Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðetsɔtsɔ Le Dedienɔnɔnyawo Me

Ðetsɔtsɔ Le Dedienɔnɔnyawo Me

Ðetsɔtsɔ Le Dedienɔnɔnyawo Me

YAME ʋĩ ɖoɖo kilometa 11 ate ŋu ado vɔvɔ̃ na ame aɖewo. Adze abe dzɔdzɔmese dzi dada ene. Esi yameʋuɖoɖo ɖo dedienɔnɔ ƒe dzidzenu deŋgɔ yeye gbɔ azɔ la, vɔvɔ̃ na yameʋu si nɔa du dzi sesĩe va yina ɖoɖo dzi ɖe kpɔtɔ. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, xaxa aɖewo me toto ɖoa ŋku edzi na mí be afɔkuwo ate ŋu adzɔ.

Vɔvɔ̃ Dzi Duɖu

Togbɔ be vɔvɔ̃ ma li hã la, edzroa ame vevie tso gbaɖegbe ke be ame aɖe kpɔ be yeate ŋu adzo. Ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na Kristo la, Fia Dawid ŋlɔ be: “Ao, ɖe wònye aʋalae le asinye abe ahɔ̃ne ene la, anye ne madzo aɖatsi afi aɖe!” (Psalmo 55:7) Abe alesi míegblɔe va yi ene la, egbegbe mɔ̃ɖaŋununya wɔe be yameʋuɖoɖo nye mɔzɔzɔ mɔnu siwo le dedie dometɔ ɖeka. Ao, mede blibo ya o. Naneke mele dedie keŋkeŋ le xexe sia me o eye nusi ado tso eme mele nyanya o.

Ele be esia nanɔ susume na mí vevietɔ ne esesẽna na mí be míaɖu mía ɖokui dzi ne ame aɖe xɔ ŋgɔ le nane wɔwɔ me. Awɔ na ame aɖewo be, ‘Ne nyee wònye le enu la anye ne nusianu anɔ dedie.’ Ne nenemae wòle la, asesẽ na ame mawo ŋutɔ le afisi ŋgɔxɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sue aɖe koe su wo si alo ɖeke kura mesu wo si o la. Nɔnɔme siawo doa mo ɖa le yameʋuɖoɖo me.

Togbɔ be wole agbagba geɖe dzem be yameʋuɖoɖo nanyo ɖe edzi hã la, mele be wòana míatsɔ nuwo awɔ fefee o. Yameʋuɖolawo katã ate ŋu akpe asi ɖe nɔnɔmea ŋu be woaɖe afɔku siwo ate ŋu adzɔ dzi akpɔtɔ. Ke hã dɔdzikpɔlawo xlɔ̃ nu ku ɖe ŋɔdzidodo aɖewo siwo le edzi yim ŋu. Biblia me lododo aɖe si me nunya le la gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Enye nusi me nunya le be míanya be afɔku anɔ nuwɔna ɖesiaɖe kloe me. Be eme nakɔ nyuie la, ɖo ŋku edzi be yameʋuɖoɖo bia be nàdze aɖaŋu abe alesi nàdze aɖaŋu be yeakpɔ ɖokuiwò ta le nɔnɔme bubuwo ke me ene.

Amesiwo ɖoa yameʋuwo enuenu anya alesi woakpɔ wo ɖokui ta le ɣeyiɣi vɔ̃ siawo me. Zi geɖe la, wonya nu geɖe tso yameʋudzeƒewo kple yameʋuwo ŋu wu yameʋuɖola bubuwo. Nuteƒekpɔkpɔa kple dziɖeɖi si le wo si ate ŋu asu asiwò ne èwɔ ɖe afɔɖeɖe bɔbɔe siwo ŋu woƒo nu tsoe le aɖaka siwo kpe ɖe eŋu me.

Mɔzɔzɔ le Dziɖeɖi Me

Togbɔ be agbamekaƒewo le vevie hã la, mɔzɔla aɖewo​—vevietɔ amesiwo le tsɔtsɔe dim​—bunɛ fuɖenamenu zi geɖe. Esi wòle nyanya me na wò be wova le ŋudzɔ ɖe nuwo ŋu wu le yameʋudzeƒe akpa gãtɔ ta la, anyo be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo siwo gbɔna dzi be nàte ŋu ato agbamekaƒewo bɔbɔe:

▪ Ðo kaba. Ðoɖowɔwɔ be nàɖo yameʋudzeƒea ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ ana nàgbɔ dzi ɖi, aɖe dzi ɖi, ale be nàƒo asa na nuteɖeamedzi si ate ŋu atso nudzɔdzɔ ɖiɖeame alo ɖiamenuwo gbɔ.

▪ Ne èdi be yeaɖo yameʋu la, tia esiwo mɔzɔla asitsalawo ɖona. Wobi ɖe dɔa me, tsɔna agba vi aɖe ko eye wodina be woazɔ kabakaba.

▪ Hafi nàto agbamekamɔ̃ ŋu ava yi la, ɖe nusiwo èkpɔ be ate ŋu ana mɔ̃ si ɖea ha ame nate ɖiɖi da ɖi. Nusiawo ƒe ɖewoe nye safuiwo, gakuwo, sikanuwo, kple asitelefonwo. Tsɔ wo na dzɔla la ne èbe yeato mɔa nu.

▪ Trɔ akplowo kple golowo ƒe gbadzaƒewo mlɔ anyi ɖe ka si dzi agbawo tona dzi; ne amesi le X-ray mɔ̃a dzi kpɔm kpɔ nane si tɔtɔ ɖee la, adi be nàkaka wò nuwo me alo nagbugbɔ wo aɖo ake.

▪ Na dzɔla la nanya nu tso nusiwo nèkpɔ be adze nu bubui le mɔ̃a dzi ŋu, le kpɔɖeŋu me abe blema klosalo kasaŋku aɖe si mamawò tsɔ na wò ene. Ne èɖe nu me na dzɔlaa nyuie ku ɖe nusiwo adze nu tutɔwo le mɔ̃a dzi ŋu eme kɔ nɛ la, mava dzɔ be wòazi dziwò be woaka wò agba me akpɔ kokoko o. Ne ɣeyiɣi sɔgbɔ mele asiwò o la, kaka nuawo me do ŋgɔ eye nàbia be woatsɔ asi atsa eme na wò.

▪ Ne nusiwo nètsɔ dometɔ aɖe na mɔ̃a te ɖiɖi la, wɔ nu aduadu kple agbamekalawo eye nàɖe nu me na wo enumake. Ne dzɔla la kpɔ be nu bubu aɖee na mɔ̃a te ɖiɖi la, aɖo wò ɖe dzɔla bubu si zãna agbamekanu si wotɔ ɖe ati ŋu la gbɔ.

▪ Nu ɖeka si ate ŋu axe mɔ na wò yameʋuɖoɖoe nye be nàgblɔ nukokoedoamenyawo ku ɖe adzodada alo bɔmbdada ŋu. Yameʋudzeƒea ƒe dedienɔnɔdzikpɔlawo atsa ŋuwò vevie kple ŋkubiã emegbe woatsɔ nya ɖe ŋuwò.

Wɔ Nusi Ana Nànɔ Dedie le Yameʋuɖoɖo Me!

Ðe woate ŋu akpɔ yameʋu nyui aɖoa? Ẽ. Yameʋu ka kee nèɖaɖo o mɔkpɔkpɔ nyui aɖe li be àva ɖo dedie. Ne mèka ɖe edzi tututu o la, ekema wɔ numekuku le yameʋuɖoɖo le afisi nèdi be yeaɖo yameʋua le ƒe dɔwɔnawo ŋu. Nenɔ susume na wò be togbɔ be afɔkuwo te ŋu dzɔna le yameʋuɖoɖo me hã la, egakpɔtɔ nye mɔzɔzɔmɔnu siwo nyo wu dometɔ ɖeka.

Fifia gɔ̃ hã la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi aɖe—le Mawu ƒe dziɖuɖu ɖe anyigba sia dzi me—si me dedienɔnɔ kple kakaɖedzi anɔ. Le ameƒome mawuvɔ̃la siwo nye ŋutifafamewo dome la, ame aɖeke manɔ anyi si ade amewo ƒe agbe afɔku me o. Amewo “anɔ dedie, aɖe dzi ɖi, eye womavɔ̃ na afɔku aɖeke o.”—Lododowo 1:33, Holy Bible—Contemporary English Version. *

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 19 Àgate ŋu akpɔ eŋunya bubuwo le Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe nyati siwo gbɔna me “Asitɔtrɔ le Yameʋuɖoɖo ŋu be Woanɔ Dedie Wu,” Nyɔ!, September 22, 2000; “Wɔ Nusi Ana Nànɔ Dedie le Yameʋuɖoɖo Me!” Nyɔ!, September 8, 2000; “Nukae Wòbia Hafi Wòanɔ Dɔ Wɔm Nyuie le Ya Me?” Nyɔ!, September 8, 1999; “Aleke gbegbe Yameʋuwo le Dedie?” Nyɔ!, March 8, 1999; “Vɔvɔ̃ na Yameʋuɖoɖo—Ðe Wòxea Eɖoɖo ƒe Mɔ ɖe Wòa?” Nyɔ!, September 22, 1988.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10, 11]

DEDIENƆNƆ ŊUTI ÐAŊUÐOÐO AÐEWO

Ðo Yameʋu siwo medzena ɖe mɔ dzi o. Afɔku geɖe dzɔna le dzodzoɣiwo, yameɖoɖo, ɖiɖiɣiwo, alo le teƒe siwo wodzena ɖo me. Afisi yim nèle ƒe yameʋuɖoɖo tẽ ate ŋu aɖe wò tso afɔku me dzedze le dzeƒe siawo siwo afɔku te ŋu dzɔna le ŋutɔ me.

Ðo yameʋu siwo lolo. Zi geɖe la, wotrɔ asi le yameʋu siwo tsɔna ame 30 kple edzivɔ ŋu nyuie eye woka ɖe edzi be woɖo dzidzenu kɔkɔ aɖewo gbɔ wu yameʋu suewo. Gakpe ɖe eŋu la, yameʋu gãwo te ŋu naa emenɔlawo nɔa didie wu ne afɔku gãwo dzɔ.

Lé to ɖe nyatakaka siwo wonana hafi ʋua hona ŋu. Togbɔ be nyatakakawo anye esiwo nèsena edziedzi hã la, afisi woado to enumake ne afɔku kpata aɖe dzɔ ato vovo le yameʋu ɖesiaɖe gome kple le afisi nènɔ anyi ɖo gome.

Mègada nu kpekpewo ɖe nudaɖoƒe siwo le wò tame o. Ðewohĩ nudaɖoƒe siwo le wò tame mate ŋu atsɔ nu kpekpewo nenye be yaƒoƒo sesẽ na yameʋua le ʋuʋum o, eyata ne ètsɔ agba si manya kɔ na wò o la kpɔ egbɔ be wodee afisi dze do ŋgɔ.

Kpɔ egbɔ be zikpuiŋukaa bla wò sesĩe le wò nɔƒea. Zikpuiŋuka si akpɔtɔ anɔ ŋuwò ana be nànɔ dedie ne yameʋua do go ya sesẽ aɖe le vome.

Ðo to yameʋumedɔwɔlawo. Dedienɔnɔe nye nu vevitɔ si ta yameʋumedɔwɔlawo li ɖo, eyata ne wo dometɔ aɖe bia tso asiwò be nàwɔ nane la wɔe gbã hafi nàbia nya emegbe.

Mègatsɔ nusiwo ate ŋu ahe afɔku vɛ ɖe asi o. Nu gbogbo aɖewo li siwo ate ŋu ahe afɔku vɛ si ŋu womeɖe mɔ le o baa, gake ele be nànya be medze be yeatsɔ mɔ̃memi, nusiwo léa ɣebia, nusiwo nana aɖi ɖoa ya me, kple nusiawo tɔgbe ava yameʋua me o negbe ɖe yameʋuɖoɖo dzikpɔlawo ɖe mɔ ɖe eŋu eye wodee nugoe si sɔ me hafi.

Mègano aha fũ o. Aha sesẽ ɖesiaɖe si nàno la akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò le ya me wu ne èle anyigba. Dadasɔe nye nɔnɔme nyuitɔ si me wòle be woanɔ le afisiafi le ya me.

Nɔ ŋudzɔ. Ne èɖo xaxa me le nuɖiɖeame aɖe me, abe nusi dze be nàwɔ asi le afɔku aɖe nu me ene la, wɔ ɖe yameʋumedɔwɔlawo kple yameʋukulawo ƒe mɔfiafia dzi eye nàdo go le yameʋua me kaba.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakakatsoƒe: AirSafe.com

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 12]

DZIDEDE ƑO NA WÒ ƑOMEA

Ne èle mɔ zɔm la, aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiwo gbɔna le alesi nàwɔ ana wò ƒomea naɖe dzi ɖi ŋu. Woɖee tso United Behavioral Health Nyatakakadzraɖoƒe

Dzro nu me kple wò ƒomea. Hafi nàdze mɔ la, nɔ wò ame veviwo gbɔ sẽ eye miadzro mia kple woƒe dedienɔnɔ me. Gblɔ ametakpɔmɔnu yeye siwo woto vɛ be mɔzɔzɔ nanɔ dedie ŋu nya kple alesi wòaɖe vi na wòe na wo.

Na woaɖe woƒe seselelãmewo agblɔ. Na wò ƒomea naƒo nu tso woƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu na wò. Wolɔ̃ wò eye wò dedienɔnɔ ko dim wole. Lé to ɖe woƒe nyawo ŋu nyuie eye mègatsi tre ɖe wo ŋu o, bu woƒe vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsiwo nya veviwoe.

Gblɔ nyateƒenyawo tsɔ de dzi ƒo na wo. Ƒo nu tso alesi yameʋuɖoɖo dzi kpɔla vovovowo le agbagba dzem be yewoaxe mɔ ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze nui ŋu. Nusiawo lɔ ŋudzɔnɔnɔ vevie le yameʋudzeƒea kple yameʋua me ɖe eme. Eyata be vɔ̃ aɖe nadzɔ ɖe dziwò ne eɖo yameʋu la nye nu sesẽ.

Na woase ŋkɔwò. Ka ɖe edzi na wo be àƒo ka na wo ne èɖo wò nɔƒea dedie. Nɔ kaƒoƒo dzi esi nègakpɔtɔ le mɔzɔzɔa dzi. Ele vevie hã be wò ƒomea nanya alesi woake ɖe ŋuwò ne nya sesẽ aɖe do mo ɖa.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Lɔ̃ faa be yeawɔ nusi wobia tso asiwò le agbamekaƒewo