Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔhawo Kpe Ta le Assisi be Woadi Ŋutifafa

Subɔsubɔhawo Kpe Ta le Assisi be Woadi Ŋutifafa

Subɔsubɔhawo Kpe Ta le Assisi be Woadi Ŋutifafa

“Ʋunyaʋunyawɔwɔ negadzɔ gbeɖe o! Aʋawɔwɔ negadzɔ azɔ o! Ŋɔdzinuwɔwɔ nu neyi tegbee! Le Mawu ƒe ŋkɔme, neva eme be subɔsubɔha ɖesiaɖe nahe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa, tsɔtsɔke, agbe, kple lɔlɔ̃ va anyigba dzi!”​—Papa John Paul II.

XEXEAME ƒe subɔsubɔha xɔŋkɔwo katã ƒe amedɔdɔwo kpe ta—le Assisi, Italy, le January 24, 2002, be woado gbe ɖa abia ŋutifafa, si ŋu wotsi dzi ɖo le ŋɔdzinuwɔwɔ, mɔmaɖemaɖeɖenuŋu, kple madzɔmadzɔnyenye si bɔ ta. Papa lae ɖe gbeƒã takpekpe sia le Xɔ Kɔkɔ Eve siwo mu le New York City ƒe ɣleti eve megbe. Subɔsubɔhakplɔla geɖewo tso ɖe amekpekpe ma si tso Vatican ŋu kple dzo.

Zi eve do ŋgɔ—gbãtɔ le ƒe 1986 me eye emegbe le ƒe 1993 me la—papa la wɔ gbedodoɖa ƒe ŋkeke aɖe ŋu ɖoɖo le Italytɔwo ƒe du ma ke me. * Nyadzɔdzɔŋlɔla siwo wu akpe ɖeka siwo tso xexeame godoo lae va kpɔ ƒe 2002 takpekpea teƒe. Subɔsubɔha geɖe teƒenɔlawo va do gbe ɖa hebia ŋutifafa—Kristodukɔa me nɔlawo (Katolikotɔwo, Luthertɔwo, Anglikantɔwo, Orthodɔks, Methodisttɔwo, Baptisttɔwo, Pentekostetɔ, Mennotɔwo, Xɔlɔ̃wo ƒe Ha [Quakers], kple bubuawo), Moslemtɔwo, Hindutɔwo, Konfusiotɔwo, Sikhtɔwo, Jain kple Tenrikyo subɔsubɔhawo, Buddha, Yuda-subɔsubɔ, Afrika dekɔnu dzixɔselawo, Shintotɔwo, kple Zoroastatɔwo. Subɔsubɔha bubuwo, kple Xexemesɔlemehawo ƒe Habɔbɔ teƒenɔlawo hã, nɔ wɔnaa teƒe.

Gbeƒã Siwo Woɖe Tsɔ Da Asi Ðe Ŋutifafa Dzi

Wɔna la dze egɔme le ŋdi ga 8:40, esime “ŋutifafa ƒe ketekea” ho tso ketekedzeƒe sue si le Vatican. Enye ketekexɔ sue adre si me wodzra ɖo nyuie be amewo naɖe dzi ɖi, eye helikɔpta eve ye dzɔ eŋu le yame. Gaƒoƒo eve ƒe mɔzɔzɔa kplɔ papa la kple subɔsubɔhakplɔla bubuwo va ɖo Assisi. Kpovitɔ siwo anɔ akpe ɖekae nɔ ŋudzɔ ɖe dedienɔnɔ ŋu—wokpɔ egbɔ be dedienɔnɔ nɔ anyi nyuie.

Subɔsubɔhakplɔlawo ƒo ƒu ɖe blematakpeƒe aɖe si dzi wotu avɔgbadɔ nyadri aɖe ɖo. Nuƒolanɔƒe gã si wowɔ abe mɔdzeve ƒe nɔnɔme ene la ƒe domedomee subɔsubɔhakplɔlawo nɔ, eye papa nɔ wo titina. Wotsɔ amiti—si nye ŋutifafa ƒe dzesi—ɖo nuƒolanɔƒea xa. Amekpekpe tɔxɛ siwo wu 2,000 ye nɔ nuƒolanɔƒea ŋgɔ. Italytɔwo ƒe dziɖuɖumegã tɔxɛ aɖewoe nɔ ŋgɔgbezikpuiawo dzi. Hadziha gãwo dzi ŋutifafahawo ɖe nuƒoawo yome. Le dua ƒe akpa bubuwo la, ame akpe geɖe siwo dometɔ akpa gãtɔ nye sɔhɛwo, tsɔ nuŋɔŋlɔ siwo woŋlɔ ɖe gbe vovovowo me, siwo tsi tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu la, ɖe asi henɔ ŋutifafahawo dzim. Ame geɖe tsɔ amitilɔwo ɖe asi.

Esi papa nɔ anyi ɖe nuƒolanɔƒea vɔ la, edo dzaa na subɔsubɔha vovovo teƒenɔla siwo va kpe ta. Emegbe le Latingbe me ha si wotu ɖe Yesaya 2:4 dzi—si gblɔ nya ɖi ku ɖe ɣeɣiɣi si me “dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o”—dzidzi vɔ megbe la, subɔsubɔhawo teƒenɔla 12 siwo le woƒe awu tɔxɛwo me, gblɔ nya tɔxɛ aɖewo siwo ku ɖe ŋutifafa ŋu. Wo dometɔ aɖewo nye esiwo gbɔna.

“Le ɣeɣiɣi sesẽ sia me la, ameƒomea hiã nuwɔna si ahe ŋutifafa vɛ eye wodi be woase nya siwo naa mɔkpɔkpɔ ame.”Papatenɔla Xavier Nguyên Van Thuân.

Mawu “menye aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe Mawu o ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.”—Hakplɔla Gã Bartholomeus I.

“Subɔsubɔhawo ƒe vovototo nagana [amewo] naŋe aɖaba aƒu ame bubuwo dzi alo alé fu wo o.”Ðk. Setri Nyomi, Xexeame ƒe Ðɔɖɔɖoha Wɔɖeka.

“Dzɔdzɔenyenye kple havilɔlɔ̃e nye nu vevi eve siwo hea ŋutifafa vaa amewo dome.”—Fia Amadou Gasseto, Afrika dekɔnuwo dzixɔse teƒenɔla.

“Ŋutifafa koe le kɔkɔe, aʋawɔwɔ mele kɔkɔe gbeɖe o!”—Andrea Riccardi, Katolikoha.

Amedɔdɔ aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be agba gã aɖe le subɔsubɔhawo dzi le mɔmaɖemaɖeɖenuŋu kple aʋawɔwɔ dzi dede ta. Xexeame Katã ƒe Luther Subɔsubɔhawo ƒe Habɔbɔ teƒenɔla gblɔ be, “fuléle vɔ̃ɖi si tso zazɛ̃nyahehe ɖe subɔsubɔhawo nu” ʋuʋu xexeame. Yuda-subɔsubɔ teƒenɔla gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ wɔ akpa geɖe le aʋawɔwɔ dziŋɔ geɖewo dzi dede me.” Hindu teƒenɔla gblɔ be: “Ŋutinya ɖee fia enuenu be amesiwo yɔa wo ɖokui be ame ŋkutawoe yewo nye le subɔsubɔhawo mee zã mawusubɔsubɔ tsɔ kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi hede mama wo me.”

Le nya tɔxɛ siwo wogblɔ tsɔ tsi tre ɖe ŋɔdzinuwɔwɔ kple aʋawɔwɔ ŋu megbe la, vavalawo dometɔ ɖesiaɖe gbugbɔ yi enɔƒe ɖado gbe ɖa na eƒe mawu si wòsubɔna tsɔ bia ŋutifafa.

Ŋutifafa Gbedodoɖa

Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo teƒenɔlawo va ƒo ƒu ɖe Francis Kɔkɔe ƒe Sɔlemexɔgã, si te ɖe yɔdo si na wotsɔ ŋkɔ ma na sɔlemexɔa ŋu me, hedo gbe ɖa. Papa kple amedɔdɔ etɔ̃ bubuwoe dze wɔnaa gɔme kple “Mawuɖekaetɔ̃ dzixɔse ƒe gbedodoɖa.” Wodzi ha hedo ŋutifafa gbedodoɖawo ɖa tsɔ kpe ɖe Biblia xexlẽ siwo ku ɖe ŋutifafa ŋu. Gbedodoɖa ɖeka bia be “xɔse si me mama mele o” nava. Vavalawo dzi Mía Fofo si le Dziƒo ƒe ha, si wotu ɖe Mateo ta 6, kpukpui 9 vaseɖe 13 dzi le Latingbe me tsɔ wu wɔnaa nui.

Le ɣeɣiɣi ma ke la, subɔsubɔha bubuwo ƒe amedɔdɔwo nɔ gbe dom ɖa le teƒe bubuwo. Moslemtɔwo dze klo ɖe anyigbakuntru dzi le akpata si dze ŋgɔ Mecca, henɔ Allah yɔm. Zoroastatɔwo nɔ gbe dom ɖa le Jain subɔsubɔha kple Konfusiotɔwo xa, eye wosi akaɖi kɔkɔe aɖe. Afrika dekɔnu dzixɔselawo teƒenɔla nɔ gbe dom ɖa na woƒe tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwo. Hindutɔwo bia ŋutifafa tso woƒe mawuwo gbɔ. Amesiame bia nu nusiwo wosubɔna le woƒe kɔnuwo nu.

Atam si Woka ɖe Ŋutifafa Ŋu

Amedɔdɔawo gava ƒo ƒu ɖe agbadɔa gɔme ake hena wɔnaa nu wuwu. Saɖagaxɔmenɔlawo tsɔ akaɖi siwo nɔ bibim—siwo tsi tre ɖi na ŋutifafa mɔkpɔkpɔ—de asi na vavalawo. Wɔnaa teƒe kpɔkpɔ tsia ŋku dzi na ame ale gbegbe. Eyome amedɔdɔawo xlẽ atam si woka ɖe ŋutifafa ŋu, wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔ atam vovovo.

“Ŋutifafa didi bia amehavi lɔlɔ̃.”​—Hakplɔla Gã Bartholomeus I.

“Ŋutasesẽ kple ŋɔdzinuwɔwɔ mewɔ ɖeka kple gɔmesese vavãtɔ si le mawusubɔsubɔ ŋu o.”—Ðk. Konrad Raiser, Xexemesɔlemehawo ƒe Habɔbɔ teƒenɔla.

“Míetsɔ mía ɖokui na be míafia nu amewo be woade bubu kple asixɔxɔ wo nɔewo ŋu.”​—Bhai Sahibji Mohinder Singh, Sikh subɔsubɔ teƒenɔla.

“Ŋutifafa dzɔdzɔenyenye manɔmee menye ŋutifafa vavãtɔ o.”​—Orthodɔks ƒe Bisiɔp Vasilios.

Mlɔeba la, papa la xlẽ nya siwo dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Xɔsetsakatsaka nuwɔnaa wu enu esime vavalawo kpla asi kɔ na wo nɔewo, si nye ŋutifafa ƒe dzesi. Nya siwo ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie ye kpe ɖe wɔna kpeɖi sia ŋu. Gake alekee amewo se le wo ɖokui me ku ɖe azã gã sia ŋu?

‘Ne Ðe Woawɔ Nyawo Dzi Ko’

Nyadzɔdzɔgbalẽwo kple television dɔwɔƒewo kafu afɔ si papa la ɖe. Wo dometɔ aɖewo yɔ papa gɔ̃ hã be “Kristodukɔ bliboa ƒe nyanuɖela.” L’Osservatore Romano si nye nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le Vatican ƒo nu tso ŋkeke si woɖu le Assisi ŋu be enye “nu ɖedzesi aɖe si dzi woato ahe ŋutifafa deŋgɔ vɛ.” “Assisi Ʋu Mɔ Ði na Ŋutifafa” enye nyati vevi aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Corriere dell’Umbria me.

Menye amesiwo nɔ wɔnaa teƒe dometɔ ɖesiaɖee kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o. Wo dometɔ aɖewo gblɔ ɖeklemiɖenyawo elabena togbɔ be gbedodoɖa ƒe ŋkeke aɖewo do ŋgɔ na esia le ƒe 1986 kple 1993 me hã la, wowɔ aʋawo le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me si yi edzi le nu gblẽm le ameƒomea ŋu. Subɔsubɔhawo dome fulélee na wowu ame gbogbo aɖewo le Uganda, Yugoslavia, Indonesia, Pakistan, Titina Ɣedzeƒe, kple Dziehe Ireland.

Italytɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica gblɔ be ɖeko ɖeklemiɖela aɖewo bu kpekpea abe “azã kpeɖi dzro aɖe ko” ene. Europatɔwo ƒe Sewɔtakpekpe me nɔla aɖe gblɔ be hafi woate ŋu ahe ŋutifafa vɛ la, ele na subɔsubɔha me nɔlawo be “woawɔ ɖe nusiwo Nyanyuiawo fia dzi”—si nye be “lɔ̃ wò futɔwo, nàtrɔ wò to kemɛa hã nɛ.” Eye esia nye nusi wòkpɔ be “ame aɖeke mele wɔwɔm o.”

Yudatɔwo ƒe Ƒuƒoƒo si le Italy ƒe kplɔla gblɔ be, “anyo be míada ŋku ɖi anɔ nusi ava dzɔ si nu kpɔm, nenye be woatsɔ nyawo ade dɔwɔna me ŋutɔŋutɔ eye tɔtrɔ vavã aɖe adze hã.” Buddhatɔ siwo le Italy teƒenɔla gblɔ nya ma ke tɔgbe, esi wògblɔ be ele be amesiame “nakpɔ egbɔ be ŋutifafa didi mezu didi dzro aɖe si atsi susume na amewo ko o.” Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe si ŋlɔa nyawo na Italytɔwo ƒe magazine si nye L’Espresso gblɔ be ɖeko tameɖoɖo si nɔ kpekpe si wowɔ le Assisi ŋu va zu tameɖoɖo bubu me vava na Kristodukɔa teƒenɔla si le afima. Eyɔe be “ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nuwɔwɔ ɖekae be woaɖo asi amewo ƒe ɖekematsɔleme na mawusubɔsubɔ, tomaɖomaɖo, kple xɔsemanɔamesi si le amewo me dzi,” kpakple agbagbadzedze be woaho aʋa aɖe “alesi subɔsubɔhawo de nu dunyahenyawo mee” ɖa si gblẽ nu le Europa ŋu togbɔ be “Kristotɔnyenye li eteƒe didi hã.”

Amesiwo tsi tre ɖe wɔnaa ŋu vevie dometɔ ɖekae nye Katolikoha la ƒe kɔnuléɖeasila, si vɔ̃ be womagava de bubu sɔlemeha la ƒe nufiafiawo ŋu. Le television dzi gbebiame aɖe me la, Vittorio Messori, si nye Katolikotɔ nuŋlɔla si wonya nyuie, gblɔ afɔku si ate ŋu anɔ wɔna si yi edzi le Assisi ŋu be ate ŋu ana vovototo si le subɔsubɔhawo dome magadze nyuie o. Nyateƒee, subɔsubɔhakplɔlawo wɔ nu be woaƒo asa na nusiwo ana wòadze abe xɔsetsakatsaka nuwɔnae wònye ene. Papa la ŋutɔ gblɔ nya si tsi tre ɖe nukpɔsusu ma ŋu. Ke hã le ame geɖe gome la, ɖeko wɔna la na wòdze abe subɔsubɔhawo nye mɔ vovovo siwo dzi woate ŋu ato ate ɖe ŋusẽtɔ ɖeka ma ke ŋu ene.

Mawusubɔsubɔ Kple Ŋutifafa

Ekema nukae subɔsubɔha nyanyɛwo ate ŋu awɔ atsɔ ahe ŋutifafa vɛ? Ame geɖewo bua biabia sia nya wɔmoyae, elabena edze abe subɔsubɔhawo wɔa nu geɖe tsɔ hea aʋawɔwɔ vɛ wu esi woaxe mɔ ɖe enu ene. Ŋutinyaŋlɔlawo de dzesi alesi ŋusẽtɔwo wɔ subɔsubɔhawo ŋudɔ tsɔ de aʋawɔwɔ dzii. Gake biabia la gafɔ ɖe te be: Nukatae subɔsubɔhawo ɖe mɔ wozã wo le mɔ sia nu?

Le Kristodukɔa gome la, sedede kɔkɔe aɖe le wo si, si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woaƒo asa na aʋawɔwɔ ƒe fɔɖiɖi hafi. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ‘womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 15:19; 17:16) Ne ɖe Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo wɔ ɖe nya mawo dzi la, anye ne womewɔ ɖeka kple dunyahedziɖulawo, anɔ asrafowo kple aʋawɔwɔ yram ahada asi ɖe edzi hafi o.

Nyateƒee, hafi woate ŋu awɔ ɖe nya siwo wogblɔ le Assisi dzi la, ele na subɔsubɔhakplɔlawo be woaɖe wo ɖokui ɖa tso dunyaheŋusẽwo ŋu. Gawu la, ele be woafia ŋutifafa ƒe mɔ woƒe hameviwo. Gake ŋutinyaŋlɔlawo de dzesii be amesiwo wɔa ŋutasẽnuwo le xexeame dometɔ akpa gãtɔ nye amesiwo xɔ Mawu dzi se—alo gblɔnɛ ya teti be yewoxɔ edzi se. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ nyitsɔ laa be: “Le September 11 ƒe nudzɔdzɔa megbe teti la, ame aɖe ŋlɔ nya wɔdɔɖeamedzi siawo ɖe gli ŋu le Washington, D.C. be: ‘Mawu lɔlɔ̃tɔ, ɖe mí tso amesiwo xɔa dziwò se la si me.’”

Wɔna kpeɖi sia si yi edzi le le Assisi na biabia sesẽ siwo ŋu womeɖo o la tsi susu me na amewo. Gake ɖewohĩ biabia aɖeke mele vevie—alo ɖea fu na dzianukwaretɔwo—wu esia o be: Nukatae Mawu meɖo ŋutifafa gbedodoɖa siwo xexeame ƒe subɔsubɔhawo do ɖa la ŋu vaseɖe fiafia o?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Ne èdi be yeanya nu geɖe tso ŋkeke si woɖo ɖi na ŋutifafa gbedodoɖa le ƒe 1986 me ŋu la, ke kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, June 8, 1987.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Vavalawo lé akaɖi ɖe asi​—si tsi tre ɖi na mɔkpɔkpɔ na ŋutifafa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Pier Paolo Cito

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]

AP Photo/Pier Paolo Cito