Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nuvɔ̃ Aɖe Li Si Wometsɔ Kena Oa

Ðe Nuvɔ̃ Aɖe Li Si Wometsɔ Kena Oa

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Nuvɔ̃ Aɖe Li Si Wometsɔ Kena Oa?

Ð E TOHEHE aɖe li si gbɔ ku ŋua? Ẽ, eyae nye ku si ŋu tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke mekpe ɖo o elabena amea wɔ nuvɔ̃ si wometsɔ kena o. Yesu gblɔ be nuvɔ̃ aɖe li si ‘womatsɔ ake o.’—Mateo 12:31.

Gake Biblia ƒo nu tso Mawu ŋu be etsɔa nuvɔ̃ kena. Togbɔ be amewo te ŋu léa ame ɖe dɔ me eye wometsɔnɛ kena o hã la, Mawu ya ‘tsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.’ (Yesaya 55:7-9) Le nyateƒe me la, Mawu ŋutɔ tsɔ vevesese gã aɖe dɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖe anyigba dzi be wòanye avuléle, alo nutsyɔnu, vɔsa si ƒe asi deŋgɔ ale gbegbe be wòate ŋu atutu míaƒe nuvɔ̃wo ɖa.—Yohanes 3:16, 17; Dɔwɔwɔwo 3:19; Yohanes I, 2:1, 2.

Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, afɔ ame geɖe siwo wɔ nuvɔ̃ gãwo va yi gake mahiã be woabia wo ŋu kɔnta wo o la ɖe tsitre. (Dɔwɔwɔwo 24:15; Romatɔwo 6:23) Le nyateƒe me la, Yesu gblɔe be “woatsɔ nuvɔ̃ sia nuvɔ̃ kple busunya sia busunya ake amewo” negbe nuvɔ̃ si wometsɔ kena o la ko. (Mateo 12:31) Eyata àbia be ‘Nuwɔna kae avloe ale gbegbe be Mawu matsɔe ake o?’

Egbɔ Dzimetɔtrɔ Ŋu

Yesu ƒe nuxlɔ̃mea ku ɖe eɖoɖo koŋ agblɔ “busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe” ŋu ŋuti. Womegbea tohehe na ame le nuvɔ̃ sia gome o. Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Womatsɔe akee le xexe sia alo esi lava va la me o.” (Mateo 12:31, 32) Womafɔ amesiwo wɔ nuvɔ̃ sia ɖe tsitre o.

Nukae nye busunyagbɔgblɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu? Enye nusi doa go tso dzi me, si ɖea nɔnɔme vɔ̃ɖi kple tameɖoɖo vɔ̃ɖiwo ɖe go. Eɖoɖo kplikpaa be woatsi tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu nana nuvɔ̃ sia gavloe ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me: Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, se dea vovototo alesi woɖo nugbe ɖe ame ŋu hafi wui kple amewuwu le vome dome, eye wonɔa te ɖe nusi gbɔ wòtso kple mɔ siwo nu wowu amea le la dzi tsoa kufia na amesi ɖo nugbe alo ɖoe koŋ hafi wu ame la ɖeɖeko.

Apostolo Paulo nye busunyagblɔla tsã gake egblɔ be: “Wokpɔ nublanui nam, elabena mewɔe le numanyamanya me.” (Timoteo I, 1:13) Nuvɔ̃wɔwɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu fia eɖoɖo koŋ atsi tre ɖe eŋu. Efia dzi vɔ̃ɖi ƒe amesinɔnɔ si me dzimetɔtrɔ meganya wɔna le o.

Eme kɔ ƒã be nuvɔ̃ siae Paulo wɔnɛ esi wòŋlɔ be: “Amesiwo me woklẽ ɖo kpɔ, eye woɖɔ dziƒo ƒe nunana kpɔ, eye wozu gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe gomekpɔlawo, eye woɖɔ Mawu ƒe nyanyuie kple xexeme, si le vava ge ƒe ŋusẽwo kpɔ, eye wogade megbe la, esẽ na wo bena, woagawɔ wo yeye hena dzimetɔtrɔ.” (Hebritɔwo 6:4-6) Apostoloa gagblɔ be: ‘Ne míexɔ nyateƒe ƒe sidzedze la, hafi bua wɔ nuvɔ̃ la, vɔsasa ɖe nuvɔ̃wo ta megali o.’—Hebritɔwo 10:26.

Subɔsubɔhakplɔla aɖewo ƒe nɔnɔmee na Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe nuvɔ̃ siwo wometsɔ kena o ŋuti. Gake womeɖo to eƒe nuxlɔ̃amea o. Le nyateƒe me la, wona wowui. Emegbe wose nukunu aɖe si gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ kɔte la ŋu nya. Wogblɔ na wo be wofɔ Yesu ɖe tsitre! Eme kɔ ƒã be Yesue nye Kristo la! Ke hã wosẽ dzime de gbɔgbɔ kɔkɔea eye woxe fe na Roma srafowo be woasẽ nu le Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu.—Mateo 28:11-15.

Nuxlɔ̃ame na Kristotɔ Vavãwo

Nukatae Kristotɔ vavãwo bua nuvɔ̃ si wometsɔ kena o la ŋkubiãnyae? Elabena togbɔ be Mawu kple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋuti sidzedze vavã su mía si hã la, dzi vɔ̃ɖi ate ŋu ava nɔ mía si. (Hebritɔwo 3:12) Ele be míakpɔ nyuie eye míagasusui be esia mate ŋu adzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o. Bu Yuda Iskariot ŋu kpɔ. Enye Yesu yomedzela wɔnuteƒe tsã. Wotiae wònye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka, eyata nɔnɔme nyuiwo anya nɔ esi. Gake le ɣeyiɣi aɖe me la, eva ɖe mɔ tamesusu vɔ̃ɖiwo va nɔ aƒe xɔm ɖe eyama me, eye mlɔeba la nusiawo va kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Le ɣeyiɣi si me wònye Yesu ƒe nukunuwo teƒe kpɔla la, enɔ ga fim. Emegbe le ga ta eɖoe kplikpaa de Mawu ƒe Vi la asi.

Ame aɖewo siwo nye Kristotɔ nuteƒewɔlawo tsã la bua te ɖe aga tso Mawu gbɔ, ɖewohĩ le dziku, dada, alo ŋukeklẽ ta, eye fifia wozu xɔsegbela siwo tsia tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu. Woɖonɛ koŋ tsia tre ɖe nusi wɔm gbɔgbɔ la le wole dzedzem ƒã la ŋu. Ðe amesiawo wɔ nuvɔ̃ siwo wometsɔ kena oa? Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃laa mlɔeba.—Romatɔwo 14:12.

Le esi teƒe be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m ame bubuwo la, anyo be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie tso nuvɔ̃ ɣaɣla siwo ate ŋu ava na míaƒe dzi naku atri la wɔwɔ ŋu. (Efesotɔwo 4:30) Eye efaa akɔ na mí be míanya be Yehowa atsɔ ake mí geɖe ne míetrɔ dzime le nuvɔ̃ gã aɖe si míewɔ gɔ̃ hã me.—Yesaya 1:18, 19.

[Nɔnɔmetata si le axa 18, 19]

Farisitɔ aɖewo wɔ nuvɔ̃ si wometsɔ kena o