Alɔgbɔnukoko ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
Alɔgbɔnukoko ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
TOGBƆ be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe wònye hã la, ate ŋu atsi susu me na wò le wò agbenɔɣi katã. Viɖe gã aɖe le eme, gake ame aɖeke meɖo ko akpa be mate ŋu awɔe o alo be nu le esi ale gbegbe be mehiã nɛ o. Nuka ŋu nya gblɔm míele? Alɔgbɔnukokoe.
Alɔgbɔnukoko dzena ne lãmekawo mia eye ŋkuawo dzi le dzo dam eye nuyia xa yi dzi vie le dzogoeawo dzi hele fiafiam be ame ƒe dzi dze eme. Ne wodzi vi kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, ekoa alɔgbɔnu, eye esia doa dzidzɔ na edzila yeyeawo godoo. Wogblɔna be vidzĩme alɔgbɔnukoko sia nye alɔgbɔnu si dzɔna le vome. Eŋununyala bibiwo gblɔ be zi geɖe la, alɔgbɔnukoko sia tɔgbe yia edzi le drɔ̃eƒe eye edze abe etsoa seselelãme si le edzi yim le amea me kple alesi ahɔhɔ̃a le dɔ wɔm gbɔ ene. Ne míeva tsi gɔ̃ hã la, alɔgbɔnukoko sia si dzɔna le vome la gate ŋu dzɔna le nuɖuɖu vɔ megbe alo ne míele haƒoƒo aɖe sem.
Gake ne ɖevi xɔ ɣleti ade lɔƒo ko la, ekoa nu ne ekpɔ ame ƒe ŋkume alo se ame ƒe gbe. Nukomo ‘ɖoɖo na ame’—eɖanye le vome, alo esi woɖo wɔ o—nana dzi dzɔa vidzĩwo kple ame tsitsiwo siaa. Wogblɔ be alɔgbɔnukoko sia tɔgbe wɔa dɔ nyui ɖe míaƒe lãmesẽnyawo gɔ̃ hã dzi. Mirtha Manno kple Rubén Delauro, siwo nye nuƒoƒo ŋuti dɔdamɔnufiala, siwo ɖo Nukoko kple Lãmesẽ suku la, gblɔ be alɔgbɔnukoko hoa seselelãme si kpɔa ŋusẽ ɖe ahɔhɔ̃a ƒe akpa si nye pituitary gland dzi. Ahɔhɔ̃ ƒe akpa sia hã nyɔa endorphin, si nye ahɔhɔ̃ me lãmetsi aɖe si nana míekpɔa dzidzɔ.
Susu vevi bubu aɖe si tae wòle be míako alɔgbɔnui enye be ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe ame bubuwo dzi. Alɔgbɔnukoko si tso dzi me la ɖea míaƒe seselelãmewo fiana numaƒomaƒoe, si te ŋu nyea gbedoname loo, veveseseɖeamenu loo, alo dzidede ƒo na ame. Zi geɖe la, ɖevi si le alɔgbɔnu kom ƒe foto wɔdɔɖeamedzi kpɔkpɔ te ŋu nana míekoa alɔgbɔnu.
Alɔgbɔnukoko vividodoɖeameŋutɔe te ŋu nana míeɖea dzi ɖi eye míete ŋu ɖua dziɖeleameƒo alo kuxi sesẽwo dzi. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Megate nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.” (Lododowo 3:27) Ẽ, míate ŋu awɔ nyui na mía ɖokui kple ame bubuwo siaa ne míeɖe nɔnɔme bɔbɔe sia fia. Manyo be nàdze agbagba aɖe nunana vevitɔ sia—si nye nukoko vividodoɖeameŋutɔe afia ame bubuwo oa?