Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilaɖekɛ, Gake Metsi Akogo O

Dzilaɖekɛ, Gake Metsi Akogo O

Dzilaɖekɛ, Gake Metsi Akogo O

“Ne vinyewo gbɔ va aƒeme va kpla asi kɔ nam hegblɔ nam be yewolɔ̃m la, ɣemaɣie mesea vidadanyenye ƒe vivi.”​DORIS, DZILAÐEKƐ SI SI VI EVE LE.

DZILAÐEKƐWO ate ŋu akpɔ akɔfaname tso Biblia ƒe nya si wògblɔ me be: “Ðeviwo nye yayra kple nunana tso AƑETƆ la gbɔ.” (Psalmo 127:3, Contemporary English Version) Asixɔxɔ ɖeka ma ke koe le ɖevi siwo wonyi le dzilaɖekɛƒomewo me ŋu abe bubuawo ke ene le Mawu ŋkume. Enye mía Wɔla la ƒe didi be dzilaɖekɛƒomewo nakpɔ dzidzedze. Biblia la gblɔ le eŋu be: “Eléa tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ɖe asi.” (Psalmo 146:9) Dzilaɖekɛwo ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu le klalo be yeakpe ɖe wo ŋu.

Enye ɖevi ɖesiaɖe ƒe gomenɔamesi be woanyii le afisi lɔlɔ̃ kple dedienɔnɔ le be wòate ŋu atsi nyuie le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. Enye agbanɔamedzi kple mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na dzila ɖesiaɖe be Mawu nazãe le wo viwo hehe me.

Dzilaɖekɛ geɖewo va kpɔe be dzidzedzekpɔkpɔ bia gbedodoɖa veviedodotɔe, Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ɣesiaɣi, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe. Esia wɔ ɖeka kple nuxlɔ̃amenya si le Psalmo 55:23, si gblɔ be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò.”

Enuenu la, ɖeviawo mamawo, hamemegãwo, kple dzila siwo si nuteƒekpɔkpɔ le le Kristo-hamea me la li siwo ate ŋu akpe ɖe dzilaɖekɛƒomewo ŋu be woatrɔ asi le woƒe nɔnɔme sesẽa ŋu. Ele eme baa be ƒometɔwo kple hatitadeagulawo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ kpe asi ɖe dzilaɖekɛwo ŋu ya, gake ɖevia dzilawo ŋutɔ sie Mawu tsɔ agbanɔamedzi gãtɔ de asi na. *

Dzidzɔtɔe la, dzilaɖekɛ geɖewo te ŋu kpɔ woƒe kuxi sesẽawo gbɔ dzidzedzetɔe henyi vi siwo nɔa agbe nyui, kple esiwo vɔ̃a Mawu. Nyɔ! ŋlɔlawo ɖo dze kple wo dometɔ geɖe. Nya siwo ɖi wo nɔewo si dzila siawo gblɔ dometɔ aɖewoe nye esi:

Aƒedzikpɔkpɔ nyuie. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze dzea agbagba vevie be ɖoɖo nyui nanɔ yewo si eye wowɔa dɔ vevie be woazɔ ɖe ɖoɖowɔɖiawo dzi. Ðoɖo nyui wɔwɔ kple nuwo gbɔ kpɔkpɔ ɖe ɖoɖo nu le vevie. Biblia la gblɔ be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.”—Lododowo 21:5.

Ðokuitsɔtsɔna. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze tsɔa ƒomegbenɔnɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ. Woƒe ŋku nɔa ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dzi wu woawo ŋutɔwo tɔ.—Timoteo I, 5:8.

Nuwo gbɔ kpɔkpɔ le mɔ si da sɔ nu. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze mebua kuxiwo nu tsɛ alo bunɛ nya gãe o; ke boŋ wodzea agbagba be yewoakpɔ wo gbɔ. Wodzea ŋgɔ kuxiawo eye wowɔa wo tɔ sinua be yewoakpɔ wo gbɔ ke menye le blanuiléle alo nuxaxa me o.

Kadodo nyui. Dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze kpɔa egbɔ be dzeɖoɖo nyui ƒe mɔ ʋu ɖi. Wodea dzi ƒo na ƒomea me tɔwo be woaɖe woƒe susu kple seselelãmewo agblɔ faa. Vifofo srɔ̃manɔsitɔ aɖe gblɔ le viawo ŋu be: “Meƒoa nu na wo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Míewɔa nu ‘ɖekae kple dzidzɔ’ ne míele nu ɖam. Ɣemaɣie wote ŋu gblɔa woƒe dzimenyawo nam wu.”

Beléle na ame ɖokui. Togbɔ be agba geɖe nɔa dzilaɖekɛwo dzi hã la, wo dometɔ siwo kpɔa dzidzedze dzea sii be ele vevie be yewoakpɔ yewoƒe gbɔgbɔ me, seselelãme, kple ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ. Ethel, amesi zu vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si vi eve le la, ɖe nu me be: “Medzea agbagba be madi ɣeyiɣi aɖe na ɖokuinye. Le kpɔɖeŋu me, ne xɔ̃nye le ha fiam ɖeviawo la, mevona gaƒoƒo ɖeka. Menɔa anyi television maʋumaʋui.”

Mɔkpɔkpɔ be ɣeyiɣi nyuiwo ava. Mɔkpɔkpɔ nyuiwo nɔa dzilaɖekɛ siwo kpɔa dzidzedze si le ɖeviwo hehe me kple le agbe me siaa. Mɔkpɔkpɔ nɔa wo si le nɔnɔme sesẽwo me. Vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si ƒewuivi etɔ̃ le la gblɔ be: “Meva kpɔe be dzilaɖekɛnyenye meɖea dzi le ame ƒo o.”

Dzidzedzekpɔkpɔ Ŋuti Nyatakaka Aɖewo

Ðe mɔnu siawo wɔa dɔa? Ẽ, abe alesi dzilaɖekɛ geɖewo ƒe nyatakaka ɖee fia ene. Gloria, si míeyɔ le nyati gbãtɔa me, si zu vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si le dɔ wɔm le England, te ŋu nyi viŋutsuvi eve kple vinyɔnuvi ɖeka. Wo ame etɔ̃awo katã tsi va zu Kristotɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo tsɔ wo ɖokui ɖo anyi na Biblia-fiafiadɔ wɔwɔ. Esi wobia Gloria alesi wòte ŋu wɔ esiae la, eɖo eŋu be: “Nu gbãtɔ enye alesi melé Biblia nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname wɔwɔ me ɖe asi. Nye didi enye be ɖeviawo nanɔ dzidzɔ kpɔm, woƒe susu nadze akɔ anyi, woƒe dzi nadze eme, eye mɔtetre aɖeke nagaɖe wo o. Mekpɔ zãdɔ aɖe nɔ wɔwɔm. Nye taɖodzinu enye be manɔ anyi kple ɖeviawo ɣesiaɣi si mate ŋui. Hafi madzo ayi dɔ me la, míedoa gbe ɖa ɖekae eye menaa womlɔa anyi. Daɖia nɔa aƒea me ne meyi dɔ me.”

Aleke Gloria te ŋu kpe ɖe viawo ŋu be wowɔ tiatia nyuitɔwo? Eyi dzi gblɔ be: “Nye taɖodzinu vevitɔ enye be matsɔ gbɔgbɔ me nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ga geɖe menɔ mía si o, eye nyemetsɔ esia ɣla ɖe ɖeviawo o. Nye ŋutɔ mexɔa ŋgɔ wɔa nusianu si mebiana tsoa wo si be woawɔ, eye wokpea asi ɖe ewɔwɔ ŋu.” Esi Gloria nɔ ŋku ɖom alesi wòna eƒe ƒomea wɔa nu aduadu dzi la, egblɔ be: “Nusi koŋ gbɔ wòtsoe nye alesi míewɔ nu ɖekae. Ame aɖeke meɖea eɖokui ɖe aga ɖoa xɔ o. Míeɖaa nu, klɔa nu, hedzraa nuwo ɖo ɖekae. Míedana sɔna le míaƒe nuwɔnawo me. Mekpɔa egbɔ be míeɖea modzaka hã.”

Dzi dzɔa Carolyn, vinɔ srɔ̃manɔsitɔ si si viŋutsuvi si ŋkɔe nye Joseph le ɖe alesi via le tsitsim ŋu. Nuka koŋ tae? Egblɔ be: “Míexlẽa Biblia ɖekae le anyimlɔɣi, emegbe mebiaa nyae ku ɖe nusi wòsrɔ̃ ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míedzroa memama tiatia aɖewo me le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me eye míedea ŋugble le alesi woku ɖe mía ŋui ŋu. Esia kpena ɖe Joseph ŋu ne edze ŋgɔ kuxiwo abe ɖevi tsitsiwo ƒe anyrawɔwɔ le ame ŋu le suku ene.” Carolyn ʋu eme be agbenɔnɔ menɔa bɔbɔe ya o, gake mesenɛ le eɖokui me be yetsi akogo o. Egblɔ be: “Ebia kutrikuku gbesiagbe, gake mesenɛ le ɖokuinye me be Yehowa kpe ɖe ŋunye vavã. Kristo-hamea me tɔwo hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ.”

Dzilaɖekɛ akpe geɖe siwo kpɔ dzidzedze ƒe nyatakakawo, abe Gloria kple Carolyn tɔ ene, ɖee fia be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Biblia ƒe gɔmeɖose siwo wɔa dɔ nyuie ŋu anyi vi ɖɔʋu siwo sẽŋu le gbɔgbɔ me. (Lododowo 22:6) Miate ŋu akpɔ dzidzedze! Gbetɔame geɖe le dzilaɖekɛ ƒe vinyinyi me si naa mɔnukpɔkpɔ ame be woawɔ ŋgɔyiyi eye woawɔ nu ɖekae. Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu bliboe kple kaka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ dzilaɖekɛwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ.—Psalmo 121:1-3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Ne èle nyatakaka bubuwo dim ku ɖe alesi dzilaɖekɛƒomewo awɔ akpɔ dzidzedze ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona ƒe ta 9 lia, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]

Ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kpe ɖe Gloria ƒe vi etɔ̃awo ŋu wova zu Kristotɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Wole viŋutsuvi tsitsitɔ, si nye dutanyanyuigblɔla fifia, ƒe lɛta si wòŋlɔ kple foto kpɔm ɖa le afisia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Carolyn kple via, Joseph