Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo

Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo

Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo

“Metoa seselelãme geɖewo me. Mefaa avi le tsileƒe zã geɖe. Menɔa bɔbɔe nam kura o.”​JANET, VINƆ SRƆ̃MANƆSITƆ SI SI VI ETƆ̃ LE.

NUSIWO hea dzilaɖekɛnyenye vɛ sɔ gbɔ. Ƒome aɖewo va zua dzilaɖekɛƒome le aʋawɔwɔ, dzɔdzɔmefɔku, alo le dɔléle ta.

Ðevi aɖewo dzilawo tso nya me be yewomaɖe yewo nɔewo o. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi siwo katã le Sweden ƒe afã kloe dzilawo meɖe wo nɔewo o. Srɔ̃gbegbe hã hea dzilaɖekɛƒomewo vɛ. Numekuku ɖee fia be ɖevi siwo le Amerika siwo wu alafa memama 50 anɔ dzilaɖekɛƒome me vaseɖe ɣeyiɣi aɖe le woƒe ɖevimenɔɣi.

Kuxiawo Gɔmesese

Agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe va nɔa vidada siwo va zu ahosiwo eteƒe medidi o dzi. Ele be woade ta agbanɔamedzi yeye te le ɣeyiɣi si me wogale wo srɔ̃ siwo megava li o la fam. Axɔ ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã, hafi agbagbadzedze be woakpe akɔ kple gakuxiwo kple akɔfafa na ɖeviawo ƒe agbanɔamedzi yeye sia tsɔtsɔ nava ma wo. Asesẽ ŋutɔ na vidada si zu ahosi be wòatrɔ ɖe agbanɔamedzi yeye siawo ŋu. Esia ana dzila ƒe hehenana masu ɖevia le ɣeyiɣi sia si me wòhiã dzikpɔkpɔ kple dzideƒo vevie o.

Zi geɖe la, vinɔ srɔ̃manɔsitɔ siwo meɖe wo viwo fofo o la nyea amesiwo metsi o eye nuteƒekpɔkpɔ mele wo si hã o. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ mesu wo si be woawu suku nu o. Ne womebi ɖe dɔ aɖeke wɔwɔ me o la, ate ŋu adzɔ be woazu hiãtɔwo kple amesiwo wɔa dɔ siwo ƒe fetu mesɔ gbɔ o. Ne woƒe ƒometɔwo, abe wo dzilawo ene, mekpe ɖe wo ŋu o la, ava hiã be woadi vidzikpɔƒe siwo sɔ na wo viwo. Seselelãme siwo nana nu tena ɖe ame dzi abe ŋukpe kple akogotsitsi ene aɖe fu na vidada srɔ̃manɔsitɔa. Wo dometɔ aɖewo anɔ vɔvɔ̃m be vi si le yewo si axe mɔ ɖe yewo be yewomakpɔ srɔ̃ nyui aɖe o. Ne ɖevi siwo le aƒe siawo me le tsitsim la, ƒome si me wotso kple alesi wòhiã be wo dzila si mele wo gbɔ o nalɔ̃ axɔ wo ŋu biabia siwo womekpɔ ŋuɖoɖo na o la anɔ fu ɖem na woƒe susu.

Nenema ke nu tena ɖe dzila siwo le srɔ̃gbegbe nu xam dzi vevie. Dzi aku dzila aɖewo ɖe srɔ̃gbegbea ta vevie. Esese le ame ɖokui me be yemeɖi naneke o kple be wogblẽ ye ɖi nana dzila aɖewo megate ŋu kpɔa wo viwo ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ o. Asesẽ na vidada siwo wòle na be woava di dɔ awɔ zi gbãtɔ eye woagakpɔ aƒeme ƒe agbanɔamedziwo gbɔ. Woase le wo ɖokui me be ɣeyiɣi alo ŋusẽ mele yewo ŋu be yewoakpɔ yewo vi siwo ge ɖe tɔtrɔ kpata me le yewo nɔewo gbegbe ta ƒe nuhiahiã tɔxɛwo gbɔ na wo o.

Kuxi Tɔxɛ Siwo Dzila Siwo Gbe Wo Nɔewo Doa Goe

Dzilaɖekɛwo va dea dzesii be wo vi ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo to vovo eye wonɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi. Le dzilaɖekɛ siwo gbe wo nɔewo gome la, gbɔgbɔmemɔfiafia ƒe mɔnukpɔkpɔ nyuiwo tsɔtsɔ te ŋu hea kuxi tɔxɛ aɖewo vɛ.

Le kpɔɖeŋu me, ɖeviawo manɔ dzila siwo gbe wo nɔewo dometɔ ɖeka si nye Yehowa Ðasefo ƒe dzikpɔkpɔ te o. Dzila siawo dzea agbagba be yewoasrã yewo via kpɔ le ɣeyiɣi si me yewoate ŋu akplɔ wo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpee. Ðoɖo sia wɔwɔ le sasrãkpɔwo me nana mɔnukpɔkpɔ ɖevia be wòade ha kple Kristo-hamea ɣesiaɣi eye wònyea viɖe gã aɖe na ɖevi siwo dzilawo gbe wo nɔewo.

Ehiã be dzila siwo gbe wo nɔewo dometɔ si si mɔnukpɔkpɔ geɖe mele be wòakpɔ viawo ɣesiaɣi o la nadi mɔnu siwo dzi wòato ade dzi ƒo na wo be yelɔ̃ wo hetsɔa ɖe le eme na wo. Be dzilaa nakpɔ dzidzedze la, ele be wòanɔ ŋudzɔ ɖe ɖevia ƒe seselelãme nuhiahiã siwo te ŋu trɔna la ŋu. Esia va hiãna koŋ ne ɖevia le sɔhɛnyenye me ɖom eye wòva le vivi dom ɖe hadomegbenɔnɔ kple xɔlɔ̃ geɖe dzedze ŋu.

Dzila si kpɔa dzidzedze nyaa ɖevia ƒe ŋutetewo, eƒe amenyenye, kple eƒe nukpɔsusuwo. (Mose I, 33:13) Dzilawo kple ɖeviwo ɖoa dze siwo nana ƒomedodo kplikplikpli kple lɔlɔ̃ nɔa wo dome eye wolɔ̃a hadede kple wo nɔewo. Woɖoa dze kple wo nɔewo ɣesiaɣi. Ðevia tsɔa ɖe le dzilaa ƒe nya me, eye dzilaa hã tsɔa ɖe le ɖevia tɔ me nenema ke.

Nusita Wòhiã be Woafa Tu

Le srɔ̃gbegbe megbe la, dzila eveawo kpɔkpɔ edziedzi ɖea vi na ɖeviawo. Tsɔe be dzilawo le subɔsubɔha vovovowo me; ɖeka nye Yehowa Ðasefo eye evelia menyee o. Dze si woanɔ ɖoɖom faa enuenu la akpe ɖe wo ŋu be woaƒo asa na masɔmasɔwo. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Amewo katã nanya miaƒe tufafa.” (Filipitɔwo 4:5) Ele be woafia ɖevia be wòade bubu wo dzila evea siaa ƒe gomenɔamesi be wòawɔ nusi wowɔna le woƒe subɔsubɔha me ŋu.

Dzila si menye Ðasefo o ate ŋu agblɔ be yedi kokoko be ɖevia nayi yeƒe subɔsubɔha me kple ye. Nukae dzila si nye Yehowa Ðasefo awɔ. Eya hã ate ŋu adzro eƒe subɔsubɔ me dzixɔsewo me kple ɖevia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevia ŋutɔ atso nya me ku ɖe subɔsubɔha si wòatia ŋu abe ɖekakpui Timoteo ene, amesi anɔ eme be dadaa kple mamae fia Biblia ƒe gɔmeɖosewoe. (Timoteo II, 3:14, 15) Ne mesɔ na ɖevia be wòade subɔsubɔha bubu ƒe kpekpe o la, ɖewohĩ àte ŋu adzro Biblia me me si nye Naeman hã ƒe ŋutinya me kplii, amesi esi wòva zu tadeagula vavãtɔ megbe la, wògayi eƒe dɔ si wòwɔna dzi kplɔa fia si va dea ta agu le Rimon ƒeme la ɖo. Ŋutinya sia ade dzi ƒo na ɖevia be Yehowa lɔ̃e eye wòsea nu gɔme nɛ togbɔ be edea subɔsubɔkɔnu siwo ŋu menya nu le o wɔƒe hã.—Fiawo II, 5:17-19.

Dzila si kpɔa dzidzedze te ŋu mlãa ɖevia alo ɖeviawo ƒe nukpɔsusu eye wònyaa alesi wosena le wo ɖokui me. (Mose V, 6:7) Ele eme baa be nusi dzila siwo meɖe wo nɔewo kura o wɔ va yi la ate ŋu ate ɖe wo dzi ya. Ke hã ele be wòanɔ susu me na dzila siawo be ame evee dzia vi. Ðeviwo dina be yewoanya yewo dzila evea siaa, eye wodina be yewoase le yewo ɖokui me be wohiã yewo, eye menye nuɖianu siwo dzɔ le vodada me aɖe koe yewo nye o. Ne dzila la ƒoa nu nyuie tsoa dzila kemɛa ŋu heɖoa biabia siwo gɔme ɖevia ate ŋu ase alo anya ŋu nɛ la, anɔ dzi dem ƒo na ɖevia.

Ele be wòanɔ susu me na dzilawo be nukpɔsusu si anɔ ɖevia si ku ɖe lɔlɔ̃, ɖoƒe, kple ŋusẽ ŋu anɔ te ɖe ƒomedodo si le woa kple ɖevia dome dzi. To ɖoƒe kple ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ lɔlɔ̃tɔe me la, dzila Kristotɔ ate ŋu awɔ geɖe le ɖevia dzadzraɖo me be ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le nanɔ woa kple Yehowa dome eye nukpɔsusu nyui nanɔ esi ɖe hamea ƒe ɖoɖowo ŋu.—Mose I, 18:19.

Ðeviwo ƒe Asikpekpeɖeŋu Hiã Vevie

Ele be ɖevi siwo le dzilaɖekɛƒomewo me nase egɔme be woƒe asikpekpeɖeŋu hiã vevie hafi ƒomea nakpɔ dzidzedze. (Efesotɔwo 6:1-3) Toɖoɖo wo dzilawo ƒe gbe afia be wolɔ̃ wo dzilawo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe agbagba geɖe siwo wo dzila dzena be dedienɔnɔ kple dzidzɔ nanɔ aƒea me ŋu. Esi dzeɖoɖo nye ame eve dome nuwɔna ta la, ele be wòanɔ susu me na ɖevi siwo le dzilaɖekɛƒomea me be ele be woakpe ɖe wo dzila ŋu be dzeɖoɖo nyui nanɔ ƒomea me.—Lododowo 1:8; 4:1-4.

Zi geɖe la, wokpɔa mɔ na ɖevi siawo tɔgbe be woadze agbanɔamedziwo tsɔtsɔ gɔme kaba wu ɖevi siwo le wo dzila evea siaa gbɔ. Ne wohe ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa le lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi me la, dzi aɖo wo ƒo eye woase le wo ɖokui me be viɖe le yewo ŋu eye woava nɔ bibim ɖe agbe me dɔwɔnawo me tso woƒe ɖevime. Gakpe ɖe eŋu la, woate ŋu ade aƒemedɔ aɖewo asi na ɖevia be wòakpe asi ɖe aƒemedɔwo ŋu be nuwo nanɔ ɖoɖonu pɛpɛpɛ le aƒea me.

Esia mefia be dzilaɖekɛa ƒe taɖodzinu nanye be yeawɔ ɖeviawo woazu ɖevi sue siwo te ŋu wɔa ame tsitsi nu siwo magahiã wo dzilawo ƒe mɔfiafia o. Nyateƒee wònye be nunya manɔ eme be woagblẽ ɖevi ɖeka ɖi mɔfiafia manamanae o.

Zi geɖe la, dzilaɖekɛwo va wɔa vodada hebuna be ele be yewoanye evelia alo zɔhɛ na yewo viwo. Togbɔ be ƒomedodo kplikplikpli hiã hã la, ele be wòanɔ ŋku dzi na dzilaɖekɛwo be wo viwo hiã dzila eye wometsi le seselelãme gome be woanye zɔhɛ si dzila nagblɔ nya sia nya na o. Viwòwo hiã wò be nàwɔ nu abe dzila ene na yewo.

Dzilaɖekɛwo kple ɖeviwo ƒe nuwɔwɔ aduadu le lɔlɔ̃ me te ŋu nana ƒomea kpɔa dzidzedze. Esi wova le ɖevi geɖewo nyim le dzilaɖekɛƒomewo me ta la, anyo be amesiame nanya kuxi siwo koŋ ɖea fu na dzilaɖekɛwo kple wo viwo eye woanɔ klalo be yewoade dzi ƒo na wo ahakpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ŋusẽ Siwo Wòkpɔna Ðe Ðeviwo Dzi

Zi geɖe dzilaɖekɛwo makpɔ ɣeyiɣi na wo viwo dometɔ ɖesiaɖe abe alesi dzila evea akpɔe ene o. Ɣeɖewoɣi la, dzilaɖekɛ nɔa anyi kple kpeɖeŋutɔ si menye srɔ̃a o. Ke hã anyinɔnɔ ɖekae ƒe ƒomedodowo menɔa dedie abe srɔ̃ɖeɖe ene o. Ete ŋu dzɔna bɔbɔe be ɖevi siwo le ƒome ma tɔgbe me tsina va zua ame tsitsi siwo ƒe amenyenye metoa mɔ ɖeka o.

Numekuku ɖee fia be “ele bɔbɔe be ɖevi siwo tso dzilaɖekɛƒomewo me, le mama dedie nu, matsi kple susu dzeakɔanyi abe ɖevi siwo le wo dzila eveawo siaa gbɔ ene o.” Ke hã numekuku nyuie ɖee fia be ga ƒe anyimanɔmanɔ ate ŋu anye “kuxi vevi ɖeka si naa ɖeviwo ƒe tsitsi kple agbenɔnɔ le ƒome vovovo me toa vovo tsoa wo nɔewo gbɔ.” Gake esia mefia be ɖevi siwo le dzilaɖekɛƒomewo me makpɔ dzidzedze akpɔ gbeɖe o. Ne wona mɔfiafia kple hehe wo la, wote ŋu va ɖua ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo dzi.