Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe Dzi

ŊKEKE ÐOÐIA DZE June 17, 2002, dzi eye Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ de eƒe afiatsotso agbalẽ me. Nyametsotso kae wowɔ? Tanya siwo dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo me ƒo nu tso eŋu. The New York Times gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ðe Mɔxexe Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe Amewo Gbɔ Yiyi Nu Ða.” Ohio ƒe The Columbus Dispatch gblɔ be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Te Fli Ðe Mɔɖegbalẽ Xɔxɔ Me.” Cleveland, Ohio, ƒe The Plain Dealer gblɔ kpuie ko be: “Teteɖeameŋu Mehiã Mɔɖeɖe tso Nutome Dzikpɔlawo Gbɔ O.” Axa si le akasanu kple nuŋɔŋlɔmetola ƒe nya si le USA Today me gblɔ be: “Woda Asi Ðe Nuƒoƒo ƒe Ablɔɖe Dzi.”

To akɔdada si me ame 8 tsi tre ɖe 1 ŋu le me la, wotrɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe suetɔ ƒe nyametsotso si wòwɔ si tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la! Ʋɔnudrɔ̃la John Paul Stevens ye ŋlɔ Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotso ɖe agbalẽ si xɔ axa 18 dzi. Afiatsotsoa nye gbe si wogbugbɔ te ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me nyawo dzi si ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woate ŋu awɔ woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa. Le Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afiatsotso si woŋlɔ ɖi me la, woɖe nu me be Ðasefoawo mehiã mɔɖegbalẽ o elabena wogblɔ be “yewoxɔ yewoƒe ŋusẽ be yewoaɖe gbeƒã tso Ŋɔŋlɔawo me.” Emegbe Ʋɔnudrɔ̃ƒea yɔ Ðasefoawo ƒe ameɖokuitaʋlinya siwo wotsɔ ɖo kpe edzi be: “Mɔbiabia tso Nutome Dzikpɔlawo gbɔ hafi aɖe gbeƒã la le abe vlododo Mawu ene na mí.”

Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotsoa gblɔ be: “Ƒe 50 kple edzivɔ enye esia la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe se si xe mɔ ɖe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu alo agbalẽvi mama dɔa nu me. Menye nudogoɖenunu aɖe koe wònye dzɔ va yi esi Yehowa Ðasefowo tsɔ se siawo siwo ƒe akpa gãtɔ le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ me la yi ʋɔnudrɔ̃ƒee o, ke boŋ esi woƒe mawusubɔsubɔ bia be woadzro nu me tsitotsito kple amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu tae. Abe alesi míede dzesi le Murdock kple Pennsylvania nyadɔdrɔ̃, . . . (1943) me ene la, Yehowa Ðasefoawo ‘gblɔ be Paulo ƒe nusi wòfia le “gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me” ƒe kpɔɖeŋu dzi wɔm yewole. Dɔwɔwɔwo 20:20. Wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe sededea dzi tẽ be, “Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbeƒã nyanyui la na amewo katã.” Marko 16:15. Woxɔe se be ne yewowɔe alea la, yewole Mawu ƒe gbe dzi wɔm.’”

Afiatsotsoa ŋuti nuŋlɔɖia gayɔ nya tso ƒe 1943 nyadɔdrɔ̃a me si gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ si le sɔlemehawo si le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me be woasubɔ ahagblɔ mawunya le kplɔ̃ta la kee le mawusubɔsubɔha sia hã si. Gomenɔamesi si le mawusubɔsubɔha gãwo si kple esi le kɔnyinyiwo me le sea te kee le eya hã si.” Esi woyɔ nya tso ƒe 1939 nyadɔdrɔ̃a me la, Afiatsotsoa gblɔ be: “Be woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le ame si to mɔɖegbalẽ nana me si me womate ŋu ama agbalẽviwo faa kuxi manɔmee o la na be nya ku ɖe dukplɔsea ŋu.”—Woawoe te gbe ɖe edzi.

Emegbe Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesi nu tɔxɛ aɖe: “Nyadɔdrɔ̃awo fia be Yehowa Ðasefowo ƒe agbagbadzedze be woana woagaxe mɔ ɖe nuƒoƒo ƒe ablɔɖe nu o la ɖe vi na ame bubuwo hã.” Afiatsotsoa ɖee fia be menye Ðasefoawo “ɖeɖee nye ‘ame ʋɛ’ siwo wodi be woade se na woazi ɖoɖoe abe Kɔƒea me tɔ ene o.”

Afiatsotsoa ɖee fia be sededea “nye vlododo—menye le gɔmeɖose si ŋu woɖe mɔ ɖo le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me ɖeɖeko me o, ke boŋ le ablɔɖe me nɔlawo ƒe nukpɔsusu nu hã—si bia be le gbesiagbe dzeɖoɖoa aɖewo me la, ahiã be ame nana nyanya dziɖuɖua be yedi be yeaƒo nu kple ye havi hafi woaɖe mɔ nɛ woawɔ nenema. . . . Sedede si abia mɔɖegbalẽ tso ame si hafi wòate ŋu aƒo nu kple ame aɖe la nye megbedede gã ŋutɔ tso nusiwo dome míenyi kple kɔnyinyiwo gbɔ.” Emegbe Afiatsotsoa gblɔ “nusiwo gbegbe mɔɖegbalẽ sia xɔxɔ ate ŋu agblẽ.”

Nuvlowɔwɔ ƒe Ŋɔdzidonamewo

Ke nukpɔsusu si nye be mɔɖegbalẽa kpɔa amewo ta tso adzodalawo kple nuvlowɔla bubuwo si me ya ɖe? Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe eme be: “Togbɔ be míekpɔ eƒe vevienyenye dze sii hã la, nya siwo míedrɔ̃ va yi na eme kɔ be ele be míada asɔ le nya siawo kple ŋusẽ si wòakpɔ ɖe Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ŋudɔwɔwɔ me dzi.”

Ʋɔnua ƒe Afiatsotso yi edzi be: “Edze abe mɔɖegbalẽ xɔxɔ maxe mɔ ɖe nuvlowɔlawo nu be womagaƒo ʋɔ na ame alo axe mɔ ɖe wo nu be womakpɔ gome le dzeɖoɖo siwo mele sededea me o la me o ene. Le kpɔɖeŋu me, woabia be woafia mɔ si yewoato ayi teƒe aɖe alo abia be yewoazã ame aɖe ƒe telefon . . . alo woazã ŋkɔ bubu be woagalé wo o.”

Ʋɔnua he susu yi afia si wotso le ƒe 1940-awo me dzi hegblɔ be: “Afia siwo wotso le Xexemeʋa II ŋɔli si xɔna na nyahelawo [Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ] ƒe subɔsubɔha me tɔwo zi geɖe be womehea to suesuewo na wo o si gadze le nya sia me la nye nusiwo ŋu Ʋɔnudrɔ̃ƒea ke ɖo le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe ablɔɖeseawo me dzodzro me.”

Aleke Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒo nya tae mlɔeba? “Wote fli ɖe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ƒe afiatsotsoa me, eye wogbugbɔ nya la ɖo ɖee be wòaɖɔe ɖo wòasɔ kple nyametsotso sia. Míaƒe mɔfiafia enye esia.”

Eyata nyaa ƒe nuwuwu, abe alesi Chicago Sun-Times gblɔe ene enye be, “Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Afiatsotso De Yehowa Ðasefowo Dzi,” si me wokpɔ ame 8 tsi tre ɖe 1 ŋu le.

Ke Etsɔme Ya Ðe?

Aleke Yehowa Ðasefo siwo le Wellsville-hamea me bua afia si wotso na wo le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ lae? Le nyateƒe me la, mehiã be woatsɔe aƒo adegbee wòate ɖe Strattontɔwo dzi o. Ðasefoawo mebu susu vɔ̃ aɖeke ɖe ame nyui siwo le kɔƒea me ŋu o. Gregory Kuhar, si nye Ðasefo le afima gblɔ be: “Menye míaƒe didie wònye be míatsɔ nyaa ayi ʋɔnui o. Sedede lae menyo koŋ o. Nusi míewɔ la menye viɖe na míawo ɖeɖeko o ke na amesiame.”

Nyaa katã fia be Ðasefoawo meɖe afɔ sia koŋ be yewoatsɔ aɖe fu na kɔƒea me tɔwo o. Gene Koontz, amesi nye Ðasefo bubu gblɔ be: “Zi mamlɛtɔ si míeɖe gbeƒã le Stratton enye March 7, 1998—ƒe ene kple edzivɔ enye esi va yi.” Egblɔ kpee be: “Wogblɔ na nye ŋutɔ be wogbɔna lé ye ge. Míexɔ nyatakaka geɖe si me kpovitɔwo doa ŋɔdzi na mí be yewoalé mí. Gake ne míebia be woatsɔ sededea ƒe nuŋlɔɖi afia mí la, ɖeko wohena ɖe megbe.”

Koontz gblɔ kpee be: “Míedi be míanɔ ƒomedodo nyui me kple mía haviwo boŋ. Ne ame aɖe medi be míava srã ye kpɔ o la, míedea bubu eƒe nyametsotso ŋu. Gake ame bubuwo li siwo lɔ̃a xɔlɔ̃wɔwɔ eye wolɔ̃na faa be woadzro Biblia me kple yewo.”

Gregory Kuhar ɖe eme be: “Míetsɔ nyaa yi ʋɔnui be míaɖe fu na Strattontɔwo o. Ðeko míedi be míakpɔ egbɔ be nuƒoƒo ƒe ablɔɖe su mía si le Dukplɔsea me.”

Eyi dzi be: “Azɔ míedi be míatrɔ ayi Stratton. Adzɔ dzi nam be manye ame gbãtɔ aƒo ʋɔ na ame aɖe ne míeyi. Ele be míayi abe alesi Kristo de se na míi ene.”

“Gbetakpɔxɔ kple Stratton dua Dome Nyadɔdrɔ̃” me tsonu he viɖe geɖe vɛ. Esi dudzikpɔla geɖe siwo le United States se Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso la, wokpɔe be womagate ŋu azã du suewo ƒe sedede atsɔ axe mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa o. Vaseɖe egbea la, wokpɔ gbeƒãɖeɖe tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe nyaʋiʋliwo gbɔ le nuto siwo anɔ 90 me le United States.

[Aɖaka si le axa 9]

“YEHOWA ÐASEFOWO GAÐU DZI AKE”

Charles C. Haynes, mawuŋutinunyala gã kple hehenaɖoɖo dzikpɔla si le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ me Dzroƒe ŋlɔ nya si le etame ɖe Internet dzi le Freedom Forum Web ƒe numekuƒe, le tanya si nye “Subɔsubɔ ƒe Ablɔɖe” te. Haynes gblɔ be: “Le kwasiɖa si va yi me [Ðasefoawo] kpɔ woƒe dziɖuɖu 48 lia le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ—si nye nyadɔdrɔ̃ vovovo siwo keke Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔ ƒe sewo ɖe enu na Amerikatɔwo katã.” Exlɔ̃ nu be: “Miɖo ŋku nya sia dzi: Ne dziɖuɖua ate ŋu axe mɔ ɖe subɔsubɔha aɖe ƒe ablɔɖe nu la, ke ŋusẽ le esi be wòaxe mɔ ɖe subɔsubɔha ɖesiaɖe ƒe ablɔɖe nu—alo ɖe subɔsubɔhawo katã nu. . . . Nyateƒee, gome le amesiame si be wòagbe toɖoɖo—kple be wòado eƒe ʋɔ. Gake menye dziɖuɖuae agblɔ amesi dze woaɖe mɔ na wòayi ʋɔtrua nu ava ƒo ʋɔa o. Eyata míele akpe geɖe dam na Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ.”

Haynes ƒo nya ta be: “Ele be mí katã míada akpe na Yehowa Ðasefowo. Aleke ke woɖadzu wo ʋuu, nya wo ɖe nu, alo wɔ nuvevi wo o, woyia edzi ʋlia woƒe subɔsubɔ ƒe ablɔɖe (kple mía tɔ siaa) ta. Eye ne woɖu dzi la, eɖea vi na mí katã.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

ƲƆNUDRƆ̃ƑE KƆKƆTƆ ƑE AFIATSOTSO—NYA SIWO NYADZƆDZƆGBALẼWO GBLƆ TSO EŊU

“Ʋɔnudrɔ̃ƒea Tso Afia Wòde Yehowa Ðasefowo Dzi; Tso Aƒeme Yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa Mehiã Mɔɖegbalẽ O

Le Yehowa Ðasefowo ƒe ʋɔƒoƒodɔa me la, [Ðasefoawo] xɔe se ɣesiaɣi be Mawue le megbe na yewo. Fifia United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ hã tso afia tsɔ da megbe na wo.”Chicago Sun-Times, June 18, 2002.

“Woda Asi Ðe Nuƒoƒo ƒe Ablɔɖe Dzi

Ɣeyiɣi si Yehowa Ðasefo aɖewo agava gbɔwò, ne nu ɖumee nèle gɔ̃ hã la, kpɔ egbɔ be yeda akpe na wo. Le woƒe kuku ɖe mawusubɔsubɔ me gɔmeɖosewo ŋu dzinɔameƒotɔe me la, habɔbɔ sia si to vovo si me tɔwo ade miliɔn 1 kloe [le United States] la anya wɔ geɖe wu habɔbɔ bubu ɖesiaɖe be nuƒoƒo ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesi va su Amerikatɔ ɖesiaɖe si. . . .

“Le Ðasefoawo gome la, ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ yiyi menye nu yeye na wo o. Le nya siwo ade 24 siwo wodrɔ̃ le ƒe siwo wu 65 me la, woƒo nu tsi tre ɖe ame akpa gãtɔ dzi ɖuɖu ŋutasesẽtɔe ŋu vevie.”USA TODAY, June 18, 2002.

“Wotso Nya Me be tso Ʋɔtru Nu Yi Ʋɔtru Nu Dɔa Sɔ le Dukplɔse Nu. Nyametsotsoa Na Yehowa Ðasefowo Ðu Dzi

United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖe gbeƒã le Dzoɖagbe be dunyahelawo, subɔsubɔhawo, Ðetugbiwo ƒe Habɔbɔ kple bubuawo kpɔ mɔ awɔ woƒe dɔ tso aƒeme yi aƒeme eye womahiã mɔɖegbalẽ tso dumegãwo gbɔ hafi o.”San Francisco Chronicle, June 18, 2002.

“Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ: Womate Ŋu Axe Mɔ Na Yehowa Ðasefowo Kple Ðetugbiwo ƒe Habɔbɔwo be Woagaƒo Ʋɔ na Amewo O

WASHINGTON—Dukplɔsea ɖe mɔ be mawunyadɔgbedelawo, dunyahelawo kple ame bubuwo ate ŋu aƒo ʋɔ na amewo eye womaxɔ mɔɖegbalẽ tso dumegãwo gbɔ hafi o, esiae nye Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe nyametsotso egbea. . . .

“Le akɔdada si me wokpɔ ame 8 tsi tre ɖe 1 ŋu le me la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be gomenɔamesi si le Dukplɔse me Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me ƒe ɖe enye be wokpɔ mɔ atsɔ gbedasi aɖe ayi na amewo tẽ le woƒe ʋɔtru nu.”Star Tribune, Minneapolis, June 18, 2002.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Ʋɔnudrɔ̃la Stevens

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Stevens: Collection, The Supreme Court Historical Society/Joseph Bailey