Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeviwo Tafatafa Nu Ayi Kpuie!

Ðeviwo Tafatafa Nu Ayi Kpuie!

Ðeviwo Tafatafa Nu Ayi Kpuie!

“DUKƆ ƑOƑUAWO ɖe gbeƒã le Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi me be ele be woatsɔ beléle tɔxɛ ana ɖeviwo ahakpe ɖe wo ŋu.” Aleae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Takpekpe Ku Ðe Ðeviwo ƒe Gomenɔamesi Ŋu gblɔ le eƒe ŋgɔdonya me. Eye woyi edzi gblɔ ku ɖe ƒomea ƒe vevienyenye ŋu be: “Be ɖevia natsi nyuie amenyenye si sɔ nasu esi la, ele be wòanɔ ƒome si me dzidzɔ, lɔlɔ̃, kple nugɔmesename le la me.” Ke hã womete ŋu le taɖodzinu nyui sia gbɔ ɖom o.

Nuƒoƒo tso nɔnɔme nyui si me wòle be ɖeviwo nanɔ ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Agbe ƒaƒã nɔnɔ le agbogbo dom, ke ame geɖe bui be enye nusi sɔ. Sededewo mete ŋu le agbebaɖanɔnɔ kple ɖokuitɔdidi nu tsim o. Le esi teƒe be dzilawo gɔ̃ hã nalɔ̃ wo viwo ahakpɔ wo ta la, woɖea asi le wo ŋu zi geɖe boŋ wowɔa nusi dzea wo ŋu. Ke mɔkpɔkpɔ kae le mía si azɔ be ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ nu ava yi kpuie?

Togbɔ be nuɖoanyi gblẽku sia mete ŋu le egbɔ kpɔm be aƒe si me lɔlɔ̃ le kple etsɔme si me dedienɔnɔ le su ɖevi ɖesiaɖe si o hã la, madidi o mía Wɔlaa aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖesiaɖe kple agbegbegblẽnɔnɔ si me ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ hã le la ɖa. Madidi o, Yehowa Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nya me to eƒe Fiaɖuƒea dzi wòawɔ nuku na xexeame. Ame gblẽkuwo kple ɖokuitɔdilawo mate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a nu o. Amesiwo lɔ̃ wo haviwo koe atsi agbe age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lod. 2:21, 22.

Bu gbɔɖeme si wòanye ŋu kpɔ le susu me ne ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ate ŋu anɔ anyi eye gbegblẽ kple amegbɔdɔdɔ sesẽe aɖeke megali o! Seselelãme kple ŋutilã me ƒe nuveviwɔame si ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ hena vɛ gɔ̃ hã nu ayi. Amesiwo gbɔ wodɔ sesẽe va yi magaɖo ŋku edzi anɔ eƒe veve sem o. ‘Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.’—Yes. 65:17.

Ɣemaɣi la, womadzi vi aɖeke si ŋu woawɔ ŋlɔmi le alo adɔ egbɔ sesẽe o. Dzidzɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃, kple nugɔmesese manye mɔkpɔkpɔ dzro aɖe ko o. Yesaya 11:9 gblɔ le amesiwo ava nɔ Mawu ƒe xexe yeyea me ŋu be: ‘Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava edzi o.’

Nyateƒee, dzidzɔ ka gbegbe wòanye ne hiãkame, atikevɔ̃ɖizazã, dzidzɔmakpɔmakpɔ le ƒomea me, kple agbegbegblẽnɔnɔ nu yi! Ŋutifafa, dzɔdzɔenyenye, kple dedienɔnɔ axɔ aƒe ɖi. “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.”—Yes. 32:18.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 9]

Dzilawo ƒe Ðetsɔleme Ate Ŋu Akpɔ Ƒomea Ta be Magagbã O

● “Dzinyelawo de dzi ƒo nam be malé fɔ ɖe nye sukudede ŋu eye masrɔ̃ asinudɔ aɖe hã. Womete kpɔ be yewoazi nusi yewodi be mawɔ ɖe dzinye o, gake wokpe ɖe ŋunye mete ŋu tia suku si wofiaa nusiwo wòle be manya.”​—Tais.

● “Ne mía kple nɔvinye nyɔnua míeyina asime la, mía nɔ yina kple mí. Le kpekpeɖeŋu si wònana be míagagblẽ ga fũ o megbe la, egakpena ɖe mía ŋu be míagaƒle awu siwo ƒe atsyã tɔ ŋku o alo awu siwo me ame ƒe ŋutinuwo nɔa dzedzem le o.”​—Bianca.

● “Ne míayi kplɔ̃ɖoƒewo la, dzinyelawo biana gbem ku ɖe amesiwo gbɔna afima, ha si ƒomeviwo woaƒo, kple ɣeyiɣi si me kplɔ̃ɖoɖoa adze egɔme ahawu enu ŋu. Le kplɔ̃ɖoɖoawo dometɔ geɖewo me la, mí katã míeyina ɖekae abe ƒome ene.”​—Priscila.

● “Le nye ɖevime kple ɖetugbi me la mía kple dzinyelawo míeɖoa dze faa. Sukuhati aɖe de dzesii eye wògblɔ nam be: ‘Alesi nète ŋu ƒoa nu kple dziwòlawo tsoa nusianu ŋu faa la dzroam ŋutɔ. Nyemete ŋu vona le ɖokuinye me gɔ̃ hã ne mele nu ƒom kple nɔnye o, eye zi geɖe ne mebe masrɔ̃ nane wɔwɔ la, ame bubuwo gbɔ ko medzea agbagba be masrɔ̃e le.’”​—Samara.

● “Ðetugbi kpɔdzidzɔ aɖee menye. Nyemebua nazã ɖe ame aɖeke ŋu o eye mekoa nu ɣesiaɣi. Meɖea dzi ɖi le xɔ̃nyewo dome eye nukokoedonamenyawo gbɔgblɔ kpli wo dzɔa dzi nam. Dzinyelawo kpɔe dze sii be nye nɔnɔmee ma eye womete kpɔ be yewoatrɔe o. Gake wokpe ɖe ŋunye dɔmenyotɔe be maɖɔ ŋu ɖo eye manya alesi mawɔ nu kple ɖekakpuiwo.”​—Tais.

● “Abe alesi wòle le sɔhɛ akpa gãtɔwo gome ene la, ɖekakpuiwo ƒe nu va nɔa dzidzɔ dom nam. Fofonye ɖo ƒe aɖe ɖi si mate ŋu adze gbeɖoɖoɖi gɔme. Esia meku dzi nam kura o. Ke boŋ mekpɔe be dzinyelawo tsɔ ɖe le eme nam eye wodi be yewoakpɔ tanye be nu gbegblẽ aɖeke magadzɔ ɖe dzinye le etsɔme o.”​—Bianca.

● “Mebu srɔ̃ɖeɖe nu nyui aɖee, le kpɔɖeŋu nyui si dzinyelawo ɖo koŋ ta. Kadodo nyui nɔa wo dome ɣesiaɣi eye woɖoa dze kple wo nɔewo faa. Meɖo ŋku edzi be esime menɔ zɔzɔm kple nye ŋugbetɔ la, nɔnye ɖo aɖaŋu nam ku ɖe alesi mawɔ nui le nɔnɔme aɖewo me ŋu eye wòɖe alesi esia akpɔ ŋusẽ ɖe nye srɔ̃ɖeɖe dzi me nam.”​—Priscila.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, womagasẽ ŋuta le ɖevi aɖeke ŋu akpɔ gbeɖe o