Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woɖem Tso Fuléle Si Xɔ Aƒe Ðe Menye La Me

Woɖem Tso Fuléle Si Xɔ Aƒe Ðe Menye La Me

Woɖem Tso Fuléle Si Xɔ Aƒe Ðe Menye La Me

ABE ALESI JOSÉ GOMEZ GBLƆE ENE

WODZIM le September 8, 1964 dzi, le Rognac, si nye du sue aɖe le France ƒe anyiehe. Dzinyelawo kple wo dzilawo katã nye Andalusia Gypsytɔ siwo wodzi le Algeria kple Morocco le Dziehe Afrika. Abe alesi wòle le Gypsytɔwo ƒe dekɔnu nu ene la, míaƒe ƒomea nye ƒome abɔlegbe.

Fofonye nye ŋutasẽla, eye megaɖoa ŋku ɖevime nudzɔdzɔ aɖewo siwo me wòwɔa nu vevi danye le dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dada di be yeagbee—enye nuwɔna si mebɔ le Gypsytɔwo dome o. Ekplɔ mía kple nɔvinyeŋutsu kpakple nɔvinyenyɔnu yi Belgium, afisi míenɔ le ŋutifafa me ƒe enyi.

Gake nɔnɔmeawo va trɔ. Míenɔ mía fofo ƒe nu xam, eyata Dada kplɔ mí yi France eye wògawɔ ɖeka kple Papa. Papa gbɔ nɔnɔ gahe kuxi bubuwo vɛ nam. Esi míenɔ Belgium la míete ŋu yia afisiafi kple Dada. Gake le fofonye ƒometɔwo gome la, ŋutsu kple ŋutsuwoe dea ha. Ŋutsunyenye ƒe nukpɔsusu si nɔ wo sie enye be ŋutsuwo kpɔ mɔ awɔ nusianu si dze wo ŋu ke nyɔnuwo tɔe nye be woawɔ dɔ sia dɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi menɔ agbagba dzem gbeɖeka be makpe ɖe tasinye ŋu míaklɔ agbawo la, tɔgãnye dzum be ŋutsu si dɔa ŋutsu gbɔe menye. Le eƒe ƒomea me la, agbakɔklɔ nye nyɔnuwo ɖeɖeko ƒe dɔ. Nukpɔsusu masɔmasɔ sia va kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye mlɔeba.

Eteƒe medidi hafi fofonye gadze ŋutasesẽ le danye ŋu gɔme o. Zi geɖe ne míedi be míalé avu Papa la, etrɔna ɖe mía ŋu si nana mía kple nɔvinyeŋutsua míesina toa fesre nu be míaƒo asa na eƒe kɔwo. Mekpɔa nublanui na nɔvinyenyɔnua gɔ̃ hã o. Esia wɔnɛ be medoa go le aƒeme ɣeyiɣi didi aɖe hafi vana. Vaseɖe esime mexɔ ƒe 15 la, nyemexɔ hehe aɖeke le agbe me o.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, amewo va nyam le nye ŋutasẽnuwɔwɔ ta. Mekpɔa dzidzɔ ɖe anyrawɔwɔ le amewo ŋu me. Ɣeaɖewoɣi la, media ge le ɖekakpui bubuwo ŋu, gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe tenɛ kpɔ be yewoakpe akɔ kplim—esi hɛ kple kɔsɔkɔsɔ nɔa ŋunye zi geɖe koŋ ta. Eteƒe medidi o, mete ʋuwo fifi nɔ dzadzram. Le go aɖewo me la, ɖeko metɔa dzo wo ale be alesi dzotsilawo tsɔ le dzoa tsim nanɔ dzidzɔ dom nam. Emegbe metrɔ ɖe fiasewo kple asitsanudzraɖoƒewo gbagbã ŋu. Wolém zi geɖe. Eye medoa gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye le ɖesiaɖe me!

Ẽ, mexɔ Mawu dzi se. Menɔ subɔsubɔha aɖe ƒe suku dem esime míenɔ Belgium. Eyata menyae be nusi wɔm menɔ la nye nu gbegblẽ. Ke hã, Mawudzixɔse si nɔ asinye mewɔ dɔ aɖeke ɖe dzinye o. Ewɔ nam be nusi wòle be mawɔ koe nye be mado gbe ɖa be woatsɔ nye nuvɔ̃wo akem.

Le ƒe 1984 me la, wodem gaxɔ me ɣleti 11 ɖe fififi ta. Wotsɔm yi Baumettes Gaxɔ me le Marseilles. Le afima la, meŋlɔ nu ɖe nye ŋutilã ƒe akpa vovovo. Nuŋɔŋlɔawo dometɔ aɖe xlẽ be, “fuléle kple hlɔ̃biabia.” Le esi teƒe be gaxɔmenɔnɔ nana matrɔ la, meva lé fu ŋusẽtɔwo kple amewo ɖe edzi boŋ. Esi woɖe asi le ŋunye le gamenɔnɔ ƒe etɔ̃ megbe la, fuléle va yɔ menye fũ wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Emegbe afɔku aɖe na nye agbenɔnɔ trɔ.

Hlɔ̃biabia Va Zu Nye Taɖodzinu

Dzre aɖe dzɔ ɖe míaƒe ƒomea kple ƒome bubu aɖe me tɔwo siwo hã nye Gypsytɔwo dome. Mía kple tɔgãnyewo kpakple tɔɖinyewo míeɖoe be míado go kple wo ne míakpɔ nyaa gbɔ. Ƒome eveawo me tɔwo tsɔ tu ɖe asi. Le nyaʋiʋli si do mo ɖa me la, woda tu tɔgãnye Pierre kple fofonye nyrui ƒe vi. Metɔtɔ ale gbegbe be metɔ ɖe ablɔ dzi, lé tu ɖe asi henɔ ɣli dom kple dziku sesĩe. Tɔɖinyewo dometɔ ɖeka va ʋli tua le asinye.

Tɔgã Pierre, amesi mebuna abe tɔ ene la ƒe ku na melé blanui vevie. Mefa nɛ le Gypsytɔwo ƒe kɔa nu. Nyemelũ ge alo ɖu lã aɖeke o ŋkeke geɖe. Megbe be nyemakpɔ television alo aɖo to haƒoƒo aɖeke o. Meka atam be mabia hlɔ̃ na tɔgãnye godoo, gake nye ƒomea me tɔwo tsɔ tuawo dzra ɖo le gbɔnye.

Le August me le ƒe 1984 me la, wozi dzinye be mawɔ asrafodɔ. Esi mexɔ ƒe 20 la, mege ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafoha siwo kpɔa ŋutifafanyawo gbɔ le Lebanon la me. Melɔ̃ be mage ɖe afɔku si me woawum alo mawu amewo le me. Le ɣemaɣi me la, menɔ gbe sesẽ gbogbo aɖe si nye hashish nom. Le dzidzeme si wòwɔna nam be wònanam megbe la, eganana mesena le ɖokuinye me be naneke mate ŋu agblẽ nu le ŋunye o.

Aʋawɔnuwo kpɔkpɔ le Lebanon le bɔbɔe, eyata meɖoe be maɖo aʋawɔnu aɖe ɖe France be matsɔ akpɔ hlɔ̃biabia na tɔgãnye ƒe tameɖoɖo gbɔ. Meƒle tu sue eve kple tukpewo tso afima nɔlawo gbɔ. Mekaka tuawo tsɔ de radio eve me heɖo ɖe aƒe.

Esi wòsusɔ kwasiɖa eve ne nye asrafodɔdasia nawu enu la, mía kple nye zɔhɛ etɔ̃ aɖewo míesi le dɔ gbɔ mɔmabiamabiae. Wode mí gaxɔ me esi míetrɔ va asaɖaa me. Le nye gamenɔɣi me la, dzi kum vevie eye metso ɖe dzɔla aɖe ŋu. Ewɔ nuku nam be payo—amesi menye Gypsytɔ o—hã nado vlom. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, dzre sesẽ aɖe ŋutɔ gadzɔ, fifia mía kple amegã aɖe domee wòdzɔ ɖo. Wokplɔm yi Montluc Gaxɔ me le Lyons, be mava wu nye asrafodɔ mamlɛa nu le afima.

Mekpɔ Ablɔɖe​—Le Gaxɔ Me

Le nye gamenɔnɔ le Montluc Gaxɔ me ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ɖekakpui nyui aɖe do gbe nam vividoɖeameŋutɔe. Mese be Yehowa Ðasefoe wònye eye be wolé woa kple haxɔsetɔ bubuwo de gaxɔ me le esi wogbe be yewomatsɔ aʋawɔnuwo o ta. Esia wɔ moyaa nam. Medi vevie be masrɔ̃ nu geɖe.

Meva de dzesii be lɔlɔ̃ akuakua le Yehowa Ðasefowo si na Mawu, eye woƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose kɔkɔwo wɔ dɔ ɖe dzinye. Ke hã, biabia geɖe nɔ asinye. Vevietɔ wu la, medi be manya nenye be ame kukuwo ate ŋu aƒo nu kple agbagbeawo le drɔ̃eƒe—si nye nusi dzi Gypsytɔ geɖewo xɔ se. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Jean-Paul lɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia kplim to agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi zazã me. *

Mexlẽ agbalẽ bliboa vɔ le zã ɖeka ko me, eye nusi mexlẽ la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Mekpɔ ablɔɖe vavãtɔ le gaxɔ me afii! Esi woɖem le gaxɔ me mlɔeba la, meɖo keteke kple mɔzɔkplo si me Biblia-srɔ̃gbalẽwo yɔ taŋtaŋ.

Esi menɔ Ðasefo siwo le míaƒe nutoa me dim la, meyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le Martigues me. Meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi kple ɖekakpui aɖe si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla si ŋkɔe nye Eric. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, medzudzɔ atamanono, eye medzudzɔ hadede kple nye hati nuvlowɔla tsãtɔwo. Meɖoe kplikpaa be manɔ agbe ɖe nya si dze le Lododowo 27:11 nu, si xlẽ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” Meva ke ɖe Fofo lɔ̃ame Yehowa ŋu, si ƒe lɔlɔ̃nu medi be mawɔ.

Kuxi si Le Tɔtrɔ Wɔwɔ Me

Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o. Le kpɔɖeŋu me, megagbugbɔ yi ɖe atikevɔ̃ɖizazã ƒe numamea dzi kwasiɖa geɖe. Gake nye kuxi sesẽtɔ kekeake enye alesi mawɔ aɖe asi le hlɔ̃biabia ƒe didi si nɔ menye la ŋu. Menɔ nyanya me na Eric kura be metsɔa tu ɖe asi ɣesiaɣi henɔ agbagba dzem be mabia hlɔ̃ amesiwo wu tɔgãnye o. Menɔa zã blibo dzi nɔa wo dim.

Esi megblɔ nya sia na Eric la, eɖe eme nam kɔte be kadodo nyui mate ŋu anɔ mía kple Mawu dome ne megakpɔtɔ léa lãnuwo ɖe asi hele hlɔ̃biabia yome tim o. Ele nam be mawɔ tiatia. Mede ŋugble vevie le apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya si le Romatɔwo 12:19 ŋu si gblɔ be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ.” Esia kple gbedodoɖa kutrikukutɔe kpe ɖe ŋunye meɖu nye seselelãmewo dzi. (Psalmo 55:23) Mlɔeba la, megblẽ nye aʋawɔnuwo dome. Le December 26, 1986 dzi, si nye ƒe ɖeka le nye Biblia sɔsrɔ̃ megbe la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa Mawu.

Ewɔ Dɔ Nyui aɖe Ðe Nye Ƒometɔwo Dzi

Tɔtrɔ siwo mewɔ le nye agbenɔnɔ me de dzi ƒo na dzinyelawo be woasrɔ̃ Biblia. Wogbugbɔ ɖe wo nɔewo, eye danye xɔ nyɔnyrɔ le July 1989 me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nye ƒomea me tɔ geɖewo va xɔ Biblia ƒe gbedasia eye wova zu Yehowa Ðasefowo.

Le August 1988 me la, meɖoe be mazu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Emegbe nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Katia si le míaƒe hamea me ƒe nu va lé dzi nam vevie. Míeɖe mía nɔewo le June 10, 1989 dzi. Míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔ menɔ bɔbɔe na mí kura o, elabena ele nam be magawɔ tɔtrɔ aɖewo le nɔnɔme si nɔ asinye ɖe nyɔnuwo ŋu la ŋuti. Esesẽna nam be mawɔ ɖe nya siwo le Petro I, 3:7 dzi, si de dzi ƒo na srɔ̃ŋutsuwo be woade bubu wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu. Ele nam be mado gbe ɖa enuenu be mate ŋu aɖu nye dada dzi ahatrɔ nye nukpɔsusu. Vivivi la, nɔnɔmeawo va ka ɖe eme.

Tɔgãnye ƒe ku gadoa nuxaxa nam kokoko, eye ɣeaɖewoɣi ne meɖo ŋku edzi la aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi nam. Ne meɖo ŋku alesi wowui dzi la etena ɖe dzinye ale gbegbe. Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe geɖe megbe gɔ̃ hã la, megavɔ̃na be mado go ƒome si adikã nɔ mía kpli wo dome tsã la dometɔ aɖe. Nukae mawɔ ne wodze dzinye? Aleke mawɔ nui? Ðe magbugbɔ aɖo nye amenyenye xoxoa mea?

Gbeɖeka la, meƒo dutoƒonuƒo aɖe le hame aɖe si te ɖe mía ŋu me. Le afima la, mekpɔ amesiwo wu tɔgãnye ƒe ƒometɔ aɖe si ŋkɔe nye Pepa. Magblɔe tso nye dzi me be ekpɔkpɔ do nye Kristotɔ vavãtɔ nyenye kpɔ vevie. Gake meŋe aɖaba ƒu nye seselelãmewo dzi. Emegbe le ŋkeke si dzi Pepa xɔ nyɔnyrɔ la, mekpla asi kɔ nɛ eye mekafui ɖe nyametsotso si wòwɔ be yeasubɔ Yehowa ta. Le nusiwo katã dzɔ va yi megbe la, megaxɔe abe nye gbɔgbɔmenɔvinyɔnu ene.

Medaa akpe na Yehowa gbesiagbe, ɖe alesi wòkpe ɖe ŋunye mete ŋu ɖe asi le fuléle si xɔ aƒe ɖe menye la ŋu ta. Afikae manɔ egbea ne ɖe Yehowa mekpɔ nublanui nam o? Eyae na mesea ƒomegbenɔnɔ ƒe vivi. Etsɔme mɔkpɔkpɔ hã le asinye—si nye xexeme yeye si me fuléle kple ŋutasesẽ manɔ o. Ẽ, kakaɖedzi blibo le asinye be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 18 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Mía kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe asrafowo le Lebanon, ƒe 1985

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Katia kple mía viŋutsuwo, Timeo kple Pierre