Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Ƒe Kamedefefewo—Ŋutasẽnuwɔwɔ Si Le Aƒe Xɔm Ðe Wo Me Fifia

Ðeviwo Ƒe Kamedefefewo—Ŋutasẽnuwɔwɔ Si Le Aƒe Xɔm Ðe Wo Me Fifia

Ðeviwo Ƒe Kamedefefewo​—Ŋutasẽnuwɔwɔ Si Le Aƒe Xɔm Ðe Wo Me Fifia

▪ Kɔledzidela aɖewo va kpe ta be yewoaƒo bɔl. Esime wogatsɔ ɣeyiɣi aɖe kpee be woakpɔ dziɖula le esi akpa aɖeke meɖu dzi le hoʋiʋlia ŋutɔ me o ta la, fefea va zu dzre ɖe dzila 100 kple edzivɔ, bɔlƒoƒofialawo, kple bɔlƒolawo dome wonɔ ɣli dom henɔ kɔ tum wo nɔewo.

▪ Ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo mekpɔ xɔ ƒe wuieve haɖe o nɔ bɔl ƒom ɖekae. Esi ƒe ewo vi aɖe mete ŋu xe bɔl si woda nɛ o la, bɔlƒoƒofiala xlãe ɖe anyi, eye eƒe abɔwo ŋe.

▪ Ðeviwo ƒe baseball-ƒoƒofiala aɖe ɖe eƒe bɔlƒolawo dometɔ ɖeka do goe le fefea me. Ðevia fofo do ŋɔdzi na bɔlƒoƒofiala la be yeawui eye ema wɔe be wode ɖevia fofo mɔ ŋkeke 45.

▪ Esime wonɔ ice hockey-fefe fiam ɖeviwo la, vifofo eve aɖewo he nya ku ɖe alesi woakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe fefea ƒe sewo dzi ŋu. Vifofo ɖeka ƒo evelia le evia etɔ̃awo ƒe ŋkume wòku.

NYA tsodzikaƒoname siawo tɔgbe va bɔ ale gbegbe. Edze abe ŋutasẽnuwɔwɔ yeye aɖe le aƒe xɔm ɖe fefewɔƒewo, basketball-ƒoƒewo, tsikpedzifefewɔƒewo, kple ɖeviwo ƒe fefewɔƒewo fifia ene. Enye dzre si dzilawo kple bɔlƒoƒofialawo wɔna be woagaɖu yewo dzi o. Jeffrey Leslie, amesi nye ŋgɔnɔla na Jupiter-Tequesta (Florida) ƒe Kametelawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be: “Mekpɔa dzilawo nyrana ɖe wo viwo dzi, heƒoa nya ɖe wo nu vevie be woaɖu dzi godoo; ɖevi siwo daa kɔ le dzilawo ƒe dzredede wo dome ta; ɖevi siwo nɔa avi fam le sukukpo dzi le esi wo dzilawo do ŋukpe . . . wo ta.” Egblɔ kpee be: “naneke menaa wokpɔa dzilawo ƒe gbegblẽƒe abe le sɔhɛwo ƒe kamedefefewo me ene o.” Be woakpɔ ɖeviwo ta tso ŋutasẽnuwɔna siawo me la, eva hiã be woawɔ nyametsotso sesẽ aɖewo atsɔ axe mɔ na dzila aɖewo le nuto aɖewo me be woagava kpɔ wo viwo ƒe fefewɔwɔwo teƒe o.

Nukae do tso ŋutasẽnuwɔwɔ kple dziku siawo si dzi womete ŋu ɖu o me? Fred Engh, amesi ɖo Dukɔa ƒe Ðekawɔwɔ le Sɔhɛwo ƒe Kamedefefe me anyi le Florida eye wòganye ŋgɔnɔla nɛ la gblɔ be: “Ŋukpenanu sia si ame tsitsi geɖewo wɔna la le nu gblẽm le sɔhɛwo ƒe kamedefefewo kple dzidzɔ si le eme ŋu, eye wòle ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe ɖevi miliɔn geɖewo dzi.”

Didi be Woaɖu Dzi Godoo

Edze abe dzila aɖewo ƒe didi vevie be yewo viwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ godoo le hoʋiʋlia me gbɔe kuxia tso ene. Ŋutasesẽ le Ðeviwo Ŋu Gbɔkpɔha si le Canada teƒenɔla aɖe gblɔ be: “Ne dziɖuɖu koŋ ye va nye taɖodzinua, eye amesiwo sesẽ wu kpɔkpɔ va nye nyaa la, eva wɔnɛ be amesiwo ŋu ŋusẽ mele o kpea fu. Le kamedefefe siwo me hoʋiʋli le alea me la, ɖeviwoe nye amesiwo kpea fu le eme.” Dumegã aɖe si le Ontario (Canada) Lamesẽfefe ƒe Hehenana Habɔbɔ me gblɔ be ɖevi siwo nu woƒoa nya ɖo alea la “ate ŋu adze tagbɔdɔ tso woƒe ɖevime. Eye ne wova tsi la, [ate ŋu ava] sesẽ na wo be woanɔ te ɖe nusi me womekpɔ dzidzedze le o nu.”

Mewɔ nuku o be ɖevi siwo le kame tem la va ɖea dzilawo kple fefefiala siwo tsia dzi fũ akpa ƒe dziku ma ke fiana le woƒe nuwɔwɔwo me. Le nyɔnuviwo ƒe volleyball-fefe aɖe me la, nyɔnuvi hoʋlilawo do dɔmedzoe vevie ɖe fefea dzikpɔla ŋu zi gbɔ zi adre sɔŋ. Dzi ku nyɔnuvi aɖe vevie esi wonyae le tennis-bɔl hoʋiʋli aɖe me, esia na wòva gbã woƒe amegã aɖe ƒe ʋu. Esi wotɔ te avuwɔla sukukɔkɔdela aɖe ɖe vodada aɖe si wòwɔ le kametehoʋiʋli aɖe me ta la, exlã ta ɖe hoʋiʋlidzikpɔlaa ƒe ŋgonu woku ƒenyi. Darrell Burnett, si nye ɖeviwo ƒe tagbɔdɔdala kple sɔhɛwo ƒe kamedefefe ɖaŋuɖola gblɔ be: “Tsã la sɔhɛwo ƒe kamedefefe [nye] esiwo wobuna koŋ be wowɔna ɖe kamedefefewo ƒe ɖoɖowo dzi le. Gake megale nenema kura o. Meganye fefe dzro si sɔhɛwo wɔna tsɔ ɖea modzaka o.”

Nusiwo Dzilawo Ate Ŋu Awɔ

Ele be woanɔ susu me na dzilawo be dzidzɔkpɔkpɔ kple kamedede ta koŋue ɖeviwo kpɔa gome le kamedefefewo me. Eyata ewɔwɔ be ɖeɖi nate ɖeviwo ŋu le kamedefefe me ahanɔ wo dzum meɖea vi o—eye meɖea lɔlɔ̃ fiana o. Biblia la gblɔ be: ‘Mi dzilawo, migado dziku na mia viwo o.’—Efesotɔwo 6:4.

Nukae akpe ɖe dzila ŋu be woada asɔ le go sia me? Gbã la, anyo be nàbu alesi wònɔ na wo le ɖevime ŋu. Ðe nète ŋu wɔnɛ wodea ewɔla bibiwo nua? Ðe wòsɔ be nàkpɔ mɔ na viwòŋutsuvi alo viwònyɔnuvi be wòawɔ nenema? Le nyateƒe me la, ‘ŋusẽ mele ɖeviwo ŋu o.’ (Mose I, 33:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, na nukpɔsusu nyui si nye be woate ŋu aɖu dzi alo woaɖu wo dzi faa nanɔ asiwò ɣesiaɣi. Biblia la yɔ ŋuʋaʋã si dzi womete ŋu ɖu o be enye “tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.”—Nyagblɔla 4:4.

Dzidzɔtɔe la, amesi nye baseball adodoea ƒolawo dometɔ ɖeka tsã de dzi ƒo na dzilawo be dziɖuɖu kple kpododonu ƒe nukpɔsusu si da sɔ nanɔ wo si, dzi nagaku wo ne wo via medze agbagba o alo dzi megadzɔ wo fũ akpa ne wo via ɖu dzi o. Le esi teƒe be dziɖuɖu nanye nu vevitɔ wu na dzilawo la, ele be woƒe susu nanɔ ɖeviawo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lãmesẽ si woakpɔ ŋu boŋ.

Esia na dzila aɖewo ƒo nya ta be ɖeviwo ƒe kamedefefe gãwo hea ŋuʋaʋã manyomanyo vɛ. Gake esia mefia be wo viwo mekpɔa gome le kamedefefewo me kple ɖevi bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me dzila Kristotɔ geɖe kpɔ be yewo viwo kpɔa gome le fefe kple haxɔsetɔwo me le woƒe xɔ godo alo gbadzaƒe si le wo gbɔ. Esia nana dzilawo te ŋu léa ŋku ɖe wo viwo ƒe hadede ŋu wu. Tsaɖiɖi si ƒomea awɔ ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ bubu si me woafe le wo. Nyateƒee, aƒe godo fefewo mana woase vivi abe hoʋlihawo me nɔnɔ ene ya o. Gake mègaŋlɔ be o be aleke kee wòɖale o, “ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe [pɛ] ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu.” (Timoteo I, 4:8) Ne èyi edzi lé nukpɔsusu sia si da sɔ me ɖe asi la, àte ŋu akpɔ viwò ta be ŋutasẽnuwɔwɔ si le aƒe xɔm ɖi fifia la maɖe fu nɛ o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Dzidzɔkpɔkpɔe wòle be kamedefefewo nanye, menye nusi hea dzre vɛ o