Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nui?

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nui?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu Nui?

“Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu le afisiafi.”​—Jesse, si xɔ ƒe 16.

“Sukuhatiwo ƒe nyaƒoɖeamenue nye nu sesẽtɔ kekeake medo goe kpɔ le nye ɖevime.”​—Johnathan, si xɔ ƒe 21.

HATIWO ƒe nyaƒoɖeamenu nye ŋusẽkpɔɖeamedzi si gbɔ wòle be woakpɔ. Gake lé dzi ɖe ƒo, àte ŋu aɖu edzi. Gawu la, àte ŋu atrɔ asi le eŋu wòaɖe vi na wò gɔ hã. Gake le mɔ ka nu?

Le nyati sia ƒe akpa si do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso afɔɖeɖe vevi gbãtɔ aɖe ŋu: De dzesi ŋusẽ si hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔna ɖe ame dzi kple wò gbɔdzɔgbɔdzɔƒewo. * Afɔ nyui bubu kae nàgate ŋu aɖe? Mɔfiafia nyui bubu si nèhiã la le Mawu ƒe Nya la me. Lododowo 24:5 gblɔ be: ‘Ŋutsu si si sidzedze le sẽa ŋu.’ Sidzedze kae ate ŋu ado ŋusẽ wò nàɖu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi? Hafi míaɖo nya ma ŋu la, na míadzro kuxi aɖe si ate ŋu ana hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò la me.

KakaɖedzimanɔamesiAfɔkue

Sɔhɛ siwo nye Yehowa Ðasefowo kpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nye kuxi aɖe koŋ na yewo elabena woƒe agbenɔnɔ bia be woaƒo nu le nusiwo dzi woxɔ se ŋu na ame bubuwo. (Mateo 28:19, 20) Ðe nèkpɔnɛ ɣeaɖewoɣi be esesẽna na ye be yeaƒo nu tso wò xɔse ŋu na sɔhɛ siwo nèdoa goea? Dzi megaɖe le ƒowò o. Melanie si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Nuƒoƒo na sɔhɛwo tso nye Ðasefonyenye ŋu menya wɔna nam abe alesi medii ene o.” Eyi dzi be: “Ne dzi vi aɖe be yeaɖo ƒonye maƒo nu tso nye Ðasefonyenye ŋu ko la, ekema vɔvɔ̃ gaɖoam ake.” Anye be zɔhɛwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽe na mete ŋu nɔ eɖokui nu ɖem o.

Biblia la de dzi ƒo na mí be ŋutsu kple nyɔnu siwo si xɔse sẽŋu nɔ gɔ̃ hã vɔ̃ le nuƒoƒo na amewo tso Mawu ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui Yeremya nyae be yeado go fewuɖuɖu kple yometiti ne yewɔ ɖe se si Mawu de na ye be yeaƒo nu vɔvɔ̃manɔmee la dzi. Azɔ hã dzi menɔ Yeremya ƒo o. Nukatae? Egblɔ na Mawu be: “Nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” Ðe Mawu lɔ̃ ɖe edzi be Yeremya ƒe ɖevinyenye na medze aƒo nu oa? Ao. Yehowa de dzi ƒo na nyagblɔɖila la be: “Meganɔ gbɔgblɔm be, yemetsi o.” Yehowa yi edzi tsɔ dɔdasi vevi aɖe na ɖekakpui ma si nɔ hehem ɖe megbe la.—Yeremya 1:6, 7.

Ne dzi mele mía ƒo o, eye míeka ɖe mia ɖokui dzi o la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi ɖuɖu te ŋu sẽna na ame. Numekuku ɖo kpe esia dzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1937 me ke la, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe si ŋkɔe nye Muzafer Sherif wɔ dodokpɔ nyanyɛ aɖe. Ekplɔ amewo de xɔ doviviti aɖe me, eye wòfia wo afisi kekeli aɖe tona vana, emegbe wòbia wo be woagblɔ afisi kekelia ɖe zɔ se ɖo.

Le nyateƒe me la, kekelia meɖe zɔ gɔ̃ hã o; nusi flua ŋku koe wònye. Esi wobia gbe wo ɖekaɖeka la, wogblɔ nya vovovo ku ɖe afisi wosusu be kekelia yi va se ɖo ŋu. Gake esi wodo wo kpɔ le ƒuƒoƒowo me la, wobia tso wo si be woagblɔ nusi wosusu sesĩe amesiame nase. Nukae dzɔ? Esi kakaɖedzi menɔ wo si le nusi wosusu ŋu o ta la, woƒo nya ɖe wo nɔewo nu. Esi wonɔ wo dodokpɔ dzi ʋuu la, woƒe ŋuɖoɖoa de sɔsɔ ge kloe vaseɖe esime wova ke ɖe “nusi dzi ame geɖe da asi ɖo” ŋu. Esi wogado wo kpɔ ɖekaɖeka emegbe gɔ̃ hã la, ƒuƒoƒoa ƒe nukpɔsusu gakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi kokoko.

Dodokpɔ ma ɖo kpe nu vevi aɖe dzi. Dzimevesusu alo kakaɖedzimanɔamesi nana hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi bɔbɔe. Ðe mede dzi gbɔ ŋutɔ oa? Ne èbu eŋu kpɔ la, hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le nya vevi aɖewo gome, si lɔ gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, atikevɔ̃ɖizazã, kple agbemedɔ si woawɔ kura gɔ̃ hã ƒe nukpɔsusu ɖe eme. Ne míeva le “nusi dzi amehawo da asi ɖo” dzi wɔm le nya vevi aɖewo gome la, míate ŋu agblẽ nu le mía ɖokui ŋu vevie le etsɔme. (Mose II, 23:2) Nukae nàte ŋu awɔ?

Aleke nèbu be yeawɔ nui le dodokpɔa me ne ènyae nyuie be kekelia tsoƒe metrɔ o? Ðewohĩ ƒuƒoƒoa me tɔwo makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Ẽ, ele be kakaɖedzi nanɔ mía si. Gake kakaɖedzi ka ƒomevie, eye aleke míawɔ wòasu mía si?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Anɔ eme be ànya se nuƒo geɖe ku ɖe kakaɖeameɖokuidzi tutuɖo ŋu. Gake alesi nàwɔ wòasu asiwò—kple afisi nàhiãe ase ɖo—la nye nukpɔsusu vovovo. Aɖaŋuɖoɖo si sɔ la dze le Biblia me be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o; ke nedi ɖokuidziɖuɖu yome boŋ.” (Romatɔwo 12:3) Gɔmeɖeɖe bubu ɖe kpukpui sia gɔme be: “Madi be mia dometɔ ɖesiaɖe nagabu eɖokui wu amesi tututu wònye o, ke boŋ wòabu eɖokui alesi dze.”—Charles B. Williams.

‘Ame ɖokui bubu alesi dze’ kple dzesidede “amesi tututu míenye” nana woƒoa asa na ɖokuiŋudzedze, alo dada. Gake nukpɔsusu ma si da sɔ ƒe amesinɔnɔ bia be ŋutete aɖe si de ŋgɔ kura be nàte ŋu abu tame, abu nu ŋu, awɔ nyametsotso siwo me nunya le nanɔ asiwò. Wɔwòla tsɔ “tamebubu ŋutete,” si nye nunana tɔxɛ na wò. (Romatɔwo 12:1, NW) Ne esia le susu me na wò la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsri didi be amesiwo dome nèle nawɔ nyametsotso na wò. Gake dzinɔameƒo ƒomevi aɖe li si ate ŋu akpɔ tawò nyuie wu gɔ̃ hã.

Gbɔgbɔ ʋã Fia Dawid wòŋlɔ be: “Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso ɖevime ke!” (Psalmo 71:5) Ẽ, Dawid ɖo ŋu ɖe Fofoa si le dziƒo ŋu bliboe, eye wòwɔ esia tso eƒe ɖevimenɔɣi ke. ‘Ðevi ko’ wònye—ɖewohĩ enɔ eƒe ƒewuiwo me—esime Filistitɔ dzɔtsu Goliat tɔ gbe Israel ƒe asrafowo be wo dometɔ aɖe nava kpe aʋa kple ye. Vɔvɔ̃ ɖo asrafoawo. (Samuel I, 17:11, 33) Ðewohĩ hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu gbegblẽ aɖe ɖo wo dome. Ðikeke mele eme o be wotsɔ mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒo nu tso Goliat ƒe atsudzɔdzɔ kple ŋkɔxɔxɔ le aʋawɔwɔ me ŋu eye wogblɔ be anye bometsitsi be ame aɖe nalɔ̃ akpe aʋa kplii. Dawid ɖee fia be nyaƒoɖeamenu ma ƒe ɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o. Nukatae?

De dzesi nya siwo Dawid gblɔ na Goliat: “Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.” (Samuel I, 17:45) Menye ɖe Dawid menya nu tso Goliat ƒe atsudzɔdzɔ, ŋusẽ, alo aʋawɔnuwo ŋu o. Gake enya nane, abe alesi wònya be dziŋgɔli li ene. Enyae be Goliat mede Yehowa Mawu nu le mɔ aɖeke nu kura o. Ne Yehowa li kple Dawid la, ekema nukatae wòavɔ̃ Goliat? Kakaɖedzi ma si nɔ Dawid si ɖe Mawu ŋue na wònɔ dedie. Hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu aɖeke mete ŋu ɖe dzi le eƒo o.

Ðe nèɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu nenemaa? Tso Dawid ƒe ɣeyiɣia me vaseɖe fifia la, nenema koe Yehowa gale. (Maleaxi 3:6; Yakobo 1:17) Zi alesi nèsrɔ̃ nu tso eŋu la, zi nenemae nàka ɖe nya siwo katã wògblɔna na wò to eƒe Nyaa dzi la dzii. (Yohanes 17:17) Àkpɔ dzidzenu siwo metrɔna o, siwo ŋu kakaɖedzi le le eme eye wòafia mɔ wò le agbe me eye wòakpe ɖe ŋuwò nàɖu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi. Tsɔ kpe ɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ŋuti la, nu bubu aɖe gali nàgate ŋu awɔ.

Tia Aɖaŋuɖola Nyuiwo

Mawu ƒe Nya la tea gbe ɖe edzi be mɔfiafia nyui didi le vevie. Lododowo 1:5 gblɔ be: ‘Mɔfiafia nyuitɔ sua nugɔmesela si.’ Dziwòlawo, amesiwo tsɔa ɖe le eme na wò vevie ate ŋu anye mɔfiametsoƒe aɖe na wò. Indira nya esia nyuie. Egblɔ be: “Alesi dzinyelawo tsɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo naa kpekpeɖeŋum ɣesiaɣi kple alesi wona Yehowa dze ame ŋutɔŋutɔ nam le nye agbe me lae na megakpɔtɔ le nyateƒea ƒe mɔ dzi vaseɖe fifia.” Sɔhɛ geɖewo hã see le wo ɖokui me nenema.

Ne èle Kristo-hamea me la, ekema kpekpeɖeŋutsoƒe wɔnuku aɖe le asiwò ŋutɔ—woawoe nye dzikpɔla siwo woɖo, alo hamemegãwo, kpakple Kristotɔ tsitsi bubuwo. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Nadia gblɔ be: “Medea bubu kple asixɔxɔ hamemegã siwo le míaƒe hamea me ŋu vevie. Megaɖoa ŋku nuƒo aɖe si dzikpɔla zimenɔlaa ƒo si ku ɖe sɔhɛwo ŋu la dzi. Dzi dzɔ mía kple xɔ̃nye wu gbɔgblɔ elabena míekpɔe be nusiwo ŋu wòƒo nu tsoe nye nusiwo me tom míenɔ.”

Aʋawɔnu vevi bubu aɖe si te ŋu nana woɖua hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzie enye zɔhɛ siwo ƒe hadede kpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame dzi. Ne wò zɔhɛwo nye amesiwo nètia ŋuɖɔɖotɔe la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàlé ɖe taɖodzinu nyuiwo kple dzidzenu nyuiwo ŋu. Aleke míawɔ tiatia nyuitɔe? Na aɖaŋuɖoɖo sia nanɔ susu me na wò: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Le suku la, Nadia kpɔ egbɔ nyuie be yetia zɔhɛ siwo ɖɔa ŋu ɖo—haxɔsetɔ, siwo hã nɔa agbe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose mawo ke nu. Egblɔ be: “Ne ŋutsuvi siwo le sukua me va be ‘woado nu’ ɖe mía gbɔ la, míewɔa ɖeka hedea dzi ƒo na mía nɔewo.” Xɔlɔ̃ vavãwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Edze be míatsɔ kutrikuku adi amesiawo tɔgbe.

Ekema kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nèdi mɔfiafia tso Kristotɔ tsitsiwo gbɔ, hetia xɔlɔ̃ vavãwo nyuie la, àte ŋu aɖu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ƒe kuxia dzi dzidzedzetɔe. Le nyateƒe me la, àva zu zɔhɛ si kpɔa ŋusẽ nyui ɖe xɔ̃wòwo dzi eye àkpe ɖe wo ŋu be woanɔ agbemɔa dzi kpli wò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ nyati si nye “Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Dzi Nenema Gbegbea?” si dze le Nyɔ!, December 8, 2002 ƒe tata me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Tia xɔlɔ̃ nyui, siwo lɔ̃a Mawu kple eƒe dzidzenuwo abe wò ke ene.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

“Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.”​—Korintotɔwo I, 15:33

“Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.”​—Lododowo 13:20