Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mehiã Asitelefon Ŋutɔŋutɔa?

Ðe Mehiã Asitelefon Ŋutɔŋutɔa?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Mehiã Asitelefon Ŋutɔŋutɔa?

“Metsia mavomavo ŋutɔ eye dzi kuam ne asitelefon mele ŋunye o.”​—Akiko. *

ASITELEFON zazã va le aƒe xɔm ɖe dukɔ geɖe me egbea. Wo ŋudɔwɔwɔ le bɔbɔe. Xɔ̃wòwo kple dziwòlawo ate ŋu aƒo ka na wò ɣesiaɣi le afisiafi​—eye wò hã àte ŋu aƒoe na wo nenema ke. The Times nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London gblɔ be àte ŋu aɖo nyatakaka kpui siwo woŋlɔ hã ɖe amewo le eƒomevi aɖewo dzi, si “nye mɔnu yeye si sɔhɛwo le zazãm tsɔ le kɔ ɖim na kadodo me nɔnɔ kple amewo ƒe didi si le wo me.” Asitelefon, alo mobile phone, aɖewo li gɔ̃ hã si nàte ŋu atsɔ akpɔ nyawo le Internet dzi, eye wòana nàke ɖe Nyatakakadzraɖoƒe kple E-mail ŋu.

Ðewohĩ ɖe anya nɔ asiwò xoxo alo èle ɖoɖo wɔm be ɖe naka ye si. Le go evea siaa me la, àte ŋu ade ŋugble le nya sia ŋu be: “Nu nyui ɖesiaɖe la, gbegblẽƒe aɖe nɔa eŋu.” Ele eme baa be viɖe geɖe ate ŋu anɔ asitelefon ŋu ya. Gake àdi be yeabu gbegblẽƒe siwo le eŋu, eye ne èva tiae be yeaƒle ɖe gɔ̃ hã la, afɔku siwo le eŋu nyanya do ŋgɔ akpe ɖe ŋuwò nàzãe nyuie.

‘Bu Eŋu Kɔnta’

Yesu gblɔ gɔmeɖose si me nunya le be, hafi ame aɖe nawɔ nu vevi aɖe la, ele be “wòabu eŋu kɔnta” gbã. (Luka 14:28) Ðe woate ŋu awɔ gɔmeɖose ma ŋudɔ le asitelefonwo zazã gomea? Ẽ, woate ŋui. Ele eme baa be àte ŋu akpɔ asitelefon ɖe asi bɔbɔe dzi, alo esi ta màxe naneke ɖo o gɔ̃ hã. Gake Henna, si xɔ ƒe 17, de dzesii be “ezazã ŋuti fewo ate ŋu ayi dzi bobobo zi ɖeka nukutɔe.” Azɔ hã nu vovovo bubu siwo nɔa eŋu kple yeye siwo gale tsia dzi ƒeƒle ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu anɔ anyi ɣesiaɣi. Eyata Hiroshi gblɔ be: “Mewɔa ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ hedzraa ga ɖo be maƒle yeye siwo gato ƒe sia ƒe.” Sɔhɛ geɖewo wɔa nusia. *

Ne dziwòlawo lɔ̃ be yewoaxe ezazã ŋu fewo na wò hã la, ehiã be nàbu nusiwo wòlɔ ɖe eme ŋu. Kristotɔ dzikpɔla mɔzɔla aɖe si le Japan gblɔ be: “Vidada aɖewo gawɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ kpe dɔ si wowɔna be woate ŋu axe wo viwo ƒe asitelefon zazã ŋu fewo, nusi mehiã hafi o.” Màdi be yeada agba ma tɔgbe ɖe dziwòlawo dzi o!

“Egblẽa Ɣeyiɣi”

Ame geɖe siwo dzea telefon sia zazã gɔme ŋuɖɔɖotɔe ava kpɔe be eva le yewoƒe ɣeyiɣi geɖe xɔm wu alesi wokpɔ mɔe—eye wòva vu tsyɔ nu vevi wɔɣiwo dzi. Tsã la, Mika zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔa anyi ɖekae kple eƒe ƒomea le nuɖukplɔ̃ ŋu. Egblɔ be, “Fifia la, ne míenya ɖu nu vɔ ko la, amesiame tsɔa eƒe asitelefon ko gena ɖe eƒe xɔme.”

The Guardian si nye nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London gblɔ be: “Sɔhɛ siwo xɔ ƒe 16 va ɖo 20 lɔ̃a asitelefon dzi nya kpuikpuiwo ŋɔŋlɔ aɖo ɖa wu lɛtaŋɔŋlɔ na ame ƒe mɔnu ɖesiaɖe.” Nya kpukpuiwo ŋɔŋlɔ aɖo ɖa mana nàgblẽ ga geɖe abe dzeɖoɖo ŋutɔ ene o, gake nyawo ŋɔŋlɔ ɖe edzi ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe le asiwò. Mieko lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne ame aɖe ɖo nya ‘nàdɔ agbe’ ɖem la, nye hã meɖoa eŋu be ‘wò hã dɔ agbe.’ Gake míegayia edzi nɔa nya bubuwo ɖom ɖe mía nɔewo wòdea gaƒoƒo ɖeka. Wonyea nyamaɖinyawo sɔŋ.”

Awɔ nuku ŋutɔ na asitelefon zãlawo ne ɖe woanɔ anyi abu ɣeyiɣi siwo katã wozã ɖe woƒe telefon suea ŋu le ɣleti ɖeka me. Teija, si nye nyɔnuvi si xɔ ƒe 19, lɔ̃ ɖe edzi be: “Le ame geɖe gome la, nusi gblẽa ɣeyiɣi na wo koe asitelefon nye, ke menye ɖe wònaa wowɔa ɣeyiɣia ŋudɔ nyuie o.” Ne wò nɔnɔmea bia be ɖe nanɔ asiwò gɔ̃ hã la, ehiã be nàɖɔ ŋu ɖo le ɣeyiɣi si nègblẽna le ezazã me ŋu.

Sɔhɛ Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Marja gblɔ be: “Le Kristotɔwo ƒe takpekpewo me la, sɔhɛ geɖewo toa edzi nɔa nyamaɖinyawo ɖom ɖe wo nɔewo. Ebɔ ŋutɔ!” Wode dzesi nɔnɔme sia ke tɔgbe le sɔhɛwo ŋu ne wole gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaƒle ɣeyiɣi na gbɔgbɔmedɔwɔwo. (Efesotɔwo 5:16) Nublanuinya ka gbegbe enye si wòanye be wogblẽ ɣeyiɣi vevi mawo atsɔ anɔ dze ɖom le telefon dzi!

Dzeɖoɖo Siwo Yia Edzi le Adzame

Marie ƒo nu tso afɔku bubu aɖe ŋu: “Esi wònye be kaƒoƒoa vana na amea tẽ ke menye na aƒea me tɔwo katã o ta la, afɔku ate ŋu anɔ eme esi dzilawo mate ŋu anya amesi wo viwo le nu ƒom na o alo womate ŋu anya gɔ̃ hã be wole nu ƒom le telefon dzi o.” Eyata sɔhɛ aɖewo zãa asitelefon tsɔ wɔa ahiã gɔ̃ hã. Wo dometɔ aɖewo ɖe ŋu ɖi, heŋe aɖaba ƒu dzidzenu siwo me woléna ɖe asi ne wole nu ƒom kple ame bubuwo dzi. Nuka gbɔe wòtso?

The Daily Telegraph si nye nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London gblɔ be: “Nya kpukpuiwo ŋɔŋlɔ aɖo ɖa nana be ame aɖeke mate ŋu anya nusi [sɔhɛwo] le wɔwɔm o.” Ame kemɛa makpɔmakpɔ ate ŋu agblẽ le nu ŋuwò. Timo gblɔ be, “Ame aɖewo kpɔe be nya kpukpuiwo ɖoɖo ɖe ame nye dzeɖoɖomɔnu si melɔa ame aɖeke ɖe eme tẽ o. Le gbedasi aɖewo me la, amewo ate ŋu aŋlɔ nusiwo womate ŋu agblɔ tẽ na amea ŋkume kple ŋkume o.”

Esime Keiko, si nye Kristotɔ nyɔnuvi si xɔ ƒe 17, dze asitelefon zazã gɔme la, ena exɔlɔ̃ geɖewo nya eƒe telefon xexlẽdzesi. Eteƒe medidi o edze nyawo ɖoɖo ɖe ŋutsuvi aɖe si le woƒe hamea me. Keiko gblɔ be: “Gbã la, gbesiagbe nudzɔdzɔwo ŋu koe míeƒoa nu le, gake emegbe míeva dze míaƒe kuxiwo gbɔgblɔ na mía nɔewo gɔme. Míeva tu kadodo tɔxɛ aɖe ɖo le míawo ɖeɖe dome to asitelefon dzi.”

Dzidzɔtɔe la, edzilawo kple Kristotɔ hamemegãwo va na kpekpeɖeŋui hafi kuxia nado gã aɖe edzi. Fifia elɔ̃ ɖe edzi be: “Togbɔ be dzinyelawo xlɔ̃ num ku ɖe nyawo ɖoɖo ɖe ŋutsuviwo ŋu hafi woaƒle asitelefon la nam hã la, meɖoa nyawo ɖe ŋutsuvi aɖe gbesiagbe. Menye mɔ nyuitɔ si wòle be woawɔ asitelefon ŋudɔe nye ema hafi o.” *

Biblia la xlɔ̃ nu mí be “dzitsinya nyui” nanɔ mía si. (Petro I, 3:16) Esia bia be nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe nya si Koichi gblɔ dzi ne èle telefon zãm, be, nenye be ame aɖe akpɔ nya siwo nèɖo ɖa alo ase nya siwo gblɔm nèle la, “mehiã be wòanye esi ana ŋu nakpe wò le naneke ta o.” Nenɔ susume na wò ɣesiaɣi be naneke mele ɣaɣla ɖe mía Fofo si le Dziƒo o. Biblia la gblɔ be: “Nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla le [Mawu ƒe] ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Ekema nukatae nàdze agbagba be yeanɔ ƒomedodo me kple ame aɖe le adzame?

Ðo Seɖoƒewo na Ðokuiwò

Ne èle ŋugble dem le asitelefon ƒe asiwò nɔnɔ ŋu la, nukatae màde ŋugble le wò nɔnɔmea ŋu nyuie gbã akpɔe ɖa nenye be èhiã ɖe ŋutɔŋutɔ o? Dzro nya la me kple dziwòlawo. Ame aɖewo kpɔe be Jenna ƒe nya siawo nye nyateƒe le yewo gome, be: “Asitelefon ƒe amesinɔnɔ nye agbanɔamedzi gã aɖe na sɔhɛ geɖewo.”

Ne ètiae be ɖe nanɔ ye si hã la, ehiã be nàɖɔ ŋu ɖo le ezazã me. Alekee? Ðo seɖoƒe nyuiwo na ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me, ɖo seɖoƒewo ɖi na nusiwo nèzãa asitelefon na alo ɖe ɣeyiɣi kple ga siwo nèzãna ŋu. Esi wònye be telefondɔwɔƒe aɖewo ɖoa alesi nezã telefon la ŋuti nyatakaka tsitotsito ɖa ta la, àdi be yeadzro fe siwo nènyi ŋuti nyatakakawo me ɣeaɖewoɣi. Ame aɖewo kpɔe be anyo be yewoazã asitelefon si zazã ŋu fe woxena do ŋgɔ be woaɖe ezazã fũ akpa dzi akpɔtɔ.

Azɔ hã de ŋugble nyuie le ɣeyiɣi si nàxɔ gbedasiwo kple alesi nàɖo wo ŋui la ŋu. Wɔ wò ŋutɔ wò mɔfiamewo ɖi. Shinji gblɔ be: “Meʋua nye nyatakakadzraɖoƒe zi ɖeka gbesiagbe, eye enuenu la, meɖoa gbedasi veviwo ɖeɖeko ŋu. Esia na be xɔlɔ̃nyewo megaɖoa nyatakaka maɖinyawo ɖem o. Ne nyaa le vevie ŋutɔŋutɔ la, woaƒo ka nam godoo.” Vevietɔ wu la, tia amesiwo nèdoa ka kplii ŋuɖɔɖɔɖotɔe. Ðɔ ŋu ɖo le wò telefon xexlẽdzesiwo nana amewo me. Wɔ ɖe dzidzenu siwo ku ɖe hadede ŋu dzi ɣesiaɣi.—Korintotɔwo I, 15:33.

Biblia la gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, . . . ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 7) Eme kɔ ƒã be “ɖoɖoeziɣi” li na asitelefonwo hã. Míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo deɣi kple gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi nye “ɣeyiɣi ɖoɖi” si míetsɔa tadedeagu naa Mawu, ke menye na asitelefonwo zazã o. Nuɖuɖudzraƒe kple fefewɔƒe aɖewo dzi kpɔlawo biana tsoa woƒe asisiwo si be woagazã asitelefonwo le teƒea o. Míewɔna ɖe nudidi mawo dzi bubutɔe. Nenema ke xexeame katã ƒe Dziɖulagã hã dze na bubu ma tɔgbe!

Ame geɖewo tsia woƒe asitelefonwo ne womele mɔ kpɔm na gbedasi tɔxɛ aɖeke o, alo tronɛ ɖe afisi mate ŋu aɖi nu o ne wole dɔ vevi aɖe wɔm. Ame aɖewo wɔnɛ be mate ŋu axɔ nyatakakawo o. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe womate ŋu aɖo gbedasi aɖewo ŋu emegbe oa?

Ne ètso nya me be asitelefon nanɔ ye si la, ekema ɖoe kplikpaa nàzi ɖokuiwò dzi le ezazã me, ke megana wòaɖu dziwò o. Kpɔ egbɔ be yele ŋudzɔ be magava do kplamatse nu veviwo o. Biblia la de dzi ƒo na mí be: “Mina amewo katã nanyae be mienye nugɔmesenamelawo.” (Filipitɔwo 4:5, NW) Ne ètiae be asitelefon nanɔ ye si la, ekema ɖoe kplikpaa nàɖe nugɔmesese afia le alesi nàzãe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 7 Ne èdi dɔwɔwɔ le kpakpã le suku megbe ŋuti nyatakakawo la, ke taflatse kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be​—Nukae Gblẽ le Gadidi Ŋu” le Nyɔ!, October 8, 1997, ƒe tata me.

^ mm. 18 Dzeɖoɖo kple ŋutsu alo nyɔnu le telefon dzi edziedzi ate ŋu azu gbeɖoɖoɖi. Taflatse kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be​—Nukae Gblẽ le Dzeɖoɖo Kple Ame Nɔewo Ŋu?” si dze le Eŋlisigbe me Nyɔ!, August 22, 1992 ƒe tata.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Sɔhɛ aɖewo nɔa ahiãwɔwɔ me le adzame to asitelefon dzi