Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Adzameʋawɔnuwo—Ðe Eƒe Ŋɔdzi Li Ŋutɔŋutɔa?

Adzameʋawɔnuwo—Ðe Eƒe Ŋɔdzi Li Ŋutɔŋutɔa?

Adzameʋawɔnuwo​—Ðe Eƒe Ŋɔdzi Li Ŋutɔŋutɔa?

MENYE egbee agbagba siwo dzem wole be woatsɔ dɔlékuiwo awu amewo le aʋawɔɣiwo dze egɔme o. Le ƒe alafa 14 lia me la, woda amesiwo dɔvɔ̃ wu ƒe ŋutilã kukuwo to du si ŋu woɖe to ɖo ƒe gliwo tame tsɔ ƒu gbe ɖe dua me le ɣedzeƒe Europa. Le nudzɔdzɔ aɖe me le ƒe 400 megbe la, Britain dumegãwo ɖoe koŋ tsɔ kuntru siwo me sakpate ƒe dɔlékuiwo le la na Amerika-India tɔwo le ŋutifafa takpekpe aɖe me le Aʋa si dzɔ le Franseawo kple Indiatɔwo dome la wɔɣi. Nusia he dɔvɔ̃ vɛ eye wòna Indiatɔwo na ta. Gake ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu ke hafi wova de dzesii be nugbagbeviwo te ŋu hea dɔléle vɛ. Nusia nyanya va ʋu dɔlékui tsɔtsɔ wɔ aʋawɔnuwoe ƒe mɔ yeye si ŋu ŋɔdzi le la ɖi.

Nyateƒee, ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔnyawo kple dzɔdzɔmeŋutinunya me na woto atikewo kple abɔtasitikewo hã vɛ. Wokpɔ dzidzedze ŋutɔ le nusiawo zazã le dɔdada kple mɔxexe ɖe dɔlélewo nu me. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi siawo katã hã la, dɔxɔleameŋuwo gakpɔtɔ nye futɔ vɔ̃ɖi, si wua ame miliɔn 17 ƒe sia ƒe—si ade ame 50,000 gbesiagbe. Nya si blea fu lãme na amee wònye be: Esime ŋutsu kple nyɔnu dzeaɖaŋuwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi be yewoaɖe dɔléle ɖa le amegbetɔwo dome la, ame bubu siwo me dzonɔameme kple aɖaŋu ma tɔgbe ke le ya trɔ susu ɖe dɔlékuiwo tsɔtsɔ gblẽ nui le amegbetɔwo ŋu la ŋu.

Agbagbadzedze be Woatɔ Te Dɔlékuiʋawɔnuwo Zazã

Ƒe 25 kple edzivɔ enye esia si United States, Soviet Union si nɔ anyi tsã, kple dukɔ bubu geɖewo di vevie be yewoatrɔ asi le dɔlékuiʋawɔnuwo ŋu. Gake le ƒe 1972 me la, dukɔawo va lɔ̃ ɖe edzi be woatɔ te aʋawɔnu siawo wɔwɔ. Ke hã dukɔ aɖewo gakpɔtɔ le asitɔtrɔ kple numekukuwo wɔm le eŋu le adzame eye wole kɔ lim dɔlékuiʋawɔnuwo hele mɔ siwo dzi woato akaka wo dim.

Nukae na wode se ɖe wo nu? Wosusui le ƒe 1970-awo me be togbɔ be dɔlékuiwo te ŋu wua ame geɖe hã la, aʋawɔnu tsɛ aɖe ko wònye. Nusitae wòle alea dometɔ ɖekae nye be womegblẽa nu enumake o—exɔa ɣeyiɣi hafi eŋu dzesiwo va dzena. Susu bubu enye be woƒe dɔwɔwɔ nyuie nɔa te ɖe ya kple yame ƒe nɔnɔmewo dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dukɔwo va de dzesii be ne dukɔ aɖe zã dɔlékuiʋawɔnuwo ɖe dukɔ bubu aɖe ŋu la, dukɔ si wotɔ ŋkui la hã ate azã dɔlékuiʋawɔnu alo nukliaʋawɔnu siwo le eƒe aʋawɔnuwodzraɖoƒe atsɔ aʋli eɖokui ta. Mlɔeba la, ame geɖe va kpɔe be eɖoɖo koŋ azã dɔlékuiwo atsɔ agblẽ nu alo awu amehavi masɔ le dzɔdzɔmenu o.

Nusiawo dometɔ aɖeke meʋãa dzi na amesiwo me yɔ fũ kple fuléle eye wole klalo be yewoawɔ nusi mesɔ le dzɔdzɔmenu o. Le amesiwo le klalo ɖe amewuwu yakayaka ŋu gome la, dɔlékuiʋawɔnuwo nye nusi ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo vevie. Woate ŋu atrɔ asi le dɔlékuiʋawɔnuwo ŋu le adzame ahazã wo. Womate ŋu ade dzesi amedzidzela la o, eye ne wode dzesii hã la, mele bɔbɔe be woawɔ wɔɖenui ɖe amedzidzelawo ƒe ƒuƒoƒo siwo le dukɔ geɖe me ŋu o. Gawu la, dɔlékuiʋawɔnu si meɖina o, eye womekpɔnɛ o, si gblẽa nu blewuu, eye wòwua ame la ate ŋu atɔtɔ amehawo le vɔvɔ̃ ta. Nuɖuɖu kple lãwo dzi dzedze ate ŋu ahe nuɖuɖu ƒe veve kple ganyawo ƒe amemiamia vɛ.

Ŋusẽdonu bubu enye alesi dɔlékuiʋawɔnuwo wɔwɔ mexɔ asi tututu o. Wotsɔ avuwɔnu vovovo tsɔtsɔ wu dumevi dzro siwo le afisi keke kilometa ɖeka sɔ kple wo nɔewo le akɔntabubu aɖe me. Wobu akɔnta be aʋawɔtuwo axɔ dɔlar 5,000, nukliaʋawɔnuwo axɔ dɔlar 2,000, aɖiyawo axɔ dɔlar 1,500, eye dɔlékuiʋawɔnuwo axɔ dɔlar 2.50.

Mɔ̃ɖaŋununya si Nye Mɔxenu na Amedzidzelawo

Nyatakaka siwo wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me fia be ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖewo do dɔlékuiʋawɔnuwo kpɔ. Ke hã, vovototo gã aɖe le dɔlékuiʋawɔnuwo dodokpɔ kple wo tsɔtsɔ adze ame dzii dome.

Hafi ŋɔdzinuwɔla alo ŋɔdzinuwɔlawo ƒe habɔbɔ aɖe nakpɔ dzidzedze la, ele be woaɖu mɔ̃ɖaŋununya ƒe kuxi sesẽ aɖewo dzi. Gbã la, ele na ŋɔdzinuwɔla la be wòakpɔ dɔlékui vɔ̃ɖi ƒomevi tɔxɛ aɖe. Evelia, ele be wòanya alesi wòawɔ dɔlékuia ŋudɔ eye wòadzra wo ɖo ɖe teƒe si sɔ hele dedie. Etɔ̃lia, ele be wòanya alesi wòawɔ wo le agbɔsɔsɔ me. Ŋusẽ le dɔlékui wuame ƒe agbɔsɔsɔ suetɔ kekeake ŋu be wòagblẽ nu le nukuwo, lãhawo, alo dugã aɖe menɔlawo katã ŋu, ne dɔlékuia te ŋu ɖo afisi tututu dim wole la ko. Gake dɔlékuiawo mete ŋu nɔa agbe le afisiafi ne menye le nudokpɔƒe o. Woƒe akpa sue aɖe ŋutɔŋutɔ koe te ŋu ɖoa amesiwo wotɔ ŋkui la gbɔ, eyata dɔlékui agbɔsɔsɔ gã aɖe ahiã hafi woate ŋu ahe afɔku gã aɖe vɛ.

Mɔxenu bubuwo gali. Ele be ŋɔdzinuwɔla la nanya alesi wòawɔ ana dɔlékuiawo nanɔ agbe eye ŋusẽ nanɔ wo ŋu le ɣeyiɣi si me wòtsɔ wo tso afisi wowɔe le yina ɖe afisi wòakaka wo ɖo. Mlɔeba la, ele be wòanya alesi wòawu dɔlékuiawo ɖe teƒea nyuie. Esia fia be dɔlékui siwo wowu ɖe afisi wotɔ ŋkui la ƒe nɔnɔme nasɔ, woalolo nyuie asɔ ɖe nutoa ƒe nɔnɔmewo nu, eye eƒe agbɔsɔsɔ nasɔ nyuie be woate ŋu ade dɔ lãme na amehawo. Dɔlékuiʋawɔnuwo ŋuti numekula bibi siwo le United States zã ƒe ewo kple edzivɔ tsɔ to alesi woawɔ awu dɔlékuiwo ɖe yame ƒe mɔnu nyuitɔ vɛ. Ne wonya wu dɔlékuiawo ɖe yame ko la, ŋdɔ kple yame ƒe nɔnɔme vovovowo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi, si ate ŋu ana be dɔlékuia naku. Eyata dɔlékuiwo zazã abe aʋawɔnuwo ene bia be woanya alesi dɔlékuiawo wɔa nui ne wole yame.

Eyata mewɔ nuku o be ŋɔdzinuwɔla ʋɛ aɖewo koe te dɔlékuiʋawɔnuwo zazã kpɔ, le mɔ̃ɖaŋununya ŋuti mɔxenu gbogbo siwo le eŋu ta. Gakpe ɖe eŋu la, ame ʋɛ aɖewo ŋu koe agbagbadzedze gbãtɔa gblẽ nu le. Nyitsɔ laa la, lɛta siwo ŋu wosisi anthrax dɔlékui ɖo le United States wu ame atɔ̃. Ewɔ nublanui ŋutɔ, gake amesiwo ŋu wògblẽ nu le mede amesiwo aku ne ɖe bɔmb sue aɖee wó alo tu sue ye woda gɔ̃ hã o. Numekulawo bu akɔnta be tso ƒe 1975 me la, amesiwo ku alo xɔ abi le aɖitike alo dɔlékuiʋawɔnuwo zazã tsɔtsɔ dze ame dzii dometɔ 96 le alafa me le xexeame godoo la ƒe ɖeke mewu amesiwo sɔ gbɔ wu ame etɔ̃ o.

Ku ɖe kuxi siwo le dɔlékuiwo kaka ɖe amewo me dzidzedzetɔe ŋu la, Britain kple Amerika ƒe Dedienɔnɔ ƒe Nyatakaka Ŋuti Ðaŋuɖoha gblɔ be: “Togbɔ be ŋɔdzi gã aɖe léa dziɖuɖuwo ku ɖe aɖitike alo dɔlékuiʋawɔnuwo tsɔtsɔ dze ame dzi ŋu hã la, eŋununyalawo xɔe se be togbɔ be afɔku ƒe nudzɔdzɔ mawo siwo ate ŋu agblẽ nu le ame gbogbowo ŋu ate ŋu adzɔ hã la, mele bɔbɔe be woadzɔ kura o.” Gake togbɔ be mate ŋu adzɔ bɔbɔe o hã la, ne edzɔ la, eƒe nugblẽƒewo adzi ŋɔ.

Nya Vɔ̃ Aɖe

Vaseɖe fifia la, míegblɔ nyateƒenya siwo ku ɖe eŋu xoxo: Mɔ̃ɖaŋununya ƒe kuxiwo kple eƒe ŋutinya siwo dzɔ va yi siaa mede dɔlékuiʋawɔnuwo tsɔtsɔ dze ame dzii ƒe dzɔdzɔ bɔbɔe dzi o. Ne míagblɔe kpuie la, nya vɔ̃ si ku ɖe eŋu enye be: Nusiwo dzɔ va yi menye etsɔme ƒe mɔfianu nyuitɔ o. Togbɔ be amedzidzedze siwo dzɔ va yi mekpɔ dzidzedze o hã la, esiwo woawɔ le etsɔme ate ŋu akpɔ dzidzedze.

Ŋɔdzi li. Edze abe ɖe ŋɔdzinuwɔla siwo ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi ɖoe kplikpaa be yewoawu ame gbogbowo ene. Menye mɔ̃ɖaŋununya ɖeɖeko mee ŋɔdzinuwɔlawo wɔ ŋgɔyiyi le o, ke gakpɔmɔnu kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe siwo ƒe lolome ade dziɖuɖuwo tɔ nu la hãe le wo si.

Edze abe eŋununyalawo metsi dzi be dukɔ aɖe ava ɖe asi le dɔlékuiʋawɔnuwo ŋu na ŋɔdzinuwɔlawo o ene. Eŋununyala aɖe gblɔ be: “Dziɖula aɖe ɖanye ŋutasẽla, dadala kple amesi ƒe nukpɔsusu ku ɖe dunyahehe ŋu gbɔ eme o, malɔ̃ aɖe asi le aʋawɔtuwo ŋu na ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo dzi woƒe asi mate ŋu akpe o; adzro dziɖuɖuawo be woawo ŋutɔ woazã aʋawɔnu mawo zi gbãtɔ, gake ele bɔbɔe be woatsɔ wo ado ŋɔdzii wu be woazãe le aʋawɔwɔ ŋutɔŋutɔ me.” Eyata nusi ɖea fu na eŋununyalawoe nye be woate ŋu axɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔhehe aɖe si bi nyuie be wòava wɔ dɔ na ŋɔdzinuwɔlawo ƒe habɔbɔ ɖe fetu gã aɖe si ƒe ŋugbe wodo nɛ ta.

Dɔléle Siwo Woto Vɛ

Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu ŋu hã va nye nusi ŋu wotsi ɖo. Fifi laa gɔ̃ hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya alesi woatrɔ asi le dɔlékui siwo li fifia ŋu woazu esiwo sẽŋu wu, ke hã wo ŋudɔwɔwɔ nanɔ bɔbɔe wu. Woate ŋu atrɔ asi le nugbagbe siwo ŋu aɖi mele o ƒe domenyiŋusẽ ŋu be woate ŋu anyɔ aɖi. Woagate ŋu atrɔ asi le nugbagbeviwo ŋu hã be womate ŋu ade dzesi wo ne wole nuwo dom kpɔ le numekukuwo me o. Tsɔ ɖe kpe ɖe eŋu la, woagate ŋu atrɔ asi le nugbagbeviwo ŋu ale gbegbe be atikewo, abɔtasitikewo, kple dɔyɔɖaŋu nyanyɛwo mate ŋu aɖe wo ɖa o. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo ɖe wo ɖokui ɖa tso Soviet Union si nɔ anyi tsã ŋu gblɔ be yewoto dɔlékui si te ŋu nɔa te ɖe atike si wua dɔlékui vovovo 16 nu la vɛ.

Wole mɔ kpɔm be ŋgɔyiyi siwo woava wɔ le nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu kple nugbagbewo ƒe domenyiŋusẽ tɔtrɔ ŋu ate ŋu ana woawɔ nu geɖe wu ema. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ate ŋu atrɔ nugbagbewo ƒe domenyiŋusẽ be woazu dɔlékuiʋawɔnu vovovo—siwo te ŋu wua ame wu, alo nɔa te ɖe nɔnɔme vovowo nu, eye wo wɔwɔ kple wo kaka nanɔ bɔbɔe wu. Woagate ŋu awɔ wo hã be womate ŋu anya alo akpɔ woƒe nugblẽƒewo adze sii bɔbɔe. Woate ŋu atrɔ dɔlékuiwo hã be woaku ne lãmenugbagbevi siwo le wo me nya wɔ dɔ ɖo afi aɖe ko—woawu amewo emegbe woabu.

Woate ŋu awɔ aʋawɔnu siwo menyakpɔna dzea sii bɔbɔe o hã le etsɔme. Le kpɔɖeŋu me, aʋawɔnu tɔxɛ aɖewo li siwo ate ŋu agblẽ nu le dɔlélenutsiŋutete ŋutɔ ŋu—le esi wòade dɔ ɖeka ŋugbe aɖe ame me teƒe la, aʋu mɔ boŋ be dɔléle vovovo nadze ame dzi. Ne dɔlékui wuame aɖe si le abe AIDS ene do la, amekae ate ŋu anya ne menye futɔ aɖee trɔ asi le domenyiŋusẽ si le dzɔdzɔmenu aɖe me ŋu alo le woƒe dɔwɔna ŋu le nudokpɔƒe eye dɔlékuia va dzɔ o?

Mɔ̃ɖaŋununya ƒe ŋgɔyiyi hã trɔ alesi asrafowo bua tamee. Ƒudziʋawɔlawo ƒe tatɔ aɖe si tso United States ŋlɔ be: “Ðeko aʋawɔnuwɔlawo te ŋutete si le nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu nyanya koe nye esia. Enye nusi nana ŋɔdzi léa ame ne míebu eŋu be woagate ŋu awɔ ŋgɔyiyi bubu geɖe le etsɔme.”

[Aɖaka si le axa 26]

Nukae Nye Dɔlékuiwo Tsɔtsɔ Wɔ Aʋae?

Nyagbɔgblɔ “dɔlékuiwo tsɔtsɔ wɔ aʋae” fia eɖoɖo koŋ akaka dɔlékuiwo ɖe amegbetɔwo, lãwo, alo numiemiewo dome. Woxɔa dɔ ne nugbagbeviwo de dɔ lãme na amesiwo wotɔ ŋkui. Nugbagbevi siawo dzina ɖe edzi (wo dometɔ ɖewo nyɔa aɖi), eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dɔléle ƒe dzesiawo va dzena. Dɔlékuiʋawɔnu aɖewo naa amewo zua nuwɔametɔwo, eye ɖewo kuna. Ke hã woagate ŋu atsɔ ɖewo adze numiemiewo dzi alo atsɔe atsrɔ̃ wo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Nyatakaka Vevi Siwo Ku Ðe Dɔlékuiʋawɔnuwo Ŋu

Anthrax: Enye dɔléle si tso nugbagbevi suesue aɖewo siwo dzia dɔlékuia me. Dzesi gbãtɔ siwo dzena ne wogbɔ anthrax dɔlékuia megbe te ŋu ɖia wɔɖi. Le ŋkeke geɖewo megbe la, ena gbɔgbɔtsixe tsia ame ƒo eye wòna wokua ƒenyi. Anthrax dɔlékui si ɖo nɔnɔme sia me ate ŋu awu ame.

Woate ŋu atsɔ atike si wua dɔlékuiwo akpe ɖe amesiwo xɔ dɔlékuia ŋu. Dɔlélea gbɔ kpɔkpɔ kaba le vevie; hehe ɖe megbe ate ŋu awu ame.

Mele bɔbɔe be woaxɔ dɔ sia le ame ŋu tẽ o eye anɔ eme be madzɔ kura o.

Le ƒe alafa 20 lia ƒe afã susɔea me la, dukɔ geɖe, siwo dometɔ aɖewo nye United States kple Soviet Union si nɔ anyi tsã, trɔ asi le anthrax ŋu be woazã abe aʋawɔnu ene. Dukɔ siwo wosusu be wowɔa dɔlékuiʋawɔnuwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 10 le ƒe 1989 me va ɖo 17 le ƒe 1995 me. Womenya dukɔ siawo dometɔ nenie wɔa anthrax ŋudɔ o. Numekuku aɖe si United States dziɖuɖua wɔ ɖee fia be ne wowu anthrax dɔlékui kilogram 100 ɖe dugã aɖe me la, amesiwo wòate ŋu awu anɔ abe haidrodzin bɔmb tɔ ene.

Botulin: Enye lãmetutudɔ si tsoa nugbagbevi suesue si nyɔa aɖi me. Dɔléle sia si woaxɔ to nuɖuɖu me ƒe dzesi aɖewoe nye nukpɔkpɔ eveve alo nukpɔkpɔ flukpee, ŋkuyiawo ƒe tsitsi dɔ̃, nuƒoƒo si me mele kɔkɔm o, nu mimi si zu dɔ, kple nu me ƒe ƒuƒu kplakplakpla. Lãmekawo gbɔdzɔna tsoa abɔta yi anyi me. Lãmeka siwo me ya tona ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ate ŋu awu ame. Womate ŋu axɔ dɔléle sia le ame ŋu o.

Ne wozã aɖinutsitike kaba la, ate ŋu axɔ ŋusẽ le dɔlélea si eye wòakpɔ ame ta be maku o.

Menye alesi wonya be botulin ƒe aɖi nu sẽ ta koe wolɔ̃a ezazã abe dɔlékuiʋawɔnu vevitɔwo dometɔ ɖeka ene o ke alesi ewɔwɔ kple etsɔtsɔ mesẽ tututu o hã tae. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ebia be woazã ɣeyiɣi geɖe ɖe amesiwo xɔ dɔa gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Wobui be dukɔ geɖewo anya nɔ asi trɔm le aɖi sia ŋu be woazã abe dɔlékuiʋawɔnuwo ene.

Dɔvɔ̃: Enye dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si nugbagbevi suesue aɖewo nana. Dzesi gbãtɔ siwo woakpɔ ne dɔvɔ̃a lé dzitodzitoa woe nye kpokpo, taɖui, gbɔdzɔgbɔdzɔ, kple kpe kpekpe. Ƒenyikuku akplɔe ɖo, eye ne womedae kaba kple atike si wua dɔlékuiwo o la, ate ŋu awu eme.

Amewo xɔa dɔléle sia to amesi ŋu wòle ƒe ta si wòtu me.

Le ƒe alafa 14 lia me la, dɔvɔ̃ wu amesiwo ade miliɔn 13 le China kple miliɔn 20 va ɖo miliɔn 30 le Europa le ƒe atɔ̃ dome.

Le ƒe 1950 kple ƒe 1960-awo me la, United States kple Soviet Union si nɔ anyi tsã siaa to mɔnu aɖewo si dzi woato akaka dɔvɔ̃ si dea dɔ dzitodzito me la vɛ. Woka ɖe edzi be dzɔdzɔmeŋutinunyala akpe nanewo anya trɔ asi le dɔvɔ̃ tsɔtsɔ wɔ aʋawɔnui ŋu.

Sakpate: Enye dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖi aɖe si tsoa dɔlékui aɖe me. Eŋu dzesi gbãtɔwoe nye kpokpo sesẽ, ɖeɖiteameŋu, taɖui, kple dzimeve. Emegbe nutete aɖewo siwo me tsi hẽ nɔna tena ame. Amesiwo xɔ dɔ sia dometɔ ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me kuna.

Woɖe sakpate ɖa le xexeame godoo le ƒe 1977 me. Eƒe abɔtasitike sisi le afisiafi wu enu le ƒe 1970-awo me. Womate ŋu anya afisi amesiwo wodo abɔtasitikea na do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma ate ŋu anɔ te ɖe enu ase ɖo o. Womenya atike aɖeke si ate ŋu ada sakpate keŋkeŋ o.

Dɔlélea kakana ne amesiwo ŋu wòle tu ta. Nudodo alo abadzivɔ si me wòwɔ ɖo ate ŋu ana woaxɔ dɔa.

Tso ƒe 1980 me la, Soviet Union dze ɖoɖo aɖe si kpɔ dzidzedze wɔwɔ gɔme si nye be woakpɔ sakpate ƒe dɔlékuiwo gbɔ woadzi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me eye woatrɔ asi le wo ŋu be woate ŋu atsɔ aʋawɔtu siwo lɔa nu le duta akakae. Wodze agbagba hã be woatrɔ asi le sakpate ƒe dɔlékui tɔxɛ aɖewo siwo nu aɖi le wu eye wòkakana kabakaba wu la ŋu.

[Nɔnɔmetata]

Anthrax dɔlékuia kple dɔlékui gbadzɛ bubu si do tso eme

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyawo Tsoƒe: Mɔxexe ɖe Dɔléle Nu Kple Egbɔkpɔkpɔ Dɔwɔƒe Siwo le United States, Johns Hopkins ƒe Nusrɔ̃ƒe si Kpɔa Dukɔmeviwo Ta tso Dɔlékuiʋawɔnuwo Ŋuti.

Amesi ŋu anthrax dɔ le: CDC, Atlanta, Ga.; anthrax dɔlékui: ©Dr. Gary Gaugler, Photo Researchers; botulin dɔlékui: CDC/Courtesy of Larry Stauffer, Oregon State Public Health Laboratory

Dɔvɔ̃ ƒe dɔlékui: Copyright Dennis Kunkel Microscopy, Inc.; sakpate ƒe dɔlékui: ©Meckes, Gelderblom, Eye of Science, Photo Researchers; amesi le sakpate lém: CDC/NIP/Barbara Rice

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Nyitsɔ laa la, lɛta siwo ŋu wosisi “anthrax” dɔlékui ɖo na ŋɔdzi lé ame geɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Axel Seidemann

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Aɖitike kple dɔlékui bɔmb siwo dome wogblẽ le Gulf-ʋa megbe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/MOD