Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ne Zãdokeli Do

Ne Zãdokeli Do

Ne Zãdokeli Do

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SIWO LE ANGOLA KPLE ZAMBIA GBƆ

AME aɖewo abia be, ‘zã nado le ŋkeke mea? Gbeɖe, mate ŋu adzɔ o!’ Menye ɖeko wòate ŋu adzɔ o, ke edzɔna ŋutɔŋutɔ zi geɖe le ƒe ewo ɖesiaɖe me—ne ɣea do viviti keŋkeŋ le ŋkeke me. Nukae hea zãdokeli vɛ, eye nukatae wònyea nukpɔkpɔ dzeani alea gbegbe ɖo? Míadze nyaŋuɖoɖoa didi gɔme tso nusɔsrɔ̃ tso dzinua ŋu gbã.

Ènya alesi dzinu ƒe dzedzeme nɔa tɔtrɔm ne ele xlã ƒom anyigbaa? Ne dzinu kple ɣe va le akasa nu le yamenutome la, míekpɔa dzinua wòsɔna tegblẽe hedona tsoa ɣedzeƒe ne ɣea le to ɖom le ɣetoɖoƒe. Ne ŋkekeawo va le yiyim la, dzinua ƒe dodo tsia megbe vie zã ɖesiaɖe, eye ʋɛʋɛʋɛ la, dzinua zɔna toa dziŋgɔlia me heɖoa ta ɣedzeƒe. Dzinua ƒe akpa si ɖina dzi ɖena kpɔtɔna ʋɛʋɛʋɛ hezua sue, eye mlɔeba wòva zua xaxɛ. Ne dzinua kple ɣea le dziŋgɔli me ŋkeke bliboa katã la, dzinua ƒe akpa kakɛ ma kura gɔ̃ hã va buna keŋkeŋ, eye eƒe akpa si do viviti va trɔna ɖe anyigba ŋu, eye womegate ŋu kpɔnɛ kura o. Esiae wolɔ̃a yɔyɔ be dzinu yeye. Emegbe nɔnɔmea va trɔna, eye dzinua dzona le ɣea ŋu eye mlɔeba wòzua dzinu dzea dzi. Nudzɔdzɔ sia gadzɔna ŋkeke 28 ɖesiaɖe kloe.

Dzinu yeyee nana zãdokeli dona. Zi geɖe la, etoa ɣea ŋu le ŋkeke me eye míenyana o elabena womele akasa nu na wo nɔewo o. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɣe, dzinu, kple anyigba la nɔa akasa nu na wo nɔewo pɛpɛpɛ. Eye dzinu ƒe vɔvɔli va dona ɖe anyigba ƒe ŋkume, si hea zãdokeli, si tso dzinua gbɔ vɛ.

Ɣea ƒe zãdokeli dodo tsoa ƒomedodo tɔxɛ si le ɣe, dzinu, kple anyigba dome gbɔ. Ɣea lolo ale gbegbe, eye elolo wu dzinu abe zi 400 sɔŋ ene. Ke hã ewɔ nuku be ɣea didi tso mía gbɔ zi gbɔ zi 400 wu dzinua. Esiae nana wòdzena na mí abe ɖe ɣea kple dzinua ƒe lolome sɔ kloe ene. Eyatae wòte ŋu dzena abe ɖe dzinua te ŋu xea ɣea ƒe ŋku me ɣeaɖewoɣi pɛpɛpɛ ene.

Hafi ɣe ƒe zãdokeli nado keŋkeŋ la, menye ɖeko ɣe kple dzinu kpakple anyigba nɔna akasa nu pɛpɛpɛ ko o, ke ele be wòanɔ alea hã le ɣeyiɣi si dzinua ɖo afisi wòtena ɖe anyigba ŋu wu. * Le nudzɔdzɔ siawo me la, dzinua ƒe vɔvɔli ƒe akpa si le kotoe naa viviti dona ɖe anyigba ƒe akpa sue aɖe dzi.

Le zãdokeli blibo si do le June 21, 2001 gome la, vivitia keke anɔ kilometa 200 sɔŋ. Wokpɔ mɔ be vivitia ƒe mɔzɔzɔ adze egɔme ne ɣe dze tso Anyiehe Amerika ƒe ɣedzeƒeƒutakpa dzi eye wòava to Anyiehe Atlantik afisi wòado le wu eye wòanɔ anyi vaseɖe aɖabaƒoƒo atɔ̃ lɔƒo. Ne ezɔ tso Angola, Zambia, Zimbabwe, kple Mozambique vɔ megbe la, ava wu nu ɖe Madagascar ƒe ɣedzeƒeƒuta gome le ɣetrɔ me. Mina míakpɔ alesi nukpɔla siwo nɔ Angola kple Zambia kpɔ dziƒonuwo ƒe nukpɔkpɔ dzeani siae ɖa.

Dzadzraɖo ɖe Ŋkekea Ŋu

Alesi amewo nɔ mɔ kpɔm nɛ vevie na numekula xɔhehewo, ɣletiviŋununyala modzakatsaɖilawo, kple ame bubu geɖewo ɖo ta Afrika le agbɔsɔsɔ gã aɖe me be woava kpɔ ƒe akpe yeyea ƒe zãdokeli gbãtɔa. Esi Lusaka, le Zambia koe nye dugã siwo me zãdokelia ado le ta la, mɔzɔla geɖewo ɖo ta afima be woava kpɔe ɖa.

Ðewohĩ esiae nye modzakaɖenu gãtɔ kekeake si ta amewo zɔ mɔ yi Zambia ɖo wu. Ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na zãdokelia la, mɔzɔla akpe nanewo lɔ bibibi va kɔ ɖe Lusaka. Wowɔ ɖoɖo ɖe wɔnaa ŋu ɣleti geɖe do ŋgɔ. Wowɔ ɖoɖo ɖe amedzrodzeƒewo, dzeƒewo, asaɖawo, kple amewo ƒe aƒewo ŋu keŋ be woatsɔ axɔ amedzro gbogbo siwo gbɔna lae.

Lusaka yameʋudzeƒea nye afisiwo tsaɖilawo ate ŋu anɔ tso ŋdi akpɔ nudzɔdzɔa, eye woagatrɔ adzo le fiẽ me. Kwasiɖa geɖe do ŋgɔ la, television kple radiodɔwɔƒewo ɖe gbeƒã nukpɔkpɔ dzeani si gbɔna, eye wona kaklã amewo zi geɖe ku ɖe afɔku si le ɣea kpɔkpɔ tẽ ŋu. Gaŋkui tɔxɛ siwo wotsɔ kpɔa ɣe dzadzra wu gbɔgblɔ, eye wodzra wo le fiase geɖewo me.

Gake Afrika dukɔ gbãtɔ si me ɣe ƒe zãdokelia adze le ye nye Angola, le eƒe ƒutadu si nye Sumbe me. Afisiae nukpɔlawo akpɔ ɣe ƒe zãdokeli ƒe dodo bliboa le aɖabaƒoƒo ene kple afã, si anye esi adidi wu le dukɔ ma me.

Ɣleti geɖewo do ŋgɔ na ɣe ƒe zãdokelia ƒe dodo la, woklã nyatakaka siwo ku ɖe nudzɔdzɔa kple afɔku siwo le eŋu la ɖe Angola ƒe fiadu, si nye Luanda, kple dugã bubuwo me. Dzinua ƒe vɔvɔli ato dukɔa ƒe domedome ayi, eyata amesiwo katã le Angola akpɔ zãdokeli afãafã si de esi de blibo ɖi ge kloe la. Amesiwo nɔ Luanda akpɔ ɣea ƒe akpa 96 le alafa me si ado viviti. Dziɖuɖua kple habɔbɔ bubuwo wɔ ɖeka wɔ ɖoɖo ɖe gaŋkui tɔxɛ si wotsɔ kpɔa ɣe ŋu be woama na amewo. Wona ame geɖe siwo mate ŋu aƒlee o la femaxee.

Angola ƒe teƒe vevi si wodzra ɖo ɖe zãdokelia kpɔkpɔ ŋu enye Sumbe, si le gbadzaƒe dzeani aɖe si le ƒuta le Anyiehe Atlantik kple Angola ƒe gbadzaƒe si le towo tame. Sumbe mekpe ɖe nuto siwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le le Angola o, eyata tsaɖilawo adze du si me nɔlawo ade 25,000, siwo nye amedzrowɔla siwo wɔa xɔlɔ̃ hedoa vivi ɖe ame ŋu gbɔ. Wowɔ ɖoɖo bubu ɖe amedzrodzeƒewo ŋu be woate ŋu axɔ tsaɖila geɖewo, eye wotrɔ asi le afima ƒe elektrikŋusẽ dɔwɔƒewo ŋu. Wowɔ hehenana ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe si ku ɖe zãdokeli ŋu na dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, dziɖuɖumegãwo, dɔmenyohabɔbɔ siwo tso Angola kple dukɔ bubuwo me. Wodzra teƒe aɖe ɖo le ƒuta be woatsɔ awɔ fefe gã aɖe si tɔgbe womewɔ kpɔ o le Sumbe.

Dzidzɔŋkeke Gã la Ðo

Susu siwo ta zãdokeli kpɔkpɔ sɔ le Angola dometɔ aɖee nye be yame ƒe nɔnɔme kɔna nyuie le June me. Gake bu nu wɔmoyaa aɖe si dzɔ le ŋkeke si do ŋgɔ na zãdokelia ƒe dodo ŋu kpɔ, esime tsi ɖo le Sumbe ƒe nutoa me katã! Le fiẽ ma katã va de asi na ŋdi si kplɔe ɖo la, tsi ɖo tsiɖitsiɖi. Ðe zãdokeli si wole mɔ kpɔm be woakpɔ la azu dzodzroa? Kaka ŋu nake nyuie la, tsia te koklo, eye esi wòsusɔ vie ŋdɔ me naɖo la, yame katã kɔ tseŋtseŋ. Dzidzɔ gã kae enye esi! Nenema ke amewo tsi dzi le Zambia hã, esime tsi ɖo tsiɖitsiɖi le fɔŋli me. Gake le afima hã yame va kɔ nyuie ɖe ɣeyiɣi dzi tututu. Se alesi nuteƒekpɔlawo ƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋui ɖa.

Angola: “Míetiae be míakpɔ zãdokelia le teƒe kɔkɔ si ana míanɔ atsiaƒu kpɔm ɖaa. Esi ɣeyiɣia nɔ ɖoɖom la, amehawo ƒo ƒu ɖe ƒuta kple teƒe bubu siwo wodzra ɖo ɖe nudzɔdzɔa kpɔkpɔ ŋu. Le ɣeɖota esi wòsusɔ vie zãdokelia nado la, ame geɖewo ɖɔ woƒe gaŋkui tɔxɛawo hete dzinua ƒe ‘ɣea léle’ gbãtɔwo didi be yewoakpɔ. Le ɣeɖota megbe kpuie la, zãdokelia dze egɔme. Didiƒekpɔmɔ̃ alo yamenutomekpɔmɔ̃—na wote ŋu kpɔ ɣe ƒe akpa vovovo siwo do viviti. Nukpɔlawo kpɔ viviti teƒe siawo wonɔ kekem ɖe enu vivivi le ɣea ŋgɔ. Esi zãdokelia nɔ kekem ɖe enu la, yame ƒe dzoxɔxɔ dzi ɖe kpɔtɔ zi ɖeka eye xexeame tsyɔ vie enumake. Mlɔeba la, esi ɣea ƒe akpa mamlɛa ge ɖe vɔvɔlia me la, xexeame do viviti zi ɖeka.”

Zambia: “Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Zambia, si wotu ɖe Makeni, Lusaka, la nye teƒe si sɔ ŋutɔŋutɔ na ɣe ƒe zãdokeli sia kpɔkpɔ. Le ŋdɔ ga 3:07 me la, dzinua ƒe vɔvɔli te ɣea ƒe ŋkume xexe. Vɔvɔli siwo me keklẽ le vivivi siwo le abe fliwo ene te dzedze le gliwo ŋu. Ya dzudzɔ ƒoƒo, eye xewo zi ɖoɖoe toŋtoŋ. Lãwo nɔ dzadzram ɖo ɖe alɔ̃dɔdɔ ŋu. Le ŋdɔ ga 3:09, sɛkɛnd ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na zãdokeli bliboa ƒe dodo ŋutɔŋutɔ la, ɣe ƒe keklẽ dzi ɖe kpɔtɔ wòzu keklẽ suesue aɖewo ko, eye emegbe wòsusɔ teƒe sue ɖeka. Woyɔa nudzɔdzɔ sia be Baily ƒe dzonu kpakple daimɔnd sigɛ hã. * Emegbe ɣe ƒe dzedzeme nogoo, si biã afã hefu afã la dze, eyome zãdokeli blibo do!”

Angola: “Nukpɔkpɔ ma si nɔ abe asigɛ si wowɔ kple daimɔnd la wɔ nuku na amewo eye wodo ɣli geɖe ŋutɔ. Emegbe esi ŋdɔ ga 1:48 ƒo le afima la, zãdokeli blibo dze dodo gɔme. Alesi amewo wɔ nui to vovo. Ame aɖewo vu ɖe fotoɖeɖe ŋu. Bubuwo te ɣlidodo be, ‘Zãdokeli blibo! Zãdokeli blibo! Zãdokeli blibo!’ Ke hã ame bubu aɖewo nɔ aku liam henɔ ɣli dom sesĩe le alesi zãdokeli do le ŋkeke me wòwɔ nuku na wo ta. Keklẽ ŋeŋeŋe miliɔn nane siwo tso ɣea gbɔ godoo la klẽ ɖo ɖe yame tso eƒe domedome. Míete ŋu kpɔ ya ƒe nɔnɔme si le abe dzo ƒe aɖe si xa gobaa ene, wòƒo xlã dzinua ƒe vɔvɔlia godoo. Enumake ɖeko wòwɔ abe ɖe ɣeyiɣi ɖe zɔ yi ŋgɔ ene, zãdokelia klo ɖa eye ɣe ƒe keklẽ dze le vɔvɔlia ƒe akpa kemɛ.

“Esi ɣe ƒe keklẽa ganɔ dzedzem la, míekpɔ ɣea ƒe akpa siwo do viviti tsã, wòte dodo tso vivitia me vivivi eye nɔnɔme nogoo si nɔ esi tsã la va nɔ dzedzem ʋɛʋɛʋɛ.”

Zambia: “Zãdokelia do le afisia wòxɔ aɖabaƒoƒo 3 kple sɛkɛnd 14, eyata ɣeyiɣi nɔ anyi be míete ŋu kpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku sia nyuie. Viviti do, gake keklẽ siwo le abe agudzedze ene nɔ keklẽm tso ya me. Togbɔ be yame kpɔtɔ nɔ blɔ hã la, ɣletinyigba siwo medzena na mí tsã o le ɣe ƒe keklẽ ta—le kpɔɖeŋu me, Jupiter kple Saturn ene, nɔ dzedzem nyuie. Ðewohĩ zãdokelia ƒe akpa si nya kpɔ wue nye ɣea ƒe keklẽ si klẽ ɖo ɖe ya me tso eƒe domedome. Edzena abe keklẽ flukpe si ƒo xlã agba yibɔ ene. Nukpɔla siwo wòwɔ nuku na ɖɔe be ‘ewɔ nuku, eye wòdze ani ale gbegbe.’ Ʋɛʋɛʋɛ la, dzinua va nɔ tɔtrɔm yi akpa ɖeka, eye ɣe ƒe nɔnɔme va nɔ dzedzem esime ɣea gate keklẽ ɖo ɖe anyigba dzi ake. Kaka ɣetrɔ 4:28 naƒo la, zãdokelia nu va yi!”

Nusɔsrɔ̃ Siwo le Zãdokelia Me

Emegbe ame geɖe ƒo nu tso ŋusẽ si nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi sia kpɔ ɖe wo dzi la ŋu. Nyɔnu aɖe gblɔ le Angola be esusɔ vie yeafa avi. Ame bubu ƒo nu tso nunana dzeani sia si Mawu na mí ŋu. Ke bubu aɖe hã gblɔ be Wɔla lɔ̃ame aɖe kokokoe awɔ nukpɔkpɔ sia be wòana amewo nakpɔ dzidzɔ ɖe ɣe ƒe ŋusẽ gã dzeania ŋu.

Edze ƒã be ame geɖe siwo le Afrika dea bubu deto Wɔla la kple Biblia ŋu. Esi Yehowa Ðasefo siwo le Sumbe nɔ nu ƒom tso zãdokelia ŋu eye wogblɔ be esia nye Yehowa, mía Wɔla la ƒe nu wɔnukuwo dometɔ ɖeka la, dua me nɔla geɖewo ɖe ɖetsɔleme vavã fia ɖe numedzodzroa ŋu. Wo dometɔ geɖewo xɔ Gbetakpɔxɔ magazine siwo ƒo nu tso nu wɔnuku siawo ŋu.

Dziƒonuwo ƒe nudzɔdzɔ sia kpe ɖe ame miliɔn nanewo ŋu woŋlɔ woƒe fukpekpewo be aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ya teti eye wotrɔ susu ɖe nu wɔnuku dodzidzɔname aɖe ŋu. Ɣe ƒe nɔnɔme dzeani si medzena wokpɔna ɣesiaɣi o si amewo kpɔ na wobu tame le Wɔla, Yehowa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe makpɔmakpɔ wɔnukua ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Esi dzinu kple anyigba ƒoa xlã wo nɔewo le tòlɔbɔ me ta la, ɣe kple dzinu ƒe lolome ŋutɔŋutɔ toa vovo vie le afisi woɖo le woƒe xlãƒoƒoa me. Ne dzinua ɖo didiƒe kekeake tso anyigba gbɔ la, dzinua ƒe vɔvɔli mate ŋu aɖo anyigbaa dzi tututu o. Ne edzɔ alea la, nukpɔla siwo le anyigba ƒe akpa ma kpɔa zãdokeli afãafã, si me ɣea dzena abe asigɛ si le keklẽm ƒo xlã vivitia ene.

^ mm. 19 Ɣe ƒe keklẽ siwo klẽna to bali siwo le dzinua dzi me ye wɔa nusi woyɔna be Baily ƒe dzonu do ŋgɔ teti na zãdokeli bliboa. Nya daimɔnd sigɛ” ɖɔa alesi ɣe ƒe dzedzeme nɔna do ŋgɔ teti na zãdokeli bliboa, esime ɣea ƒe akpa sue aɖe nɔa dzedzem eye wònɔna abe asigɛ ɣi si le keklẽm ene, si ɖi asigɛ si wowɔ kple daimɔnd.

[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 28]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

→ →

Ɣe → Dzinu ⇨ Nuto si do viviti ⇨ Anyigba

→ →

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© 1998 Visual Language

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Baily ƒe dzonu

Zãdokeli blibo

Daimɔnd sigɛ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Juan Carlos Casado, www.skylook.net

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Amesiwo nɔ zãdokeli kpɔm le Lusaka, Zambia