Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Gblẽ le Dodokpɔ Fifikpɔ Ŋu?

Nukae Gblẽ le Dodokpɔ Fifikpɔ Ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukae Gblẽ le Dodokpɔ Fifikpɔ Ŋu?

“Amesiame nyae be dodokpɔ fifikpɔ menyo o, gake ewɔwɔ le bɔbɔe.”​—Jimmy, si xɔ ƒe 17.

ÐE WÒDZRO wò kpɔ be nàfi ŋku akpɔ wò sukuxɔmehati ƒe dodokpɔgbalẽvi dzi le míaƒe dodokpɔ aɖe wɔɣia? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae wòwɔna na nenema o. Jenna, si le eƒe ƒe mamlɛa me le sekɛndri suku de dzesi ŋumakpemakpe ƒe nɔnɔme si le eƒe sukuxɔmehati geɖewo si hegblɔ be: “Woƒoa adegbe le alesi wote ŋu wɔnɛ ŋu. Woabu wò be meli nyuie o ne mefiaa dodokpɔ kpɔna o!”

Le numekuku aɖe si wowɔ le United States me la, ƒewuivi 80 le alafa me siwo xɔ dzesi kɔkɔtɔ lɔ̃ ɖe edzi be yewofiaa dodokpɔ ŋlɔna eye womelé “dzesi deŋgɔ xɔla” siawo dometɔ 95 le alafa me kpɔ o. Esi nusrɔ̃ƒe si nye Josephson Institute of Ethincs wɔ numekuku le titinasuku kple sukukɔkɔ dela siwo wu 20,000 ŋu vɔ la, eƒo nya ta be: “Ðeko nuwo le gbegblẽm ɖe edzi esi anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ megali o ta.” Alesi dodokpɔ fifi aŋlɔ va bɔe le nuku wɔm na nufialawo ŋutɔ! Gary J. Niels, si nye sukutatɔ ya gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Amesiwo mefiaa dodokpɔ ŋlɔna o la mesɔ gbɔ kura o.”

Dzila akpa gãtɔwo kpɔa mɔ na wo viwo be woawɔ nu le bubu me le woƒe sukudɔwo wɔwɔ me. Gake nublanuitɔe la, sɔhɛ geɖewo meɖiaa anukware o eye wofia dodokpɔ ŋlɔna. Ayemɔ yeye kawo zãm wole? Nukatae sɔhɛ aɖewo lɔ̃a dodokpɔ fifi? Nukatae wòle be nàtsri nuwɔna sia?

Mɔ̃ɖaŋu Deŋgɔ Siwo Wozãna le Dodokpɔ Fifi Me

Ayemɔ vɔ̃ɖi geɖewo li amesiwo fia dodokpɔ ŋlɔna egbea zãna. Le nyateƒe me la, dɔdasi si wokpɔa ame bubu tɔ dzi wɔna alo kpɔa nyaŋuɖogbalẽvi dzi wɔna mele ɖeke me ne wotsɔe sɔ kple mɔ̃ɖaŋu deŋgɔ ƒe ayemɔ siwo li egbea o. Esiawo ƒe ɖee nye nyatakakaxɔmɔ̃ siwo wotsɔ xɔa nyaŋuɖoɖowo tso amesiwo le adzɔge gbɔ; akɔntabumɔ̃ siwo dzi woléa nyatakaka “bubuwo” ɖo; fotoɖemɔ̃ sue siwo woɣlana ɖe awuwo me, siwo wozãna tsɔ ɖoa biabiawo ɖe kpekpeɖeŋunala si le adzɔge; mɔ̃ siwo ɖoa gbedasiwo ɖe sukuxɔmehati bubu si te ɖe ame ŋu; kple Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo me dodokpɔ siwo wowɔ va yi ŋuti nya ɖesiaɖe nɔna!

Agbalẽsrɔ̃nya dzikpɔlawo le agbagba dzem be yewoaɖe dodokpɔ fifi si le dzidzim ɖe edzi nukutɔe la dzi akpɔtɔ, gake menye dɔ feŋuie wònye kura o. Ne èbu eŋu kpɔ la, menye sukuvi—alo nufiala—ɖesiaɖee lɔ̃ ɖe nusi wobuna be enye fififi la dzi o. Le kpɔɖeŋu me, ne sukuviwo ƒe ƒuƒoƒo vovovowo le numekuku aɖe wɔm la, vovototo mete ŋu dzena le amesiwo wɔ ɖeka wɔe le anukwareɖiɖi me kple amesiwo wɔ ɖeka wɔe le mɔ fitifiti dzi dome tututu o. Gakpe ɖe eŋu la ame aɖewo wɔa dɔwɔwɔ le hame ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ eye wogblẽa dɔ bliboa katã ɖe ame kpɔtɔeawo dzi. Yuji, amesi le kɔledzi dem le woƒe nutoa me gblɔ nukutɔe be: “Sukuvi aɖewo wɔa kuvia ŋutɔ—womewɔa dɔ aɖeke o! Mlɔeba la woawo hã xɔa dzesi ma ke abe ame bubuwo ene. Mebui be ema hã nye amebaba!”

Nukatae Wobaa Ame?

Le numekuku aɖe me la, wokpɔe be nu masrɔ̃masrɔ̃ koŋue nana sukuviwo fia dodokpɔ ŋlɔna. Hoʋiʋli si nɔa sukuvi bubuwo dome, alo wo dzilawo ƒe mɔkpɔkpɔ na wo be woaxɔ dzesi kɔkɔtɔ nana wokpɔnɛ be ɖeko yewoafi dodokpɔa aŋlɔ. Sam, si xɔ ƒe 13 gblɔ be: “Dzinyelawo tsia dzi ɖe nye dzesi nyuiwo xɔxɔ ŋu vevie. Wobiam be: ‘Dzesi kae nèxɔ le wò akɔntadodokpɔa me? Dzesi kae nèxɔ le wò Eŋlisigbe me dodokpɔa me?’ Metsri nya mawo!”

Le ame aɖewo gome la, dzesi nyuiwo xɔxɔ ƒe nyaƒoɖeamenue nana wofia dodokpɔ ŋlɔna. Agbalẽ si nye The Private Life of the American Teenager gblɔ be: “Nane gblẽ le nuɖoanyi si me woƒoa nya ɖe ame nu le ale gbegbe be zi geɖe la, dzitsitsi ɖe dzesi nyuiwo kpɔkpɔ ŋu va xɔna ɖe dzidzeme si wokpɔna le nusɔsrɔ̃ me teƒe si nana womeɖia anukware ɣeaɖewoɣi o.” Sukuvi geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be aleae wòle. Ne èbu eŋu kpɔ la, ame aɖeke medina be yeage le sukuxɔ me dodokpɔ aɖe me o, ʋuu keke wòahayi sukudeɣi katã ƒe dodokpɔ blibo la nye ge o. Jimmy, amesi le sukukɔkɔ dem la gblɔ be: “Ame aɖewo vɔ̃na ŋutɔ be yewogbɔna gege ge le dodokpɔa me. Ne wonya ŋuɖoɖoawo gɔ̃ hã la, wodina be yewoafi dodokpɔ aŋlɔ be kakaɖedzi nanɔ yewo si.”

Ame gbogbo siwo dina be yewoaŋe aɖaba aƒu anukwareɖiɖi dzi la ate ŋu ana fififi nadze nusi ŋu naneke megblẽ le o. Eye ɣeaɖewoɣi la adze viɖenu gɔ̃ hã. Greg, si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Mekpɔ sɔhɛ aɖe si nɔ dodokpɔ fim le míaƒe sukuxɔa me etsɔ. Esi wotrɔ dodokpɔa na mí la, exɔ dzesi kɔkɔtɔ wum.” Hatiwo ƒe amebaba hã kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe dzi. Yuji gblɔ be: “Sukuvi aɖewo susuna be ‘ne ame bubuwo le ewɔm ko la, ele be nye hã mawɔe.’” Gake nenemae wòle be wòanɔa?

Numame Gbegblẽ Aɖe

Tsɔ dodokpɔ fifi sɔ kple fififi kpɔ. Ðe nyateƒe si wònye be ame geɖewo fiaa fi na wòzu nu nyuia? Àɖo eŋu be ‘ao ɖe’—vevietɔ ne gae wònye wofi! Ne míefi ame bubu ƒe dodokpɔ ŋlɔ la, afia be míele kafukafu si míedze na o la xɔm—ɖewohĩ anye amesi wɔ dɔ anukwareɖiɖitɔe baba gɔ̃ hã. (Efesotɔwo 4:28) Tommy, si wu sukukɔkɔdede nu nyitsɔ laa gblɔ be: “Ðe menyo koŋ o. Èle gbɔgblɔm be ‘menya nusia,’ le esime menyae o. Eyata èle alakpa dam.” Wogblɔ Biblia ƒe nukpɔsusu ku ɖe nya sia ŋu eme kɔ ƒã le Kolosetɔwo 3:9 be: “Migaka aʋatso na mia nɔewo o.”

Dodokpɔ fifi aŋlɔ ate ŋu ava zu numame aɖe si ŋu asiɖeɖe le asesẽ. Jenna gblɔ be: “Amesiwo fiaa dodokpɔ ŋlɔna va kpɔnɛ be mehiã be yewoasrɔ̃ nu hafi axɔ dzesi nyuiwo o, eyata woɖoa ŋu ɖe dodokpɔ fifi aŋlɔ ŋu. Emegbe ne wova le wo ɖokuisi la, womete ŋu wɔa naneke dzidzedzetɔe o.”

Gɔmeɖose si woŋlɔ ɖe Galatiatɔwo 6:7 dea dzi gbɔ na ame: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” Dodokpɔ fifi aŋlɔ le suku me tsonuwo ate ŋu anye abidede wò dzitsinya ŋu, xɔ̃ siwo magaka ɖe dziwò o, eye wò nusɔsrɔ̃ ƒe ŋutete ayi to elabena megaléa fɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu nyuie o. Abe alesi kansa dɔvɔ̃ gblẽa nui ene la, nɔnɔme gbegblẽ sia ate ŋu ayi dzi agblẽ nu le wò agbenɔnɔ ƒe akpa bubuwo ŋu eye wòate ŋu agblẽ nu le kadodo aɖe si ŋu nèdea asixɔxɔe vevie la ŋu. Ðikekemanɔmee la, agblẽ nu le ƒomedodo si le wò kple Mawu, si mekpɔa dzidzɔ ɖe amebeble ŋu o la, dome la ŋu.—Lododowo 11:1.

Amesiwo ɖoa ŋu ɖe dodokpɔ fifi aŋlɔ ŋu la le wo ɖokui flum. (Lododowo 12:19) Woƒe nuwɔna ɖee fia be wole abe dziɖula gblẽku siwo nɔ blema Yerusalem ene: “Míetsɔ aʋatso wɔ míaƒe sitsoƒee, eye míebe ɖe alakpa gbɔ.” (Yesaya 28:15) Gake le nyateƒe me la, amesi baa ame mate ŋu aɣla eƒe nuwɔnaa ɖe Mawu o.—Hebritɔwo 4:13.

Mègaba Ame O!

Zi geɖe la, sɔhɛwo dzea aye hekua kutri geɖe le amebaba me—si ne ɖe woate ŋu awɔ ŋutete sia ŋudɔ nyuie le agbalẽsɔsrɔ̃ me la ne anyo ŋutɔ. Abe alesi Abby, amesi xɔ ƒe 18 gblɔe ene la: “Ne ɖe wodoa vevie nu le nusɔsrɔ̃ me boŋ abe alesi wokua kutri le dodokpɔ fifi aŋlɔ me ene la, ɖewohĩ woawɔ dɔ nyui wu.”

Ele eme baa be, tetekpɔ be woafi dodokpɔ aŋlɔ nu asẽ. Gake ele be nàƒo asa na gege ɖe mɔ̃tetre ma me! (Lododowo 2:10-15) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Gbã la, ɖo ŋku nusita nèle suku dem la dzi—si nye be nàsrɔ̃ nu. Nyateƒee, adze abe viɖe boo aɖeke manɔ nusiwo ŋudɔ mava wɔ gbeɖe o la sɔsrɔ̃ me o ene. Gake amesi le asa ƒom na ɖoɖo sia to dodokpɔ fifi aŋlɔ dzi la, doa kplamatse nu yeye siwo woate ŋu asrɔ̃ ahawɔ wo ŋudɔ la. Gɔmesese vavãtɔ mesua ame si agbagbamadzemadze o; ebia be woawɔ nane godoo. Biblia la gblɔ be: “Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!” (Lododowo 23:23) Ẽ, ele be nàbu nusɔsrɔ̃ kple dzadzraɖo wɔwɔ nu veviwoe. Jimmy kafui be: “Ele be nàdzra ɖo ɖe dodokpɔa ŋu. Esia ana kakaɖedzi wò be ènya ŋuɖoɖoawo.”

Nyateƒee, menye ɣesiaɣie nànya ŋuɖoɖoawo katã o, eye esia ate ŋu ana nàkpɔ dzesi sue aɖe ko. Ke hã ne èlé wò nukpɔsusu nyuiwo me ɖe asi la, àte ŋu ade dzesi nusi wòle be nàwɔ be nàwɔ ŋgɔyiyi.—Lododowo 21:5.

Yuji, amesi ƒe nya míegblɔ va yi la, nye Yehowa Ðasefo. Egblɔ nusi wòwɔna ne eƒe sukuxɔmehati ƒo nya ɖe enu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoafi dodokpɔ akpɔ, egblɔ be: “Gbã la—mena wonyana be Ðasefoe menye. Ema kpe ɖe ŋunye ŋutɔ elabena wonyae be Yehowa Ðasefowo nye anukwareɖilawo. Ne ame aɖe biam be mana ŋuɖoɖo aɖe ye le dodokpɔwɔɣi la, ɖeko megbena. Emegbe meɖea nusita nyemewɔa nu ma o la me.”

Yuji lɔ̃ ɖe nya si apostolo Paulo gblɔ na Hebritɔwo dzi be: “Míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyui le nusianu me.” (Hebritɔwo 13:18) Anukwareɖiɖi ƒe dzidzenu kɔkɔwo me léle ɖe asi ahatsri amebaba nana asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ nɔa dzesi siwo nèxɔ la ŋu. Àgbɔ va aƒeme kple nunana vevitɔ kekeake si nàte ŋu akpɔ na dziwòlawo tso suku—si nye Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe ɖaseɖiɖi nyui. (Yohanes III, 4) Gawu la, dzitsinya nyui asu asiwò eye dzi adzɔ wò be yedo dzidzɔ na Yehowa Mawu ƒe dzi.—Lododowo 27:11.

Eyata aleke kee amebaba nuwɔna bɔe o, ƒo asa nɛ! Ema wɔwɔ ana ƒomedodo nyui nanɔ wò kple ame bubuwo dome, eye vevietɔ wò kple nyateƒe ƒe Mawu, Yehowa dome.—Psalmo 11:7; 31:6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Zi geɖe la, amebala mekpɔnɛ dzea sii be yele fi fim ŋutɔŋutɔ o

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Zi geɖe la, amebaba kplɔa ame dea anukwaremaɖimaɖi ƒe nuwɔna vloewo me

[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]

Amebala mate ŋu aɣla eƒe nuwɔna ɖe Mawu o

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nusɔsrɔ̃ nyuie do ŋgɔ na dodokpɔ ana kakaɖedzi nanɔ ame si