubu si awɔ eŋudɔ. Germany ƒe Öko-Institut (Nugbagbewo Kple Wo Nɔƒewo Ŋuti Nunyaŋudɔwɔwɔ Nusrɔ̃ƒe) ƒe dɔwɔƒe si le Darmstadt bu akɔnta be aƒe siwo me wowɔna ɖe gɔmeɖose si nye “Zãe le esi teƒe be nàgblẽ edome” dzi ɣesiaɣi la ƒe gbeɖuɖɔ dzi aɖe akpɔtɔ zi 75 le alafa me le mama dedie nu ne wotsɔ wo sɔ kple aƒe siwo me tɔwo mewɔna ɖe edzi o.

Gake ɖe woakpɔ aƒe geɖe me nɔla siwo wɔna ɖe gɔmeɖose sia dzia? Edze abe manyawɔ o ene. Kuxi gã bubu aɖewo ƒe dzesi aɖe koe ameƒomea ƒe gbeɖuɖɔ nyaa nye. Le egbegbexexe si me amewo lɔ̃a nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe me la, nɔnɔme si woate ŋu ayɔ be nuwo dome gbegblẽ ƒe nɔnɔme va le ame geɖe si sum. Mina míadzro nɔnɔme ma—kple kuxi gã siwo wòate ŋu ahe vɛ dometɔ ʋɛ aɖewo me.

Afɔku Siwo Le Nuwo Tsɔtsɔ Ƒu Gbe Gbenɔnɔ Me

Nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe gbenɔnɔ ate ŋu agblẽ nu geɖe wu nu tsɛwo dome gbegblẽ ko. Ate ŋu ana amewo nazu ame madakpewo kple nuŋumabulawo, si ana woagblẽ nuɖuɖu gbogbo aɖe si ŋu womeka asii kura o alo kple nunɔamesi bubuwo dome. Amesiwo dia wo ɖokui tɔ eye nu yeye siwo to kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, eye wotiaa nu me le nu suesuewo me heɖea ɖeklemi la, te ŋu nyea amesiwo senɛ le wo ɖokui me ɣesiaɣi be ele be yewoaɖɔ li yewoƒe nudodowo, xɔmenuwo, kple nu bubuwo.

Gake menye ŋutilãmenuwo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖeɖeko dzie nɔnɔmea sena ɖo o. Germanytɔwo ƒe dɔwɔha si kpɔa aƒemenu siwo wotsɔna ƒua gbe ŋudɔwɔwɔ ake gbɔ gblɔ nyitsɔ laa be: “Míeva le nu wɔm ɖe amegbetɔwo ŋu abe alesi míetsɔa xɔmenu siwo megadzɔa dzi na mí o ƒua gbe le ƒe atɔ̃ megbe heƒlea yeyewo ɖe wo teƒe ene. Biabia lae nye be ɣeyiɣi didi kae míaƒe xexea ate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔme sia nu ase ɖo.” Nyatakakaa ɖe eme be: “Ne ame aɖe mete ŋu wɔa dɔ kabakaba alesi dze o la, wotsɔa ame bubu ɖoa eteƒe enumake. Elabena dɔwɔlawo bɔ!”

United States ƒe dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ tsãtɔ Al Gore bia le eƒe agbalẽ si nye Earth in the Balance me be: “Ne míebua nusiwo ŋudɔ míewɔna be wonye nusiwo woate ŋu atsɔ aƒu gbe le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖe míeva le mía havi amegbetɔwo hã bum nenema kea? . . . Ðe esia na míegakpɔa ŋudzedze ɖe nɔnɔme ɖedzesi si le amesiame si la ŋu oa?”

Anɔ bɔbɔe na amesiwo mekpɔa ŋudzedze ɖe ame bubuwo ŋu alo dea bubu wo ŋu o be woaɖe asi le wo xɔlɔ̃wo alo wo srɔ̃wo ŋu—eye womase veve aɖeke ɖe eta o. Germanytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ƒo nu tso nukpɔsusu sia ŋu gblɔ be: “Míeƒlea nudodo yeyewo zi eve le ƒe ɖeka me, míeƒlea ʋu yeye ƒe ene ɖesiaɖe, eye míeƒlea xɔmenu yeyewo ƒe ewo ɖesiaɖe; ƒe sia ƒe míedina teƒe yeye si míaɖu mɔkeke le; míeʋuna yia aƒe yeyewo me, míedia dɔwɔɖui yeyewo, kple asitsamɔnu yeyewo—ke nukatae míaɖe srɔ̃ yeye ya o?”

Egbea la edze abe ame geɖe dina be yewoatsɔ nusianu aƒu gbe ne nua nya zu agba ɖe wo dzi ko. Le kpɔɖeŋu me, le Europa dukɔ aɖe me la, dadi siwo ade 100,000 kple avu siwo ade 96,000 nye lã siwo ŋu wo nyilawo ɖe asi le le ƒe 1999 me. Lãwo taʋlila aɖe si le afima gblɔ be yewo de tɔwo “mewɔa aƒemelã si womlana dzi kpɔkpɔ woƒe agbanɔmedzii tegbee o. Woaƒle avuvi le September me, eye [le ƒe ɖeka megbe ne woyina mɔkeke] le August me woagblẽe ɖi.” Esi gavɔ̃ɖi wue nye be nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe ƒe nɔnɔme va le amegbetɔ ŋutɔ hã lɔm ɖe eme.

Bubumademade Agbe Ŋu

Edze abe ame geɖewo bunɛ egbea be asixɔxɔ boo aɖeke mele yewoƒe agbe ŋu o ene. Le mɔ ka nu? Le kpɔɖeŋu me, Europatɔwo ƒe magazine aɖe gblɔ nyitsɔ laa be sɔhɛ siwo di be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe afɔkunuwɔna me dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe siawo me. Esia dzena le alesi wonɔa klalo be yewoakpɔ gome le kamedefefe siwo me afɔku le ŋutɔ la me. Wole klalo be yewoade yewoƒe agbe afɔku me ɖe aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ƒe vivisese ta! Asitsala siwo klẽa ŋu ɖe viɖe vivivo kpɔkpɔ ŋu la wɔa nɔnɔme sia ŋudɔ. Germanytɔ dunyahela aɖe gblɔ be amesiwo doa alɔ kamedefefe siwo me afɔku le la “bua gakpɔkpɔ be ele vevie wu amegbetɔ ƒe agbe kple lãmesẽmenɔnɔ.”

Ke fuɖeɖe ya ɖe? Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ bu akɔnta be “le xexeame godoo la ɖevi siwo anɔ miliɔn 75 ƒe fu siwo wofɔna ƒe sia ƒe la nye esiwo womedzra ɖo ɖi na o. Le nyɔnu geɖewo gome la fuɖeɖe koe nye egbɔkpɔnu na wo.” Eye ne wodzi ɖeviawo gɔ̃ hã la, woƒe agbe gaɖoa afɔku me. Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo, gblɔ be “ɖevi siwo wogblẽna ɖe ablɔwo dzi ŋu nyawo le dzidzim ɖe edzi.” Alea ke wòle le miaƒe nutoa mea?

Enye nusi bɔ míekpɔna le xexeame egbea be zi geɖe la amewo mebua amegbetɔ ƒe agbe ɖe naneke me o, mexɔ asi o, eye enye nu tsɛ aɖe si woatsɔ aƒu gbe ko. Nɔnɔme sia dzena le ŋutasẽnuwɔna siwo dzena le modzakaɖeɖe xɔŋkɔ siwo me “kalẽtɔwo” wua “ame vɔ̃ɖi” gbogbo aɖewo le sinima ɖeka alo television dzi wɔna aɖe me. Míekpɔnɛ le ŋutasẽnu gbogbo siwo le edzi yim le anyigba dzi, si me fiafitɔwo wua amesiwo dzi wodzena ɖe ga sue aɖe ta—alo wua wo yakatsyɔ. Eye míegasena nyadzɔdzɔwo me nyatakaka gbãdzinamewo ku ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze, gbeɖekadolawo kple ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kura ŋu, siwo katã nye ame gbogbo aɖewo wuwu dzro ko nublanuimakpɔmakpɔtɔe—si nye agbe siwo womeƒoa asi o ɖeɖe ɖa abe gbeɖuɖɔ ene.

Míate ŋu aƒo asa na amesiwo tsɔa nuwo ƒua gbe yakatsyɔ dome nɔnɔ o, gake míate ŋu aƒo asa na nuwo tsɔtsɔ ƒu gbe kabakaba ƒe agbenɔnɔ ya. Nyati si kplɔe ɖo adzro nusi akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple egbexexe si me wotsɔa nuwo ƒua gbe yakatsyɔ le tsɔ kpe ɖe nɔnɔme manyomanyo siwo do ƒome kplii ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Le teƒe geɖe la asitɔtrɔ le gbeɖuɖɔwo ŋu hena zazã ake nye se si dzi wowɔna ɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ðe nu yeye siwo le tsia dzi ƒonɛ ɖe nuwò nètsɔa wò nudodo nyuiwo ƒua gbe heƒlea yeyewoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ele be woade asixɔxɔ vi siwo womekpɔ dzi o ŋu, mele be woaɖe wo aƒu gbe o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Index Stock Photography Inc./BSIP Agency

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Agbe xɔ asi akpa be woaɖe ɖa le fefe ta