Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Blematomenukuku—Ehiã Hafi Míaxɔ Asea?

Blematomenukuku—Ehiã Hafi Míaxɔ Asea?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Blematomenukuku​—Ehiã Hafi Míaxɔ Asea?

Le ƒe 1873 me la, Englandtɔ hakplɔla Samuel Manning ŋlɔ ku ɖe Yerusalem ŋu be: “Didi vevie be woadze sii na kɔkɔeƒedeawo ƒoa zi ɖe afisia tso anyigba dzi godoo. Ameƒomea me tɔ miliɔn geɖewo tsɔa bubu deto ƒe ŋku kpɔa gli gbagbãwo, mɔdodo ƒoɖia, kple dudo nyunyɔ la abe afisi teƒe bubu aɖeke mesɔ kple le anyigba dzi o ene.”

ANYIGBA KƆKƆE la ƒe dɔwɔwɔ ɖe ame dzi na amewo ɖiaa tsa dea afima, ne mede ɖeke o la, anye tso Roma Fiagã Konstantino ŋɔli lɔƒo ya teti. * Anɔ ƒe 1,500 aɖewoe nye esia la, kɔkɔeƒedeawo vaa teƒea be yewoakpɔ Anyigba Kɔkɔe la kple ŋku agatrɔ. Gake ewɔ nuku be ƒe alafa 19 lia ƒe gɔmedzedze hafi agbalẽnyalawo va te afima yiyi kpe ɖe kɔkɔeƒedeawo ŋu, eye aleae wɔ wova dze Biblia ŋuti tomenukuku gɔme—si nye numekuku le blema Anyigba Kɔkɔea dzi nɔlawo ƒe asinudɔwɔwɔwo, ameawo, teƒeawo, kple gbegbɔgblɔawo ŋu.

Nusiwo ŋu blematomenukulawo ke ɖo na wova se nu geɖe siwo ku ɖe Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu la gɔme ɖe edzi ŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, blematomenukulawo ƒe nuŋlɔɖiwo ɖoa kpe Biblia ŋutinyawo dzi zi geɖe. Gake ɖe nusia nyanya hiã hafi Kristotɔ naxɔ asea? Hafi míaɖo eŋu la, mina míalé ŋku ɖe afisi wowɔ tomenukuku geɖe le ŋu—si nye Yerusalem-dua kple eƒe gbedoxɔa.

‘Womagblẽ Kpe ɖe Kpe dzi O’

Le ɣletiŋkeke si nye Nisan 11, le Yudatɔwo ƒe ɣletigbalẽ dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe adame la, Yesu Kristo do le Yerusalem zi mamlɛtɔ kpakple eƒe nusrɔ̃la aɖewo. Esime wole mɔa dzi yina Amitoa dzi la, nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nufiala, kpɔ ale kpe siawo kple ale xɔtutu siawo ɖa!”—Marko 13:1.

Yudatɔ wɔnuteƒe siawo kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu kple eƒe gbedoxɔa ŋu vevie. Xɔ dzeani gã la kple kɔnyinyi siwo wonɔa wɔwɔm le eme ƒe alafa 15 siwo va yi nye dada na wo. Ŋuɖoɖo si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo wɔ nuku na wo: “Èle xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.”—Marko 13:2.

Fifia si Mesia si ŋugbe wodo va do la, nukata Mawu aɖe mɔ be woatsrɔ̃ eya ŋutɔ ƒe gbedoxɔa? To Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu dzi vivivi ko hafi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ava se nusi wòwɔnɛ la gɔme bliboe. Gake ƒomedodo kae le Yesu ƒe nyawo kple Biblia ŋuti tomenukuku dome?

“Du” Yeye Aɖe

Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, amenuveve nɔƒe si nɔ Yuda-dukɔa si le Mawu ŋkume la ge le wo si. (Mateo 21:43) Esia na be nane si de ŋgɔ wu kura va xɔ ɖe eteƒe—si nye dziƒodziɖuɖu si ahe yayra vɛ na ameƒomea katã. (Mateo 10:7) Yesu ƒe nyagblɔɖia va eme pɛpɛpɛ eye wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me. Blematomenukuku ɖo kpe Biblia ƒe nuŋlɔɖi ku ɖe nudzɔdzɔ sia ŋu dzi. Gake le Kristotɔwo gome la, menye blema gbedoxɔ gbagbã si ŋu woake ɖoe nana woxɔna sena o. Wotu woƒe xɔse ɖe Yerusalem bubu dzi, gake esia nye du bubu ƒomevi aɖe.

Le ƒe 96 M.Ŋ. me la, wona apostolo Yohanes, amesi se Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ ŋu eye wònɔ agbe kpɔ eteƒe la, kpɔ ŋutega sia si gbɔna: “Mekpɔ du kɔkɔe, si nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ.” Gbe aɖe ɖi tso fiazikpuia gbɔ be: “[Anɔ anyi kple ameƒomea], eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:2-4.

Kristotɔ wɔnuteƒe siwo aɖu fia kple Kristo le dziƒoe nye “du” sia. Wo katãe ƒo ƒu wɔ dziƒodziɖuɖu—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea—si aɖu anyigba la dzi, eye wòakplɔ ameƒomea ayi blibodede me le Ƒe Akpe Ðeka la me. (Mateo 6:10; Petro II, 3:13) Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ Kristotɔ siwo ava nye ƒuƒoƒoa me tɔwo de dzesii be womate ŋu atsɔ naneke si le wo si le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me asɔ kple dzi ɖuɖu kple Kristo le dziƒo ƒe mɔnukpɔkpɔa o.

Esi apostolo Paulo nɔ nu ŋlɔm ku ɖe nɔƒe kɔkɔ si nɔ esi tsã le Yuda subɔsubɔ me ŋu la, eƒo nu ɖe wo katã nu be: “Nusiwo nye viɖe nam la, nu mawo ke mebu nu búbu le Kristo ŋuti. Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu búbu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti.”—Filipitɔwo 3:7, 8.

Esi apostolo Paulo de bubu deto Mawu ƒe Sea kple gbedoxɔa ŋuti ɖoɖoa ŋu ta la, eme kɔ ƒã be eƒe nyawo menɔ fiafiam be ele be woaɖi gbɔ Mawu ƒe ɖoɖo siawo o. * (Dɔwɔwɔwo 21:20-24) Ðeko Paulo le eɖem fia be Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa de ŋgɔ sã wu Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia.

Ðikeke mele eme o be Paulo kple Yudatɔ Kristotɔ bubuwo nya Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ŋuti nyatakaka dodzidzɔname geɖewo nyuie. Eye esi blematomenukuku kɔa blemanyawo me ta la, Kristotɔwo ate ŋu ase nyatakaka mawo ƒe ɖewo gɔme ɖe edzi fifia. Ke hã de dzesi nusi Paulo gblɔ na ɖekakpui Timoteo be eƒe ŋku nanɔ eŋu vevie: “De ŋugble le nusiawo [siwo ku ɖe Kristo-hamea] ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋku me.”—Timoteo I, 4:15, NW.

Blematomenukuku si ku ɖe Biblia me nyawo ŋu siwo na míenyaa nu geɖe le amesiwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu la dze na kafukafu. Ke hã Kristotɔwo nya be menye nusiwo ŋu amewo ke ɖoe nana míexɔna sena o, ke boŋ Mawu ƒe Nya Biblia lae.—Tesalonikatɔwo I, 2:13; Timoteo II, 3:16, 17.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Konstantino kple dadaa Helena siaa di vevie be yewoanya afisi Yerusalem ƒe teƒe kɔkɔeawo le. Dadaa ŋutɔ ɖi tsa de Yerusalem. Ame geɖewo dze eƒe kpɔɖeŋua yome le ƒe alafa siwo va kplɔe ɖo me.

^ mm. 15 Vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la, ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem wɔ ɖe Mose ƒe Sea ƒe akpa vovovowo dzi anye ɖe susu sia siwo gbɔna ta. Yehowae tsɔ Sea na. (Romatɔwo 7:12, 14) Etsi Yudatɔwo si abe kɔnu ene. (Dɔwɔwɔwo 21:20) Enye dukɔa ƒe se eye tsitretsitsi ɖe eŋu ahe tsitretsitsi ɖe Kristotɔwo ƒe gbedasia ŋu vɛ dzodzro.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Etame: Yerusalem le ƒe 1920 me; Romatɔwo ƒe gaku si Yudatɔwo zã, ƒe 43 M.Ŋ.; yevuboɖa si le se ƒom si wotsɔ nyiɖu wɔe, anye Salomo ƒe gbedoxɔ mee wòtso, ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pages 2 and 16: Coin: Photograph © Israel Museum, Jerusalem; courtesy of Israel Antiquities Authority; pomegranate: Courtesy of Israel Museum, Jerusalem