Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hɔ̃ Ƒe Ŋkuwo

Hɔ̃ Ƒe Ŋkuwo

Hɔ̃ Ƒe Ŋkuwo

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE SPAIN GBƆ

SPAINTƆWO gblɔna le amesi kpɔa nu nyuie ŋu be enye amesi si hɔ̃ ƒe ŋkuwo le (vista de águila). Nyagbɔgblɔ ma tɔgbe le Germanytɔwo hã si (Adlerauge). Eyata menye dzodzroe wotsɔa hɔ̃ ƒe ŋku si kpɔa nu nyuie doa loe tso gbaɖegbe ke o. Hiob ƒe agbalẽ, si woŋlɔ ƒe akpe etɔ̃ kple edzivɔe nye esia la, ƒo nu tso hɔ̃ ŋu be: “Eƒe ŋku kpɔa keke didiƒe ke.”—Hiob 39:27, 29.

Vaseɖe afika tututue hɔ̃ te ŋu kpɔa nu sena ɖo? Agbalẽ si nye The Guinness Book of Animal Records gblɔ be: “Le nɔnɔme nyuitɔ me la, hɔ̃ ƒomevi si ŋuti le abe sika ene (Aquila chrysaetos) te ŋu dea dzesi fɔmizi ƒe ʋaʋã vie gɔ̃ hã ne ele ya me kilometa 2.” Ame bubuwo bui be hɔ̃ ate ŋu akpɔ nu tso didiƒe wu nenema gɔ̃ hã!

Nukae nana hɔ̃ sia te ŋu kpɔa nu nenema gbegbe ɖo? Gbã la, ŋku gã goro eve siwo xɔ ta ƒe akpa gã aɖe le hɔ̃ sia si. Agbalẽ si nye Book of British Birds gblɔ le hɔ̃ ƒomevi sia ƒe ŋkuwo ŋu be “ne woagblɔe tututu la, woƒe ŋkuwo lolo alesi dze be woƒe kpekpeme medoa kplamatse xea ne ele dzodzom le ya me o.”

Gakpe ɖe eŋu la, hɔ̃ sia ƒe lãmenugbagbevi siwo nana wòkpɔa nu la sɔ gbɔ zi gbɔ zi atɔ̃ kloe wu mía tɔ—si nye lãmenugbagbevi 1,000,000 le milimeta ɖeka ƒe dzogoe ene me ne wotsɔe sɔ kple mía tɔ si nye 200,000. Lãmenugbagbevi si nana wokpɔa nu dometɔ ɖesiaɖe kloe tsiã ɖe ahɔhɔ̃ka aɖe ŋu. Esiae wɔe be hɔ̃ ƒe ahɔhɔ̃ka siwo nana wòte ŋu kpɔa nu, siwo tsɔa nyatakaka tso ŋku dzi yina na ahɔhɔ̃ la sɔ gbɔ zi gbɔ zi eve wu amegbetɔ tɔ. Eyatae nuwɔwɔ siawo te ŋu kpɔa amadede vovovowo dzea sii alea gbegbe ɖo! Mlɔeba la, gadaglamakui si le xelénuwo ƒe ŋkuvi me abe xe bubuwo tɔ ene la, sẽ ŋu ŋutɔ ale be wote ŋu ɖea ŋkuwo le nusiwo tsɔ ɖe wo gbɔ dzi yia nusiwo le adzɔge ʋĩ ke dzi enumake. Woƒe ŋkuwo de ŋgɔ sasasã wu mía tɔ le go sia me hã.

Hɔ̃ ƒe ŋkuwo te ŋu kpɔa nu nyuie wu le ŋkeke me, gake favieʋuto tɔ kpɔa nu wu le zã me. Ŋkudzika gbogbo aɖewo kple gadaglamakui gã aɖe le zãxe siawo si. Esia na be wote ŋu kpɔa nu nyuie le zã me zi gbɔ zi 100 ɖeka wu mí. Gake le ɣeyiɣi ʋɛ siwo me viviti dona keŋkeŋ me la, ele na favieʋutowo be woanɔ te ɖe woƒe nusese deŋgɔa ɖeɖe dzaa ko dzi adi woƒe nuléle.

Amekae tsɔ nɔnɔme siawo na xe siawo? Mawu bia Hiob be: “Ðe hɔ̃ dzona le wò nya nua?” Eme kɔ ƒã be amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ be yee dze be woakafu ɖe nuwɔwɔ wɔnuku siawo ta o. Hiob ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be: “Azɔ menyae be, [wò Yehowa] àte ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèɖo la, mesesẽna na wò o.” (Hiob 39:27; 42:1, 2) Hɔ̃ ƒe ŋkuwo nye mía Wɔla la ƒe nunya ŋuti ɖaseɖiɖiwo dometɔ ɖeka ko.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Hɔ̃ ƒomevi si ŋuti le abe sika ene

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Favieʋuto ƒomevi si ŋuti le abe sno ene