Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nanye Hiãtɔwoa?

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nanye Hiãtɔwoa?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Kristotɔwo Nanye Hiãtɔwoa?

GBEÐEKA Yesu gblɔ na ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si nye dziɖula be ele nɛ be wòadzra eƒe nunɔamesiwo katã eye wòatsɔ wo ana ame dahewo. Nuŋlɔɖia gblɔ be ŋutsua lé blanui le nya si Yesu gblɔ nɛ la ta eye wòdzo kple nuxaxa, “elabena nu geɖewo le esi.” Emegbe Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Aleke gbegbe wòsẽ na amesiwo si kesinɔnuwo le la, bena woayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee!” Yesu gagblɔ be: “Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la mee.”—Marko 10:21-23; Mateo 19:24.

Nukae Yesu ƒe nya mawo fia? Ðe womate ŋu awɔ ŋutilãmekesinɔnuwo kple tadedeagu vavã ŋudɔ ɖekae oa? Ðe wòle be Kristotɔwo nase le wo ɖokui me be yewoɖi fɔ ne ga le wo sia? Ðe Mawu di tso wo si be woanɔ agbe si wotea nu ame ɖokuia?

Mawu Xɔa “Ameƒomeviwo Katã”

Mawu mebia tso Israel-viwo si le blema be woanɔ agbe le koɖoɖo me o. Bu nusia ŋu kpɔ: Esi woxɔ anyigba si woma na wo vɔ megbe la, wode agble eye wowɔ dɔ bubuwo be woate ŋu akpɔ woa ŋutɔwo kple woƒe ƒomea me tɔ kplikplikpliwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nusiwo nye ganyawo, yame ƒe nɔnɔme, lãmesẽmenɔnɔ, alo aɖaŋudɔ aɖe nyanya ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi. Mose ƒe Sea fia Israel-viwo be woakpɔ nublanui na amesi dzi ganyawo mede o eye wozu ahedalawo. (Mose III, 25:35-40) Gake ame aɖewo nye kesinɔtɔwo. Woƒo nu tso Boas si nye ŋutsu xɔsetɔ kple nuteƒewɔla, si va zu Yesu Kristo tɔgbui ŋu be enye amesi si “alɔme le ŋutɔ.”—Rut 2:1.

Alea tututu nɔnɔmeawo nɔ le Yesu ƒe agbenɔɣi hã. Esi Yesu nɔ nu ƒom na ɖekakpui kesinɔtɔ si míeyɔ va yi la, menye ɖe wònɔ nuteteameɖokuigbenɔnɔ ƒe dzi dem ƒo o. Ke boŋ nu vevi aɖe fiam wònɔ. Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu la, adze nusesẽ be kesinɔtɔwo nabɔbɔ wo ɖokui ahaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ ɖe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu. Ke hã, Yesu gblɔ be: “Amegbetɔwo gbɔ la womate ŋu awɔ esia o; ke Mawu gbɔ la woate ŋu awɔ nusianu.”—Mateo 19:26.

“Ameƒomeviwo katãe” nɔ Kristo-hamea me le ƒe alafa gbãtɔa me. (Timoteo I, 2:4, NW) Amesiawo dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔwo, bubuwo ƒe ganyawo de wo dzi si na wonɔ agbe le dziɖeɖi me, eye wo dometɔ geɖe nye hiãtɔwo. Kesinɔnu anya nɔ wo dometɔ aɖewo si hafi wova zu Kristotɔwo. Le ame bubuwo gome la, nɔnɔme deamedziwo kple nyametsotso nyuiwo wɔwɔ le dɔwɔnyawo gome anya na wokpɔ kesinɔnuwo emegbe.

Nenema ke egbea la, amesiwo ƒe ganyawo le vovovoe le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me. Wo katã wodoa vevie be woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia si ku ɖe ganyawo ŋu dzi, esi ŋutilãmenudidi vivivo ate ŋu agblẽ nu le amesiame ŋu ta. Nusi Yesu fia ku ɖe ɖekakpui kesinɔtɔ si nye dziɖula ma ŋu nana Kristotɔ ɖesiaɖe nɔa ŋudzɔ ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ si ga kple nunɔamesiwo ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi la ŋu.—Marko 4:19.

Nuxlɔ̃ame na Kesinɔtɔwo

Togbɔ be Biblia metsi tre ɖe kesinɔnu ƒe amesinɔnɔ ŋu o hã la, etsi tre ɖe galɔlɔ̃ ya ŋu. Biblia ŋlɔla Paulo gblɔ be: “Nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃.” Egblɔ be ame aɖewo ŋe aɖaba ƒu gbɔgbɔmenuwo dzi le esi wonɔ didim be woazu kesinɔtɔwo ta, eye “wotra mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:10.

Enyo be míade dzesii be, Paulo ɖo aɖaŋu na kesinɔtɔwo tẽ. Egblɔ be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” (Timoteo I, 6:17) Eme kɔ ƒã be afɔku le eme be kesinɔtɔwo ate ŋu ava do wo ɖokui ɖe dzi eye woase le wo ɖokui me be yewo nyo wu ame bubuwo. Azɔ hã woate ŋu asusui be kesinɔnuwo ate ŋu ahe dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ—si nye nusi Mawu ɖeɖe dzaa ko ate ŋu ana bliboe.

Kristotɔ siwo si kesinɔnuwo bɔ ɖo ate ŋu aƒo asa na afɔku siawo ne wonye “kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me.” Dɔ siawo dometɔ aɖewoe nye alesi “woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede,” si nye kpekpeɖeŋu nana amesiwo hiã tu faa. (Timoteo I, 6:18) Kristotɔwo—woɖanye kesinɔtɔwo alo hiãtɔwo o—ate ŋu azã woƒe nunɔamesiwo atsɔ akaka Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui, si nye Kristotɔ vavãwo ƒe dɔ vevitɔ egbea. Dɔmenyo ƒe gbɔgbɔ sia nana woɖea ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ ƒe nɔnɔme nyui fiana eye ame ƒe nu nyoa Yehowa Mawu kpakple Yesu Kristo, siwo lɔ̃a amesiwo lɔ̃a nunana faa ŋu.—Mateo 24:14; Luka 16:9; Korintotɔwo II, 9:7.

Nusiwo Le Vevie Wu

Eme kɔ ƒã be womebia tso Kristotɔwo si be woanye hiãtɔwo o. Eye mele be ‘woaɖoe be yewoazu kesinɔtɔwo godoo’ hã o. (Timoteo I, 6:9) Ke boŋ wowɔa dɔ sesĩe be woakpɔ woƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ. Nɔnɔme vovovo si me wole kple alesi ganyawo le le wo gbɔ ana be woƒe agbagbadzedze me tsonuwo nato vovo.—Nyagblɔla 11:6.

Aleke kee woƒe ganyawo ɖale o, Kristotɔwo dzena agbagba be ‘yewoati nusiwo le vevie wu la yome.’ (Filipitɔwo 1:10) To gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me la, “[woƒoa] kesinɔnuwo nu ƒu na wo ɖokui, si anye gɔmeɖoanyi nyui hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene woƒe asi nasu agbe vavã la dzi.”—Timoteo I, 6:19.