Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem?

Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem?

Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem?

ÐE NÈNYA be amesitsatsae nye nuvlowɔwɔ etɔ̃lia si do fievo wu le xexeame katã, eye atikevɔ̃ɖisitsatsa kple aʋawɔnu sitsatsawo koe le ŋgɔ nɛa? Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽsɔsrɔ̃, Dzɔdzɔmeŋutinunya, Kple Dekɔnuwo ƒe Nyawo Gbɔkpɔha gblɔ be gbolowɔwɔ ƒomevi ɖesiaɖe le dzidzim ɖe edzi kabakaba.

Le Latin-Amerika dukɔ aɖe me la, Sewɔtakpekpea ƒe Numekuha ka nya ta be nyɔnuvi 500,000 kple edzivɔe nye gbolowo, togbɔ be womeɖe mɔ ɖe gbolowɔwɔ ŋu hafi o.

Le dukɔ bubu aɖe me la, nyɔnuvi wɔgbolo 300,000 ye wokpɔna le ablɔ dzi, vevietɔ le afisiwo atikevɔ̃ɖisitsatsa yia edzi le.

Woka nya ta be le Asia dukɔwo me la, wozãa nyɔnuvi miliɔn ɖeka le gbolowɔwɔ ƒe kluvinyenye aɖe me. Dukɔ aɖewo xɔ ŋkɔ be wonye afisi ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ kple gbɔdɔdɔ tsaɖiƒewo bɔ ɖo.

Esi amewo le nulɔdɔ abe, AIDS ene lɔm kabakaba ta la, asisiwo le klalo be yewoaxe fe gbogbowo ɖe ɖevi siwo wobu ɖetugbi leaƒewo ta be yewoaƒo asa na dɔ lɔlɔ. Luíza Nagib Eluf si le Brazil ƒe Dɔwɔƒe si Kpɔa Senyawo Gbɔ ɖe eme be: “Vɔvɔ̃ na AIDS wɔe be amewo tiaa nyɔnuvi kple ŋutsuvi siwo le sue wu yome si na nɔnɔmea va vɔ̃ɖi ɖe edzi wu.” Egblɔ be: “Nyɔnuviwo kple ƒewuiviwo zazã le gbolowɔwɔ me nye hadome kuxi gãtɔ le Brazil nyɔnu dahewo dome.”

Ahedada Kple Ðeviwo ƒe Gbolowɔwɔ

Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔ yia edzi le afisiwo nɔnɔme wɔnublanuiwo kple ahedada le koŋ. Dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be eme kɔ ƒã be ɖeviwo tafatafa kple ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ si le yeƒe dukɔ me la “tso ƒomea ƒe gbagbã kple nɔnɔme wɔnublanuiwo kple dɔwuame gbɔ.” Dzila aɖewo gblɔna be ahedadae na yewoɖo yewo viwo ɖe gbolowɔƒe. Ðevi tsigbɔdomewo ƒoa wo ɖokui ɖe gbolowɔwɔ me elabena wobui be eya ko nue yewoate ŋu anɔ agbe ɖo.

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo gblɔ be nyɔnuvi va zua gbolo ne eva le ha dem kple ɖevi tsigbɔdomewo ƒe ƒuƒofo aɖe. Afi fi be wòate ŋu akpɔ nane aɖu eye wòawɔ gbolo ɣeaɖewoɣi. Emegbe eva zua gbolowɔla ŋutɔŋutɔ.

Ɣeaɖewoɣi la woɖoa ƒewuiviwo ɖe gbolowɔƒe le dukɔ bubuwo me. UNESCO Sources gblɔ be, “Ga si gbolo siwo le duta ɖona ɖe woƒe ƒometɔwo zi geɖe la sɔa gbɔ kura ne wotsɔ wo sɔ kple ahedada ƒe nɔnɔme si le Asia kple Afrika dukɔwo me. “Wodea gbolowɔwɔ ƒe dzi ƒo le dukɔ siawo hã me eye wonana modzakaɖetsaɖilawo tsoa kesinɔdukɔwo me koŋ be woava wɔ ɖetugbiwo kple ɖeviwo ‘ŋudɔ.’”

Esi Time magazine nɔ nu ƒom tso afɔku siwo dzea ŋgɔ ɖevi wɔgbolo tsigbɔdome siwo le Latin-Amerika duwo me ŋu la, eka nya ta be: “Ƒe 12 koe gbolo siawo dometɔ aɖewo xɔ. Zi geɖe la, wotsoa ƒome siwo gbã me, womlɔa afisiafi si wokpɔ le ŋkeke me, heɖia tsa dea zãɣeɖuƒewo afisi woado go ƒudzidelawo le le zã me.”

Ne ɖevi si nye gbolo no atikevɔ̃ɖi mu la, wote ŋu doa vloe le mɔ siwo nu malɔ̃ ɖo akpɔ gbeɖe ne ele ŋute o. Le kpɔɖeŋu me Veja magazine gblɔ be, kpovitɔwo ke ɖe videokasɛt 92 siwo dzi ɖɔkta aɖe lé ŋlɔmiwɔwɔ nuwɔna vovovo si wowɔ ɖe nyɔnu 50 siwo dometɔ aɖewo metsi kura o ŋu la ŋuti.

Togbɔ be wotoa nɔnɔme dziŋɔ sia me hã la, gbolo aɖe si nye ɖetugbi gblɔ be: “Ne meva di dɔ aɖe le wɔwɔm la, nyemate ŋu akpɔ ga wòade ɖuɖu nam o, elabena asinudɔ aɖeke mele asinye o. Nye ƒomea nya nusi wɔm mele, eye nyemedi be madzudzɔ agbe sia nɔnɔ o. Nye ŋutɔ nye ŋutilãe, eye nusi dze ŋunyee mawɔ kplii.”

Ke hã nyɔnuvi siawo meɖoe kpɔ gbeɖe be yewoava zu gbolowo o. Hadomekpekpeɖeŋu dɔwɔla aɖe gblɔ be, ɖetugbi siwo nye gbolowo dometɔ geɖe “di be yewoaɖe srɔ̃” eye wokpɔa mɔ na “lɔlɔ̃tɔ si asɔ na wo.” Togbɔ be nɔnɔme sesẽ vovovowoe nana wowɔa gbolo hã la, numekula aɖe gblɔ be: “Nublanuinya gãtɔ enye be wo dometɔ akpa gãtɔ nye amesiwo gbɔ wodɔ sesẽ le woawo ŋutɔ ƒe aƒewo me.”

Ðeviwo ƒe Gbolowɔwɔ Nu Ava Yia?

Ke hã mɔkpɔkpɔ li na ɖevi siawo siwo dzi nu mede o. Gbolo siwo xɔ ƒe vovovowo trɔ woƒe agbenɔnɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “Amewo Ate Ŋu Atrɔ,” le axa 7.) Mawu ƒe Nya Biblia kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu le xexeame godoo be wova zu aƒelika nyuiwo kple ame ɖɔʋuwo le ƒomea me. Míexlẽ nu ku ɖe amesiwo nye matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, fiafitɔwo, ŋubiãlawo, kple ahamulawo tsã ŋu be: “Nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.”—Korintotɔwo I, 6:9-11.

Abe alesi wòdzɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me va yi ene la, ame geɖewo le tɔtrɔ nyuiwo wɔm le woƒe agbenɔnɔ me egbea. Nu geɖe gahiã be woawɔ aɖe gbɔdɔdɔ ƒe ŋutasẽnuwɔnawo dzi akpɔtɔ. Dziɖuɖu aɖewo kple habɔbɔ bubu aɖewo le aʋa wɔm tsɔ le tsitre tsim ɖe gbɔdɔdɔ ƒe tsaɖiƒe nuwɔnawo kple ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ ŋu. Gake le nyateƒe me la, amewo mate ŋu awɔ nu boo aɖeke atsɔ aɖe nɔnɔme wɔnublanui kple ahedada ɖa o. Sewɔlawo mate ŋu axe mɔ ɖe tamesusu kple nɔnɔme siwo hea agbegbegblẽnɔnɔ vɛ nu o.

Gake be woanɔ amegbetɔwo si nu kpɔm teƒe la, nu bubu aɖe li si akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ—eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Nyati si kplɔe ɖo aɖe eme.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 6]

Zi geɖe la ɖeviwo ƒe gbolowɔwɔ tsoa ahedada gbɔ

[Aɖaka si le axa 6]

Nu Gã si Wògblẽna

Ƒe ade pɛ koe Daisy xɔ, esime nɔviaŋutsuwo dometɔ ɖeka dɔ egbɔ sesẽe. Esia na wòva nɔ efoa tsitsitɔ gbɔ vaseɖe esime wòdze dɔwɔwɔ le zãmodzakaɖeƒe aɖe esime woxɔ ƒe 14. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la Daisy dze dɔ. Esi wohaya la, eƒe dɔtɔwo zɔ tui be enyi fe aɖe le yewo ŋu, wòzu dzizizi nɛ be wòawɔ gbolo atsɔ axee. Le ƒe ɖeka megbe lɔƒo la, fe ganɔ eŋu kokoko, eye edze ko abe mate ŋu axe fea wòavɔ akpɔ o ene. Gake ƒudzidela aɖe xe eƒe fea mamlɛawo nɛ, hekplɔe yi du bubu me eye wòwɔe abe kluvi ene le afima. Eʋu le egbɔ, eye emegbe wòva nɔ anyi kple ŋutsu bubu aɖe ƒe etɔ̃, eye emegbe woɖe wo nɔewo. Srɔ̃ɖeɖe me kuxi gbogbo siwo me wòto na wòte kpɔ be yeawu ye ɖokui.

Mlɔeba la, woa kple srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Gake Daisy bui be yemedze anye Yehowa Ðasefo o. Esi woɖo kpe edzi nɛ le Biblia me be Yehowa Mawu xɔa amesiwo katã wɔa ɖɔɖɔɖo siwo hiã la, etsɔ eɖokui ɖe adzɔgbee na Yehowa. Daisy dze agbagba le eɖokui me be yeawɔ nusi dze, gake eƒe dzi medzea eme o eye wòléa blanui ɣeaɖewoɣi. Gake dzidzɔtɔe la, eva lɔ̃ be yeaxɔ kpekpeɖeŋu si ana wòaɖu dzigbãnya siwo gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ si wonɔ ɖe eŋu kple nusi eƒe gbolowɔwɔ le ɖevime he va edzi dzi ale be wòate ŋu akpɔ kelili ahalé eme ɖe asi sesĩe.

[Aɖaka si le axa 7]

Amewo Ate Ŋu Atrɔ

Esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, ese veve ɖe fukpelawo kple nuvɔ̃wɔlawo ti. Enya be ƒe ka kee gbolo aɖe ɖaxɔ o ate ŋu atrɔ eƒe agbenɔnɔ. Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔlawo gɔ̃ hã be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre Mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.” (Mateo 21:31) Togbɔ be wodoa vlo amesiawo le woƒe agbenɔnɔ ta hã la, wotsɔa dzianukwaretɔ siawo ƒe nuvɔ̃wo kea wo to Mawu ƒe Vi la dzixɔxɔse me. Nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo le klalo be yewoaɖe asi le gbolowɔwɔ ŋu be woakpɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo. Ema megbe wonɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo. Egbea hã la, ame ƒomevi vovovowo xɔa nyateƒe si tso Mawu ƒe Nya la me hetrɔa woƒe agbenɔnɔ.

De ŋugble le nusi dzɔ ɖe Maria, Carina, kple Estela siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati gbãtɔa me ŋu kpɔ. Le dadaa ƒe nyaƒoɖeamenu be wòayi gbolowɔwɔ dzi megbe la, egale na Maria be wòaʋli sesĩe adzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã. Eɖe nu me be: “Mezãa atikevɔ̃ɖiwo be maŋlɔ gbolowɔwɔ ƒe agbe vloe si nɔm mele ƒe vevesese be.” Maria gblɔ alesi Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hamea xɔe: “Lɔlɔ̃ si hamea me tɔwo ɖe fiam la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Amesiame—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—dea bubu ŋunye. Mekpɔe be srɔ̃ŋutsuwo wɔa nuteƒe na wo srɔ̃wo. Edzɔ dzi nam be woxɔm abe wo xɔlɔ̃ ene.”

Esime Carina xɔ ƒe 17 la, Yehowa Ðasefowo va srãe kpɔ. Eva dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, togbɔ be ekpɔtɔ nɔ eƒe gbolowɔwɔa dzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe hã. Vivivi la, eva nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe Biblia me nyateƒeawo ŋu. Eyata eva tso nya me be yeaʋu ayi du aɖe si gbɔ didi me, eye wòzu Yehowa Ðasefo le afima.

Estela amesi nye gbolo, agbe bliba nɔla, kple aha geɖe nola tsã la va zu amesi tsɔ ɖe le Biblia me. Gake eƒo nya ta be Mawu matsɔe ake ye akpɔ gbeɖe o. Ke hã le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva se egɔme be Yehowa Mawu tsɔa dzimetrɔlawo ƒe vodada kea wo. Fifia si Estela va zu Kristo-hamea me tɔ, kple srɔ̃tɔ, si le vi etɔ̃ nyim la, egblɔ be: “Dzi le dzɔyem ŋutɔ eye meda akpe na Yehowa be eɖem tso ba me hexɔm ɖe eƒe habɔbɔ kɔkɔe la me.”

Nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖo kpe Biblia me nya siawo dzi be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:4.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Zi geɖe la ɖevi wɔgbolowo ƒoa wo ɖokui ɖe atikevɔ̃ɖizazã me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 5]

© Jan Banning/Panos Pictures, 1997