Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Wò Fufɔfɔ Nanɔ Dedie Wu

Na Wò Fufɔfɔ Nanɔ Dedie Wu

Na Wò Fufɔfɔ Nanɔ Dedie Wu

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE MEXICO GBƆ

DUKƆ ƑOƑUAWO ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ Gbɔ gblɔ be nyɔnu miliɔn afã kple edzivɔe kuna le fufɔfɔ me ƒe sia ƒe. Gakpe ɖe eŋu la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha (UNICEF) ka nya ta be nyɔnu siwo wu miliɔn 60 ye toa fufɔfɔ ƒe kuxi sesẽwo me eye nu gblẽna le amesiawo ƒe akpa etɔ̃lia ŋu alo woxɔa dɔ le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Le dukɔ madeŋgɔwo me la, esesẽna na nyɔnu geɖewo be woaƒo asa na fufɔfɔ, vidzidzi, kple ame ɖokui gbegblẽ ɖi enuenu si wɔnɛ be wogbɔdzɔna eye wodzea dɔ. Ẽ, fufɔfɔ ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu—afɔku gɔ̃ hã le eme. Ðe nane li nyɔnu nawɔ be eƒe fufɔfɔ nanɔ dedie wua?

Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Do Ŋgɔ na Fufɔfɔ

Ðoɖowɔwɔ. Ahiã be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nade ŋugble le vi agbɔsɔsɔme si woadi be yewoadzi ŋu. Enye nusi bɔ zi geɖe le dukɔ madeŋgɔwo me be nàdo go nyɔnu siwo si ɖevi suewo le eye wole no nam vidzĩ, gake fu bubu gale wo ƒo. Ðoɖo nyui wɔwɔ kple nuŋububu nyuie ana ɣeyiɣi nanɔ ɖevi si woadzi kple esi ava ɖe eyome la dome si awɔe be nyɔnua nakpɔ gbɔdzɔe eye lãmesẽ nagaɖo eŋu le vidzidzi vɔ megbe.

Nuɖuɖu. Dzidzedzekpɔkpɔ le Fufɔfɔ me ƒe Ðekawɔha gblɔ be hafi nyɔnu nafɔ fu la ehiã be wòate eɖokui ɖa tso atike siwo agblẽ nu le eŋu la gbɔ ɣleti ene eye wòaɖu nunyiamenu ale be vi si ƒe fu wòafɔ la nate ŋu atsi nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne folic acid sɔ gbɔ le lãme na funɔa la, aƒo asa na spina bifida, si nye dɔléle si te ŋu dzea ɖeviwo dzi ne dzimeƒu si me ahɔhɔ̃ka to metsiã nyuie o. Esi do si me fugboe ƒe ahɔhɔ̃ka tona le dzimeƒua me xena le ŋkeke 24 lia va ɖo ŋkeke 28 lia dzi le fufɔfɔ megbe—si nye ɣeyiɣi didi aɖe hafi nyɔnu geɖe va nyana be yewofɔ fu—ta la, nyɔnu aɖewo siwo di be yewoafɔ fu noa folic acid.

Nunyiame vevi bubu si nɔa nuɖuɖu mee nye iron. Le nyateƒe me la, nyɔnuwo hiãna iron si dze la teƒe eve ne wofɔ fu. Ne mekpɔ agbɔsɔsɔ si sɔ o—si dzɔna ɖe nyɔnu geɖewo dzi le dukɔ madeŋgɔwo me la—iron kple ʋu ate ŋu avɔ le lã me nɛ. Nɔnɔme ma ate ŋu agblẽ ɖe edzi ne efɔa fu kabakaba, elabena ɣeyiɣi manɔ anyi be iron naɖo eteƒe le fufɔfɔawo dome o. *

Ƒexɔxɔ. Afɔku si dzɔna ɖe nyɔnuvifunɔ siwo mexɔ ƒe 16 o dzi la lolona zi 60 le alafa me wu nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 20 kple edzivɔ tɔ. Le go bubu me la, vɔvɔ̃ le eŋu be nyɔnu siwo tsi xɔ wu ƒe 35 adzi vi siwo léna vidzĩme dɔwo, le kpɔɖeŋu me abe ɖevi ta gã moyetɔwo ene. Funɔ siwo metsi o alo esiwo le vidziɣi ƒe ƒe mamlɛwo me hafi dzi vi la ate ŋu ava lé preeclampsia bɔbɔe, (dɔléle si nana funɔwo yia ɖi me eye hehedɔ gena ɖe eme). Dɔléle sia si me ʋusɔgbɔdɔ kple tete dzena le le fufɔfɔ ƒe kwasiɖa 20 megbe, tsɔ kpe ɖe aɖuɖɔ si me protein sɔ gbɔ ɖo ŋu la, wɔnɛ be vidzĩa kple dada siaa ƒe agbe ɖoa afɔku gã aɖe me.

Dɔlélewo. Aɖuɖɔtoe, vitoƒe, dɔgbo kple dɔkavi me dɔlélewo ate ŋu anyra le fufɔɣi eye ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be woadzi vidzĩ si ƒe ŋkeke mede o alo woalé preeclampsia. Enyo wu be woada dɔ ɖesiaɖe le ame ɖokui ŋu hafi afɔ fu.

Lãmesẽnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ le Fufɔɣi

Beléle na Fu. Kɔdzi dede kabakaba le fufɔɣi katã me ɖea vidada ƒe agbe si ɖoa afɔku me dzi kpɔtɔna. Le dukɔ siwo me kɔdzi mebɔ ɖo gɔ̃ hã woanɔ dedem kabakaba o me la, vixela xɔhehe nyuiwo li woayi wo gbɔ.

Beléle na fu ate ŋu akpe ɖe vixela xɔhehewo ŋu woanya nu vevi siwo gbɔ wòle be woakpɔ. Esiawo ƒe ɖewoe nye vi siwo wu ɖeka ƒe fufɔfɔ, ʋusɔgbɔdɔ, dzi kple ayiku dɔwo, kple suklidɔ. Le dukɔ aɖewo me la, wote ŋu doa hehedɔtike na funɔ aɖewo be woagalé hehedɔ le vidzidzi megbe o. Woate ŋu adoe kpɔ be dɔléle si nye group B streptococcus le eŋu hã tso fufɔfɔ ƒe kwasiɖa 26 lia va ɖo kwasiɖa 28 lia dzi. Ne dɔlékui sia le dɔka gãwo me la, vidzĩa ate ŋu axɔe le edziɣi.

Ele be amesi gbɔna vidada nye ge la nanɔ klalo be yeagblɔ nya sia nya tsɔ kpe ɖe eƒe lãmesẽnya xoxowo ŋu na lãmesẽdɔwɔlawo. Ele be wòabia nyawo hã faa. Ele be woadi kpekpeɖeŋu tso lãmesẽdɔwɔlawo gbɔ kaba ne ʋu le dodom le eƒe nyɔnu me, ne eƒe mo te zi ɖeka, ne ta le eɖum sesĩe alo ɖunɛ enuenu alo ne asibidɛwo le evem, ne edzɔ kpata be megale nu kpɔm nyuie o alo le nu kpɔm flukpe, ne esea veve heliheli le aŋɔme, ne ele xe ɖem edziedzi, ne vuvɔ wɔnɛ alo asrã dzea edzi, ne tɔtrɔ va le alesi fugboea ʋãnae ŋu, ne tsi dona le eƒe nyɔnu me, ne esea veve le aɖuɖɔɖɔɖɔ me, alo meɖɔa aɖuɖɔ alesi dze o.

Ahã sesẽ kple atikevɔ̃ɖiwo. Vidada ƒe ahanono kple atikevɔ̃ɖiwo zazã (atama hã le eme) ate ŋu ana via nalé tagbɔdɔ, alo be wòazu nuwɔametɔ, alo wòazu amesi si numame gbegblẽwo natsi gɔ̃ hã. Wode dzesii be vi siwo atikevɔ̃ɖizãlawo dzi la toa nɔnɔme sesẽ si tɔgbe amesiwo dzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã tona me. Togbɔ be ame aɖewo xɔe se be ne wonɔ anyi ʋuu hafi no wein kɔŋkɔ ɖeka megblẽ o hã la, numekulawo xlɔ̃ nu be woadzudzɔ kura ne wofɔ fu. Ele be funɔwo nakpɔ nyuie hã be yewomegbɔ atamanola ƒe atamadzudzɔ o.

Atikezazã. Mele be woazã atike aɖeke o negbe ɖɔkta si nya nu le fufɔfɔa ŋu eye wòtia atike si nyo wu la nɛ ko. Vitamin-tike aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu. Le kpɔɖeŋu me, vitamin A si sɔ gbɔ akpa la ate ŋu agblẽ nu le fugboe ŋu.

Lolo. Ele be funɔ nakpɔ egbɔ be yemelolo akpa o. Krause’s Food, Nutrition and Diet Therapy gblɔ be afɔku si li be vidzĩ si ƒe kpekpeme mede o naku la lolo zi gbɔ zi 40 wu vidzĩ si ƒe kpekpeme sɔ la tɔ. Gake nuɖuɖu ɖe ame eve nu nana wololona akpa. Ne lãme kpɔkpɔ nyuitɔ—si sɔ nyuie wu le ɣleti enelia me le fufɔfɔ megbe—su ame si la, efiana be funɔa le nuɖuɖu si dze be wòaɖu atsɔ akpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ la ɖum. *

Dzadzɛnyenye kple nu bubuwo ŋu bubu. Woate ŋu ale tsi abe alesi wowɔnɛ ɖaa, gake mele be woatsɔ atike aɖeke aklɔ nyɔnu me o. Ele be funɔ naƒo asa na amesiame si le dɔxɔleameŋu aɖe lém, le kpɔɖeŋu me rubella, si wogayɔna be German-gbaɣi. Gawu la, be woaƒo asa na toxoplasmosis (dɔléle aɖe si gblẽa nu le ŋku kple ahɔhɔ̃ ŋuti) la, ele be woaƒo asa na lã mabimabi ɖuɖu, eye woaƒo asa na dadimĩ hã. Dzadzɛnyenye nuwɔna aɖewo abe asikɔklɔ kple nuɖuɖu mumuwo kɔklɔ ene le vevie. Zi geɖe la, afɔku menɔa gbɔdɔdɔ me o, negbe le fufɔɣi ƒe kwasiɖa mamlɛawo me ko alo negbe ʋu dona le eŋu alo esea veve le aŋɔme alo fu ge na amea kpɔ va yi.

Vidzidzi Bɔbɔe

Nyɔnu si léa be na eɖokui le fufɔɣi medoa go kuxi sesẽwo le vidziɣi o. Zi geɖe la, ewɔa ɖoɖo nenye be adzi via le aƒeme alo le kɔdzi. Enyana nusi gbɔna dzɔdzɔ ge kple alesi wòawɔ ɖeka kple vixela bibi alo ɖɔkta la nyuie. Vixela la hã nyana nɔnɔme si wòdi—le afisi woate ŋu awɔ tiatia le gome—siwo ƒe ɖewoe nye nɔnɔme si me wòatrɔ ɖo, ne ɖe woadze eƒe vidzimɔ wòakeke ɖe edzi, ne ɖe woazã vihedogonuwo nɛ, ne awɔ vevesesenutsitike ŋudɔ, alo ne woatsɔ elektrɔn nukpɔmɔ̃ atsɔ anɔ ɖevia kpɔm le dɔ me. Ele be woalɔ̃ ɖe nu bubuwo hã dzi: Dɔnɔkɔdzi kae woayi ne kuxiwo do mo ɖa le vidzidzi me le aƒea me? Nukae woawɔ ne ʋu do le eŋu akpa? Esi ʋusisi wua funɔ geɖewo ta la, ele be nusiwo axɔ ɖe ʋu teƒe nanɔ anyi na amesiwo medoa ʋu o. Gakpe ɖe eŋu la, ele be woade ŋugble le nusi woawɔ ne eva hiã be woako funɔa aɖe vi le eŋu ŋu.

Biblia la gblɔ be ɖeviwo nye nunana alo “domenyinu” tso Yehowa gbɔ. (Psalmo 127:3) Nusiwo gbegbe funɔ anya le eƒe fufɔfɔ ŋu la awɔe be wòanɔ dedie le eƒe fufɔɣi kple vidziɣi me wu. Ne nyɔnu lé be na eɖokui do ŋgɔ na fufɔfɔ kple le fufɔɣi eye ne ede ŋugble nyuie le vidzidzimɔnu vovovowo ŋu la, anɔ etɔ sinua wɔm be wòanɔ dedie.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Nuɖuɖu aɖewo siwo me woakpɔ folic acid kple iron le woe nye aklã, ayi ƒomeviwo, amagbe damawo, azi, kple nuku siwo me wodea nunyiamee. Be ŋutilã nate ŋu awɔ nuɖuɖu si me iron sɔ gbɔ le ŋudɔ nyuie la ahiã be woatsɔ nuɖuɖu siwo me vitamin C le, abe atikutsetsewo ene akpe ɖe eŋu.

^ mm. 16 Kpekpeme si agadze edzi na funɔ eye wòasɔ nyuie ne eƒe ɣeyiɣia de la enye kilogram 9 va ɖo kilogram 12. Ke hã, ele be ɖetugbiwo kple nyɔnu ɖikuwo nakpɔ lãme ɖe edzi wòade kilogram 12 va ɖo 15, eye ele be amesiwo lolo akpa nakpɔ lãme ɖe edzi kilogram 7 va ɖo 9 ko.

[Aɖaka si le axa 14]

NYATAKAKA VEVI AÐEWO NA FUNƆWO

● Zi geɖe la, nusiwo wòle be funɔ naɖu gbesiagbe ƒe ɖewoe nye atikutsetsewo, amagbewo (vevietɔ amagbe damawo kple detsiƒonu bubuwo), ayi (abe gbagbayiwo, soybean, bɔbɔ, kple atiyiwo ene), nukuwo (abe lu, bli, kple ƒo ene—nyuitɔ enye be womafu wo ŋuti o ke woazã wo tẽ alo woazã esiwo me wode nunyiamee), nuɖuɖu siwo tso lãwo me (tɔmelã, koklolã, nyilã, koklozi, nyinotsibabla kple nyinotsi, vevietɔ esiwo me ami mele o). Aminu, sukli ɣi, kple dze vi aɖe koe sɔ be woaɖu. No tsi zã. Ƒo asa na nunono siwo me caffeine le, kpakple nuɖuɖu siwo me atike siwo wotsɔ kpɔa nu ta be magagblẽ o kple esiwo zua numame le (abe amadede wɔwɔe si wotsɔ dea nuɖuɖu kple esi wotsɔ dea nu be wòavivi ene). Goma, ɣe, kple nu bubu siwo ɖuɖu menyo o ɖuɖu azu nunyuimaɖumaɖu, eye wòate ŋu azu aɖi.

● Kpɔ nyuie le nutoa me ƒe nɔnɔme si ate ŋu ahe afɔku vɛ ŋu, abe X-ray ɖeɖe akpa kple atike siwo ahe afɔku vɛ ŋudɔwɔwɔ ene. Tso atike siwo wowuna kple aƒemetike bubuwo zazã dzi. Megana dzogbɔnɔnɔ akpa alo kamedede akpa nana dzoxɔxɔ nage ɖe lã me na wò o. Tsri tsitrenu nɔnɔ ɣeyiɣi didi kple hloloetsotso. Bla zikpuiŋuka ɖe teƒe si sɔ.