Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yameʋuɖoɖo Si Me Dedienɔnɔ Le Didi

Yameʋuɖoɖo Si Me Dedienɔnɔ Le Didi

Yameʋuɖoɖo Si Me Dedienɔnɔ Le Didi

LE KWASIÐA ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na September 11, 2001 me la, Alex kpɔ be nu vi aɖe koe kpɔtɔ ne wòaɖu eƒe vɔvɔ̃ na yameʋuɖoɖo dzi keŋkeŋ. Esi yameʋu gã la ho tso Athens yina Boston la, vɔvɔ̃ via aɖe lé hadomenyawo gbɔ kpɔlawo ƒe amegã sia si xɔ ƒe 42 la—eƒe dzi nɔ tsotsom tititi eye fifia ƒo ɖe ŋgonu kple asiƒome nɛ.

Gake enya nusi woawɔ. Dɔdamɔnufiala si kpena ɖe eŋu be wòaɖu yameʋuɖoɖo ƒe vɔvɔ̃ dzi na wònya be ele be wòalé gbɔgbɔ ɖe ƒo sesĩe, anɔ nu dzeaniwo ŋu bum le susu me, eye wòalé zikpuia ƒe asiléƒewo goŋgoŋ, ahanɔ asi ɖem le eŋu sẽ kple sẽ zi ene le miniti ɖeka me. Ne yameʋua ƒe ʋuʋu kple gbeɖeɖewo be yeawu tsɔtsɔ na Alex la, etsɔnɛ abe ta aɖe si to fae wòle ene. Alex gblɔ be: “Ewɔ nam be menɔ ŋgɔyiyi aɖe wɔm vavã.”

Yameʋuɖola miliɔn geɖewo vɔ̃na be yewoaɖo yameʋu. Le ƒe siawo me la ƒometɔwo, dɔtɔwo, kple yameʋuɖoɖo dzikpɔla siwo katã di be yewoƒe amewo naɖo yameʋu la, dea dzi ƒo na wo dometɔ geɖewo zi geɖe be woade suku siwo kpena ɖe amewo ŋu be woaɖu yameʋuɖoɖo ƒe vɔvɔ̃ dzi. Le yameʋuɖola akpa gãtɔ gome la sukuawo nye viɖenu gã aɖe na wo; ƒuƒoƒo geɖe me tɔwo ƒoa adegbe be yewoƒe sukua delawo ɖua woƒe vɔvɔ̃ dzi keŋkeŋ kloe wòdea alafa memama 90.

Gake September 11 trɔ ɖoɖoawo katã. Alex dzudzɔ suku si dem wònɔ enumake. Esi nusia ɖe dzi le eƒe dɔtɔa ƒo ta la, eya hã te fli ɖe yameʋuɖoɖo ava kpɔ eƒe asisi vevi aɖe me. Alex gblɔ be: “Nyemate ŋu aɖu vɔvɔ̃ na yameʋuɖoɖo kple ŋɔdzidonamelawo ƒe nuwɔna siaa dzi o. Vɔvɔ̃dziɖuɖumɔnu sia medzram ɖo ɖe wo ŋu o.”

Ŋkuléle Ðe Dedienɔnɔ Ðoɖowo Ŋu Tsitotsito

Yameʋuɖola siwo vɔ̃na la gagblɔna be nya siwo wobiana ʋuɖolawo la kee wobia adzodalawo le September 11 lia dzi, si bia be: “Ðe ame manyamanya aɖe tsɔ agba aɖe na wò be nàɖo ʋu sia kplia? Ðe agba siwo nètsɔ ɖe asi dometɔ aɖe bu ɖe wò tso esime nèƒo wo nu ƒua?” Eye ŋɔdzinuwɔlawo ɖo eŋu pɛpɛpɛ abe ame akpa gãtɔ ene be: “Ao!” Dzɔla bibiawo dometɔ aɖewo hã kpɔe be ŋɔdzinuwɔlawo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ fia be yameʋuɖoɖoa mele dedie o. Jim McKenna, amesi nye Yameʋuɖoɖo ƒe Dedienɔnɔ Gbɔkpɔha Wɔɖeka dzikpɔla tsã gblɔ be: “Ame aɖeke alo naneke mate ŋu ahe tɔtrɔ vɛ o. Ðewohĩ yameʋu ene siwo wotso adzoe hegblẽ, eye ame akpe geɖe ku le wo me la, sɔ gbɔ ahe tɔtrɔ ma vɛ.”

Esi afɔku ma si me ame geɖewo ku le dzɔ megbe la, wova le ŋudzɔ vevie wu le yameʋudzeƒewo katã kple le yameʋuwo me. Kenneth M. Mead, amesi nye United States Ʋuɖonyawo dzikpɔla gblɔ le takpekpe aɖe me be: “Togbɔ be dedienɔnɔ ŋuti ɖoɖo xoxowo kple yeyeawo li hã la, afisiwo wogadana ƒu kple . . . gbagbãƒe siwo wole be woaxe li si tsoa dzika ƒo na ame ŋutɔ.” Nuka wɔm wole be woaɖe afɔku dzi akpɔtɔ?

Numekuku be Woaɖe Ŋɔdzidonuwo Ða

Esi wobia dzɔlawo ƒe amegã si le United States yameʋudzeƒe gã la nenye be ele vɔvɔ̃m na yameʋuɖoɖo hã la, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Ao, meka ɖe CAPS ƒe dɔwɔwɔ dzi.” Ðoɖo aɖe si nye Computer Assisted Passenger Screening, (Numekuku le Yameʋuɖola ŋu Kple Kɔmpiuta) si ŋlɔa tiket ɖesiaɖe si wodzra le eƒe yameʋudɔwɔƒewo dana ɖie wòwɔnɛ. Ðoɖoa ɖenɛ fiana nenye be yameʋudɔwɔƒee woƒle tiket la le alo mɔzɔzɔ ŋuti dɔwɔlawo gbɔe woƒlee le alo Internet dzie woƒlee toe. Eŋlɔa nyatakaka bubuwo hã tsɔ fiana nenye be yameʋuɖola la ɖekae le zɔzɔm alo woa kple eƒe ƒomea me tɔwo alo xɔlɔ̃woe le zɔzɔm, eye wòtsɔa nu bubuwo abe nuvlowɔwɔ ŋuti nyatakaka siwo wonya le amea ŋu alo nu gbegblẽ aɖe si wòwɔ ɖe yameʋudɔwɔƒea kple dɔwɔla siwo le yameʋudɔwɔƒea ŋu alo nusi wògblẽ le afima kpena ɖe eŋu.

Ɣesiaɣi si ame aɖe va yameʋu ɖoge le yameʋudzeƒe aɖe la, wokua nyatakaka siawo me kpɔna eye wotsɔa nyatakaka yeye siwo ƒe ɖewoe nye alesi amea ɖo biabiawo ŋui kpena ɖe eŋu. Nyatakaka si tututu wokpɔ kple alesi wowɔ wo ŋudɔe nyea nya ɣaɣla siwo dzi dɔwɔƒea kpɔna nyuie dometɔ aɖewo. Wowɔa ɖoɖo vovovo siwo le abe CAPS tɔ ene ŋudɔ le xexeame godoo siwo dometɔ aɖewo do ka kple dziɖuɖu bubuwo kple dukɔwo dome se kple ɖoɖowo dzi wɔwɔ gbɔ kpɔlawo, le kpɔɖeŋu me abe Interpol ene. Le yameʋuɖoƒe geɖe siwo le Europa la, mɔzɔgbalẽmekumɔ̃wo li siwo te ŋu ŋlɔa yameʋuɖola ƒe nyatakakawo ɖi eye wòte ŋu gblɔa ɣeyiɣi siwo me amea zɔ mɔ kple yameʋu aɖe tso teƒe aɖe yi bubu.

Wowɔa numekuku sia kple susu be ŋɔdzi le nugbeɖolawo ŋu tsɔ wu agba kple akplo siwo yameʋuɖolawo tsɔ ɖoa yameʋuae. Eyata be woana ŋudzɔnɔnɔ le yameʋudzeƒewo me nasẽ ɖe edzi wu la, wowɔa mɔ̃ siwo dea dzesi dzɔdzɔmenu vovovo si wokpɔna le ame ŋu ŋudɔ tsɔ kpe ɖe smart card (aŋe gbadzɛ si dzi wolea ame ŋuti nyatakakawo ɖo) ŋu.

Le numekuku si wowɔna le yameʋuɖola ŋu megbe la, alesi woaxe mɔ ɖe nusiwo ahe afɔku vɛ nu be woagage ɖe ʋua me o ye ganye nu bubu si ŋu wogaléa ŋku ɖo vevie le yameʋudzeƒewo ƒe dedienɔnɔ nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Seɖoƒe le numekuku si wotsɔa X-ray mɔ̃wo wɔna ŋu. Esesẽna na dzɔla siwo le yameʋudzeƒewo be woƒe susu nanɔ nusi dzena le X-ray mɔ̃a dzi ŋu ɣeyiɣi didi elabena agbawo ƒe nɔnɔmetata si dzena flukpe kpɔkpɔ le edzi tiaa ŋku na wo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mɔ̃ siwo nye magnetometer ɖina heɖea ha ame enuenu ne nuwo abe safuiwo, gakuwo kple alidziblanu ŋu gawo va to wo ŋu.

Wode Se Siwo Sesẽ Wu

Be woakpɔ gbagbãƒe siawo gbɔ la, dziɖuɖuwo va de se siwo na wova le ŋudzɔ wu le yameʋudzeƒewo. Le United States la, esia bia be kaka ƒe 2002 nawu nu la, woakpɔ egbɔ be wometsɔ agba aɖeke de ʋu ne nutɔa mele ʋua ɖom kplii o, woaka agba ɖesiaɖe si woatsɔ ade agbadeƒea me nyuie, eye woaka agba siwo katã wokɔna ɖe asi me akpɔ be nusiwo wóna le wo me hã. Wole asi trɔm le ʋɔtru siwo le yameʋudɔwɔlawo ƒe nɔƒea ŋu be woasẽ ahanɔ dedie. Wogawɔ kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe hehenana ɖoɖo yeyewo kpee na yameʋudɔwɔƒe dɔwɔlawo. Woxɔ yameʋumesrafo siwo ŋu tu nɔna hã ɖe yameʋu siwo asitsalawo ɖona me.

Le kwasiɖa kple ɣleti siwo kplɔ September 11 lia ɖo me la, wotsa asi yameʋuɖolawo ŋuti eye woka agbawo me kple asi le yameʋudzeƒe geɖe le xexeame godoo. Le go aɖewo me la, wotsaa asi amewo ŋu hekaa agba siwo wokɔ ɖe asi me hã kple asi zi evelia. Ametakpɔmɔnu siawo menye nu yeye na Europatɔ mɔzɔlawo o, elabena woto nɔnɔme siawo ke si me wowɔ mɔnu sia ke ŋudɔ le vevie le ƒe 1970-awo me esime adzodada nɔ edzi yim vevie. Fifia wode se ale be yameʋuɖola aɖeke mekpɔ mɔ atsɔ lãnu ɖaɖɛ aɖeke ɖe asi aɖo yameʋu o. Amesiwo xɔ tiket koe woɖe mɔ na be woage ɖe agbamekaƒea. Fli legbe me nɔnɔ le numekuƒewo kple asrafo siwo woxɔ ɖe yameʋudzeƒewo va ma wo dometɔ geɖe.

Ŋkuléle Ðe Yameʋu Dzadzraɖo Ŋu Vevie

Bu nublanuinya sia si dzɔna ɣesiaɣi ŋu kpɔ le susume: Esi yameʋuɖola la to agbamekaƒe geɖewo le yameʋudzeƒea vɔ la, eva do ɖe afisi woaɖo yameʋua le ƒe agbo nu henɔ lalam be yease gbeƒãɖeɖe tso yameʋuɖoɖo ƒe mɔfiala gbɔ be woava ɖo ʋua. Yameʋuɖola aɖe si do awu si nye dzi kple anyi nyuie si le egbɔ biae be: “Mahase o ɖe? Yameʋua atsi megbe elabena womedzrae ɖo vɔ o.” Ete ɖe edzi eye wògblɔ be: “Womegana míatrɔ adzo yameʋu aɖeke makpɔmakpɔ o lo!”

Nusi yameʋuɖola geɖewo menya o enye be yameʋudɔwɔƒewo wɔna ɖe ŋkuléleɖenuŋu tsitotsito ƒe ɖoɖo aɖe dzi pɛpɛpɛ. Wotoa agbalẽ si me mɔzɔzɔ siwo yameʋua wɔ kple nusiwo dzɔ le mɔa dzi ƒe nuŋlɔɖi le me nyuie eye wonyana akpa siwo wòle be woadzra ɖo. Le nyateƒe me la, yameʋudɔwɔƒe siawo kpɔa egbɔ be wozɔ ɖe yameʋua kple mɔ̃ siwo le eme ƒe dzadzraɖo ŋuti ɖoɖoa dzi pɛpɛpɛ—si wowɔna enuenu wu lɔri akpa gãtɔ dzadzraɖo xoxoxo—ne yameʋua ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be kuxi aɖeke mele eŋu o gɔ̃ hã.

Yameʋudzadzraɖo dzikpɔla si le yameʋudɔwɔƒe gã aɖe ate ŋu aɖi ɖase le esia ŋu. Egblɔ be: “Le nye ƒe 15 kloe si metsɔ le afisia me la, nyemekpɔ yameʋudzraɖola aɖeke kpɔ, ƒo nu nɛ, alo se be mebu dedienɔnɔ sewo dzi wɔwɔ nu vevii o. Ne èbu eŋu kpɔ la, yameʋu siawo kee edzraɖolawo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ɖona eyata wokpɔa egbɔ be yewomawɔ nusi ahe afɔku vɛ o.”

Yameʋudzraɖolawo kpɔnɛ be agba gã aɖe le yewo dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nyemaŋlɔ zã si míaƒe DC-10 dze afɔku le Sioux City, Iowa be gbeɖe o. Menye yameʋudzraɖola ɣemaɣi, eye wode dɔ asi nam be madzra yameʋu ma tɔgbe ke ƒe megbe nuwo ɖo. Ɣemaɣi la, míenya nusi tututu dzɔ hafi yameʋu ma fiã o. Meɖo ŋku alesi mewɔ dɔ kple moveviɖoɖoe le zã ma me henɔ ɖokuinye biam be, ‘Nukae anya dzɔ ɖe yameʋu ma dzi? Ðe wòanye be ame aɖe anya ŋlɔ nane be si mate ŋu akpɔ fifia awɔ ale be míaƒo asa na afɔku ma ƒe dzɔdzɔ akea? Ðe mele nusianu wɔm pɛpɛpɛ alesi dzea?’ Mezã ɣeyiɣi geɖe le megbe nuawo dzadzraɖo me fiẽ ma henɔ tame bum le eŋu.”

Wonɔa hehenana yameʋudzraɖolawo dzi ɣesiaɣi ku ɖe woƒe dɔawo ŋu, tso eŋudɔ suesuewo wɔwɔ dzi va ɖo sesẽawo dzi tsɔ kpe ɖe nusiwo gbɔ kuxi aɖewo tsona kpɔkpɔ kple wo ɖɔɖɔ ɖo ŋu. Wotrɔa asi le hehe si wonana yameʋudzraɖolawo ŋu ƒe sia ƒe be woate ŋu anya nu le kuxi ɖesiaɖe si ado mo ɖa ŋu tso esiwo wodoa goe enuenu dzi va ɖo esiwo le etɔxɛ dzi.

Ne afɔku aɖe dzɔ ɖe yameʋu aɖe dzi la, wodzroa nyatakaka siwo ŋu woke ɖo me emegbe hedea wo mɔ̃ aɖe (simulator) me akpɔ alesi wodzɔe ɖa. Yameʋudokpɔlawo kple yameʋuwɔlawo kunɛ heléa ŋku ɖe eŋu kpɔna be egbɔkpɔmɔnu bubu kawo ŋue woate ŋu ake ɖo ale be yameʋudzraɖolawo nate ŋu atrɔ asi le kuxi mawo ke ŋu le etsɔme. Emegbe wowɔa ɖoɖo ɖe hehenana si akpɔ esia gbɔ ŋu na yameʋudzraɖolawo ale be woate ŋu axɔ mɔfiame tɔxɛwo. Numekuku sia wɔwɔ wɔnɛ hã be wote ŋu trɔa asi le yameʋuwo ƒe akpa aɖewo ŋu kple susu be woasrɔ̃ nu tso vodada siwo wowɔ me ale be woɖea wo dzi kpɔtɔna.

Yameʋudzraɖola aɖe ƒo eta be: “Wofia mí be ‘dedienɔnɔ mevana le eɖokui si o—ele be woawɔ ɖoɖo ɖe eŋu hafi.’”

Egadze Yameʋuɖoɖo Gɔme

Esi Alex zi eɖokui dzi ɣleti ene be yemagaɖo yameʋu o megbe la, eva trɔ susu be ɣeyiɣi de azɔ be yeaɖu yeƒe vɔvɔ̃a dzi. Ewɔa abe kpovitɔwo kple dzɔla siwo va le Boston ƒe Logan Dukɔwo Dome Yameʋudzeƒea megaɖea fu nɛ o ene. Ɣeyiɣi gbogbo si wozãna ɖe ame ŋuti numekuku wɔwɔ kple agbamekaka me medoa dziku nɛ kura o.

Le Alex gome la nusiawo nye yameʋuɖoɖo ƒe dedienɔnɔ si dim wòle. Fifia vi aɖe gaƒona ɖe eŋu eye eƒe dzi tsona vie kokoko ya. Ke hã Alex da akplo si me eƒe mɔzɔgbalẽwo le la ɖe agbadaɖoƒe si le etame eye wògblɔ be: “Nye dzi dze eme azɔ.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yameʋuɖoɖo Ŋuti Nya Veviwo

Akɔntabubuwo ɖee fia be yameʋuɖolawo dometɔ 1 le 5 ɖesiaɖe dome vɔ̃na na yameʋuɖoɖo. Ke hã menye amesiawo katãe sena le wo ɖokui me be yameʋuɖoɖo mele dedie o. Zi geɖe la, nu bubuwoe hea dzimaɖitsitsia vɛ abe vɔvɔ̃ si léa ame le teƒe kɔkɔ aɖe nɔnɔ alo afisi amehawo tege ɖo ene.

[Nyaɖoɖo si le 8]

ALEKE WÒLE BƆBƆE BE AFƆKU VƆ̃ÐI AÐE NADZƆE?

Ele bɔbɔe be 1 Ele bɔbɔe be 1

nadzɔ le ƒe ɖeka me: nadzɔ le agbenɔɣi katã me:

Ʋufɔkuwo 6,212 81

Amewuwu 15,104 197

Mɔ̃ ŋudɔwɔwɔ me fɔku 265,000 3,500

Yameʋu ƒe gbagbã 390,000 5,100

Tsilegba me tsi ƒe ameléle 802,000 10,500

Lã kple numiemie siwo nu aɖi le miliɔn 4.2 55,900

Dzikedzo miliɔn 4.3 56,000

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakakatsoƒe: National Safety Council

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wodzi ŋudzɔnɔnɔ ɖe edzi le yameʋudzeƒewo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AP Photo/Joel Page

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yameʋuɖolawo ŋuti numekuku wɔwɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yameʋudzadzraɖo si ganyo ɖe edzi wu

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Yameʋukulawo nye ame bibiwo