Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu!

Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu!

Alesi Míewɔ Si le Tomeba Xɔdzo Dziŋɔ aɖe Nu!

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE CONGO (KINSHASA) GBƆ

BRAÐA, January 15, 2002, dzie​—edze abe nusianu nɔ edzi yim nyuie abe ɖaa ene le Titina Afrika. Mía kple nɔvi Yehowa Ðasefo aɖe míeva ɖo Goma, Kivu, le Congo (Kinshasa), be míakpe kple Ðasefo siwo le Ta Gãwo ƒe nutome.

Mehiã be Woatsi Dzi Oa?

Togbɔ be Nyiragongo dzoto (si kɔkɔ meta 3,470) gbɔ didi kilometa 19 tso dugã si nye Goma gbɔ hã la, dzotoa ƒe nɔnɔme he míaƒe susu. * Míele toa ƒe gbeɖeɖe sem, eye míekpɔe hã be dzudzɔ nɔ tutum tso dzotoa me. Esia menye nu yeye na nutoa me tɔwo kura le ƒea ƒe ɣeyiɣi siawo me o, eye wometsi dzi ɖe eŋu hã o.

Le ŋdɔ me la, míede Yehowa Ðasefowo ƒe hame eve ƒe kpekpewo. Míekpɔtɔ nɔ anyigbaʋuʋu suesuewo kple toa ƒe gbeɖeɖe sem. Edze abe ame aɖeke metsi dzi ɖe nusiawo ŋu o ene. Dumegãwo yi edzi nɔ kakaɖedzi nam dumeviwo be mehiã be woavɔ̃ kura o. Togbɔ be Congotɔ dzotoŋutinunyala aɖe nɔ egblɔm ɖi ɣleti geɖe enye sia be dzotoa awo hã la, ame aɖeke mexɔ edzi se o. Xɔlɔ̃ aɖe gblɔe fefenyae ko be, “Fiẽ sia yame abiã hẽ le dzotoa ta.”

“Ele be Míasi Adzo Kpata!”

Esi míetrɔ gbɔ va míaƒe dzeƒe la, wogblɔ na mí kaŋ be: “Ele be míasi adzo kpata!” Eva ɖo ŋkubiã me. Dua le afɔku gã aɖe me. Aleke gbegbe nuwo trɔ kpatae nye si! Do ŋgɔ le ŋkekea me la, míenɔ nu me dzrom ku ɖe alesi míedi be Goma nazu teƒe si koŋ woana ɖaseɖiɖidɔa ŋuti mɔfiame atsoe ŋu. Fifia le ɣetrɔ me la, wogblɔ na mí be míasi adzo le dugã la me, le esi wòɖo tsɔtsrɔ̃ ƒe afɔku me ta!

Esi xexeame nɔ tsyɔtsyɔm la, yame va biã hẽ—eye ele be wòabiã hã vavã! Anyigbatumeba xɔdzo si tsaka kple nu bubu siwo lólo hebiã hẽ la do tso Nyiragongo-toa me bababa tsa gbɔna dugã la me. Toa ɖi ze gã aɖe si woɖo dzo dzi wòle fiefiem wlɔwlɔwlɔ eye emenuwo le gbagbam ɖi ene, eye ga loló xɔdzoawo le nusianu tsrɔ̃m le eƒe mɔ dzi. Afɔtsɔtsɔe si míetsɔ lɔ nuwo de míaƒe akplowo me la mele gbɔgblɔ me o! Fifia esusɔ vie wòaƒo fiẽ ga 7:00.

Sisila Akpe Geɖe Yɔ Mɔdodoa Dzi

Esi míewɔ kaba do go la, míekpɔe be ame gbogbo siwo nɔ sisim ɖe woƒe agbe ta la yɔ Goma mɔdodoa dzi. Ame akpa gãtɔ nɔ afɔ zɔm, eye wotsɔ woƒe nunɔamesi ʋɛ siwo dzi woƒe asi te ŋu su. Ame geɖe tsɔ woƒe agbawo ɖe ta. Ame ʋɛ aɖewo hã mimi ɖe ʋuwo me. Amesiame ɖo ta Rwanda-de si gbɔ medidi boo tso afima o gbɔ. Gake dzoto menya nusi nye dukɔ vovovowo ƒe de siwo amewo ɖo o. Aʋakɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe afisiwo wòatsa atoe nu o! Míekpɔ asrafo aɖewo siwo hã na ta henɔ sisim ɖe woƒe agbe ta esi anyigbatumeba xɔdzoa tsa gbɔna. Alesi mɔdodoa dzi yɔe la na be ʋuwo mete ŋu le zɔzɔm kura o. Afɔa ko wòle be míazɔ. Míawoe nye ma le ame 300,000 dome—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, kple vidzĩwo—siwo katã nɔ ʋiʋlim be yewoasi le dzotoa ƒe agbodzedze nu. Míegale toa ƒe gbeɖeɖe kple anyigbaʋuʋu suesuewo ŋkɔ sem kokoko le míaƒe afɔwo gɔme.

Amesiame le sisim be yeaɖe yeƒe agbe. Mía kple xɔ̃nye, mí amesiwo nye amedzrowo tso dugã aɖe me, hã le ameha siawo dome, eye Ðasefowo ʋɛ aɖewo le mía ŋu, amesiwo kpe ɖe mía ŋu. Alesi wole mía ŋu kple alesi wotsɔ ɖe le míaƒe dedienɔnɔ me vevie la wɔ dɔ ɖe mía dzi vevie eye míese le mía ɖokui me be míele dedie le nudzɔdzɔ sesẽ tikɔname sia me. Amewo le sisim kple nusiwo woate ŋu atsɔ—awuwo, nuɖazewo kple agbawo, kple nuɖuɖu ʋɛ aɖewo. Amewo nɔ wo nɔewo tutum le ameha gã sia dome. Ʋu siwo hã nɔ agbagba dzem be yewoato wo ŋu ayi ŋgɔ la nɔ ame aɖewo lɔm, si na be amewo ƒe nunɔamesiwo ge le wo si eye amewo zɔ wo dzi gblẽ wo dome. Baba na amesi adze anyi. Amesiame tsi dzodzodzoe. Vɔvɔ̃ ɖo amesiame. Míele agbagba dzem be míaɖo du si le mía ŋgɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko, si nye Gisenyi, le Rwanda, la me. Ele be míaʋli vevie ayi afɔzɔzɔa dzi.

Zã si me Nɔ Dedie

Míeɖo amedzrodzeƒe aɖe, gake abe alesi nàkpɔ mɔe ene la, xɔawo katã yɔ. Nusi wòle be míawɔ koe nye be míanɔ anyi ɖe kplɔ̃ aɖe ŋu le gota. Afimae míenɔ le afɔzɔzɔ gaƒoƒo etɔ̃ kple afã si te ɖeɖi mía ŋu vevie megbe. Enye dzidzɔ na mí be míele agbe eye míegale afɔku teƒea o, eye be míele mía nɔvi Kristotɔ siwo zɔ mɔa kpli mí dome. Enye dzidzɔ be Ðasefo aɖeke mebu eƒe agbe o.

Edze ƒã be míatsi gota adɔ zã bliboa ŋu nake. Fifia míate ŋu ade ŋugble le yame si biã hẽ le dugã si nye Goma tame si kpɔm míele tso adzɔge la ŋu. Alesi yame biãe la wɔ dɔ ɖe ame dzi eye wòdze ani ale gbegbe! Fifia ŋu le kekem. Dzotoa ƒe gbeɖeɖe kple anyigbaʋuʋu suesuea yi edzi zã bliboa. Ne míebu ŋkeke si do ŋgɔ ƒe nɔnɔme sesẽa ŋu la, míaƒe dɔme trɔna ɖe ƒome akpe geɖe siwo nɔ sisim kple wo vi suewo ŋu ale gbegbe.

Kpekpeɖeŋunuwo Va Ðo Kaba

Ðasefo siwo tso Kigali, si nye Rwanda ƒe fiadu me, va ɖo mía gbɔ le Fiɖa, January 18, ƒe ŋdɔ me. Kpekpeɖeŋunakɔmiti si me tɔwo nye nɔviŋutsu siwo tso Goma kple Gisenyi la tso kaba ɖe dɔ ŋu. Woƒe taɖodzinu gbãtɔ enye be yewoadi dzeƒe na Ðasefo sitsoƒedila siawo le Fiaɖuƒe Akpata ade siwo le nutoa me la me. Wokpɔ esiawo katã gbɔ gbemagbe ke. Woŋlɔ dzesi aɖe ɖe Franse kple Swahili gbewo me da ɖe mɔdodoa dzi si fia mɔ nɔviwo yi Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me, afisi sitsoƒedilawo akpɔ kpekpeɖeŋu kple akɔfafa le. Le ŋkeke ma ke dzi la, nuhiahiã vevi siwo ƒe kpekpeme nye tɔn etɔ̃ va ɖo Fiaɖuƒe Akpata siwo me Ðasefoawo dze la me. Le eƒe ŋufɔke, si nye Memleɖagbe la, agbatsɔʋu si me nuɖuɖu, abadzivɔ, aŋenuwo, adzalẽ, kple atikewo le la tso Kigali va ɖo.

Amewo Tsi Dzodzodzoe

Le ɣeyiɣi sia me amewo tsi dzi ŋutɔ. Aleke woawɔ akpɔ ame gbogbo siawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ? Ke dzotoa hã ɖe? Ɣekaɣie eƒe wowoa adzudzɔ? Aleke gbegbee nu gblẽ le Goma dua ŋui? Nyadzɔdzɔ siwo sem míele kple anyigbaa ƒe ʋuʋu suesue si nu metso o la mede dzi ƒo kura o. Dzotoŋutinunyalawo vɔ̃ be aɖiya si nye sulfur dioxide ƒe agbɔsɔsɔ akpa agblẽ yame. Amewo gatsi dzi hã be Kivu-ta me tsi maganyo na nono o le aɖinu siwo tsa ge ɖe eme ta.

Kaka gaƒoƒo 48 nava yi tso esime dzotoa ƒe wowo dze egɔme la, nyatakaka gbadzinamewo kaka. Emegbe le Memleɖa ŋdɔ me míese be ame 10,000, siwo dome Ðasefo 8 kple ɖevi sue ɖeka le, la tsi teƒe aɖe esi tomeba xɔdzo si do tso dzotoa me, si ƒe kɔkɔmee nye meta 2 le teƒe aɖewo, la tsa ƒo xlã wo hexaxa wo. Aɖiyawo xɔ yame. Míevɔ̃ ɖe wo nu. Ewɔ abe ɖe mɔkpɔkpɔ aɖeke meli o ene. Anyigbatumeba xɔdzoa gblẽ gbedoxɔgã si le Goma gɔ̃ hã keŋkeŋ kloe. Ɣemaɣi ame aɖeke mebui be Goma dugã la agakpɔtɔ anɔ anyi o.

Nya Fakɔname Aɖewo

Le Kwasiɖagbe ŋdi ga 9:00 me la, míexɔ kaƒoƒo tso nɔvi siwo tomeba xɔdzoa xaxa ɖo la dometɔ ɖeka gbɔ. Egblɔ na mí be nuwo le tɔtrɔm. Nuwo le kakam ɖe eme. Tsi le dzadzam, tomeba xɔdzoa le fafam, eye yame le kɔkɔm. Togbɔ be ba si le sesẽm fifia la mefa vɔ keŋkeŋ haɖe o eye afɔku kpɔtɔ nɔ eŋu hã la, amewo le edzi zɔm be yewoasi ayi teƒe siwo le dedie wu. Dua metsrɔ̃ keŋkeŋ o.

Esiae nye nyanyui gbãtɔ si míese tso esime afɔkua dze egɔme. Dzotoa ƒe wowo ka bɔbɔ vie azɔ. Eŋutinunyala siwo le nutoa me ƒe nukpɔsusuwo mewɔ ɖeka le nusi nɔ dzɔdzɔm ŋu o. Fifia míete ŋu se amesiwo le du si tsɔ ɖe mía gbɔ, si nye Bukavu, si le Kivu-ta la ƒe go kemɛ dzi la ŋkɔ. Míese be Ðasefowo ƒe ƒome atɔ̃, kple ɖevi etɔ̃ siwo ŋu wo dzilawo mele o, ɖo tɔdziʋu sue va ɖo Bukavu. Ðasefo siwo le dua me le kpekpem ɖe wo ŋu.

Míate Ŋu Atrɔ Ayi!

Le Dzoɖa, January 21 lia dzi la, míete ŋu yi ɖafa akɔ na amesiwo dzi dzɔgbevɔ̃ea dzɔ ɖo le Gisenyi, eye míekpɔ nusiwo hiã wo. Míekpɔe be nɔvi siwo dze Fiaɖuƒe Akpata adeawo me la dze nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu gɔme. Míete ŋu xlẽ Ðasefo siwo si va afisia ƒe agbɔsɔsɔ—ame 1,800, ɖeviwo hã le eme.

Ke aleke ŋkeke siwo le ŋgɔ anɔ? Dumegãwo nɔ ɖoɖo wɔm kpata be woatu asaɖawo na sitsoƒedilawo. Gake sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me nɔnɔ ƒe ŋkuɖodzinu wɔnublanuiwo kpɔtɔ nɔ susu me na ame aɖewo siwo nɔ asaɖa mawo tɔgbe me le gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa si dzɔ le ƒe 1994 me. Míeɖoe be míatrɔ ayi Goma, eye le ŋdɔ me míeɖo dua me. Dua ƒe akpa 25 le alafa me gbã keŋkeŋ. Fifia míete ŋu zɔ tomeba si le sesẽm azɔ si tsa to dua me mɔdodowo dzi la dzi. Dzoxɔxɔ kpɔtɔ le eme eye aɖidzudzɔwo kpɔtɔ le tutum tso eme hexɔ yame. Ame geɖe ɖoe be yewoagatrɔ ava dua me.

Le ŋdɔ ga 1:00 me la, míedo go Kristotɔ hamemegã 33 le Goma Center Hame ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Nɔviawo katã da asi ɖe nyametsotsoa dzi: Woɖoe be yewoagatrɔ ava Goma. Wogblɔ be, “Afisiae nye mía de.” Ke esi wònye be dzotoa agate ŋu awo ake ɖe? Woɖo eŋu be, “Meganye nu yeye na mí o.” Wovɔ̃ be ne yewometrɔ gbɔ kaba o la, amewo ava fi yewoƒe nusianu. Eƒe ŋufɔke la, Ðasefowo ƒe ƒome siwo katã si dzo la gatrɔ va Goma. Ame 300,000 siwo tso dea dometɔ akpa gãtɔ hã trɔ gbɔ va dugã si ŋu nu gblẽ le la me.

Kwasiɖa Ðeka Megbe

Amewo gayɔ dua me eye wole woƒe gbesiagbe nuwɔnawo dzi yim. Edze ƒã be dua mazu dudo o. Eteƒe medidi o wodze dɔ gɔme be woaka ba si zu abe gli sesẽ si ma dua me ɖe akpa eve ene la bene wòagazu du ɖeka. Anyigbatumeba xɔdzoa tsrɔ̃ nusianu si nɔ eƒe mɔ dzi. Dugã la ƒe asitsaƒe kple dziɖuɖudɔwɔƒewo gbã keŋkeŋ. Wobu akɔnta be yameʋudzeƒea ƒe mɔ si dzi yameʋuwo ƒua du tona la ƒe akpa etɔ̃lia gblẽ.

Akɔntabubu si de pɛpɛpɛ ɖee fia be Ðasefowo ƒe ƒome 180 ye le amesiwo bu woƒe nunɔamesiwo katã dome eye wozu aƒemanɔsitɔwo. Kpekpeɖeŋunakɔmitia wɔ ɖoɖo be woakpe ɖe ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ade 5,000 ŋu be woakpɔ woƒe gbesiagbe nuɖuɖu. Yehowa Ðasefo siwo le Belgium, France, kple Switzerland ɖo asaɖatuvɔwo ɖa be woatsɔ atu ɣeyiɣi aɖe ƒe nɔƒe na nɔvi siwo zu aƒemanɔsitɔwo, kple be woatsɔe atu agbadɔ wòazu kpekpeƒe na hame siwo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu nu gblẽ le alo esiwo dome gblẽ kura. Ƒome aɖewo siwo zu aƒemanɔsitɔwo va dze Ðasefo siwo ƒe aƒe ŋu nu megblẽ le o gbɔ, eye wo dometɔ aɖewo hã le asaɖawo me.

Le Fiɖa, January 25 lia dzi, si nye ŋkeke ewo le zã dziŋɔ ma me nudzɔdzɔwo megbe la, ame 1,846 ye va kpe ta le kpekpe si wowɔ le sukukpo aɖe dzi le Goma be yewoase dzideƒonamenyawo tso Ŋɔŋlɔawo me. Nɔviawo gblɔ akpedanya geɖe ɖe akɔfafa kple kpekpeɖeŋunu siwo woxɔ to Yehowa ƒe habɔbɔa dzi la ta. Xɔse sesẽ si nɔviawo ɖe fia togbɔ be woɖo afɔku me gɔ̃ hã la wɔ dɔ ɖe mí amedzroawo hã dzi vevie. Le fukpekpe siawo katã me hã la, aleke gbegbe wònye dzidzɔ be woanye nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka, si subɔa Mawu vavã Yehowa, amesi nye akɔfafa mavɔwo Tsoƒe, la me tɔ enye si!​—Psalmo 133:1; Korintotɔwo II, 1:3-7.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Woyɔa dzoto le Swahiligbe me be mulima ya moto, si gɔmee nye “to si me dzo le.”​—Kpɔ nyati si nye “Dzoto aɖe Sasrãkpɔ” le Eŋlisigbe me Nyɔ!, July 8, 1975, ƒe tata me.

[Anyigbatata siwo le axa 12, 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Fli siwo ŋu mɔfiadzesi le la fia afisiwo tomeba xɔdzoa tsa to

CONGO (KINSHASA)

Nyiragongo-to

↓ ↓ ↓

Goma Yameʋudzeƒe ↓ ↓

↓ GOMA

↓ ↓

KIVU-TA

RWANDA

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Tomeba xɔdzoa zi Goma dugã me tɔ akpe geɖe dzi be woasi adzo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Sayyid Azim

[Nɔnɔmetata siwo le axa 14, 15]

Le kwasiɖa ɖeka ko megbe la, Ðasefoawo gbugbɔ ɖoɖo wɔ ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu