Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me”

“Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me”

“Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me”

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SOUTH AFRICA GBƆ

“Aʋa aɖeke metsrɔ̃ amewo le anyigba dzi kpɔ abe AIDS dɔvɔ̃a ene o.”​—UNITED STATES DUKƆA ƑE DƆDZIKPƆLAGÃ COLIN POWELL.

AIDS (acquired immunodeficiency syndrome) ŋuti nyatakaka gbãtɔ si dzi wolɔ̃ ɖo la do le June 1981 me. Peter Piot, amesi nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe HIV/AIDS Ðekawɔɖoɖo (UNAIDS) ƒe dɔnunɔlagã gblɔ be: “Mí amesiwo nɔ ŋku lém ɖe AIDS nyawo ŋu le eƒe gɔmedzedze dometɔ aɖeke mebui kpɔ be dɔvɔ̃a ava gblẽ nu alea gbegbe o.” Kaka ƒe 20 nava yi la, eva zu dɔvɔ̃ si keke ta wu ɖesiaɖe si dzɔ kpɔ, eye nyatakaka le fiafiam be ayi dzi anɔ dzidzim ɖe edzi.

Wobu akɔnta be amesiwo ƒe xexlẽme wu miliɔn 36 ye xɔ HIV (human immunodeficiency virus), si nye dɔlékui si tsia ŋutilã ƒe avuwɔwɔ kple dɔléle ŋutete nu, eye AIDS dɔlélea wu ame miliɔn 22 bubuwo xoxo. * Le ƒe 2000 ko me la, AIDS wu ame miliɔn etɔ̃ le xexeame godoo, si nye amesiwo wòwuna ƒe sia ƒe ƒe xexlẽme gãtɔ kekeake si wose kpɔ tso esime dɔvɔ̃a do. Ete ŋu dzɔ alea togbɔ be wozãa atike siwo kpɔa ŋusẽ aɖe ɖe dɔlékuia dzi le dukɔ deŋgɔwo me koŋ hã.

AIDS Kaka ɖe Afrika

Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe, si amesiwo ƒe xexlẽme anɔ miliɔn 25.3 xɔ dɔlélea le la, nye afisi koŋ dɔvɔ̃a xɔ aƒe ɖo. Le nuto sia ɖeɖe dzaa me la, AIDS dɔvɔ̃a wu ame miliɔn 2.4 le ƒe 2000 dzaa ko me, si nye amesiwo katã wòwu le xexeame katã ƒe alafa memama 80. Nusi koŋ wua amewo wu le nuto ma mee nye AIDS. *

South Africa ye nye dukɔ si me amewo xɔe le wu ɖesiaɖe le xexeame, si ƒe akɔnta wobu be ade ame miliɔn 4.7. Wodzia ɖevi 5,000 kple dɔlélea ɣleti sia ɣleti le afisia. Esi Nelson Mandela, South Africa Dukplɔla si nɔ anyi va yi, nɔ nu ƒom le Dukɔwo Dome AIDS Takpekpe 13 lia si wowɔ le Durban le July 2000 me la, egblɔ be: “Ewɔ nuku na mí esi míese be AIDS awu míaƒe sɔhɛ 1 le wo ame 2 ɖesiaɖe dome, si nye South Africa sɔhɛwo ƒe afã. Nusi ɖu dzi na mí vevie wu le dɔvɔ̃ sia, si ƒe akɔnta wobu na mí ƒe nya me, kple eŋuti . . . fukpekpewo ŋu, enye be enye nusi woate ŋu aƒo asa na va yi, eye woagate ŋu aƒo asa nɛ fifia hafi.”

Alesi AIDS Le Amewo Tsrɔ̃m le Dukɔ Bubuwo Mee

Amesiwo le dɔa xɔm ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba le Ɣedzeƒe Europa, Asia, kple Carib-ƒukpowo dzi. Le ƒe 1999 ƒe nuwuwu lɔƒo la, amesiwo xɔ dɔa le Ɣedzeƒe Europa nɔ 420,000. Kaka ƒe 2,000 nava yi la, akɔnta si wobu ŋuɖɔɖotɔe fia be edzi ɖe dzi va ɖo 700,000.

Numekuku aɖe si wowɔ le Amerika dugã ade me ɖee fia be amesiwo xɔa HIV dɔlékuia ƒe alafa memama 12.3 nye ɖekakpui siwo le ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ dome. Gakpe ɖe eŋu la, ame 29 le alafa me siwo xɔ HIV dɔlékuia koe nya be yewoxɔ dɔa. Dɔvɔ̃ŋutinunyala si nɔ ŋgɔ na numekulawo gblɔ be: “Dzi ɖe le mía ƒo ŋutɔ esi míekpɔ be ŋutsu siwo xɔ HIV dometɔ ʋɛ aɖewo koe nya be yewoxɔ dɔa. Ema fia be amesiwo xɔe eteƒe medidi o la le dɔlékuia kakam le manyamanya me.”

Le kpekpe aɖe si AIDS ŋutinunyala bibiwo wɔ le Switzerland le May 2001 me la, wode dzesi dɔléle sia be enye “dɔvɔ̃ si le ame geɖewo tsrɔ̃m wu bubu ɖesiaɖe.” Abe alesi míede dzesii va yi ene la, Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe koŋue AIDS dɔlélea le nu gblẽm le wu. Míaƒe nyati si kplɔe ɖo adzro nusita wòle nenema me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Xexlẽme siwo míezã la nye akɔntabubu siwo tso UNAIDS gbɔ.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

“Nusi ɖu dzi na mí vevie wu le dɔvɔ̃ sia . . . kple eŋuti . . . fukpekpewo ŋu . . . enye be enye nusi woate ŋu aƒo asa na va yi, eye woagate ŋu aƒo asa nɛ fifia hafi.”​—NELSON MANDELA

[Nɔnɔmetata si le axa 2, 3]

Ame geɖe siwo xɔ HIV dɔlékuia menya be yewoxɔe o

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

UN/DPI Photo 198594C/Greg Kinch