Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbɔkpɔmɔnuwo Didi

Egbɔkpɔmɔnuwo Didi

Egbɔkpɔmɔnuwo Didi

TSO ƒe 1972 me la, dukɔ siwo wu alafa ɖeka va dze asidede dukɔwo dome nubabla aɖe te be woatsɔ axe mɔ ɖe dɔlékuiʋawɔnuwo toto vɛ, wo wɔwɔ, alo kɔlili wo ɖi nu. Nubabla sia, si nye Dɔlékuiwo Kple Aɖi Ʋawɔnuwo ƒe Nubabla (Biological and Toxin Weapons Convention [BTWC]) la, nye nubabla gbãtɔ si wowɔ tsɔ xe mɔ ɖe aʋawɔnu ƒomevi aɖe koŋ nu kpɔ. Gbagbãƒe si nɔ eŋu enye be womegblɔ mɔnu siwo dzi woato akpɔ egbɔ be dukɔwo le wɔwɔm ɖe seawo dzi hã o.

Mele bɔbɔe be woanya nenye be dukɔwo le dɔlékuiʋawɔnuwo wɔm o, elabena wote ŋu wɔa aɖaŋu kple sidzedze siwo wozãna le mɔ nyuiwo nu la ke ŋudɔ le dɔlékuiʋawɔnuwo hã wɔwɔ me. Nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu zazã ɖe “mɔ eve nu” alea naa wònɔa bɔbɔe be woaɣla dɔlékuiʋawɔnuwo wɔwɔ le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe kple nudokpɔƒe siwo dze abe dukɔa ƒe dɔwɔna si le se nu dzro aɖe ko wɔm wole ene la me.

Be woate ŋu akpɔ kuxia gbɔ la, dukɔ vovovo teƒenɔlawo dze dukɔwo dome tameɖoɖo kplikpaa aɖe dodo ɖa gɔme le ƒe 1995 me. Wotsɔ ƒe ade kple edzivɔ nɔ ŋugble dem le mɔ gobi siwo dzi woato atsɔ akpɔ egbɔ be dukɔwo wɔ ɖe BTWC ƒe nubablaa dzi la ŋu. Le December 7, 2001 la, ɖeko kwasiɖa etɔ̃ ƒe takpekpe aɖe si ame 144 de be woatsɔ alé ŋku ɖe ƒe 1972 ƒe nubablaa ŋu la va wu enu le zitɔtɔ me. Kuxiae nye be United States melɔ̃ ɖe mɔ vevi siwo dzi woda asi ɖo be woatsɔ akpɔ egbɔ be wowɔ ɖe BTWC ƒe nubabla dzi la dzi o. United States gblɔ be, mɔɖeɖe be ame bubuwo nanɔ ŋku lém ɖe woƒe mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ŋu anye mɔnukpɔkpɔ nana ŋkutsalawo.

Nusi Ava Dzɔ le Etsɔme

Viɖe kple afɔku siae le nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu ŋu. Wowɔa mɔ̃ɖaŋununya gã bubuwo ŋudɔ—abe gakpoŋutinunya, nusiwo wóna, nusiwo nana mɔ̃wo trona, nusiwo nana yameʋuwo dzona, kple elektrikmɔ̃ɖaŋu—menye le ŋutifafa ƒe tameɖoɖowo ɖeɖeko gome o, ke boŋ le aʋawɔwɔ hã me. Ðe wòava nɔ alea le nugbagbewo ƒe dzɔdzɔmetɔtrɔɖaŋu zazã hã gomea? Ame geɖewo ka ɖe edzi be ŋuɖoɖoae nye ẽ.

Nyatakaka aɖe si United States Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ Dzikpɔha na le ƒe 1999 me gblɔ be: “Ŋusẽ ava ɖo . . . ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo ŋu, eye ametsrɔ̃nu siwo te ŋu wua ame gbogbowo ava su wo dometɔ aɖewo si. . . . Ƒuƒoƒowo kple ame ɖekaɖekawo ƒe sesẽnyaʋlilawo ava nɔ dzidzim ɖe edzi, amesiwo anɔ ŋu ʋãm ɖe woƒe subɔsubɔha siwo ƒe dzixɔse le abe vivimehawo tɔ ene ŋu vevie, alo woanye amesiwo le didim be woabia hlɔ̃. Ŋɔdzinuwɔlawo ate ŋu awɔ mɔ̃ɖaŋununya si ŋudɔ dukɔ gã aɖewo ɖeɖeko wɔna tsã atsɔ adze ame gbogbo aɖewo dzi.”

Togbɔ be míenya nusi ava dzɔ le etsɔ si gbɔna kpuie me o hã la, míenya nusi Mawu ava wɔ na amegbetɔƒomea. Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime anyigbadzinɔlawo ‘anɔ anyi le dedienɔnɔ me, eye ame aɖeke mado voɖi na wo.’ (Xezekiel 34:28) Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ŋugbedodo fakɔname ma ŋu la, ke di Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me alo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Numekulawo le asi trɔm le mɔnu siwo dzi woato atsɔ axɔ ŋusẽ le “anthrax” si la ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Photo courtesy of Sandia National Laboratories

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Dɔlékuiʋawɔnuwo ƒe Takpekpe, le November 19, 2001, le Switzerland

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Donald Stampfli

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Biblia do ŋugbe be ɣeyiɣi ava si me amesiame ‘anɔ anyi le dedienɔnɔ me’