Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ele Vevie Be Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie!

Ele Vevie Be Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie!

Ele Vevie Be Nàdɔ Alɔ̃ Wòasu Wò Nyuie!

Ðe ame aɖe ake ɖi be alɔ̃dɔdɔ wòasu ame nyuie le zã me menye nu vevi si nana wonɔa lãmesẽ me nyuie oa? Anɔ eme be ame aɖeke make ɖi o. Gake le ame geɖe gome la, wometsɔ alɔ̃dɔdɔ nya vevi o. Shawn Currie si nye tagbɔdɔdala kple agbalẽnyalagã ƒe kpeɖeŋutɔ le Calgary Yunivɛsiti, si le Canada gblɔ be: “Gake àkpɔ emetsonuwo le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.” Ne medɔ alɔ̃ nyuie o la, enɔa bɔbɔe be nànɔ dziku dom kabakaba eye nàlé blanui ɣeaɖewoɣi kura gɔ̃ hã.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Calgary Herald gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo fiaa nu be alɔ̃dɔdɔ nana ahɔhɔ̃a ɖɔna ɖo le mɔ aɖe nu, eye nusɔsrɔ̃ hã yia edzi le alɔ̃ me.” Agbalẽnyalagã Currie gblɔ be: “Èdoa ŋusẽ wò ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete le zã me eye nusiwo nèsrɔ̃ le ŋkeke me la léna ɖe susua me le zã me. Alɔ̃madɔmadɔ le zã me menana wote ŋu srɔ̃a nu o.” Gawu la, egagblɔ be, “ne èdɔ alɔ̃ nyuie la, ete ŋu nana nèɖea dzi ɖi le mɔ aɖe nu.”

Eyata alɔ̃dɔdɔ agbɔsɔsɔ kae nyo? Togbɔ be eŋutinunyala bibi geɖewo gblɔ be gaƒoƒo enyie sɔ le go geɖe me hã la, Currie gblɔ be: “Amesiame kple alɔ̃dɔdɔ si wòhiã.” Susu ma tae wòdoe ɖa be ele be woadze agbagba adɔ alɔ̃ wòasu ame nyuie. Gake aleke woawɔ ate ŋu adɔ alɔ̃ wòasu ame nyuie, vevietɔ le amesiwo alɔ̃madɔmadɔ ɖea fu na gome? Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esia:

▪ Lé tsi gbɔgblɔe hafi nàmlɔ anyi.

▪ De ka me enuenu le kwasiɖaa me; gake megawɔ kamedede sesẽ hafi amlɔ anyi o.

▪ Na wò xɔdɔme me nazi ɖoɖoe, eme natsyɔ ahafa vie.

▪ Dze agbagba be nànɔ fɔfɔm ɖe ɣeyiɣi ɖeka aɖe dzi ŋdi sia ŋdi ale be wò anyimɔmlɔ nato mɔ ɖeka.

Esi alɔ̃dɔdɔ nana wokpɔa lãmesẽviɖe geɖe ta la, dze aɖaŋu eye nàbu alɔ̃dɔdɔ nu vevii le wò nuwɔnawo me.