Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilaɖekɛƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi

Dzilaɖekɛƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi

Dzilaɖekɛƒomewo Le Dzidzim Ðe Edzi

“Medoa gbe ɖa na Mawu kple aɖatsi zã geɖe gblɔna nɛ be: ‘Nyemenya nusi mawɔ etsɔ o.’”​—GLORIA, DZILAÐEKƐ SI SI VI ETƆ̃ LE.

DZILAÐEKƐƑOMEWO va xɔ anyinɔ eye wobɔ le teƒe geɖe egbea. * Amewo ƒe xexlẽme ŋutinunyalawo kple hadomeŋutinunyala siwo le xexeame ƒe akpa geɖewo meganya nusitae ƒomegbenɔnɔ si wonya tsã, si me srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu, kple ɖeviwo nɔna va trɔ le ƒomegbenɔnɔ bubuwo zum o.

Hadomeŋutinunyafialagã Simon Duncan kple Rosalind Edwards gblɔ be “tɔtrɔ siwo va tsia anyi ɖaa le edzi yim le ƒomegbenɔnɔ ƒe ɖoɖoa kpakple ŋutsu kple nyɔnu dome ƒomedodoa me.” Nukatae? Numekula aɖewo gblɔ be etso tiatia siwo wɔm amewo le le ganyawo, dekɔnuwo, kple tɔtrɔ siwo le edzi yim le hadome me gbɔ.

Na míade ŋugble le tɔtrɔ siawo ƒe ɖewo kpakple tiatia siwo wɔm wole la ŋu kpɔ. Dɔ siwo le ame dzi nye nu vevi ɖeka si le nu gblẽm le amewo ŋu. Kaka woafɔ ko la, nusiwo le edzi yim le xexeame hea woƒe susu. Amewo va le ɣeyiɣi siwo wozãna le ƒomegbenɔnɔ me tsã la zãm le Internet dzi, le television ŋgɔ, le telefon dzi, le ʋuwo me, kple le hloloetsotsowo me.

Gakuxiwo hã wɔa akpa aɖe. Dzidzemekpɔkpɔ le egbeŋkekeawo me bia ga geɖe, eyata dzila geɖewo va le dɔ wɔm. Agbenɔnɔ le xexe si me amewo te ŋu zɔa mɔ bɔbɔe na ƒomea me tɔ geɖewo dzona le ƒometɔwo ƒe belélename gbɔ va wɔa dɔ le didiƒe, eye le go aɖewo me la, woʋuna tsoa wo srɔ̃wo gbɔ yia teƒe didiwo gɔ̃ hã. Le dukɔ geɖewo me la, modzakaɖeɖe xɔŋkɔwo gɔ̃ hã meva le vi ɖem o, elabena nusiwo ŋu wokuna ɖo la ɖiaa gbɔ nuɖoanyiwo abe srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ ene, siwo nye nusiwo hea dedienɔnɔ vɛ. *

Vinɔ Srɔ̃manɔsitɔ Yeyea

Vinɔ srɔ̃manɔsitɔ siwo li egbea mele abe tsãtɔ siwo me ƒewuivi siwo womeɖe o la kpɔa amewo sinu hena kpekpeɖeŋununana la ene tututu o. Vidada si si srɔ̃ mele o meganye ŋukpe o le alesi ameŋkuta siwo ƒe kpɔɖeŋuwo wokpɔna kafua woe ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyɔnu geɖewo de suku de ŋgɔ eye wote ŋu kpɔa wo ɖokui dzi nyuie—eyata srɔ̃ɖeɖe meganye nusi hiã vidada hafi wòate ŋu akpɔ eƒe ganyawo gbɔ o.

Vinɔ srɔ̃manɔsitɔ aɖewo, vevietɔ dzila siwo si vi tsitsiwo le siwo gbe wo nɔewo, nɔa tre le esi womedi be srɔ̃ bubu aɖeke nagava gblẽ wo ɖi ake o ta. Nyɔnu bubuwo hã va zua vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo le esi wogblẽ wo ɖi ta, ke menye woawo ŋutɔ ƒe didie wònye o. Joseph Rowntree ƒe Dɔmenyohabɔbɔ si le Britain gblɔ be: “Dzilaɖekɛnyenye menye ɖokuitɔdidi nuwɔna si woɖo koŋ tia o, eye womegblẽa ɖevi siwo le dzilaɖekɛƒomewo me ɖi alo gbea hehenana wo o.”

Ke hã dzilaɖekɛƒomewo ƒe dzidziɖedzi nye nusi me wòle be woatsɔ ɖe le elabena dzilaɖekɛƒomewo kple wo viwo ate ŋu ato seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo, gakuxiwo, kple hadomekuxiwo me. Anɔ wɔwɔm na ame aɖewo eveve nenye be anya wɔ na dzilaɖekɛ be wòanyi viwo dzidzedzetɔe. Nukawoe nye kuxi tɔxɛ aɖewo siwo dzea ŋgɔ dzilaɖekɛƒomewo? Aleke Kristotɔ si nye dzilaɖekɛ ate ŋu akpɔ eƒe vinyinyi ƒe kuxia gbɔe?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Hadomeŋutinunyalawo ɖee fia be vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo ‘sɔ gbɔ sasasã wu vifofo srɔ̃manɔsitɔwo.’ Eyata vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo koŋ ŋue míeƒo nu le le nyati sia me. Gake nya siawo ku ɖe vifofo srɔ̃manɔsitɔwo hã ŋu.

^ mm. 6 Ne èdi numedzodzro tsitotsito ku ɖe kuxi sesẽ siwo dzea ŋgɔ vidadawo ŋu la, ke kpɔ “Vidadanyenye—Ðe Wòbia Ŋutete Tɔxɛ Aɖea?” le Nyɔ!, April 8, 2002, ƒe tata me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

Numeɖeɖe Aɖewo

Wozãa nyagbe vovovowo le xexeame godoo tsɔ ɖɔa vidada siwo woawo ɖeɖe le wo viwo nyim. Le dukɔ aɖewo me la, wozãa nyagbe “vinɔ srɔ̃manɔsitɔ” na vinɔ siwo meɖe srɔ̃ kpɔ kura o, eye le dukɔ bubuwo me la, wozãa nyagbe “vinɔ kpeɖeŋutɔmanɔsitɔ” tsɔ fiaa vinɔ vovovo siwo le wo viwo nyim gake ŋutsu kpeɖeŋutɔ aɖeke mele wo si le aƒea me o. Vinɔ siawo ate ŋu anye amesiwo wogbe, amesiwo woa kple wo srɔ̃ŋutsu dome klã, alo ahosiwo, alo amesiwo meɖe srɔ̃ kpɔ kura o.

Le nyati siawo me la, míezã nyagbe “dzilaɖekɛ” kple “vinɔ srɔ̃manɔsitɔ” tsɔ fia dzila siwo le viwo nyim kpeɖeŋutɔ aɖeke manɔmee.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4, 5]

DZILAÐEKƐNYENYE​—ELE DZIDZIM ÐE EDZI LE DUKƆ GEÐE ME

United States: “Vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo ƒe dzidziɖedzi tso ƒe 1970 va ɖo 2000 enye tso miliɔn 3 va ɖo miliɔn 10; le ɣeyiɣi ma ke me la, vifofo srɔ̃manɔsitɔwo hã dzi ɖe edzi tso 393,000 va ɖo miliɔn 2.”—United States ƒe Amexexlẽ Dzikpɔha.

Mexico: Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Jornada gblɔ be ƒewuivi siwo nye vinɔwo anɔ 27 le funɔ alafa ɖesiaɖe me le dukɔa me.

Ireland: Dzilaɖekɛƒomewo dzi ɖe edzi tso 5.7 le alafa me le ƒe 1981 me va ɖo 7.9 le alafa me le ƒe 1991 me. “Ƒomewo ƒe gbagbã koŋue nye nusi hea vinɔ srɔ̃manɔsitɔnyenye vɛ.”—Single Mothers in an International Context, 1997.

Britain: “Ƒome siwo dzi dzilaɖekɛwo kpɔna gbɔ alafa memama 25 ŋu zi gbãtɔ, si le fiafiam be vinɔ siwo meɖe srɔ̃ kpɔ kura o ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ eye wògafia srɔ̃gbegbe ƒe dzidziɖedzi le ƒe 30 siwo va yi me.”—The Times, London, March 2, 2000.

France: “Tso ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, dzilaɖekɛƒomewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wògbɔ alafa memama 50 ŋu.”—Single Mothers in an International Context, 1997.

Germany: “Dzilaɖekɛƒomewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve le ƒe blave siwo va yi me. Amesiwo kpɔa dzilaɖekɛƒomeawo katã kloe dzi . . . nye vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo.”—Single Mothers in an International Context, 1997.

Japan: ‘Vinɔ kpeɖeŋutɔmanɔsitɔ ƒomewo nɔ dzidzim ɖe edzi tso ƒe 1970-awo me.’ Le 1997 me la, ƒome 17 le alafa ɖesiaɖe me nye esi le vinɔ srɔ̃manɔsitɔ ƒe dzikpɔkpɔ te.—Single Mothers in an International Context, 1997; The World’s Women 2000: Trends and Statistics.

Greece: “Tso ƒe 1980 me ke la, vinɔ srɔ̃manɔsitɔ siwo le [Greece] dzi ɖe edzi alafa memama 29.8. Europa Dukɔwo ƒe Ðekawɔha ƒe nyatakaka fia be ɖevi siwo wodzi le ƒe 1997 me siwo dzilawo meɖe wo nɔewo o ƒe xexlẽme nɔ alafa memama 3.3, gake woƒe xexlẽme le ƒe 1980 nɔ alafa memama 1.1 pɛ ko.”—Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Ta Nea, Athens, September 4, 1998.

Australia: Ðevi 1 le 4 ɖesiaɖe kloe me ye le wo dzilawo dometɔ ɖeka gbɔ. Zi geɖe la, esia tsoa dzilawo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe gbagbã alo ƒomedodo ƒe gbegblẽ gbɔ. Wobu akɔnta be dzilaɖekɛƒomewo adzi ɖe edzi tso 30 le alafa me va ɖo 66 le alafa me le ƒe 25 dome.—Australiatɔwo ƒe Xexlẽmedzikpɔha.