Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Aŋe Aɖaba Aƒu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzia?

Ðe Mawu Aŋe Aɖaba Aƒu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Aŋe Aɖaba Aƒu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Dzia?

‘Nyemevɔ̃ɖi o! Medzea agbagba vevie be madzudzɔ agbebaɖanɔnɔ, gake ɖeko wòglom!’

ALEAE nèsena le ɖokuiwò mea, alo ènya ame aɖe si sena le eɖokui me nenema? Ame geɖe ƒo nya ta be mele bɔbɔe be woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo tsi ame si la dzi o. Aha sesẽ, atama, alo atike vɔ̃ɖiwo zazã zu numame na ame aɖewo. Ŋubiabiã xɔ aƒe ɖe ame bubu geɖewo me. Eye ame aɖewo hã ƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me vĩ kple susu be etsi yewo si xoxo.

Abe alesi wòdze le Mateo 26:41 ene la, Yesu ɖee fia tufafatɔe be yesea amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ gɔme. * Le nyateƒe me la, Biblia me nuŋlɔɖiwo katã ɖo kpe edzi eme kɔ ƒã be Yehowa Mawu kple Yesu kpɔa nublanui na amegbetɔwo vavã. (Psalmo 103:8, 9) Gake ɖe míanɔ mɔ kpɔm be Mawu aŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo katã dzia?

Mose Kple Dawid

De ŋugble le nuŋlɔɖi si ku ɖe Mose ŋu kpɔ. Wonyae be enye amesi “fa wu amesiwo katã le anyigba dzi,” eye eʋli vevie be yealé nɔnɔme nyui ma me ɖe asi. (Mose IV, 12:3) Le Israel-viwo ƒe mɔzɔzɔ le gbea dzi me la, wowɔa nu madzemadzewo zi geɖe eye womedea bubu Mawu kple eƒe amedɔdɔwo ŋu o. Ke hã Mose di Mawu ƒe mɔfiafia ɖokuibɔbɔtɔe.—Mose IV, 16:12-14, 28-30.

Gake esi wòkpɔtɔ vie woawu woƒe mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋua nu la, dzi va kui ɖe dukɔ bliboa ŋu eye wòda le Mawu ƒe mɔfiafia dzi. Mawu tsɔe kee, gake ɖe Wòŋe aɖaba ƒu nudzɔdzɔ ma dzia? Ao. Egblɔ na Mose be: “Mieɖo ŋu ɖe ŋunye o . . . , eyata miakplɔ ha sia ade anyigba, si matsɔ na wo la dzi o.” Mose made Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Le fukpekpe ƒe 40 sɔŋ ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ mawo katã ta megbe la, blibomademade na teƒeɖoɖoa to eŋu.—Mose IV, 20:12.

Fia Dawid hã nye mawuvɔ̃la bubu si ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔ nɔ. Eva ɖo ɣeaɖeɣi si megate ŋu ɖu eƒe seselelãme dzi o eye wòdɔ kple ame bubu srɔ̃. Edze agbagba be yeatsyɔ nu edzi eye wòna wowu srɔ̃aŋutsua. (Samuel II, 11:2-27) Emegbe eva se veve ɖe eƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔa ta vevie, eye Mawu tsɔe kee. Gake Dawid tsrɔ̃ ƒome aɖe, eye Yehowa mekpɔ eta le dzɔgbevɔ̃e si va ɖe eyome me o. Dawid viŋutsuvia dze dɔ vevie, eye Yehowa mexɔ nɛ o togbɔ be Dawid do gbe ɖa ɖe eta hã. Ðevia va ku, eye afɔku bubuwo kplɔ wo nɔewo ɖo va Dawid ƒe aƒea dzi. (Samuel II, 12:13-18; 18:33) Dawid kpe fu vevie ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ta.

Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be Mawu nana amegbetɔwo kpɔa woƒe agbebaɖanɔnɔ me tsonuwo. Ele be amesiwo di be yewoasubɔe naɖɔ nusiwo me wogbɔdzɔ le le gbɔgbɔmemenyenye me la ɖo eye woazu Kristotɔ ɖɔʋuwo. Ame geɖewo wɔe nenema le ƒe alafa gbãtɔ me.

Ʋiʋli be Woadzudzɔ Nuvɔ̃wɔwɔ

Wobua apostolo Paulo wòsɔ nyuie be enye Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe kpɔɖeŋuɖola. Gake ɖe nènya be enɔ ʋiʋlim ɣesiaɣi be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzia? Romatɔwo 7:18-25 ƒo nu tso ʋiʋli sia ŋu eme kɔ nyuie, eye kpukpui 23 yɔe be ‘aʋawɔwɔ.’ Paulo wɔ avu madzudzɔmadzudzɔe, elabena enya be nuvɔ̃ nu menya tsina o.—Korintotɔwo I, 9:26, 27.

Kristotɔ siwo nɔ blema Korintotɔ hamea me dometɔ aɖewo nye nugbegblẽwɔlawo tsã. Biblia gblɔ be wonye ‘matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu, fiafitɔwo, ŋubiãlawo, kple ahamulawo.’ Gake egagblɔ be “wole tsi na” wo. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Le mɔ ka nu? Wodo ŋusẽ wo kple sidzedze vavãtɔ, Kristotɔwo ƒe hadede, kpakple Mawu ƒe gbɔgbɔ be woadzudzɔ agbebaɖanɔnɔ. Mlɔeba la, Mawu va bu wo ame dzɔdzɔewo le Kristo ƒe ŋkɔ me. Ẽ, Mawu tsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo, eye wòna dzitsinya nyui su wo si.—Dɔwɔwɔwo 2:38; 3:19.

Paulo kple Kristotɔ siwo nɔ Korinto mebu woƒe nuvɔ̃menyenye nu tsɛ o. Ke boŋ wowɔ avu kpli wo, eye wokpɔ dziɖuɖu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ mawo va dze na kafukafu le agbenyuinɔnɔ me, togbɔ be nugbegblẽwɔwɔ ƒo xlã wo eye blibomademade ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ le wo ŋu hã. Ke míawo ya ɖe?

Mawu Di be Míaɖu Míaƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔ Dzi

Gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi ɖuɖu mana be wòaɖe ɖa keŋkeŋ o. Togbɔ be mele be míaɖe mɔ ɖe míaƒe blibomademade ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ŋu o hã la, míate ŋu aɖee ɖa keŋkeŋ o. Egbɔdzɔna ame le mɔ vovovowo nu wote ŋu va zua numamewo. Ke hã mele be míana ta o. (Psalmo 119:11) Nukatae esia le vevie?

Elabena Mawu meɖea mɔ be blibomademade nazu taflatsedonu ɣesiaɣi na agbebaɖanɔnɔ o. (Yuda 4) Yehowa di be amegbetɔwo nawɔ ɖɔɖɔɖo be woanɔ agbe nyui. Biblia la gblɔ be: “Mitsri nuvɔ̃.” (Romatɔwo 12:9) Nukatae Mawu tɔ afɔ to sesĩe alea gbegbe ɖo?

Susu ɖeka enye be mɔɖeɖe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋu gblẽa nu le ame ŋu. Biblia gblɔ le Galatiatɔwo 6:7 be: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” Zi geɖe la, amesiwo ɖea mɔ numãme aɖewo tsia wo si, alo biãa ŋu, alo nɔa agbegbegblẽ la ŋea wo me tsonu vɔ̃ɖiwo le woƒe agbe me. Gake eganye le susu aɖe si le vevie wu tae.

Nuvɔ̃wɔwɔ nye agɔdzedze le Mawu dzi. ‘Eklãa’ mía kple Yehowa dome. (Yesaya 59:2) Esi Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo nɔa nuvɔ̃wɔwɔ dzi ŋu o ta la, exlɔ̃ nu ame mawo be: “Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! . . . eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ.”—Yesaya 1:16.

Mía Wɔla la lɔ̃a ame eye wòkpɔa nublanui. “Melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Tanana le gbɔdzɔgbɔdzɔ me ɣesiaɣi mana Mawu nave mía nu o. Esi Mawu meŋea aɖaba ƒua míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi o ta la, mele be míawo hã míawɔe o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Yesu gblɔ be: “Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.”