Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Nyatakaka Vavãwo

Di Nyatakaka Vavãwo

Di Nyatakaka Vavãwo

Nyatakaka vavãwo kpɔkpɔ le nya vovovowo me mele bɔbɔe kura o. Dziɖuɖuwo kple adzɔhawo metoa nyateƒe tututu o. Nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo doa ŋugbe zi geɖe be yewoagblɔ nya siwo me nazãbubu mele o, gake womewɔna ɖe edzi o. Menye ɣesiaɣie ɖɔktawo ɖea nusiwo atikewo gblẽna le ame ŋu me na mí tsitotsito hafi tsɔnɛ naa mí o. Ðe mɔ aɖe li si dzi míato ake ɖe nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu wua?

Ame geɖe do dzidzɔ ɖe Internet ƒe vava ŋu be enye afisi woate ŋu akpɔ nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le le xexeame godoo. Esia anya wɔ ne ènya afisi tutu nàdii le le mɔ̃a dzi ko. The New York Times nyadzɔdzɔtalawo gblɔ be: “Vi siwo Internet te ŋu ɖena enye be efiaa nu ame geɖewo wu nyadzɔdzɔgblɔmɔnu bubu ɖesiaɖe. Nusi gblẽ le eŋu enye be eɖea ame ƒe tamebubu ŋutete dzi kpɔtɔna elabena eɖea nunya ɖe go kabakaba wu nyadzɔdzɔgblɔmɔnu ɖesiaɖe.”

Nyadzɔdzɔtalawo ƒe nyaa yi edzi be: “Esi Internet ƒe ‘mɔ̃ɖaŋu’ mɔwo wɔa nuku na amewo ta la, amesiwo menya o xɔa edzi nyatakakawo sena wu ɖesiaɖe. Womenya be Internet ƒe gbegblẽƒewo le ko abe do si me nu ƒoɖiwo tona ene o: si nye afisi nyatakaka siwo me womeku o alo esiwo me wometia o la nɔna o.” Nublanuitɔe la, abe alesi nuŋlɔla aɖe ƒe numeɖeɖe fia ene la, ɖoɖowɔɖi aɖeke mele kɔmpiuta me si ɖea gbeɖuɖɔ siawo ɖa o.

Amesiame ate ŋu ade nusianu Internet dzi, magazine me loo alo agbalẽ me. Eyata ele be míadze aɖaŋu eye míamlã mía ɖokui ale be míagaxɔ nusianu si míexlẽna la dzi ase dzro ko o. Mía dometɔ siwo le nyatakaka vavãwo dim la, nakpɔ egbɔ be kakaɖedzi le míaƒe nyatakakatsoƒewo ŋu. Esia ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe. Gake ne míenya doe kpɔ hexɔ nyatakaka vavãwo ko la, miate ŋu ada asɔ le míaƒe nukpɔsusuwo gome, míawɔ nyametsotso nyuiwo, eye dzi anɔ mía ƒo ne míele nyametsotso veviwo wɔm.