Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea?

Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu​—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea?

“Nyemeka ɖe edzi be zɔhɛwo kpɔa ŋusẽ ɖe dzinye o.”​—Pamela, amesi le suku kɔkɔ dem.

“Nyemeka ɖe edzi be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gakpɔa ŋusẽ ma gbegbe ɖe dzinye o. Nye ŋutɔ koe nɔa dzi tsim le ɖokuinye me zi geɖe.”​—Robbie, sɔhɛ aɖe.

ÐE NÈSE le ɖokuiwò me alea kpɔa? Ẽ, anɔ nyanya me na wò be Biblia gblɔ be: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Ke hã anɔ wɔwɔm na wò be, ‘Ðe wobua hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nya gã wu alesi dzea—ɖe woanye be meɖi nya gã abe alesi dzinyelawo kple ame tsitsi bubuwo bunɛ ene oa?’

Ne nya sia ɖea fu na wò edziedzi la, dzi megaɖe le ƒowò o elabena alea ko sɔhɛ geɖewo hã sena le wo ɖokui mee. Gake míekpe wò be nàde ŋugble le nusiwo ate ŋu adzɔ ŋu. Ðe zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu lɔ nanewo siwo menya o ɖe emea? Alesi hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzii wɔa nuku na sɔhɛ geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Angie lɔ̃ ɖe edzi be yenɔa nu geɖe wɔm be yeasɔ kple amewo wu alesi ye ŋutɔ yeadi be yeawɔ nui. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒe nyaƒoɖeamenu nu sẽna ale gbegbe be mànya kura be enye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu o. Àva nɔ esusum be ye ŋutɔ koe le dzi tsim.”

Nenema kee Robbie, si míeyɔ va yi hã gblɔe be ye ŋutɔ koŋue nɔa dzi tsim. Ke hã elɔ̃ ɖe edzi be dugã me nɔnɔ mele bɔbɔe o. Nukatae? Elabena kesinɔnudidi ƒe nɔnɔme si bɔ ɖe afima naa hatiwo ƒoa nya ɖe ame nu. Egblɔ be: “Kesinɔnuwo didi ŋu koŋue wotsia dzi ɖo le afisia.” Eme kɔ ƒã be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nye ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖe si ŋu wòle be woalé ŋku ɖo. Ekema nukatae sɔhɛ geɖewo buna be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu mekpɔa ŋusẽ ɖe yewo dzi o?

Eƒe Amebleŋusẽa Nu Sẽ

Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu aflu ame—eye le nyateƒe me la, míakpɔe adze sii kura o. Bu kpɔɖeŋu si gbɔna ŋu kpɔ: Ne míele teƒe si le atsiaƒu ƒe sɔsɔme la, ya si zina ɖe mía dzi tso dziƒo le sentimeta dzogoe ene ɖesiaɖe ƒe kpekpeme me lae nye kilogram adre. * Ànɔ dzizizi ma te gake manya o. Nukatae? Esi etenɔnɔ ma wò tae.

Ele eme baa be, ya si le yamenutome ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi mewɔa nu vevi ame o ya. Gake ne amewo ƒo nya ɖe mía nu le ayeme la, ate ŋu atrɔ míaƒe nɔnɔme vivivi. Apostolo Paulo nya ŋusẽ si hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔna ɖe ame dzi. Exlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Migana xexe si me miele natrɔ mi ɖe eƒe nɔnɔme nu o.” (Romatɔwo 12:2, The New Testament in Modern English) Gake aleke esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dzii?

Alesi Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Wɔa Dɔ ɖe Ame Dzii

Ðe nèdina be ame bubuwo nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwòa? Mía dometɔ akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be ẽ. Ke hã dzɔdzɔmedidi si nye be míadze ame ŋu la ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu alo aɖe vi na mí. Afikae míawɔe ase ɖo be míakpɔ woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ si le mía dzrom vevie la? Ne míeka ɖe mía ɖokuiwo dzi gɔ̃ hã be nɔnɔme gbegblẽ makpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o la, aleke wòle le amesiwo dome míele gomee? Ðe wole agbagba dzem be yewoaƒo asa na hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenua, alo wona wòle ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi?

Le kpɔɖeŋu me, egbea la, ame geɖe bua Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu be wonye tsigãdzinu alo be womesɔ le egbexexea me o. Ame geɖewo senɛ le wo ɖokui me be mehiã kokoko be woasubɔ Mawu le mɔ si wòdi tso mía si le eƒe Nya la me nu o. (Yohanes 4:24) Nukatae wosenɛ le wo ɖokui me nenema? Ŋuɖoɖoa ƒe akpa aɖe anye be etso hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbɔ. Le Efesotɔwo 2:2 la, apostolo Paulo ƒo nu tso xexeame ƒe nuɖoanyia ƒe “gbɔgbɔ” alo nɔnɔme si le ŋu sẽm ŋu. Gbɔgbɔ ma ƒonɛ ɖe amewo nu be woanɔ agbe ɖe xexeametɔ siwo menya Yehowa o ƒe nukpɔsusu nu. Aleke wòate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?

Míaƒe gbesiagbenuwɔnawo le suku, nusrɔ̃ƒe, ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ, kple dɔwɔɖuiwo biana be míawɔ nu ɖekae kple amesiwo menɔa agbe ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu o. Le kpɔɖeŋu me, le suku la, ame geɖewo te ŋu wɔa nusianu be yewoƒe nu nadze amesiame ŋu, wokpɔa gome le agbegbegblẽnuwɔnawo me, alo atikevɔ̃ɖiwo zazã kple ahamuamewo nono me gɔ̃ hã. Nukae adzɔ ne míetia zɔhɛ kplikplikpli tso amesiwo nɔa agbe ma tɔgbe dome alo míelɔ̃ ɖe edzi be wosɔ, alo kafunɛ gɔ̃ hã? Ate ŋu ana míava te nɔnɔme mawo sɔsrɔ̃—ɖewohĩ adze egɔme vivivi—kaka ko míava zu nuawo wɔlawo. Xexeame ƒe “gbɔgbɔ,” alo “ya,” anɔ nya ƒom ɖe mía nu, alo anɔ mía trɔm ɖe eƒe nɔnɔme nu.

Dzidzɔtɔe la, egbegbe hadomeŋutinunyalawo wɔ dodokpɔ aɖe si ɖo kpe Biblia ƒe gɔmeɖose siawo dzi. De ŋugble tso Asch ƒe dodokpɔ wɔdɔɖeamedzia ŋu kpɔ. Wokpea ame aɖe be woava nɔ anyi ɖe ƒuƒoƒo aɖe dome. Ðk. Asch tsɔ agbalẽ gbadza aɖe si dzi wote fli ɖeka si tso dzi va anyi ɖo la fia wo, emegbe wòtsɔ agbalẽ bubu si dzi wote fli etɔ̃ siwo ƒe titrime le vovovo tso dzi va anyi ɖo la fia wo. Emegbe ebiana amesiwo le ƒuƒoƒoa me ɖekaɖeka be woafia fli etɔ̃awo dometɔ si wosusu be eɖi gbãtɔa. Ŋuɖoɖoa le bɔbɔe. Le dodokpɔ gbãtɔ ʋɛawo me la, wo katã gblɔ nya ɖeka. Gake le dodokpɔ etɔ̃lia me la, nane trɔ.

Ele bɔbɔe be woagblɔ fli siwo ƒe nɔnɔme ɖii abe dodokpɔ gbãtɔ siwo wowɔ tɔ ke ene. Gake nane menɔ nyanya na ame ɖekaɖeka siwo wonɔ dodom kpɔ la o, woxe fe na ƒuƒoƒoa me tɔ mamlɛawo be woakpɔ gome le dodokpɔa me. Wo katã wolɔ̃ be yewoada asi ɖe ŋuɖoɖo gbegblẽ ɖeka dzi. Nukae va dzɔ? Ame ɖekaɖeka siwo wodo kpɔ dome alafa me mama 25 koe lé ɖe nusi wonya be eyae nye nyateƒea ŋu. Ame mamlɛ bubuawo katã lɔ̃ ɖe ƒuƒoƒoa tɔ dzi zi ɖeka ya teti—togbɔ be esia nye nugbegbe le nusi woƒe ŋku kpɔ gbɔ hã!

Eme kɔ ƒã be amewo dina be yewoawɔ nu ɖe amesiwo dome wole ƒe didi nu—edzɔna ale gbegbe be ame akpa gãtɔ gbea nu le nusi wonya be eyae nye nyateƒea gɔ̃ hã gbɔ. Nyaƒoɖeamenu sia dzɔ ɖe sɔhɛ geɖe dzi kpɔ. Daniel, amesi xɔ ƒe 16, lɔ̃ ɖe edzi be: “Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu atrɔ wò. Eye ne ameawo sɔ gbɔ la, ŋusẽkpɔɖeamedzia nu gasẽna ɖe edzi. Àva nɔ susum gɔ̃ hã be nusi wɔm wole la nyo.”

Angie, si míeyɔ va yi gblɔ ŋusẽkpɔɖeamedzi ma tɔgbe si dzɔ le suku: “Ne èle titinasuku la, atsi dzi ɖe awu siwo nèdona ŋu. Ele be awu ƒomevi vovovoawo katã nanɔ asiwò. Màdi be yeagblẽ dɔlar 50 ɖe dziwui ƒeƒle ŋu hafi o—nukatae ame aɖe adi be yeawɔ nu ma?” Abe alesi Angie gblɔe ene la, mate ŋu akpɔ nyaƒoɖeamenua adze sii ne ele ŋusẽ kpɔm ɖe dziwò o. Gake ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenua ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le nusiwo le vevie wu gomea?

Nusita Afɔku Ate Ŋu Anɔ Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Me

Tsɔe be yele tsi ƒum le atsiaƒu me. Esime wò ŋku biã nèle tsia ƒum yi ŋgɔe la, ŋusẽ bubu aɖewo hã le dɔ wɔm le wò manyamanya me. Ƒutsotsoeawo anɔ tutuwòm ɖo ɖe ƒuta, gake ƒutsotsoe ɣaɣlawo hã anya nɔ wò hem. Anɔ hewòm ɖo ɖe axadzi vivivi. Emegbe ne èfɔ kɔ dzi kpɔ ƒuta gome la, màgakpɔ wò ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wòwo o. Mànya alesi gbegbe ƒutsotsoeawo he wò yinae gbeɖe o! Nenema ke nuwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe susuwo kple seselelãmewo dzi ɣesiaɣi ne míele míaƒe gbesiagbedɔwo wɔm. Hafi míanya la, ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo te mí ɖa tso dzidzenu siwo me míedina ɣesiaɣi be míalé ɖe asi gbɔ kura.

Le kpɔɖeŋu me, apostolo Petro nye amesi ƒo dzi nɔna. Eda yi le tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋkume vɔvɔ̃manɔmee le zã si me wolé Yesu. (Marko 14:43-47; Yohanes 18:10) Ke hã le ƒe aɖewo megbe la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu na wòwɔ ameŋkumenu aɖe si dze gaglã. Eƒo asa na Trɔ̃subɔla zu Kristotɔwo—togbɔ be exɔ ŋutega tso Kristo gbɔ si fia mɔe be wòagabu Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo be wo ŋu mekɔ o hafi. (Dɔwɔwɔwo 10:10-15, 28, 29) Anya sesẽ na Petro ŋutɔ be wòanɔ te ɖe ame bubuwo ƒe fewuɖuɖu nu wu be wòadze ŋgɔ yi! (Galatiatɔwo 2:11, 12) Nyateƒee, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu te ŋu hea afɔku vɛ.

Ele Vevie Be Míanya Ŋusẽ si Le Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu

Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Petro ƒe kpɔɖeŋua me. Tenɔnɔ ɖe nanewo nu mefia be woate ŋu anɔ te ɖe nusianu nu o. Gbagbãƒewo nɔ Petro ŋu abe alesi wòle mía dometɔ ɖesiaɖe ŋui ene. Ameka kee míeɖanye o, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo ŋu. Míate ŋu abia mía ɖokui anukwareɖiɖitɔe be: ‘Afikae megbɔdzɔ le? Ðe nugãdidi dzɔa dzi nama? Ðe ɖokuiŋudzedze va le aƒe xɔm ɖe menyea? Nuka gbegbee adzrom be matsɔ asa vɔe be maxɔ kafukafu, akpɔ ɖoƒe kɔkɔ, alo woanyam?’

Ðewohĩ míaɖoe koŋ ade mía ɖokui afɔku me to hadede kple atikevɔ̃ɖizãlawo alo agbegbegblẽnɔlawo me o. Ke míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o ya ɖe? Ne míeɖoe be míade ha kplikplikpli kple amesiwo akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le nusiwo me míegbɔ dzɔ le la, ekema míele mía ɖokui dem asi na hatiwo be wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi—si ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu tegbee.

Dzidzɔtɔe la, menye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖee gblẽ o. Ðe míate ŋu awɔ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋudɔ—be wòaɖe vi na mí gɔ̃ hã? Eye aleke míate ŋu atsi tre ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽwo ŋui? Woaɖo biabia mawo ŋu le “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati aɖe si gbɔna me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Dodokpɔ bɔbɔe aɖe wɔwɔ ate ŋu aɖe alesi ya zina ɖe nu dzi afia. Tsɔ aŋego ƒuƒlu aɖe ɖe asi yi to aɖe tame, nà ya neɖo eme, eye nàxe enu, nukae adzɔ ɖe aŋegoa dzi ne èle ɖiɖim tso toa dzi? Aŋegoa anyẽ ɖe eme. Ya si le zizim ɖe aŋegoa dzi tso ya me kpena sasasã wu ya si le aŋegoa me.

[Nɔnɔmetata si le axa 30, 31]

Afisi ŋutilãmenudidi xɔ aƒe ɖo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi vevie