Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋuwo, Blema Kple Egbegbe Tɔwo

Ʋuwo, Blema Kple Egbegbe Tɔwo

Ʋuwo, Blema Kple Egbegbe Tɔwo

TSO keke blema kee amegbetɔwo te dzidzɔkpɔkpɔ ɖe mɔzɔzɔ ŋu. Gbã la, lãwo koŋ ye wozãna le mɔzɔzɔ me. Gake eva hiã be woadi mɔzɔzɔ mɔnu nyuitɔ. Nu vevi aɖe si ŋu woke ɖo enye ʋufɔti, si na woto keke kple tasiaɖam siwo sɔwo tena vɛ. Gake ŋgɔyiyi si wowɔ le ƒe alafa 19 lia me trɔ mɔzɔzɔ mɔnu wòwɔ nuku.

Mɔ̃ Siwo Ŋuti Wotrɔ Asi Le

Le ƒe alafa 19 lia ƒe afã susɔea me la, Germanytɔ aɖe si ŋkɔe nye Nikolaus August Otto to mɔ̃ si troƒe ene li na si zãa ya si nye gas vɛ, si va xɔ ɖe esiwo zãa dzoya kple esiwo zãa elektrikŋusẽ teƒe. Germanytɔ siwo nye Carl Benz kple Gottlieb Daimler nye amesiwo to ʋu wɔwɔ vɛ le Europa. Le ƒe 1885 me la, Benz ku ʋu aɖe si wowɔ afɔti etɔ̃ na, eye mɔ̃ si wowɔ troƒe eve do ɖeka na si te ŋu trona to eme zi gbɔ zi 250 le miniti ɖeka me la nɔ eme. Daimler nɔa mɔ̃ si wotɔ ɖe teƒe ɖeka si zãa gas wɔm tso ƒe 1872 me ke. Le ƒe ewo kple edzivɔ megbe la, woa kple Wilhelm Maybach wowɔ ɖeka wɔ mɔ̃ si te ŋu trona sesĩe si ŋu carburetor si na wòte ŋu zãa gasoline abe eƒe mɔ̃memi ene kpe ɖo.

Eteƒe medidi o, Daimler kple Maybach wɔ mɔ̃ si te ŋu trona zi 900 le miniti ɖeka me. Emegbe wogawɔ mɔ̃ evelia heku ɖe gasɔ aɖe ŋu eye wokui zi gbãtɔ le November 10, 1885 me. Le ƒe 1926 me la, Daimler kple Benz tsɔ woƒe dɔwɔƒeawo ƒo ƒu eye wotsɔ ŋkɔ si nye Mercedes-Benz na woƒe adzɔnuwo. * Nukutɔe la, ŋutsu eve siawo medo go wo nɔewo kpɔ o.

Le ƒe 1890 me la, Franse-ŋutsu eve—Emile Levassor kple René Panhard wɔ ʋu si si afɔti ene le eye wode mɔ̃ aɖe eƒe agbatsɔti titina. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wode mɔ̃a ʋua ƒe ŋgɔgbe, eye wònɔ dedie le afima tso ʋuʋudedi kple bà siwo nɔa mɔ siwo womedo o dzi si me.

Ʋuwo Wɔwɔ be Woabɔ ɖe Afisiafi

Ʋu gbãtɔ siwo wowɔ xɔ asi, eye esia wɔe be ame akpa gãtɔ mete ŋu ƒlee o. Gake nɔnɔmea va trɔ le ƒe 1908 me, esime Henry Ford dze mɔ̃ siwo fɔa ʋu ŋutinuwo tsiãna wòwɔa Model T zazã gɔme, siwo wova yɔ be tin lizzie. Ʋu sia he tɔtrɔ ɖedzesi aɖe va ʋuwo wɔwɔ me. Enye ʋu si mexɔ asi o, si woate ŋu azã le mɔ vovovowo nu, eye beléle nɛ le bɔbɔe. Amesiwo si ga mele fũ o gɔ̃ hã ate ŋu aƒlee. * Agbalẽ si nye Great Cars of the 20th Century, gblɔ be ʋu siwo nye Model T “ye na Amerikatɔwo—kple emegbe xexeame godoo—kpɔ ʋu me le nɔnɔm.”

Azɔ le ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe la, ame geɖewo va bua ʋu be enye agbemenuhiahiã ke menye agbeɖunu o. Le nyateƒe me la, numekuku aɖe si dze le Independent nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London me ɖee fia be amewo zãa ʋu le mɔzɔzɔ si made kilometa ɖeka kura o gɔ̃ hã me.

Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le mɔ̃ɖaŋununya me mena ʋuwo ƒua du sesĩe ko o, ke boŋ ena wonɔa dedie wu hã. Nyateƒee, afɔkuwo dzi ɖe kpɔtɔ le ƒe siawo me le dukɔ geɖewo me. Le ame geɖewo gome la, dedienɔnɔ si le ʋua zazã mee le vevie na wo wu eƒe gotagome dzedzeme. Le kpɔɖeŋu me, wotrɔ asi le ʋua ƒe agbatsɔti ƒe akpa aɖewo ŋu be nu ate ŋu alɔe woanɔ te ɖe enu bɔbɔe si magblẽ nu le eŋu o, eye ʋua ƒe akpa sesẽ siwo me ʋukula kple ʋuɖolawo le nyea go si me wonɔa dedie le. Elɛktrɔnik brake siwo wozãna wɔnɛ be ʋu nya kuna nyuie le afisiwo anyigba le ɖiɖim le. Zikpuimeka si wodena wònɔa dzogoe etɔ̃ me kpɔa akɔta kple aklito ta, eye yagolowo (air bag) nana be ame ƒe ta melɔa kuɖɔɖotia alo agbati si le ŋgɔgbea ne ʋuwo kpe ŋgo o. *

Nyateƒee, ʋukuku nyuie kpɔtɔ le vevie. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Economista, si wotana le Mexico City gblɔ be: “Viɖe aɖeke manɔ ʋuwo wɔwɔ be woanɔ dedie me o nenye be míekua ʋuwo ŋumaɖɔɖotɔe; eye dedienɔnɔ mɔnu kɔkɔtɔ si ŋu woake ɖo le mɔ̃ɖaŋununya me gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ mía ta ne míedana le dzɔdzɔmese aɖewo dzi o.”

Egbegbe ʋu aɖewo le abe aƒe siwo zɔna ene. Kɔmpakt disk ƒo mɔ̃, television, telefon, kple nusiwo léa mɔ̃ na gbeɖiɖi kple dzoxɔxɔ le megbe kple ŋgɔgbe siaa nɔa ɖewo me. Ʋu aɖewo hã li siwo me mɔ̃ siwo xɔa mɔfiafia tso yamenutomemɔ̃ si ƒoa xlã anyigba la gbɔ le, si kpena ɖe ʋukulawo ŋu be woakpɔ mɔ nyuitɔ si ɖo ta afisi yim wole. Mɔ̃ siawo dometɔ aɖewo naa nyatakaka yeye siwo ku ɖe mɔ aɖe ƒe manyomanyo ŋu. Nyateƒee, mɔ̃ yeye siwo woawɔ de ʋu me kple ʋu si le tsia dzi zazã va zu nusi dea dzesi ame be enye kesinɔtɔ—si nye nɔnɔme si dzi adzɔnuwɔlawo kple boblodolawo meŋea aɖaba ƒuna kura o.

Abe alesi míekpɔe va yi ene la, wowɔ ŋgɔyiyi geɖewo le ʋuwo wɔwɔ me tso esime wodze wo gɔme ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ enye esia. Ne wotsɔ ŋuɖɔɖo kple beléle wɔ wo ŋudɔe la, woate ŋu anye dɔwɔnu nyui le asitsatsa alo modzakatsaɖiɖi me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Emil Jellinek, amesi nye gadedɔmela si koŋ nɔa alɔ dom Daimler doe ɖa be woatsɔ ye vinyɔnu Mercedes ƒe ŋkɔ na ʋu yeye siawo. Enɔ vɔvɔ̃m be ne Germany-ŋkɔ si nye Daimler le ʋuawo ŋu la, Fransetɔ geɖewo maƒle wo o.

^ mm. 8 Asi gbãtɔ si dzi wodzra Model T ɖoe nye dɔlar 850, gake le ƒe 1924 me la, Ford yeye si woto vɛ la xɔ dɔlar 260 pɛ ko. Woyi Model T wɔwɔ dzi hena ƒe 19, eye wowɔ miliɔn 15 kple edzivɔ le ɣeyiɣi ma me.

^ mm. 10 Yagolowo ate ŋu ahe afɔku vɛ ne wozã eya ɖeɖeko abe ametakpɔnu ene, vevietɔ na ɖeviwo kple sɔhɛwo.

[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetata siwo le axa 22-25]

Ƒe siwo wode dzesii la nye ɣeyiɣi si wowɔ ʋuawo

Ƒe 1885 Benz-kaa

Nyuitɔ si wowɔ le xexeame zi gbãtɔ

Ƒe 1907-25 Rolls-Royce Silver Ghost

Eƒua du, esẽ ŋu, meɖea toɣli o, enana dzidzeme ame, eye wònyo ale gbegbe

Ƒe 1908-27 Ford Model T

Si dzi woto wɔ ʋu gbogbo aɖewo; wodzra esiwo wu 15,000,000 sɔŋ

Teƒea: Ford wɔƒe si wozãna mɔ̃ si fɔa ʋu ŋutinuwo tsiãna le

Ƒe 1930-7 Cadillac V16 7.4-L

Mɔ̃ si si troƒe do 16 le si nye gbãtɔ si wowɔ dzidzedzetɔe le xexeame

Ƒe 1939–egbegbe Volkswagen Beetle

Wowɔ esi wu 20,000,000 kple edzivɔ. Wowɔ Beetle yeye (si dze le ete le miame) la le ƒe 1998 me

Ƒe 1941–egbegbe Jeep

Anye eyae nye ʋu si wonya wu le xexeame

Ƒe 1948-65 ƒe Porsche 356

Volkswagen Beetle dzie wokpɔ wɔe; Porsche ye dze ewɔwɔ gɔme

Ƒe 1952-7 Mercedes-Benz 300SL

Si megbeŋkɔe nye Gullwing nye ʋu gbãtɔ si wotsɔ ga ɣi wodzoe wɔ eye wowɔ mɔ̃ si zina ɖe ami si zu ya dzi wòléna le eɖokui si ɖe eme

Ƒe 1955-68 Citroën DS 19

Si zãa go si wowɔ be ami nanɔ sisim le eme si wɔnɛ be kuɖɔɖoti, “brake” kple “gear” me bɔbɔna eye wòganana ʋu ƒe ʋe me dzedze kple kpotiti dzi ɖena kpɔtɔna

Ƒe 1959-egbegbe Mini

Wokpɔ dzidzedze le ʋu yeye nyoameŋu siawo zazã le takpekpe gãwo wɔƒewo kple le ʋuwo ƒe duɖimekeke me

1962-4 Ferrari 250 GTO

Ʋu sesẽ si wotsɔ kea duɖime si ƒe duƒuƒu ƒe ŋusẽe nye 300 horsepower V-12

Ƒe 1970-3 Datsun 240Z

Nye ʋu nyui si ƒe asi bɔbɔ si woate ŋu azã le ʋuwo ƒe duɖimekeke me

Ƒe 1970-egbegbe Range Rover

Si wobuna ʋu si ŋusẽ nɔa afɔ eneawo katã me na ƒe nyuitɔ si le xexeame si te ŋu tona afisiafi eye wònyo na teƒe klitsawo zɔzɔ koŋ

Ƒe 1984-egbegbe Chrysler Minivan

Dzie woto le yeye tɔ nyoameŋuwo wɔm

Thrust SSC

Si le du dzi sesĩe to Black Rock ƒe dzogbe le Nevada, U.S.A., le October 15, 1997 dzi, enye esi ƒe duƒuƒu nye kilometa 1,228 ƒe mɔzɔzɔ le gaƒoƒo ɖeka me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Benz-Motorcar: DaimlerChrysler Classic; background: Brown Brothers; Model T: Courtesy of VIP Classics; Rolls-Royce: Photo courtesy of Rolls-Royce & Bentley Motor Cars

Jeep: Courtesy of DaimlerChrysler Corporation; black Beetle: Courtesy Vintage Motors of Sarasota; yellow Beetle: VW Volkswagen AG

Citroën: © CITROËN COMMUNICATION; Mercedes Benz: PRNewsFoto

Chrysler Minivan: Courtesy of DaimlerChrysler Corporation; Datsun: Nissan North America; Thrust SSC: AP Photo/Dusan Vranic