Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata Dzinyela Melɔ̃am O?

Nukata Dzinyela Melɔ̃am O?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Dzinyela Melɔ̃am O?

“Hafi fofonye nagbe danye la, míeyia ƒuta, míeɖua nu ɖekae, eye wòkɔa mí ɖe eƒe ʋu me míeɖia tsa yia teƒeteƒewo. Emegbe ɖeko ye katã tɔ zi ɖeka. Fofonye ƒe nɔnɔme trɔ. Ewɔ nam be ɖe wògbe nye hã ene.”​—Karen. *

SƆHƐ gbogbo aɖewoe nye amesiwo toa nɔnɔme sia tɔgbe me. Abe Karen ene la, wova senɛ le wo ɖokui me be yewo dada alo yewo fofo megalɔ̃a yewo o—alo be meɖe lɔlɔ̃ fia yewo kpɔ o. Menye fɔbuameɖokui ƒe seselelãme si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa le sɔhɛwo kple wo dzilawo dome ye míewɔnɛ o; eye menye dziku si wodona ɖe dzilawo ƒe tohehe aɖe ŋu ɣeaɖewoɣi hãe o. Ke boŋ ɣeaɖewoɣi la, dzilawo ɖia fɔ ŋutɔŋutɔ le ɖekematsɔleme, eɖoɖo koŋ agbe beléle kple amehehe siwo hiã la nana wo viwo. Le go bubu me la, ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ame ŋu, si me dzugbewo zazã alo ƒoƒo nɔna gɔ̃ hã yia edzi.

Naneke mevea ame abe dzila ƒe ɖekematsɔleme ene o. Karen gblɔ be, “Ena mesena le ɖokuinye me be womehiãm o eye wogblẽm ɖi.” Ne ège ɖe nɔnɔme sesẽ ma tɔgbe me kpɔ la, ke de ŋugble le aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu wò seselelãmewo dzi ŋu. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne dziwòla aɖe mekpena ɖe ŋuwò o hã la, àte ŋu akpɔ dzidzedze le agbe me!

Dziwòla Nyanya

Gbã la, esɔ be nàkpɔ mɔ be dziwòla nalɔ̃ wò. Ele be dzila ƒe lɔlɔ̃ nanye dzɔdzɔmenu si wòanɔ ɖeɖem fia via ɖaa abe alesi ɣe dzena godoo ene. Mawu di tso dzilawo si be woaɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbe afia. (Kolosetɔwo 3:21; Tito 2:4) Ekema nukatae dzilawo metsɔa ɖeke le eme na wo viwo o, wogblẽa wo ɖi, alo wɔa ŋlɔmi le wo ŋu ɣeaɖewoɣi?

Nu vevi ɖeka si gbɔ wòate ŋu atsoe nye nusi teƒe woa ŋutɔwo kpɔ le agbe me. Bia ɖokuiwò se be, ‘Afikae dzinyelawo srɔ̃ vinyinyi le? Le go geɖe me la, ɖeko dzilawo srɔ̃a nu tso nɔnɔme siwo me woto le ɖevimenɔɣi esi wole wo dzilawo gbɔ me. Eye le míaƒe egbexexe si me ŋutasesẽ le, si me “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o” bɔ ɖo la, vodadawo megbea hehe si tɔgbe wonana me nɔnɔ o. (Timoteo II, 3:1-5) Ɣeaɖewoɣi la, nusi va dzɔna enye be nɔnɔmea yia edzi trena ɖe enu, eye dzilawo sẽa ŋuta le wo viwo ŋu abe alesi wowɔ ɖe woawo hã ŋu kpɔ va yi ene.

Gakpe ɖe eŋu la, susu vovovowo ate ŋu ana dzilawo manɔ dzidzɔ kpɔm kura o. Wo dometɔ aɖewo dzea agbagba be yewoasi le nɔnɔme wɔnublanui kple dziɖeleameƒowo nu eye woƒoa wo ɖokui ɖe dɔwɔwɔ, ahasesẽnono, alo atikevɔ̃ɖiwo zazã me vĩ. Le kpɔɖeŋu me, William kple Joan tsi le wo fofo si nye ahamula ƒe kpɔkplɔ te. Joan gblɔ be, “Esesẽna na mía fofo be wòakafu mí. Gake nusi gavɔ̃ɖi wue nye dziku si wòdona ne edze ahanono gɔme. Ebluna ɖe danye dzi fiẽ bliboa katã. Mevɔ̃na enuenu.” Ne dzilawo mewɔa ŋutasẽnuwo wòdzena gaglã o gɔ̃ hã la, woƒe agbenɔnɔ ate ŋu ana ŋutete boo aɖeke manɔ wo ŋu be woatsɔ lɔlɔ̃ kple beléle si hiã ana wo viwo o.

William see le eɖokui me be yese nusi gbɔ ye fofo ƒe nɔnɔme tramaa la tso gɔme. Egblɔ be: “Fofonye tsi le Berlin, Germany, le Xexemeʋã II lia wɔɣi. Esi wònɔ ɖevime la, eto ŋɔdzi gbogbo aɖewo me eye wòkpɔ ame geɖe ƒe ku teƒe. Ele nɛ be wòatso hloloe gbesiagbe hafi akpɔ nane aɖu. Mekpɔe be nusiwo me fofonye to gblẽ nu geɖe le eŋu.” Nyateƒee, Biblia lɔ̃ ɖe edzi be amesiwo wote ɖe anyi vevie ate ŋu awɔ nusi me susu mele o.—Nyagblɔla 7:7.

Ðe William kple Joan see le wo ɖokui me be nɔnɔme si me wo fofo to na etɔ dzɔ be wòawɔ nu ɖe wo ŋu nenemaa? William ɖo eŋu be: “Kpao. Matsɔ nusi dzɔ ɖe edzi va yi atsɔ ado taflatse ɖe eƒe ahatsunono kple agbe maɖɔʋu nɔnɔ ŋu o. Gake enyanya alea kpe ɖe ŋunye mese nu geɖe gɔme na fofonye.”

Nyateƒe si wònye be dziwòlawo mede blibo o nyanya kple nusɔsrɔ̃ tso nɔnɔme siwo me woto ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe be nàse nu gɔme na wo. Lododowo 19:11 gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae.”

Wò Seselelãmewo Dzi Ðuɖu

Dziɖeleameƒo ƒe seselelãme bubu aɖewo ate ŋu anɔ fu wɔm wò le nɔnɔme siwo me tom nèle le aƒeme ta. Le kpɔɖeŋu me, Patricia dzila eveawo siaa ƒe ɖekematsɔleme na wòse le eɖokui me be “asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu o eye be womelɔ̃ ye o.” Esesẽna na LaNeisha be wòaka ɖe ŋutsuwo dzi elabena fofoa dzo le wo gbɔ esime wòxɔ ƒe enyi pɛ ko. Eye Shayla kuna ɖe amesiame kloe si wòado goe ŋu, be wòatsɔ aɖo beléle si wòhiã tso dadaa si ƒo eɖokui ɖe “atikevɔ̃ɖiwo zazã me” la tɔ teƒe.

Dziku kple ŋuʋaʋã hã ate ŋu anye kuxi. Esi Karen kpɔ fofoa si ɖe srɔ̃ bubu nɔ lɔlɔ̃ si wòdi be woatsɔ ana ye ɖem fia ƒome yeyea la, ena “wòʋã ŋu vevie le ɣeyiɣi aɖe me.” Ɣeaɖewoɣi la, Leilani kpɔe be yelé fu ye dzilawo kura gɔ̃ hã. Egblɔ be, “Mehea nya kple wo ɣesiaɣi.”

Seselelãme siawo katã sɔ, ne míebu nɔnɔme siwo wolɔ ɖe eme ŋu. Gake aleke nàte ŋu aɖu seselelãme gbegblẽ mawo dzi le mɔ nyuitɔ nu? De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Te ɖe Yehowa Mawu ŋu. (Yakobo 4:8) Àte ŋu awɔ ema to ɖokuisi Biblia xexlẽ kple kpekpe edziedzi kple eƒe amewo me. Ne èva kpɔ alesi Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋui la, àva nyae be enye nuteƒewɔla. Àte ŋu aka ɖe edzi. Yehowa bia Israel-viwo be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua?” Edo ŋugbe be: “Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” (Yesaya 49:15) Eyata do gbe ɖa edziedzi. Mègatsi dzi ɖe alesi nàtia wò nyawo pɛpɛpɛ agblɔ ŋu o. Esea nu gɔme na wò. (Romatɔwo 8:26) Nyae be Yehowa lɔ̃a wò ne edze abe ame aɖeke gɔ̃ hã melɔ̃ wò o ene.—Psalmo 27:10.

Gblɔ wò dzimenya na ame tsitsi aɖe si dzi nèka ɖo. Dze xɔlɔ̃ kple amesiwo tsi le gbɔgbɔ me. Gblɔ wò seselelãmewo kple dzimaɖitsitsiwo na wo faa. Àte ŋu akpɔ gbɔgbɔ me fofowo kple dadawo le Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe hamea me. (Marko 10:29, 30) Gake ahiã be nàɖe afɔ gbã agblɔ wò dzimenyawo na wo. Ame bubuwo mate ŋu anya wò seselelãmewo ne mègblɔe na wo o. Gbɔdzɔe si tsoa dzimenyawo gbɔgblɔ me ate ŋu anye akɔfafa ŋutɔŋutɔ na wò.—Samuel I, 1:12-18.

Nɔ nu nyui wɔwɔ na amewo dzi. Be nàƒo asa na blanuiléle la, dze agbagba be màganɔ nusi dzɔ ɖe dziwò ƒe akpa siwo ɖea dzi le ame ƒo ŋu bum o. Ke boŋ kpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo le asiwò ŋu. Ƒo ɖokuiwò ɖe mɔnukpɔkpɔ geɖe siwo li me, si ana be ‘màgakpɔ nusi nye wò ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ nàkpɔ nusi nye ame bubu tɔ la hã dzi!’ (Filipitɔwo 2:4) Ðo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo na ɖokuiwò, eye dzi nenɔ ƒowò be yeate ŋu aɖo wo gbɔ. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto be wò susu nanɔ ame bubuwo dzi eye mànɔ ɖokuiwò ko ŋu bum o.

Yi edzi nàde bubu dziwòlawo ŋu. Ðo ŋku edzi nàwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo kple dzidzenuwo dzi ɣesiaɣi. Wo dometɔ aɖee nye bubu dede dziwòlawo ŋu. (Efesotɔwo 6:1, 2) Bubu dede wo ŋu alea aɖe vɔ̃ teƒeɖoɖo, kple hlɔ̃biabia ƒe nɔnɔme ɖa. Ðo ŋku edzi be aleke ke dzila awɔ nu gbegblẽ ɖe ŋuwòe o, ema meɖe mɔ be nàwɔ nu gbegblẽ atsɔ aɖo eteƒe o. Eyata gblẽ wò nyawo ɖe Yehowa si me. (Romatɔwo 12:17-21) Enye amesi “lɔ̃a nya dzɔdzɔe” eye ametakpɔkpɔ ƒe lɔlɔ̃ sẽŋu le esi na ɖeviwo. (Psalmo 37:28; Mose II, 22:21-23) Esi nèyi edzi le bubu dem dziwòlawo ŋu la, dze agbagba nàtu Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo ɖo—vevietɔ lɔlɔ̃.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Àte Nu Akpɔ Dzidzedze

Ðikeke mele eme o be enyea nuxaxa na vi ne edzila melɔ̃e o. Gake mele be dzila ƒe kpododonu nakpɔ ŋusẽ ɖe amesi ƒomevi nàva zu dzi o. Àte ŋu awɔ tiatia si kpɔa dzidzedze si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ na ɖokuiwò to Biblia ƒe gɔmeɖose siwo míegblɔ va yi tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ mee dzi.

William si míeyɔ va yi nye ɣeyiɣiawo katã ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe. Egblɔ be: “Yehowa na dɔwɔnu geɖewo mí be míatsɔ aɖu nɔnɔme wɔnublanui siawo dzi. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe enye si be Fofo lɔ̃ame si le dziƒo si léa be na ame nanɔ ame si!” Nɔvianyɔnu Joan, nye subɔla si wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa, eye wòle subɔsubɔm le afisi gbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo wu le. Egblɔ be: “Esi míenɔ tsitsim la, míeva kpɔ vovototo gã ‘si le amesi subɔna Mawu kple amesi mesubɔnɛ o la dome.’” (Maleaxi 3:18) “Nusiwo me míeto na míeɖoe kplikpaa be míaʋli nyateƒea ta eye míawɔe mía tɔe.”

Ate ŋu ava eme le gowòme alea. Biblia gblɔ be: “Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.” (Psalmo 126:5) Aleke kpukpui sia ku ɖe nyaa ŋui? Ne èdo vevie nu le gɔmeɖose nyuiwo ŋudɔwɔwɔ me le nɔnɔme sesẽwo me la, dzidzɔ ava xɔ ɖe wò aɖatsiwo teƒe ne Mawu tsɔ yayrawo ɖo eteƒe na wò mlɔeba.

Eyata do vevie nu le tete ɖe Yehowa Mawu ŋu me. (Hebritɔwo 6:10; 11:6) Ne ƒe geɖe enye sia nèle dzimaɖitsitsi, dziɖeleameƒo, kple fɔɖiɖi ƒe seselelãmewo me tom gɔ̃ hã la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” anɔ wo dzi ɖem kpɔtɔ vivivi eye wòava xɔ ɖe wo teƒe mlɔeba.—Filipitɔwo 4:6, 7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe Nèsenɛ le Ðokuiwò me . . .

• Be viɖe alo wɔna aɖeke mele ŋuwò oa?

• Be masɔ alo nunya manɔ eme be nàka ɖe ame bubuwo dzi oa?

• Be yehiã na dzideƒo ɣesiaɣia?

• Be yemete ŋu ɖua dziku alo ŋuʋaʋã dzi oa?

Ne èɖo biabia siawo ŋu be ẽ la, ekema gblɔe na dziwòla alo hamemegã si dzi nèka ɖo, alo gbɔgbɔ me xɔlɔ̃ tsitsi aɖe kaba.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Wɔ afɔɖeɖe nyui siwo akpe ɖe ŋuwò be nàɖu wò seselelãmewo dzi