Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vivisese Yometilawo—Nukatae Wodoa Dzidzɔ Ðe Afɔkunuwo Ŋu?

Vivisese Yometilawo—Nukatae Wodoa Dzidzɔ Ðe Afɔkunuwo Ŋu?

Vivisese Yometilawo​—Nukatae Wodoa Dzidzɔ Ðe Afɔkunuwo Ŋu?

LE BLEMA Roma ƒe avuwɔƒe la, ameha dzidzɔkpɔla—siwo ƒe xexlẽme ade 50,000—nɔa mɔ kpɔm vevie. Wɔnaawo ƒe boblododo si kaka de didiƒe be anye “nukpɔkpɔ tɔxɛ dodzidzɔname si mele be wòato ame ŋu o” na wotsi dzi ɖe eŋu vevie.

Togbɔ be amewo ƒoa ƒu ɖe fefewɔƒe siwo te ɖe wo ŋu si me wokpɔa akunyawɔwɔwo, ɣeɖuɖuwo, nuɖikokoewo, kple nukokoedonamelawo ƒe wɔna ɖeɖefiawo le hã la, nusi dzɔna le avuwɔƒea ya toa vovo kura. Wova ŋlɔa alesi zikpui sesẽawo na wotsi mavomavo kple ŋkekea me ƒe fuɖenamewo be kpuie ne wova le dzidzɔdonu wɔnuku si woava ɖe afia wo la kpɔm.

Azɔ hadzilawoe nye ma do gbɔna eye nunɔla si le eƒe awu ʋlaya me la le wo yome. Emegbe lifitsɔlawo le legba siwo nye mawuwo kple mawunɔ siwo wokɔ ɖe dzi be woakpɔ la ŋgɔ va yina. Nusiawo nana wobua wɔnaa be mawuwo ƒe yayra le edzi.

Lãwo Wuwu

Fifia modzakaɖeɖea ƒe akpa veviawo gbɔna egɔme dze ge. Gbã la, woɖea asi le golowo kple sɔveda, siwo vavalawo dometɔ geɖewo mekpɔ kpɔ o la ŋu be woage ɖe avuwɔƒea, afisi womate ŋu asi le o. Aŋutrɔdala bibiwo tsɔa da kple aŋutrɔ wua lã wɔnamanɔsitɔ siawo vaseɖe esime wo katã ku vɔ keŋkeŋ be wòado dzidzɔ na nukpɔla vivisese yometilawo.

Emegbe wokplɔa atiglinyi gã eve siwo ƒe tsyowo ŋu wode gaɖu tsuɛ̃woe be woawɔ avu kutɔkutɔe atsɔ aɖe modzakae na ameha siwo le aseye tsom. Woƒoa asikpe sesĩe ne lã klitsuawo dometɔ ɖeka xɔ abi vevie hemu dze anyi ɖe ke ƒoʋu la me. Ðeko nukpɔkpɔ siawo naa wɔna ŋutɔŋutɔ si gbɔna le aɖabaƒoƒo ʋɛ siwo le ŋgɔ me la gadzroa nukpɔlawo vevie.

Wɔna la Ŋutɔŋutɔ

Ameha siwo le mɔ kpɔm na vivisese la tsona ɖe tsitre yoo ne avuwɔlawo va do ɖe avuwɔƒea. Wo dometɔ aɖewo kplaa yiwo kple akpoxɔnuwo heɖɔa gakukuwo alo tsɔa adekpuiwo ɖe asi, eye ɖewo metsɔa aʋawɔnu boo aɖeke ɖe asi o eye wonɔa awu falɛfalɛwo me. Wowɔa avu ŋkume kple ŋkume, eye zi geɖe wowɔnɛ vaseɖe esime ame ɖeka alo ame evea siaa ku eye nukpɔlawo doa dzidzɔɣli sesĩe. Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be le wɔna ɖeka aɖe me la, wowu lã 5,000 le ŋkeke 100 me. Le wɔna bubu aɖe me la, avuwɔla 10,000 ye ku. Ke hã amehawo ganɔa ɣli dom be woagawɔ bubuwo.

Hlɔ̃dolawo kple amesiwo wolé le aʋa me koŋue wozãna le avuwɔwɔa me ɣesiaɣi. Gake nyatakaka aɖe gblɔ be, “mele be míatɔtɔ wo kple yivuwɔla bibi siwo wɔa avu kple avuwɔnuwo hekpɔa ga gbogbo tsoa eme, siwo menɔa tohehe aɖeke te o.” Le teƒe aɖewo la, yivuwɔlawo dea suku tɔxɛwo va srɔ̃a alesi wowɔa avu ŋkume kple ŋkume. Ne avuwɔwɔa va le wo nu vivim la, womegate ŋu dzudzɔna o. Edzroa wo vevie be woagawɔ avu ake ɣebubuɣi. Nyatakaka aɖe ƒo nya ta be, “avuwɔla si kpɔ dzidzedze enye amesi te ŋu wɔ avu blaatɔ̃ de goe hafi xɔ dzudzɔ.”

Avuwɔwɔ Kple Nyitsu

Xexeame ge ɖe ƒe akpe yeye me le míaƒe ɣeyiɣia me. Gake edze kɔte be dzodzro sẽŋu ma gakpɔtɔ le ame geɖe siwo doa dzidzɔ ɖe kamedefefe siwo me afɔku le la ŋu, vevietɔ esiwo me ame kuna le. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa geɖe enye esia si avuwɔwɔ kple nyitsu va zu nuwɔna xɔŋkɔ aɖe le Anyiehe Amerika kple Mexico. Egbea la, enye nusi yia edzi vevie le Latin Amerika, Portugal, kple Spain.

Woka nya ta be avuwɔƒe siwo anɔ 200 ye le Mexico eye esiwo wu 400 le Spain. Avuwɔƒe ɖeka le Mexico te ŋu xɔa ame 50,000. Amewo yɔna avuwɔƒe siawo fũ be yewoakpɔ ŋutsu siwo va be yewoate ka me kple nyitsu wɔadã siwo lũna ɖe wo dzi. Vɔvɔ̃ ɖesiaɖe si nyivuwɔla la aɖe afia ana dzi naɖe le ameha siwo le dzidzɔɣli dom la ƒo.

Fifia nyɔnu avuwɔlawo va le nyivuwɔlawo zum, eye wokpɔa ga dɔlar miliɔn geɖe le nyitsuwo wuwu me. Nyɔnu nyivuwɔla aɖe si wobia gbe le television dzi gblɔ be naneke mate ŋu aɖi kɔ na yeƒe vivisese ƒe dzodzroa wu be yeanɔ to me nyi nalũ ɖe ye dzi o, togbɔ be amewo vɔ̃na be woate ŋu atu dzo ame wòaku gɔ̃ hã.

Nyitsuwo ƒe Duƒuƒu

Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ameha siwo ƒo ƒu ɖe Sixto nuɖuɖudzraƒe si le Pamplona ƒe mɔ si ŋkɔe nye Calle Estafeta to la nɔa fli ene me, eye woƒe ɣli nɔ ɖiɖim madzudzɔmadzudzɔe. Wonɔa gbegbɔgblɔ vovovowo dom—Basque, Castile, Catalonia, kple Eŋlisi gbewo.” Amehaa vana kaba be yewoakpɔ wɔnaa teƒe. Wodzraa nyitsu siwo wozãna le nyivuwɔwɔa me la ɖo ɖe kpo si didi tso avuwɔƒea gbɔ agbadroƒe afã ko la me.

Le ŋkeke si woawɔ avua ƒe ŋdi me la, woʋua agbo le nyitsu ade nu, eye wòsusɔna ɖeka si ava wɔ avu le zã ma me la ɖi. Mɔawo nye kpɔdomemɔ eye wotsɔa nuwo xea afisiwo mɔwo dze to. Esia wɔnɛ be nyitsuawo kpɔa ŋgɔ tẽ nɔa du dzi va gena ɖe avuwɔƒea, si axɔ abe aɖabaƒoƒo eve ene ne nusianu tsɔ afɔ nyuie.

Ƒe aɖewo va yi la, ŋutsu siwo lɔ̃a ɖikeke la tso nya me be yewoado yewoƒe ŋutete kpɔ asi du le nyitsuawo ŋgɔ. Ƒe sia ƒe la, ame aɖewo gatenɛ kpɔna kokoko. Vivivi la, eva zu dukɔwo dome nuwɔna. Nyitsuawo dea abi wo dometɔ geɖewo ŋu vevie, eye wotu dzo bubuwo woku. Duƒula siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Enye vodada gã aɖe wɔwɔ be nàsusu be yeate ŋu aƒu du womatu wò o.” Spaintɔwo ƒe Atitsoga Dzẽ habɔbɔ gblɔ be le ƒe 20 me le “mama dedie nu la, wotua dzo ame aɖe wòxɔa abi vevie gbesiagbe.” Wokpɔa ame 20 va ɖo 25 siwo xɔ abi hã gbɔ gbesiagbe.

Nukatae afɔkunu siawo doa dzidzɔ na amewo alea gbegbe? Duƒulawo dometɔ ɖeka ɖo eŋu be: “Ɣeyiɣi kpui si nèle afima kple nyiawo, hele du sim, hele woƒe ʋeʋẽ sem, hele woƒe afɔziwo sem, hele woƒe dzowo kpɔm wole dzi yim le anyi vam eye wote tu wò hele megbewò sentimeta ʋɛ aɖewo ko—emae nye vivisese si ʋaa amewo wokpɔa gome le [du sia sisi] me ɖo.” Amehawo ƒe dzidzɔɣlidodo dea dzi ƒo na duƒulawo. Ðe dzi aɖe le ame aɖewo ƒo ne womekpɔ wotu dzo duƒula aɖe ƒu anyi oa, alo ɖe dzi aɖe le wo ƒo ne wokpɔ nyitsu si ƒe kpekpeme ade kilogram 680 lũ ɖe duƒulaa dzi eye wòtu dzoe xlã ɖe anyia? Ðe ʋukɔkɔɖi teƒe kpɔkpɔ ado dzidzɔ na wo abe alesi wodoa dzidzɔ na ameha siwo nɔ Romatɔwo ƒe avuwɔƒe enea?

Vividodo ɖe Fefe Siwo Wua Ame Ŋu

Gakpe ɖe eŋu la, ame aɖewo li siwo wòdzrona vevie be yewoafe kple ku le mɔ bubuwo nu. Ame aɖewo tsɔa dzokeke wɔa kalẽ hedzona toa kaa 50 si wotɔ ɖe wo nɔewo xa la ta alo dzona toa bɔs agbɔsɔsɔ aɖe ta alo dzona toa ʋɛ gã aɖewo ta. Dzokeke kalẽwɔla siawo dometɔ ɖeka ka nya ta be yeŋe ƒu 37 le yeƒe lãme eye yenɔ ɖi me ŋkeke 30 kpɔ. Egblɔ be: “Ƒu alo abɔ ŋeŋe megaɖi naneke nam o. . . . Wokom zi gbɔ zi wuieve hetrɔ asi le nye ƒuwo ŋu. Ɣeyiɣi siawo mee wowɔa dɔ nam eye woƒoa ga gbadzɛ alo ga lee ɖe nye lãme. Ewɔ nam be woƒo ga lee blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alo blane ɖe menye be woalé nye ƒuwo ɖe asi. Medea kɔdzi edziedzi.” Esi wonɔ dzadzram ɖo ɖe dzokeke kalẽwɔwɔ aɖe ŋu gbeɖeka eye nuvevi wɔe si na mete ŋu ti kpo to kaa agbɔsɔsɔ aɖewo ta o la, amehawo do ɣli yoo dziɖeleameƒotɔe.

Vivisese yometila geɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe kamedede siwo gbɔ eme me, si ƒe ɖewo me afɔku le, abe dziƒoxɔ kɔkɔ ƒe gliwo lialia ametakpɔnu manɔmee, agaɖiɖi tso sno-to siwo ɖi abu meta 6,000 dzi, dzodzo tso nu kɔkɔwo abe xɔ tsralawo kple tɔdzisasrãwo tame, xexigolo tsɔtsɔ dzoe tso yameʋu me esime wokpa wò ɖe ame bubu ƒe dzime, alo sno-to ɖiabu lialia si me wometsɔa naneke ɖe asi tsɔ wu fia suewo ko o ene. Toliala aɖe fa konyi be: “Eva dzɔna be xɔ̃nye etɔ̃ alo ene kuna ƒe sia ƒe.” Esiawo nye kalẽwɔwɔ si me afɔku le siwo va bɔ ɖe kamedefefewɔlawo dome le xexeame godoo dometɔ aɖewo ko. Nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Afɔku si le kamededeawo mee nana wodzroa amewo.”

Woŋlɔ ɖe U.S.News & World Report magazine me be: “Kamedede siwo me afɔku le wu gɔ̃ hã va le aƒe xɔm ŋutɔ. Dzodzo le yameʋu me, si me amesiwo bi ɖe xexigolo tsɔtsɔ dzoe me ɖea goglomi le yame le nu gbadzɛ siwo le abe afɔkpa ene dzi tso kɔkɔƒe si anɔ meta 4,000 vana anyi, menɔ anyi le ƒe 1990 me o; fifia ame geɖewo le didim vevie be yewoakpɔ gome le eme. Eye kamedefefe aɖe si me wodzona tso nu kɔkɔwo tame si woyɔna be BASE jumping si woɖo anyi le se nu le ƒe 1980 me la, dzroa ame alafa geɖewo, eye wodzonɛ—zi geɖe le se dzi dada me le zã me—tsoa nuwo tame abe radio dɔwɔƒe xɔ kɔkɔwo kple tɔdzisasrãwo ta me.” Kamedefefe sia wu ame gbogbo aɖewo xoxo. Edzola bibi aɖe gblɔ be: “Womexɔa abi le BASE jumping me zi geɖe o. Nusi dzɔna koe nye be nàtsi agbe loo alo nàku.”

Agakpewo lialia le to kɔkɔwo dzi si me womeléa naneke ɖe asi o ke boŋ asibidɛwo kple afɔbidɛwo ko wozãna la hã dzroa ame akpe geɖewo. Television dzi kple magazine me boblododo siwo doa boblo ʋu gãwo va ɖo taɖuitike dzi gɔ̃ hã ɖea toliala siwo tsi ɖe to ɖiabuwo ŋu vie ko meta alafa nanewo le yame eye ka lee aɖe koe le wo ɖe asi la fiana le boblododoawo me. Woka nya ta be le ƒe 1989 me la, ame 50,000 le United States te kpɔ be yewoakpɔ gome le kamedefefe sia me; nyitsɔ laa gɔ̃ hã edzro amesiwo ƒe xexlẽme anɔ miliɔn afã be yewoakpɔ gome le eme. Amesiawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo.

Family Circle magazine ka nya ta le United States be: “Ŋutsuvi kple nyɔnuvi ‘dzaa’ siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la kuna alo zua nuwɔametɔ le gomekpɔkpɔ le fefe wɔmoyaa siwo me afɔku le la ta.” “Ʋutamenɔnɔ”—si me wotoa ʋufesre me va nɔa tsitre ɖe ʋua tame esime wòle du dzi sesĩe—alo dziƒoxɔliamɔ̃ tame nɔnɔ esime wòle dɔ wɔm alo tsitrenɔnɔ ɖe keteke si to tomemɔ yina dzi wu sɔhɛ geɖewo.

Everest-to kɔkɔa lialia gɔ̃ hã va nye nusi me amewo le wo ɖokui ƒom ɖo ale gbegbe. Toliala siwo mexɔ hehe boo aɖeke o gɔ̃ hã xea dɔlar 65,000 be woakplɔ yewo ayi toa dzi agagbɔe. Tso ƒe 1953 la, amesiwo wu 700 ye ɖo toa tame. Wo dometɔ geɖe mete ŋu trɔ gbɔ o. Woƒe ŋutilã kuku aɖewo gakpɔtɔ le afima. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ be: “Tolialawo ʋlia ho fifia be yewoaxɔ ŋkɔ abe ɖevi suetɔ kekeake, ame tsitsitɔ kekeake, kple ame ɖabletɔ kekeake si de Everest-to tame kpɔ.” Nuŋlɔla bubu ŋlɔ be: “To vovo na kamedede bubuwo la, tolialia bia be amesiwo yina nanɔ klalo be yewoate ŋu aku.” Ðe wòle be ame naƒo eɖokui ɖe afɔku me atsɔ afia be yenye kalẽtɔa? Toliala bibi aɖe xlɔ̃ nu be: “Kalẽtɔnyenye mefia be woanɔ movinuwo wɔm o.” Nusiwo wòyɔ de “movi nuwɔnawo” dome ƒe ɖee nye “Everest-to lialia ‘si me afɔku le’ na amesiwo menya eŋu hafi dena o.”

Eye alea koe nɔnɔmea nɔna. Seɖoƒe mele afɔkunuawo ƒe xexlẽme kple eƒomevi siwo le bɔbɔm le xexeame godoo egbea ŋu na amesiwo le didim be yewoato yeyewo vɛ o. Susuŋutinunyala aɖe gblɔe ɖi be kamedefefe si gbɔ eme, si me amewo ƒoa wo ɖokui ɖo ɣeyiɣi kpui aɖe la, “ava zu kamedefefe vevitɔ si wowɔna kple esi wokpɔna wu le ƒe alafa 21 lia me.”

Nukatae Wowɔnɛ Ðo?

Ame geɖe siwo ƒoa wo ɖokui ɖe kamedefefe si gbɔ eme me la gblɔna be modzaka tae yewowɔnɛ ɖo. Esi gbesiagbe dɔ va ti kɔ na ame aɖewo la, woɖe asi le wo ŋu eye wova le wo ɖokui ƒom ɖe dɔ yeye si me wowɔa kamedefefe siwo gbɔ eme le la me. Ame aɖe si wɔe alea gblɔ be: “Meva nɔ dzodzom le nu kɔkɔwo dzi be wòana mase vivi ne maŋlɔ nye kuxiwo be. Medzona eye wònɔna nam abe kuxi aɖeke mele dzinye o ene.” Magazine aɖe gblɔ le eŋu be: “Enye amesi bi ɖe dzodzo le nu kɔkɔwo tame me si dzo ʋuu zi gbɔ zi 456, si ƒe ɖewoe nye dzodzo tso Yosemite ƒe El Capitan (to aɖe), San Francisco Bay Bridge (tɔdzisasrã aɖe), kple ʋu si wotsi ɖe ya me wòkɔkɔ wu ɖesiaɖe le xexeame si le France dzi.”

Ame bubu aɖe si ƒo eɖokui ɖe kamedefefe si gbɔ eme me gblɔ be: “Enɔna abe ɖe ɣeyiɣi meva yina o ene. Màgatsɔ ɖeke le nusi le edzi yim le xexeame me o.” Bubu gblɔ be: “Nusiwo míewɔna tsɔ ɖea modzaka [si me ame geɖewo xɔa fetu hã le la], ame akpa gãtɔ mawɔe ne wolé tu ɖe wo dzi gɔ̃ hã o.” Newsweek magazine gblɔ be: “Wo katã woɖonɛ kplikpaa be yewoase vivi geɖe.”

Susuŋutinunyala aɖewo wɔ numekuku deto ku ɖe vivisese yomenɔnɔ ŋu. Wo dometɔ ɖeka de dzesi vivisese yometilawo be vivisese ƒe amenyenye aɖe koŋ le wo me. “Vivisese” siawo ƒe ɖewoe nye be woakatse awɔ nane kpɔ, aɖi kɔ na dzodzrowo, adi dzidzɔ, kple be woanyɔ seselelãme ɖe wo ɖokui me. Egblɔ be: “Ame aɖewo kpɔa egbɔ be yewole dedie le agbe me—heléa sewo kple kɔnuwo me ɖe asi. Amesiwo lɔ̃a vivisese meléa se kple kɔnu siawo me ɖe asi o. Wowɔa nusi dzea woa ŋutɔwo ŋu.” Egblɔ be numekuku ɖee fia be mɔ gã me fɔku siwo dzɔna ɖe amesiwo me vivisese ƒe amenyenye le dzi la sɔa gbɔ wu ame bubuwo tɔ teƒe eve. “Afɔku me dzedze koŋue wua sɔhɛwo wu, nusita wòdzɔna alea zi geɖe enye be woƒoa wo ɖokui ɖe nusi me afɔku le me be yewoaɖi kɔ na yewoƒe nudzodzrowo.”

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple susuŋutinunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be mele dzɔdzɔmenu be ame nati kamedefefe si me afɔku gã ŋutɔ nɔna yome o. Afɔkunuwɔna si naa ame geɖewo dzea afɔku vevie eye wova nɔa dɔnɔ kɔdzi kple dɔdaƒewo ɣeyiɣi didi aɖe hafi va hayana eye wogava yia ewɔwɔ dzi la, fia be nane gblẽ le woƒe susu ŋu. Gake zi geɖe la, amesiawo nyea amesiwo ƒe susu de ŋgɔ ŋutɔ.

Numekulawo menyaa nusi tututu ʋãa vivisese yometilawo be woade woƒe agbe afɔku me alo awɔ nusi ana woaŋe afɔ alo abɔ o. Ŋuɖoɖo si wòna fia be nya aɖe anya ku ɖe woƒe ahɔhɔ̃ ŋu. Wogblɔna be: “Màte ŋu axe mɔ na wo be woadzudzɔ vivisese yomenɔnɔ o, gake àte ŋu adze agbagba ana woaƒo asa na wo ɖokui ƒoƒo ɖe nusi ahe ku vɛ na wo me. Ne màte ŋu ana woadzudzɔ o gɔ̃ hã la, àdi be woaƒo asa na ame bubuwo ƒe agbe dede afɔku me.”

Kristotɔ ƒe Nukpɔsusu

Kristotɔwo bua agbe be enye nu xɔasi aɖe tso Yehowa Mawu gbɔ. Ne ame aɖe ɖoe koŋ ƒo eɖokui ɖe afɔkunuwɔna aɖe me hewɔa nusi me nunya mele o be yeatsɔ aɖe yeƒe kalẽwɔwɔ—yeƒe ŋutsunyenye—afia alo ana amehawo nakpɔ dzidzɔ alo atsɔ aɖi kɔ na ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nudzodzro la, ekema ele gbɔ ɖim agbenunana wɔnuku si Mawu na mí. Le nyateƒe me la, Yesu de bubu deto agbe ŋu eye meƒo eɖokui ɖe afɔku me yakatsyɔ o. Medi be yeate Mawu kpɔ o.—Mateo 4:5-7.

Ele na Kristotɔwo hã be woade bubu agbe ŋu nenema ke. Kristotɔ aɖe ŋlɔ be: “Melia to ɖiabu aɖe gbeɖeka eye meva xaxa nyemegate ŋu maliae ayi dzi loo alo aɖi o. Va de asi na egbegbe la, eblea fu lãme nam le alesi wòkpɔtɔ vie meku kloe la ta. Ku dzodzro ka gbegbe wòanye nam hafi!”

Kristotɔ sɔhɛ aɖe ŋlɔ be: ‘Ðevi siwo le afisi mele la kpɔa gome le vivisese ƒe kamedefefe siawo me. Wodzena agbagba ɣesiaɣi be yewoana maƒo ɖokuinye ɖe eme. Ke hã mesenɛ le nyadzɔdzɔ siwo wogblɔna me zi geɖe be amewo kuna alo xɔa abi vevie tso nusi ɖevi siawo gblɔna nam be enye vivisese la me. Mekpɔe dze sii be anye nusi me nunya mele o be made agbe si Yehowa Mawu nam la afɔku me ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivisese ta.’ Enye míaƒe didi be tamesusu kple nyametsotso si da sɔ nanɔ asiwò nenema ke.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]

© Reuters NewMedia Inc./CORBIS

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 22]

Steve Vidler/SuperStock