Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Meli Sesẽwo Le Klalo Be Woana Kpekpeɖeŋu

Meli Sesẽwo Le Klalo Be Woana Kpekpeɖeŋu

Meli Sesẽwo Le Klalo Be Woana Kpekpeɖeŋu

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE FINLAND GBƆ

TSALƐ́WO nɔ dzodzom le yame si kɔ nyuie la me. Ŋdɔ nɔ ʋuʋum gbãgbãgbã. Kɔfikuwo ƒe ʋeʋe lilili xɔ yame. Mlɔeba la wotu melia ƒe ʋɔtruwo sesĩe, woku kpẽawo, eye meli si wodo agba kpekpe na la dze mɔ. Wotsɔ kɔfiku gbogbo aɖewo dze mɔ yina Finland, si nye dukɔ si me tɔwo lɔ̃a kɔfi vevie la me. Gake le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe le vuvɔŋɔli sesẽ aɖe me la, meli sia si tsɔ kɔfigba kpekpewo la ɖo xaxa me le Baltik-ƒua ƒe tsikpe gãwo dome. Nukae woate ŋu awɔ le eŋu? Mehiã be woatsi dzi kura o, elabena wogbɔna be woakpe ɖe eŋu. Meli sẽŋu aɖe va do—enye meli si gbãa tsikpewo le mɔ me.

Tsikpeawo Gbagbã

Atsiaƒu dzie wotsɔa xexeame ƒe agba akpa gãtɔ tonae. Zi geɖe la, esia mehea kuxi aɖeke vanɛ o. Gake aleke meliwo ate ŋu aɖo melidzeƒewo ne tsikpewo bla ɖe atsiaƒua dzi? Esia nye kuxi si dzɔna koŋ le Baltik-ƒu si dzi vovo mele o, si nye toƒe ɖeka kolia si dukɔ geɖewo tona dona ɖe atsiaƒu gã gbanaa la dzi la dzi. Le kpɔɖeŋu me, le vuvɔŋɔli sesẽwo me la, tsikpewo xea Finland ƒe melidzeƒe geɖewo, eye tsikpewo te ŋu ƒoa xlã eƒe melidzeƒe si le dziehe ʋĩ la ɣleti ade sɔŋ. Esia nana ame geɖewo kuna.

Le ƒe 1867 me la, womete ŋu xa nuku boo aɖeke le dziehe kple titina Europa o. Esi tsikpewo li kɔ ɖe ƒudzimɔ siwo katã wotona yia Finland dzi va ɖo May me ta la, mɔ aɖeke meli si dzi woate ŋu ato atsɔ kpekpeɖeŋununanawo ayii o vaseɖe esime tsikpeawo loló. Seppo Laurell, si nye ʋumefia gblɔ le agbalẽ si nye Through Ice and Snow me be: “Le ɣemaɣi me la, Finlandtɔ 110,000 alo esiwo wu ame atɔ̃ le alafa me ku le dɔwuame ta.”

Tsikpe gãwo xea mɔ na agbatsɔmeliwo le teƒe bubuwo hã. Le Dziehe Amerika la, esia nye kuxi aɖe si bɔ ɖe Ta Gãwo, kple St. Lawrence-tɔsisia dzi, kpakple le Canada ƒutawo. Mɔzɔzɔ to Arctik kple Antarctik nutowo me sesẽna wu gɔ̃ hã le vuvɔŋɔli sesẽwo me. Tsikpe akpa gãtɔ siwo le afima ƒe titrime anɔ tso meta 2 va ɖo 3.

Agbagba Gbãtɔ Siwo Wodze be Woaɖe Mɔ To Tsikpeawo Me

Le ɣeyiɣi si me wowɔa meli siwo zãa abala ŋudɔ la, tsikpewo nyea kuxi gã aɖe si gbɔ womete ŋu kpɔna o. Kuxia dzi ɖe kpɔtɔ vie esime woto dzudzɔmeli siwo wowɔ kple gakpo sesẽwo vɛ. Ne agbatsɔmelia sesẽ la, ete ŋu zɔna toa tsikpe falɛfalɛwo me. Gake tsikpe aɖewo me koe meli mawo te ŋu tona, togbɔ be wowɔ wo dometɔ aɖewo koŋ be woakpe akɔ kple tsikpewo hã.

Meli siwo wowɔ be woagbã tsikpe va kpɔ kuxia gbɔ. Wogblɔna be City Ice Boat I si wowɔ le United States le ƒe 1837 me enye tsikpegbãmeli gbãtɔ le xexeame. Le Europa la, wowɔ Eisbrecher le Hamburg, Germany, le ƒe 1871 me. Eteƒe medidi o nuteƒekpɔkpɔ na wonya meli siwo tɔgbe ate ŋu ato tsikpewo dzi bɔbɔe, eye le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, wodze aɖaŋu vevi aɖewo le meliwo wɔwɔ me. *

Meli Gã Siwo Wowɔ Kple Gayibɔ

Aleke wònɔna ne meli xaxa ɖe tsikpewo dome? Ƒudzidela aɖe gblɔ be: “Melia ʋuʋuna kpakpakpa abe asrã sesẽe dze edzi ene.” Ele be tsikpegbãmeliwo ƒe kɔgo natri wu agbatsɔmeliwo tɔ zi gbɔ zi geɖe. Meli me dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Tsikpelɔlɔ le ko abe alesi woaku tɔdziʋu si wotsɔa mɔ̃ kunae wòasi ke le ƒuta ene.” Gayibɔ sesẽ siwo ƒe titrime awu sentimeta 30 ye wotsɔ wɔ eƒe mo—gake tsikpegbãmeli si wozãna le anyigba ƒe mlɔenu kekeake siwo le dziehe kple anyiehe tɔ ade sentimeta 50—eye wotsɔ gakpowo do ŋusẽ melia ƒe kɔgo tsɔ kpe ɖe esiwo tɔgbe wodena meli bubuwo me tɔ ŋu be wòate ŋu akpe akɔ kple tsikpewo. Aleke meli siawo ƒe sesẽme le? Esime woda bɔmb wolɔ tsikpegbãmeli si nye Tarmo le Xexemeʋa II wɔɣi la, ʋua tame kple xɔ siwo le eme dometɔ geɖe gblẽ, gake ekɔgo meŋɔ gɔ̃ hã o.

Alesi tsikpegbãmeli kɔgo ƒe nɔnɔme le la le vevie ŋutɔ. Zi geɖe la, menye tsikpeawo gbagbãe nye dɔ sesẽtɔ o ke boŋ tsikpegbagbãwo kpɔkplɔ ɖa le mɔa dzie. Tsikpegbãmeli aɖewo ƒe mo xa kotoo abe gatsi ene. Melia zina eƒe kpekpeme ɖe tsikpeawo dzi wogbãna eye wòtutua wo dona ɖe axawo dzi kple tsia te. Be tsikpeawo ŋu lili nanɔ bɔbɔe na ʋua la wotrɔ asi le ekɔgo ŋu nyuie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wofa gayibɔ sesẽ si meléa ɣebia o ɖe eŋu alo sina aŋɔ tɔxɛ aɖe si meklona o ɖe eŋu.

Nukae na meli gã siawo zɔna? Ɣeyiɣi siwo ŋutsuwo tsɔa sofi nɔa tomeka lɔm de mɔ̃ me hedzea fifia vlevlevle la va yi. Egbegbe tsikpegbãmeliwo zãna tomemi kple elektrik, eye ŋusẽ si hena wo sɔ kple meli siwo tsɔa mɔ̃memi tɔ. Be woakpɔ egbɔ be ami nagavɔ le tsikpegbãmeli siwo wozãna le anyigba ƒe mlɔenu kekeake le dziehe kple anyiehe me o la, wodea nukliamɔ̃ wo me wohea wo.

Mɔ Tɔxɛ si Nu Wowɔa Dɔ Le

Ne meli sue aɖe ɖo ba la, ekula ate ŋu aʋuʋui yi axa dzi axa dzi ahoe le eme. Ðoɖo sia tututu nue wowɔ meli siwo gbãa tsikpewo wowɔa dɔ ɖo. Gake le woawo gome la, ne melia me dɔwɔla siwo anɔ ŋutsu blaetɔ̃ ziɔ ɖe axa ɖeka gaƒu du va ziɔ ɖe evelia gɔ̃ hã la womate ŋu aʋuʋui o. Mɔ tɔxɛ aɖe nue wòʋuʋuna le—wodea tsi go gã ɖeka si le eƒe akpa ɖeka me galɔnɛ va dena bubu me le eƒe akpa evelia heyia dzi nenema. Nukutɔe la, wote ŋu wɔa esia vɔna le sɛkɛnd 15 ko me le go aɖewo me! Nya sia sese ɖeɖe te ŋu nana amesi menya naneke le ƒudzidede ŋu o la ƒe mo trɔna. Nyateƒee, ƒudzidelawo nye ame tɔxɛwo.

Le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la, ame aɖe ɖe susu be yeatsɔ mɔ̃ si trona henaa ʋua zɔna sesĩe aɖo ʋua ŋgɔ. Mɔ̃a ƒe totro nana melia kpɔa mɔ toa tsikpe gbagbãwo me va yina bɔbɔe. Mɔ̃ si trona eve nɔa megbe eye ɖeka alo eve nɔa ŋgɔgbe na egbegbe tsikpegbãmeli aɖewo. Gake le tsikpegbãmeli geɖewo gome la, wozã ʋuyɔmɔ̃ ɖe mɔ̃ si trona teƒe. Ya sesẽ aɖe dona toa do aɖewo siwo nɔna melia te me gena ɖe tsi si le tsikpeawo gɔme me eye wòtsɔa fu gbogbo aɖe si nana melia zɔna toa edzi va yina bɔbɔe.

Ŋkuléle Ðe Etsɔme Ŋu

Ŋdɔ sesẽ si ʋuna le adame wɔa dɔ si tsikpegbãmeli asieke siwo le Finland mete ŋu wɔna o—egbãa tsikpe gbogbo siwo xana ɖe melidzeƒeawo katã, hedea anyigbaa ƒe dziehe ʋĩ lɔƒo gɔ̃ hã. Meli siwo gbãa tsikpewo trɔ yina melidzeƒe si wotso azɔ, elabena dzomeŋɔli ɖo azɔ si me nuwo wɔwɔ anɔ bɔbɔe na ƒudzidɔwɔlawo. Meli tɔxɛ mawo anɔ anyi dɔ mawɔmawɔe hena ɣleti geɖe elabena alesi wowɔ wo etɔxɛe mesɔ na gbesiagbe mɔzɔzɔ le atsiaƒu me tsi si me kɔ la dzi o.

Gake fifia la, wozãa meli yeye aɖewo siwo nye tsikpegbãmeliwo na dɔ bubuwo wɔwɔ hã, eye wogbãa tsikpe le vuvɔŋɔli, gake ne eɖo ɣeyiɣi si atsiaƒu dzi kɔ la, wogate ŋu zãna wo tsɔ ɖia elektrik kawo ɖe atsiaƒu gɔme, wɔa tomenumekukuwo, eye wogazãnɛ le tomemikunuwo dzadzra ɖo me. Le meli siawo dometɔ ɖeka si nye Botnica, si wowɔ le ƒe 1998 be Finlandtɔwo ƒe Ƒudzidelawo ƒe Dɔwɔƒea nazã gome la, wode mɔ̃ eve siwo te ŋu trɔna to eme godoo va kpe si wɔe be menye ɖeko wòtrona henaa ʋua zɔna sesĩe ko o ke ewɔa dɔ hã abe kuɖɔ ene. Mɔ̃ siawo nana meliawo kuku nɔa bɔbɔe ale gbegbe. Aɖaŋu sia kee wotsɔ wɔ meli yeye siwo kɔa amewo hã.

Le ŋgɔyiyi ƒe aɖaŋumɔnu siwo fɔm wole na tsikpewo gbagbã ta la, wova fɔ aɖaŋu yeye na agbatsɔmeliwo. Meli yeyea zɔna ƒutsotsoeawo dzi tẽ abe alesi ko meliwo zɔna ene. Gake wona mɔ̃ si le megbe nɛ la gbãa tsikpeawo. “Meli siwo wɔa dɔ ƒokpli eve” siawo ɖea vi le anyigba ƒe mlɔenu kekeake si le dziehe kple anyiehe koŋ, afisi womete ŋu kpɔa meli siwo gbãa tsikpewo le bɔbɔe o. Melia te ŋu ɖea ye ŋutɔ ƒe mɔ ne ezɔ megbemegbe.

Le ɣeyiɣi sia me la, Finlandtɔwo le woƒe kɔfi lalam vevie. Tsikpegbãmelia gbã tsikpe siwo xe mɔ na esi tsɔ kɔfigbaa eye wòle ehem fifia. Meli si gbãa tsikpe la ƒe ʋumefia ziɔ ɖe adzralawo ŋu dzaa. Etrɔ ɖe ʋukula nɔƒe eye ya fafɛ aɖe ƒo ge ɖe melia me. Ɣeyiɣi de azɔ na kɔfi dzodzoe nono.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Wowɔ Tsikpegbãmeli ƒe lolome kple wɔwɔme wole vovovo eye wote ŋu nɔa te ɖe afisi woawɔ eŋudɔ le—si nyea melidzeƒewo loo, atsiaƒu dzi loo, alo le anyigba ƒe mlɔenu kekeake le dziehe kple anyiehe nu. Nyati sia ku ɖe tsikpegbãmeli siwo wozãna le atsiaƒu dzi koŋ ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tsikpegbãmeli “Otso” le mɔ ɖem

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Finnish Maritime Administration

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Meli si wozãna le vuvɔŋɔli xaxa ɖe tsikpewo dome—le ƒe 1890 lɔƒo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Museovirasto

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Tsikpegbãmeli “Taymyr” si zãa nukliamɔ̃

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kværner Masa-Yards

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Woate ŋu azã tsikpegbãmeli si wɔa dɔ geɖe la atsɔ aɖi elektrik kawo kple pɔmpi ɖe atsiaƒu gɔme

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Finnish Maritime Administration

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Tsikpegbãmeli “Botnica”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Finnish Maritime Administration