Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Aɖaŋuwɔwɔ le Dzɔdzɔmenuwo Me

Àte Ŋu Akpɔ Aɖaŋuwɔwɔ le Dzɔdzɔmenuwo Me

Àte Ŋu Akpɔ Aɖaŋuwɔwɔ le Dzɔdzɔmenuwo Me

NE MÍELE tsa ɖim le kɔƒenutowo me la, mía dometɔ geɖe dea dzesi atsyɔ̃ɖoɖo si le dzɔdzɔmenuwo me. Anye seƒoƒowo, xevi dzeani aɖe, ati gã aɖe, alo nukpɔkpɔ wɔnuku aɖe. Ame geɖewo kafunɛ be Wɔla aɖe alo Aɖaŋuwɔla Gã aɖee wɔ nu dzeani siawo.

Awɔ na wò be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo koe ate ŋu ake ɖe aɖaŋu gbogbo si le dzɔdzɔmenuwo me ŋu. Ke hã dzɔdzɔmeŋutinunya me dɔwɔnu gãwo mehiã hafi nàte ŋu akpɔ aɖaŋuwɔwɔ si le dzɔdzɔmenuwo me o. Nusi hiã koe nye be wò ŋkuwo nate ŋu alé nuwo kaba, àde ŋugble le nuwo ŋu ayi ŋgɔ vie, eye nàkpɔ ŋudzedze ɖe nuwo ƒe nyonyo kple woƒe nɔnɔme ŋu. Ahiã be nàlé ŋku ɖe nusiwo nèkpɔna ɣesiaɣi gake mèdea ŋugble le wo ŋu boo o hã ŋu nyuie.

Aɖaŋuwɔwɔ si wote ŋu kpɔna bɔbɔe dometɔ ɖeka enye nutotroe. Woate ŋu akpɔe le amewo ƒe nuwɔwɔe nyanyɛ aɖewo abe kagbigbi alo gatagbadzɛtotroewo ene me. Ke hã àte ŋu akpɔ nu totroe siwo nya kpɔna wu le atsiaƒu me gomelãwo ƒe gowo alo abɔbɔgowo ŋu. Eye ne egalé ŋku ɖe sunflower—seƒoƒowo ŋu nyuie la, àkpɔ nutotroe le afima hã. Àkpɔ nu totroe si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o ƒe atsyɔ̃ le rose—seƒoƒowo titina kple le yiyiɖɔ me.

Lé ŋku ɖe yiyiɖɔ ŋu nyuie kpɔ. Gbã la, yiyia tsina titina ka vevi siwo le abe keke titina gawo ene. Emegbe edzea egɔme tso titina lɔ̃a sedaka dade ƒomevi aɖe toa ka vevi siawo dzi. Yiyia lɔ̃a ka la ƒoa xlã ʋuu vaseɖe esime wòwua enu. Ka si wolɔ̃ ƒo xlã alea va zua nu totroea.

Atsyã dodzidzɔname bubu si wogakpɔna le dzɔdzɔme enye ŋkuviwo ƒe atsyã. Woakpɔ ŋkuviwo ƒe atsyã le teƒe si ŋu womebu susu ɖo o—wonɔa xefuwo ŋu loo, kpakpaluʋuiwo ƒe aʋalãwo me loo, alo tɔmelã ƒe tsrowo gɔ̃ hã ŋu. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ be ŋkuviwo ƒe atsyã te ŋu naa lãwo diaa asi wo nɔewo, alo atsɔe able nusi gbɔna edzi dze ge, alo atsɔe anya nane ɖa le eɖokui ŋu. Anye atsrima ŋue ŋkuviwo ƒe atsyɔ̃ dzena le wu, eye alesi wòklẽnɛ ne ebe yeadi asi la nye dzɔdzɔmenu wɔnukuwo dometɔ ɖeka le xexeame. Atsrima ƒe atsyɔ̃ do dzidzɔ na Aleksanda Gãtɔ ale gbegbe be ede se le eƒe fiaɖuƒea katã me be woakpɔ wo ta.

Nu kotoewo kple nu nogoewo hã nye aɖaŋuwɔwɔ siwo nàte ŋu akpɔ bɔbɔe. Alesi ɣe ƒe amigogbagba nɔna nogoo alo alesi ɣleti si sɔna tegblẽe klẽna la wɔa dɔ ɖe mía dzi zi geɖe. Daisy-seƒoƒo ƒomevi geɖewo ƒe nɔnɔme le abe ɣe ene eye woƒe titina ƒe amadede nye aŋutiɖiɖi eye amadede vovovowo ƒo eto godoo. Seƒoƒo me tsi sɔgbɔ si le seƒoƒo “ŋkuvi” dzeani gbogbo siawo me nana kpakpaluʋuiwo tena ɖe wo ŋu abe alesi ko ƒuta dzeani nɔnɔ doa dzidzɔ na modzakaɖetsaɖila aɖewo ene.

Nu nogoewo nya ƒoa ƒu bɔbɔe wu ɖesiaɖe, eye zi geɖe la atikutsetsewo nɔa nogoe eye woƒe lolome kple amadedewo nɔa vovovo. Woƒe amadede dzeaniawo doa dzidzɔ na xewo eye woawo hã wua kuawo ne wole wo ɖum wòle vivim na wo.

Nyateƒee, nu totroewo, ŋkuviwo, nu kotoewo, kple nu nogoewo nye aɖaŋuwɔwɔ gbogbo siwo le dzɔdzɔmenuwo me dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Togbɔ be wo dometɔ aɖewo wɔa dɔ tɔxɛ aɖewo koŋ hã la, bubuwo nyea atsyɔ̃ɖoɖo kple nusiwo flua mo na nu bubuwo. Aleke kee nyaa le o, di wo eye nàse vivi na wo.