Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia—Le Kpekpeɖeŋunanadɔ Nyadri Aɖe Me

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia—Le Kpekpeɖeŋunanadɔ Nyadri Aɖe Me

Lɔlɔ̃ Ðeɖe Fia​—Le Kpekpeɖeŋunanadɔ Nyadri Aɖe Me

RICHARD VARA, si nye nuŋɔŋlɔmetola bibi na nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Houston Chronicle, nye amesi dzi nu mewɔa dɔ ɖo bɔbɔe o, gake nane wɔ dɔ ɖe edzi le ƒe si va yi me. Egblɔ be: “Nyemekpɔ nu ma tɔgbe kpɔ o! Nyemete ŋu maxɔe se o.” Lee P. Brown, si nye dudzikpɔla le Houston, Texas, U.S.A. hã gblɔ nya ma tɔgbe. Egblɔ be: “Oo, Houstontɔwo katã nava kpɔ nusi gbegbe miewɔ ɖa. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Nuka ŋue wonɔ nu ƒom le? Nuŋɔŋlɔmetola kple dudzikpɔlaa siaa nɔ nu ƒom tso kpekpeɖeŋunanadɔ aɖe si Yehowa Ðasefowo wɔ le Houston la ŋu. Nukae dɔ sia wɔwɔ lɔ ɖe eme? Nukatae wòhiã ɖo? Eye nukatae wòwɔ dɔ ɖe amewo dzi alea gbegbe ɖo? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, na míadze nyaa katã gɔme.

Tsiɖɔɖɔ Dziŋɔ Aɖe

Le June ƒe gɔmedzedze le ƒe 2001 me la, ahom sesẽ aɖe, si woyɔna be Allison gblẽ nu vevie le Texas anyieheɣedzeƒe ƒe gbadzaƒe nutoa me. Mlɔeba la, le Fiɖa, June 8 dzi la, Allison kplɔ tsi gã aɖe si dza gaƒoƒo 24 blibo katã va kɔ ɖe Houston—si nye dukɔ ma ƒe dugã enelia—wòɖɔ meta ɖeka. * Le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la, tsiɖɔɖɔ ɖe fiasewo, ɔfiswo, kple aƒe akpe nanewo. Mɔ gã siwo le dua me trɔ zu tɔsisi gãwo nɔ sisim to ʋuwo kple agbatsɔʋu gã siwo xaxa tame. Tsia ƒe ɖɔɖɔ fũ na wòsesẽ na dzotsidɔwɔƒe ʋuwo kple kpekpeɖeŋunala bubuwo ƒe ʋuwo be woazɔ mɔ aɖewo dzi. Womia asi helikɔptawo kple asrafowo ƒe ʋu gã kulawo be woava na kpekpeɖeŋu amewo.

Mlɔeba la, esi xexeame kɔ nyuie le Dzoɖa, June 11 dzi la, eva dze ƒã be Allison wu ame geɖe eye wògblẽ nunɔamesi geɖewo dome. Ame 22 ku, wo dometɔ eve nye Yehowa Ðasefowo: Jeffrey Green, Kristotɔ hamemegã, kple srɔ̃a nɔvinyɔnu Frieda Willis. * Nu gblẽ le aƒe siwo ade 70,000 hã ŋu, si wɔe be tsiɖɔɖɔa nye dzɔdzɔmefɔku dziŋɔ siwo dzɔ le dugã me dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, nusiwo Allison ahomya gblẽ si de dɔlar biliɔn 5 la na be wòzu ahom si gblẽ nu wu ɖesiaɖe le United States.

Lɔlɔ̃nu Faa Dɔwɔla Gbogbo aɖe Va Do

Ame geɖewo tsi dzodzodzoe. Kpekpeɖeŋunala aɖe gblɔ be: “Woƒe abawo ƒo tsi. Woƒe anyigbakuntruwo ƒo tsi. Tsi kplɔ woƒe ɖevimenɔɣi fotowo dzoe.” Yehowa Ðasefo siwo wu 16,000 le Houston dometɔ geɖe bu nunɔamesi geɖe. Fiaɖuƒe Akpata enyi kple Ðasefowo ƒe aƒe alafa geɖewo dome gblẽ. Tsi xɔ aƒe siawo dometɔ aɖewo wokɔ yi dzi sentimeta geɖe; eye wòɖɔ ɖe bubuwo me va tɔ xɔta. Le wo katã me la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 80 ŋue nu gblẽ le. Gake womegblẽ amesiawo ɖi o. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, nu bubu aɖe ɖi ɖe ameawo—gake fifia lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe va do—be yewoana kpekpeɖeŋu wo. Aleke esia dzɔe?

Hafi tsia nate miemie gɔ̃ hã la, Kristotɔ hamemegã siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Houston tso ɖe dɔ ŋu enumake. Hamemegã aɖe gblɔ be: “Míeƒo ka na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo eye míesrã wo kpɔ. Emegbe míebu akɔnta le nusiwo gblẽ ŋu, eye kaka Dzoɖa, June 11 naɖo la, míeƒo amesiwo ƒe nuwo dome gblẽ, aƒe siwo gblẽ, kple nusiwo gbegbe gblẽ ŋuti nyatakakawo katã nu ƒu. Míeɖo wo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã si le Brooklyn, New York.” Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States ɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti si me Kristotɔ hamemegã enyi siwo tso Houston le la be woakpɔ kpekpeɖeŋunanaga dzi. Nukae nye kɔmitia ƒe dɔdasi? Woakpe ɖe Ðasefo siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ŋu be woadzudzɔ nuxaxa eye be woadzra woƒe aƒe siwo gblẽ ɖo na wo—aƒeawo wu 700!

Yehowa Ðasefowo ƒe Kpekpeɖeŋunakɔmiti yeye si woɖo le Houston le ƒe 2001 me bia be ‘Aleke míawɔ akpɔ dɔ nyadri sia gbɔ?’ Wonɔa zã dzi nɔa ɖoɖowo wɔm eye wokpe Ðasefowo ƒe hame siwo wu 160 le Houston nutoa me be woava na kpekpeɖeŋu. Kɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be: “Wotso ɖe yɔyɔa ŋu wòwɔ nuku ale gbegbe. Ðasefo siwo wu 11,000 ye tsɔ wo ɖokui, woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple aɖaŋu na faa be yewoawɔ dɔ femaxee.”

Lɔlɔ̃nu Faa Dɔlawo Klɔ Adukplawo Ða

Ŋkeke ʋɛ aɖewo le tsiɖɔɖɔa megbe la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo yi ɖawɔ dɔ le amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ƒe aƒewo me, henɔ anyigbakuntru siwo ƒo tsi, anyigba, gli, awuɖaka siwo ƒo tsi, kple ʋɔtru siwo gblẽ la fom ɖa, tsɔ kpe ɖe nu bubu ɖesiaɖe si ŋu tsi ƒoɖi gblẽ nu le la ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Menye mía nɔviwo ƒe aƒewo dzadzraɖo ŋu koe míetsi dzi ɖo o, ke boŋ míetsi dzi ɖe woƒe lãmesẽ ta kpɔkpɔ hã ŋu.” Esi wole bɔbɔe be gli godowo nado adukpla eye aɖakawo me naƒo dza si me aɖi le ta la, ele be woatsɔ atike si wua dɔlékui atutu aƒeawo me gbã.

Be woanya alesi woawɔ dɔa nyuie la, Ðasefo geɖe bia be woana Dukɔa ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Nyakpatawo Gbɔ Federal Emergency Management Agency (FEMA), si bi ɖe dzɔdzɔmefɔku ŋu nyawo gbɔ kpɔkpɔ me be wòana hehe yewo. Le ema megbe la, Ðasefo siwo FEMA habɔbɔa na hehee la dometɔ ɖesiaɖe kplɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ewo kpe ɖe eɖokui ŋu yi aƒe si me nu gblẽ le, eye wòfia wo alesi woaɖe dɔlékuiwo ɖa le aƒea me nyuie. Le ŋkeke si kplɔe ɖo me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ewo yeye siwo wona hehee hã dometɔ ɖesiaɖe kplɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ewo bubu kpena ɖe eɖokui ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, amesiwo nya dɔ sia wɔwɔ dzi ɖe edzi va ɖo alafa geɖe.” Dzaƒoƒoawo mete ŋu gadzina ɖe edzi o elabena lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ nɔ dzidzim ɖe edzi! Amesiwo xɔ dzudzɔ le dɔme kple sukuvi siwo xɔ mɔkeke wɔ dɔ le ŋkeke me. Le zã me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubuwo va xɔna ɖe wo teƒe gayia dɔ dzi le zã me. Le kwasiɖa ade me la, wodzra Ðasefo siwo katã ƒe aƒeme ƒo ɖi la ɖo wome kɔ hele dedie.

Dɔdzikpɔƒe Ðeka Kple Dɔwɔƒe Sue Adre

Le ɣeyiɣi ma me la, kpekpeɖeŋunakɔmitia ƒle xɔmegli ŋu dzraɖonu gbogbo aɖewo kple xɔtunu tɔn nanewo. Gake afikae woadzra wo ɖo le? Kpekpeɖeŋunakɔmitia ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Esi dɔwɔƒe aɖe dzikpɔla se míaƒe kuxia la, etsɔ asitsanudzraɖoƒe aɖe na—si keke meta 5,000 le dzogoe eneawo me—be míazã femaxee!” Le teƒe kpɔkpɔ na xɔtunuawo dzadzraɖo megbe la, wogakpɔ teƒe le eme na ɔfis hã. Eteƒe medidi o, eva zu dɔdzikpɔƒe si kpɔa kpekpeɖeŋunanadɔa dzi, si me lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 200 va ɖo 300 wɔa dɔ le zã kple keli kpakple le kwasiɖanuwuwuwo.

Esi aƒe siwo me nu gblẽ le kaka ɖe nutoa me ta la, wogaɖo dɔwɔƒe suewo ɖe Fiaɖuƒe Akpata adre me. Le kwasiɖanuwuwuwo la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo lɔna kɔna ɖe dɔwɔƒe sue siawo dometɔ ɖesiaɖe. (Kpɔ aɖaka si nye “Le Dɔa Wɔƒe Aɖe.”) Wo dometɔ geɖe kpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpatawo tututu me le nutoa me kpɔ. Le nyateƒe me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo si xɔtuɖaŋuwo le siwo tso Nutome Xɔtukɔmiti 11 siwo le Arkansas, Louisiana, Oklahoma, kple Texas mee va na kpekpeɖeŋu. * Le dɔwɔƒe sue ɖesiaɖe me la, atikpalawo, aŋɔsilawo, pɔmpidɔwɔlawo, kple aɖaŋudɔwɔla bubuwo xɔ ŋgɔ eye wona hehe ame bubuwo hã.—Kpɔ aɖaka si nye “Hehenana Ðoɖowo.”

Ðoɖowɔwɔ Kple Nyatakakawo Dzadzraɖo

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo zɔ ɖe xɔtuɖoɖo si woma ɖe akpa adre me dzi. Wotsɔ xɔtunuwo yia aƒewo me zi ene, eye wotsɔa kwasiɖanuwuwu etɔ̃ wua ɖɔɖɔɖodɔ le aƒe ɖesiaɖe me nui. Ewɔwɔ alea nana woawu kpekpeɖeŋunanadɔa nu le ɣleti ade lɔƒo me.

Be ɖoɖoawo nakpɔ dzidzedze la, kɔmitia ɖo dɔwɔƒe 22 siwo akpɔ nuhiahiã suesuewo, nuƒeƒle, xɔdidi, kple xɔtunuwo tsɔtsɔ yi teƒeawo ƒe nyawo gbɔ. Dɔwɔƒeawo katã xɔa nyatakakawo toa nyatakakadzraɖoƒe gã aɖe si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tsɔ aɖaŋu wɔ la dzi. Hafi ɖɔɖɔɖodɔa nadze egɔme la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo zã ŋkeke ewo tsɔ nɔ nyatakakawo dem nyatakakadzraɖoƒea. Nyadzɔdzɔ aɖe ka nya ta be, “nyatakaka gbogbo aɖee hiã be woade eme.” Gake esi ŋkeke ewoa nu va yi la, woƒo nyatakaka vevi geɖewo nu ƒu si woate ŋu azã. Ne wonya te asi ɖe kɔmpiuta ƒe mouse dzi zi ɖeka ko la ate ŋu ana woake ɖe nyatakaka si fiaa ɣeyiɣi si me lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 11,000 la anɔ anyi, aɖaŋudɔ si wonya, kple alesi woawɔ ake ɖe wo ŋui la ŋuti. Ne wogate asi ɖe edzi ake la ana woake ɖe nusiwo gbegbe hiã be woaɖɔ ɖo ŋu, xɔtutu ƒe mɔɖegbalẽ siwo hiã be woaxɔ, kple aƒe siwo gblẽ ŋuti nyatakaka bubuwo ŋu. Nyatakakadzraɖoƒea va zu “kpekpeɖeŋunanadɔa gbɔ kpɔnu ƒe akpa vevitɔ.”

Ewɔ Dɔ Ðe Wo Dzi eye Woda Akpe

Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nya xɔtutu yi ɖalé ŋku ɖe aƒe siwo me woklɔ adukplawo ɖa le vɔ eye wo me ƒu la ŋu be woanya nusiwo woahiã be woaɖɔ ɖo. Nyanuɖela la gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo wɔa akɔnta le dɔwɔnu agbɔsɔsɔ siwo hiã katã ŋu va ɖo gatagbadzɛ kekeake gɔ̃ hã dzi. Míedi be míagblẽ ga alo xɔtunu siwo wodzɔ dometɔ aɖeke dome o.” Le ɣeyiɣi ma ke me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubuwo yi ɖaxɔ xɔtutu ƒe mɔɖegbalẽwo tso dziɖuɖumegãwo gbɔ.

Emegbe wokpe amesiwo ƒe aƒewo gblẽ be woava xɔtunudzraɖoƒea ne woava wɔ tiatia le anyigbakuntru, awuɖaka, xɔmenu vovovoawo, kpakple nu bubu siwo li la dome be woatsɔ aɖɔ li nusiwo dome gblẽ na wo la. Esi amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo kpɔ nusiwo wodzra ɖo ɖi na wo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi eye wofa avi. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo bi ɖe nugblẽfexeɖoɖo nyawo kple alesi dziɖuɖu kpɔna wo gbɔe me hã ɖo aɖaŋu na wo. Eyome wowɔ ɖoɖo ɖe aƒeawo gbugbɔgaɖɔɖo ŋu, eye le ŋkeke si dzi tututu xɔtulawo hiã xɔtunuwo ko la agbatsɔʋukula lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo tsɔa wo vanɛ na wo. Ŋutsu aɖe si menye Ðasefo o si ƒe aƒe ŋu wogbugbɔ le asi trɔm le la gblɔ na srɔ̃a si nye Ðasefo be: “Miaƒe hametɔwo ƒe nu wɔ nuku. Ne dɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe dzo ko la, bubu va xɔna ɖe wo teƒe. Wowɔa dɔ ŋutɔ abe anyidiwo ene!”

Nu veviwo dzadzraɖo le aƒe ɖesiaɖe me xɔa kwasiɖanuwuwu etɔ̃ lɔƒo. Kɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be: “Gake ɣeaɖewoɣi la, exɔa kwasiɖa atɔ̃ alo enyi gɔ̃ hã.” Ne lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo gbã gliwo le aƒe xoxo aɖe me la, zi geɖe woléa ŋku ɖe gbagbãƒe siwo le eŋu tsã ŋu eye womefaa nu ɖe eŋu o vaseɖe esime wokpɔ kuxi xoxoawo gbɔ gbã. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla asinudɔwɔla aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, míedea dzesii be babawo gblẽ nusiwo woku ɖe gliawo ŋu, eyata míekpɔa egbɔ be míeɖe wo ɖa. Zi geɖe la, míetrɔa asi le tuɖedzitiawo ŋu hafi blaa nuwo ɖe wo ŋu. Míedzraa aƒeawo ɖo woɖoa nɔnɔme nyui me.” Amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo dometɔ ɖeka gblɔ seselelãme ma ke si etɔ bubuawo gblɔ na ame aɖe si srãe kpɔ be: “Nye aƒe la nyo fifia wu alesi wònɔ esime meƒlee!”

Nuɖuɖu Siwo Ŋu Wotrɔ Asi Le Kabakaba Hema

Le nuɖuɖunyawo gome la, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe trɔ nudzraɖoƒe aɖe si le Fiaɖuƒe Akpata aɖe godo wòzu dzodoƒe kple nuɖuɖumaƒe. Ðasefo siwo le dukɔa me godoo dzɔ fridzi, tsikpewɔmɔ̃wo, agbaklɔmɔ̃wo, gamlewo, kple dzodoƒenu bubuwo. Memleɖa kple Kwasiɖagbe ɖesiaɖe la, nuɖala 11 kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo ade 200 ɖaa nuɖuɖu akpe nanewo le teƒea. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla, si kpɔ dzodoƒea dzi gblɔ be: “Míeɖaa nu na Fiaɖuƒe Akpatatudɔwɔlawo ƒe 19 sɔŋ, gake dɔ sia keke ta wu alesi míesusu.”

Woɖoa nuɖuɖuawo ɖe nugo gã 120 me. Eye wotsɔ wo dea ʋu 60 siwo wotɔ ɖi me, eye woawo hã tsɔa wo yina ɖe dɔwɔƒe suewo katã kple dɔdzikpɔƒea. Le ɣeyiɣi ma me la, dɔwɔha si le dɔ wɔm le aƒe aɖe me ɖoa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla ɖeka ɖe woƒe dɔwɔƒea be wòava fɔ nuɖuɖuawo vɛ na dɔwɔha bliboa. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖua nuawo le aƒeawo me eye wotrɔna yia dɔ gbɔ enumake.

Wowu Dɔdasia Nu!

Mlɔeba, le April 2002 me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 11,700-awo wu kpekpeɖeŋunanadɔ gãtɔ kekeake si Yehowa Ðasefowo wɔ kpɔ la nu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo zã gaƒoƒo 1,000,000 tsɔ wu dɔ siwo lɔ Fiaɖuƒe Akpata 8 kple aƒe 723 sɔŋ tutu alo wo dzadzraɖo ɖe eme la nui. Amesiwo dzi afɔkua dzɔ ɖo dometɔ ɖeka tsɔ aɖatsi gblɔ akpedadatɔe ɖe ame mamlɛawo nu be: “Meda akpe na Yehowa kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖe woƒe kpekpeɖeŋu ta. Akɔfafa geɖe le nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le me nɔnɔ me!”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Amewo sɔ gbɔ wu le dugã siwo nye New York, Los Angeles, kple Chicago me. Amesiwo le Houston dugã la me anɔ ame 3,500,000 lɔƒo eye elolo wu Lebanon si le Titina Ɣedzeƒe.

^ mm. 5 Jeffrey kple Frieda xɔlɔ̃ 1,300 ye va woƒe kua teƒe. Kpekpeɖeŋunana ma fa akɔ na Abigail—si nye Jeffrey srɔ̃ kple Frieda nɔvinyɔnu.

^ mm. 15 Zi geɖe la, Nutome Xɔtukɔmiti ye kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe takpeƒewo tututu ƒe nyawo gbɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 15]

LE DƆA WƆƑE AÐE

Memleɖagbe, ŋdi ga 7:00 mee, le Dɔwɔƒe Sue 4 Lia si le Houston ƒe dzieheɣedzeƒe gomee. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒo ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpata me henɔ dze ɖom, nɔ nu kom, nɔ kɔfi nom henɔ akpɔnɔ ɖum ɖekae. Wo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa geɖe tso wo de va afisia. Gake le ŋdi ga 7:30 la, dzeɖoɖo ma si nɔ vivim la nu tso, eye dɔwɔƒea dzikpɔla la xɔ ŋgɔ le mawunyakpukpuia me dzodzro me. Hafi ne lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nakaka ayi woƒe dɔwo gbɔ la, eɖe gbeƒã hã be woawɔ Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ le Kwasiɖa ŋdi ga 7:30 me, eye wòde dzi ƒo na wo katã be woakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me aɖo nya ŋu le Eŋlisigbe alo Spaingbe me. Egblɔ gbedoname si wòxɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe gã na wo eye wotsɔ akpesisi gã aɖe lɔ̃ ɖe edzi.

Emegbe dɔwɔƒea dzikpɔla la gblɔ kpekpeɖeŋunanadɔa ŋuti nyatakaka siwo li na wo eye wòda akpe na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo vevie ɖe woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ si woɖe fia ta. Ebia be: “Ðe ame aɖe le afisia si menya dɔ si wòawɔ alo afisi wòayi egbea oa?” Ame aɖeke medo asi ɖe dzi o. “Zi nenie míaɖu nu?” Amesiame do asi ɖe dzi, eye wode asi nukoko me. Mlɔeba la, wodo gbe ɖa, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 250—siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ɖo ta woƒe dɔwo gbɔ, be yewoava kpɔ gome le ŋkeke blibo bubu ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ me.

Nusiawo tɔgbe kee yia edzi le dɔwɔƒe sue ade bubuawo kple le nudzraɖoƒe gã la hã. Le ɣeyiɣi sia me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le dzodoƒe gã la le nu ɖam kple ŋkubiã xoxo—godoo la, kaka ɣe naɖo ta la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 2,000 siwo dɔ anɔ wuwum le Houston adi be yewoaɖu nu dzodzoe aɖe!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

HEHENANA ÐOÐOWO

Le kpekpeɖeŋunanadɔa wɔɣi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo nye asinudɔwɔlawo na hehe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo menya asinudɔ aɖeke o be woawɔ dɔ tɔxɛ aɖewo. Wofia ame aɖewo alesi woawɔ atutu xɔme aɖe dɔlékuiwo ɖa. Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ gliɖoɖo kple alesi wodzraa aɖakawo ɖo. Bubuwo hã srɔ̃ gli ŋu zɔzrɔ̃ kple aŋɔsisi. Woléa Aɖaŋudɔ Fiafia ƒe Numedzrokpekpe siawo ɖe video dzi, eye emegbe wozãa videoawo le dɔwɔƒe sue bubuwo tsɔ na hehe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubuwo. Kpekpeɖeŋunakɔmitia me nɔla aɖe gblɔ be: “To numedzrokpekpe siawo dzi la míete ŋu kpɔna egbɔ be wowɔ gbugbɔgaɖɔɖodɔa le mɔ nyuitɔ nu.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 18]

“MAWU ƑE NUWƆNA ŊUTƆŊUTƆ”

Kpekpeɖeŋunakɔmitia me nɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nugblẽfexeɖoɖo habɔbɔwo yɔa dzɔdzɔmefɔkuwo be Mawu ƒe nuwɔna.” Eyi dzi be: “Gake lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wɔ dɔ le afisia ɣleti siwo katã va yi me nye Mawu ƒe nuwɔna ŋutɔŋutɔ. Nukunue míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa nye!” Le kpekpeɖeŋunanadɔa me la, dɔwɔla 2,500 alo esiwo wu nenemae vana le kwasiɖanuwuwuwo be woawɔ dɔ. Kɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be: “Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla mawo siwo womexe fe aɖeke na o la te fli ɖe ɖoɖo si wowɔ ɖe woƒe mɔkekewo ŋu me, gbugbɔ trɔ asi le woƒe ƒomeɖoɖowo ŋu, eye wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe dɔ bubuwo ɖi va kpe asi ɖe kpekpeɖeŋunanadɔ gãtɔ kekeake si Yehowa Ðasefowo wɔ kpɔ la ŋu.”

Lɔlɔ̃nu faa dɔ sia si xɔ ɣeyiɣi didi la bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ geɖe. Dɔwɔlawo dometɔ ɖeka si kpe asi ɖe dɔa ŋu tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe eƒe nuwuwu nye gaƒoƒo 50 le kwasiɖa me ƒe dɔwɔɖui wɔla. Gake ezã gaƒoƒo 40 kwasiɖa ɖesiaɖe le dɔa wɔwɔ me. Egblɔ be: “Yehowae do ŋusẽm. Nye ame nyanyɛwo biam be, ‘Ðe woxea fe na wò ɖe esia taa?’ Meɖo eŋu na wo be, ‘Womatsɔ ga home aɖeke nam malɔ̃ awɔ dɔ sia o.’” Le kwasiɖanuwuwuwo la, ƒome aɖe si tso Louisiana nutoa me zɔa mɔ kilometa 800 le yiyi kple gbɔgbɔa me va kpea asi ɖe dɔa ŋu le woƒe ŋutilãmedɔ wɔwɔ kwasiɖa katã me vɔ megbe. Ame geɖe wɔa dɔ tso ŋdi va ɖo fiẽ hafi wogatrɔna yia aƒeme. Dɔwɔlaawo ƒe ƒuƒoƒo si me asinudɔwɔla 30 le, siwo zɔa mɔ gaƒoƒo adre va ɖo ewo va dona hegblɔna be: “Viɖe geɖe le eme.” Dɔwɔla bubu aɖe kpãna le eƒe dɔwɔƒe le fiẽ ga 3:30 va kpea asi ɖe dɔa ŋu le dɔdzikpɔƒea ʋuu va ɖo zã ga 10:00. Ekpea asi ɖe dɔa ŋu le kwasiɖanuwuwuwo hã. Egblɔ be: “Enaa dzidzeme ame.”

Le nyateƒe me, amesiawo kple dɔwɔla bubuwo di be yewoana kpekpeɖeŋu esi havilɔlɔ̃—si nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesidenu—le wo me ta. (Yohanes 13:35) Le tsaɖiɖi yi dɔdzikpɔƒe si kpɔ kpekpeɖeŋunanadɔa dzi vɔ megbe la, eʋã Houston ƒe dudzikpɔla wògblɔ na Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Mieɖea xɔse fiana le dɔ si Mawu de asi na mí wɔwɔ me. Miewɔa miaƒe xɔse ŋudɔ.”

[Nɔnɔmetata si le axa 14, 15]

Tsi ɖe Houston, le June 9, 2001

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Houston Chronicle

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mɔ gãwo trɔ zu tɔsisiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Tsi ge ɖe aƒewo me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Asinudɔwɔlawo le nu fiam ame bubuwo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Ðasefo akpe nanewo wɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nuɖalawo ƒe ha ɖa nuɖuɖu siwo wu akpe alafa eve blaatɔ̃!

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

NOAA