Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mɔkpɔkpɔ na Ŋutifafa Le Bubuma?

Ðe Mɔkpɔkpɔ na Ŋutifafa Le Bubuma?

Ðe Mɔkpɔkpɔ na Ŋutifafa Le Bubuma?

“Egbea la, míesenɛ le mía ɖokui me be míele agbe . . . le ahomya sesẽ aɖe si nye afɔku, si tɔgbe medzɔ kpɔ o la titina.”​—“La Repubblica” nyadzɔdzɔgbalẽ, Rome, Italy.

ŊƆDZINUWƆLAWO ƒe ŋɔdzinu siwo wowɔ ɖe New York City kple Washington, D.C. ŋu, le ƒe si va yi me, na be ame geɖe ŋutɔ va le vɔvɔ̃m ɖe ameƒomea ƒe etsɔme ŋu. Woɖe television dzi nukpɔkpɔ ku ɖe Xɔ Kɔkɔ Eve siwo nɔ bibim​—tsɔ kpe ɖe nɔnɔme wɔnublanui si me agbetsilawo nɔ—​ŋu fia zi gbɔ zi geɖe. Nukpɔkpɔ siawo doa nuxaxa na amewo le xexeame godoo. Tsɔ kpe ɖe nuxaxa ma ŋu la, amewo va le sesem le wo ɖokui me be xexeame ɖo ɣeɣiɣi sesẽ aɖe me azɔ. Alea wòle nyateƒea?

Aʋa dzɔ tso September 11, 2001, me. Eteƒe medidi o, dukɔ siwo menyina tsã o va wɔ ɖeka be woaɖe ŋɔdzinuwɔnawo ɖa. Kpuie ko la, amesiwo ku kple nusiwo dome gblẽ la sɔ gbɔ ale gbegbe. Gake ɖewohĩ tɔtrɔ aɖe si ɖe dzesi wu le ame geɖe gome le xexeame katãe nye dediemanɔmanɔ, kple alesi wosenɛ le wo ɖokui me be ame aɖeke mele dedie ŋutɔŋutɔ le afi aɖeke o.

Xexeame dziɖulawo kpɔe be yewole go dom kuxi gãwo. Nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple nyadzɔdzɔgblɔlawo dea ŋugble le alesi woate ŋu axe mɔ ɖe ŋɔdzinuwɔnawo nu be magakeke ta abe dzobibi ene o, esi wòdze abe koɖoɖo kple zazɛ̃nyahehe​siwo nye fukpekpe siwo dze abe ame aɖeke mate ŋu aɖe ɖa o ene​—gbɔe wòtsona ta. Madzɔmadzɔnyenye bɔ ɖe xexeame ale gbegbe be nusianu ate ŋu ahe ʋunyaʋunyawɔwɔ vɛ bɔbɔe. Ame ɖesiaɖe kloe bua eŋu nenye be woava ɖe kuxi siwo ɖea fu na amewo ɖa gbaɖegbe. Ðe aʋawɔwɔ​—tsɔ kpe ɖe nɔnɔme wɔnublanui, ku, kple nusiwo wògblẽna ŋu​—nu ava yi gbaɖegbea?

Ame miliɔn nanewo trɔna ɖe mawusubɔsubɔha xɔŋkɔwo ŋu hena biabia siawo ŋu ɖoɖo. Gake bubuwo kea ɖi. Ke wò ya ɖe? Ðe nèbui be subɔsubɔhakplɔlawo ate ŋu aɖo biabia mawo ŋua? Eye ɖe woƒe gbedodoɖawo ate ŋu ahe ŋutifafa vɛ nyateƒea?