Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amekae Ahe Ŋutifafa Mavɔ Vɛ?

Amekae Ahe Ŋutifafa Mavɔ Vɛ?

Amekae Ahe Ŋutifafa Mavɔ Vɛ?

NUKATAE Mawu meɖo ŋutifafa gbe siwo xexeame ƒe subɔsubɔha vovovoawo kplɔlawo do ɖa ŋu o? Eƒe ŋuɖoɖo ʋãme aɖe le Biblia me. Menye ɖe Mawu metsɔ ɖeke le ŋutifafa ƒe nya me o—elɔ̃ ŋutifafa vevie wu subɔsubɔhakplɔla siwo doa gbe ɖa bianɛ gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, Mawu wɔ ɖoɖo tɔxɛwo ɖe ŋutifafa hehe va xexeame ŋu xoxo. Ewɔ afɔɖeɖe veviwo hã ɖe taɖodzinu ma ŋu xoxo. Egblɔ eƒe tameɖoɖowo na ameƒomea wo me kɔ ƒã. Gake nublanuitɔe la, xexeame ƒe subɔsubɔhawo ŋe aɖaba ƒu nusi Mawu gblɔ ƒe akpa gãtɔ dzi.

Gbaɖegbe kee Mawu do “dzidzimevi,” si nye dziɖula, ƒe ŋugbe, amesi Biblia ɖɔ, hegblɔ nya geɖe ku ɖe amesi nye ge wòala ŋu. (Mose I, 3:15; 22:18; 49:10) Nyagblɔɖila Yesaya, si wonya nyuie ɖe eƒe Mesia ŋuti nyagblɔɖi ɖedzesiwo gbɔgblɔ ɖi ta, ŋlɔ ku ɖe Kplɔla si ƒe ŋugbe wodo ŋu be anye “Ŋutifafafia” ɖe anyigba dzi eye “seɖoƒe manɔe na ŋutifafa” le eƒe dziɖuɖu te o. (Yesaya 9:6, 7) Esi wònye Dziɖula si le dziƒo ta la, ade nu amegbetɔ ƒe nya me eye wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa keŋkeŋ ahatrɔ anyigba wòazu paradiso, si me madzɔmadzɔnyenye, dɔléle, hiãkame, alo ku manɔ o. Ŋutifafa kple agbe mavɔ nɔnɔ anɔ anyi tegbee. (Psalmo 72:3, 7, 16; Yesaya 33:24; 35:5, 6; Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:4) Ɣekaɣie esia ava eme?

Xexeame ƒe Ŋutifafa Tu Aƒe

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo ʋuʋua xexeame adzɔ le ɣeyiɣi ma ke me ado ŋgɔ na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu kple ameƒome yeye aɖe ƒe gɔmedzedze. (Mateo 24:3, 7-13) Nudzɔdzɔ siawo dometɔ geɖe—siwo nye aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, anyigbaʋuʋuwo, kple bubuawo—dzɔ enuenu le ɣeɣiɣi vovovo siwo va yi me. Gake wo katã medzɔ kpɔ le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me le xexeame godoo hegblẽ nu le amegbetɔwo ŋu abe alesi wòle dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣi sia me ene o. Eye afɔku mawo ƒe nugblẽƒe dea ŋgɔ sasasã fifia wu alesi wònɔ tsã elabena amewo va sɔ gbɔ ɖe anyigba dzi wu.

Nudzɔdzɔ bubu si ŋu Biblia gblɔ nya ɖi le enye alesi amegbetɔwo le woƒe nutoa me gblẽm fifia. (Nyaɖeɖefia 11:18) Gakpe ɖe eŋu la, ele be woawɔ xexeame katã ƒe nuxlɔ̃amedɔ aɖe, si nye gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui” ade goe hafi nuwuwu si wogblɔ ɖi la nava. Egbea la, Yehowa Ðasefowo le xexeame katã ƒe dɔ sia wɔm.—Mateo 24:14.

Nyagblɔɖi mawo ƒe emevava nye nyanyui na ameƒomea me tɔ wɔnuteƒewo. Xexe yeye si me ŋutifafa blibo anɔ si ŋu nya wogblɔ ɖi la tu aƒe! Esia naa kakaɖedzi mí be fuléle kple ŋɔdzinuwɔwɔ nu ayi keŋkeŋ mlɔeba. Biblia la gblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”—Yesaya 11:9.

Gbedodoɖa Siwo Mawu Sena

Gbedodoɖa na Mawu menye nuwɔna gbɔlo aɖe alo kɔnu dzro aɖe ko o. Woyɔ Yehowa le Biblia me be ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3) Eyata eɖoa to dzianukwaretɔwo ƒe gbedodoɖa gbogbo siwo wodona ɖa le anyigba dzi le ɣeɣiɣi ɖeka ma ke me. Ekema ɖe nudidi aɖewo li siwo gbɔ wòle be woaɖo hafi woase míaƒe gbedodoɖawoa? Biblia la gblɔ be ele be dzianukwaretɔ siwo srɔ̃ Biblia me nyateƒewo tso Mawu ŋu nawɔ ɖe wo dzi, eye woazu “nyateƒegbedoɖalawo,” siwo subɔnɛ le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:23) Meɖoa to amesiwo mewɔa eƒe lɔlɔ̃nu o: “Amesi ɖe to ɖa, be yemase [Mawu ƒe] se o la, eƒe gbedodoɖa ke hã nye ŋunyɔ.”—Lododowo 28:9.

Nublanuitɔe la, subɔsubɔhakplɔla geɖewo mefia nu ku ɖe tame si Mawu ɖo be yeahe ŋutifafa vɛ ŋu alo doa gbe ɖa bianɛ o. Ke boŋ wodoa gbe ɖa ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ta be woakpɔ kuxi mawo gbɔ, esime Mawu ƒe Nya la gblɔ eme kɔ ƒã be, “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”Yeremya 10:23.

Wogblɔe ɖi be “le ŋkeke mlɔeawo me,” si nye míaƒe ɣeyiɣia me la, ŋutifafalɔ̃lawo aɖo ta kpɔɖeŋu “Yehowa ƒe aƒe ƒe to”—si nye tadedeagu vavãtɔ la gbɔ. Amesiawo awɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:2-4.

Ðe subɔsubɔha aɖe li egbea si le agbagba dzem be yeanɔ agbe ɖe nya mawo nua? Alo ɖeko subɔsubɔhawo katã ƒoa nu tso ŋutifafa ŋu eye wogakpɔtɔ dea aʋawɔwɔ dzia? Ne ègado go Yehowa Ðasefowo ake la, míekpe wò be nàna woadzro nya siwo ku ɖe ŋutifafa ŋu me kpli wò be nànya subɔsubɔha si le nu fiam amewo be woanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.