Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔse Ƒe Dodokpɔ le Nazi Europa

Xɔse Ƒe Dodokpɔ le Nazi Europa

Xɔse Ƒe Dodokpɔ le Nazi Europa

ABE ALESI ANTON LETONJA GBLƆE ENE

Le March 12, 1938, dzi la, Hitler ƒe asrafowo tso dea ge ɖe Austria. Wonɔ azɔlizɔhawo dzim eye wonɔ dunyahehawo ƒe boblodonyawo gblɔm le radio dzi. Dulɔlɔ̃ va xɔ aƒe ɖe amewo me le mía de Austria ale gbegbe.

DZI ɖo amewo ƒo ŋutɔ esi Hitler xɔ Austria vɔ megbe. Ame geɖe nɔ mɔ kpɔm be eƒe “Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua” aɖe ahedada kple dɔmakpɔwɔe ɖa. Dulɔlɔ̃ si xɔ aƒe ɖe dukɔa me la kpɔ ŋusẽ ɖe Katoliko nunɔlawo gɔ̃ hã dzi be wowɔa gbedodo na Hitler ƒe dzesi.

Togbɔ be ƒe 19 koe mexɔ hã la, nyemena Hitler ƒe ŋugbedodowo flum o. Nyemexɔe se be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke ate ŋu akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ o.

Biblia me Nyateƒeawo Sɔsrɔ̃

Wodzim le April 19, 1919, dzi le Donawitz, Austria, menye vi etɔ̃lia kple dɔmlɔea le míaƒe ƒomea me. Papa nye tomekakula veviedola aɖe. Le ƒe 1923 me la, ekplɔ míaƒe ƒomea yi France, afisi wòkpɔ dɔ le Liévin, si nye du si me wokua tomenu le. Le esi Papa ku ɖe dunyahenyawo ŋu ta la, mekana ɖe subɔsubɔhawo ƒe nya dzi kura o, gake Dada ya nye Katolikotɔ veviedola aɖe. Ehe mí viawo be míaxɔ Mawu dzi ase, eye wòdoa gbe ɖa kpli mí zã ɖesiaɖe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Papa ƒe makamaka ɖe subɔsubɔhawo dzi nu va sẽ ale gbegbe be wòde se na Dada be megade sɔleme o.

Le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, míedo go Vinzenz Platajs, si míeyɔna be Vinko, si nye ɖekakpui aɖe si dzilawo tso Yugoslavia. Enɔ ha dem kple Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Ema megbe kpuie la, Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ ɖeka te míaƒe ƒomea sasrã kpɔ. Esi Papa de se na Dada be megade sɔleme o ta la, Dada bia Vinko nenye be woate ŋu asubɔ Mawu le aƒeme. Vinko yɔ nya tso Dɔwɔwɔwo 17:24, si gblɔ be Mawu “menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o,” eye wòɖe eme be aƒemee nye teƒe si sɔ woasubɔ Mawu le. Dada kpɔ dzidzɔ eye wòte kpekpewo dede le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe aƒeme.

Papa gbe nɛ be wòadzudzɔ movinu ma wɔwɔ, si nye alesi eya bui. Be wòaxe mɔ na mí be míagade ha kple Biblia Nusrɔ̃viawo o la, ede se be mí katã míade Kplɔ̃ Ŋu le Kwasiɖagbewo! Esi Dada gbe gbidii be yemayi o ta la, Papa va ɖoe kplikpaa be mazu misasubɔvi. Togbɔ be mewɔna ɖe Papa ƒe didiwo dzi le go sia me hã la, Dada yi edzi ƒã Biblia ƒe gɔmeɖosewo ɖe dzi kple susu me nam eye wòkplɔam dea Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewoe.

Le ƒe 1928 me la, Vinko kple nɔvinyenyɔnu Josephine—alo Pepi si nye alesi míeyɔna nɛ—xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii. Emegbe woɖe wo nɔewo. Esi ƒe trɔ la, wodzi wo vinyɔnu Fini le Liévin. Ƒe etɔ̃ megbe wokpe wo be woava wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le Yugoslavia, afisi woɖo asi Ðasefoawo ƒe dɔa dzi le. Togbɔ be woto xaxa geɖewo me hã la, woƒe dzidzɔ kple dzonɔameme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu nu metsi o. Woƒe kpɔɖeŋu nyui la ƒã didi ɖe menye be mava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla.

Tsitsi le Gbɔgbɔ Me

Nublanuitɔe la, mía dzilawo dome masɔmasɔa na wogbe wo nɔewo le ƒe 1932 me. Mía kple Dada míetrɔ yi Austria, eye fonye, Wilhelm (Willi) tsi France. Le ema megbe la, ɣeaɖewoɣi koe megadoa go Papa. Etsi tre ɖe mía ŋu vaseɖe eƒe kugbe.

Mía kple Dada míenɔ Gamlitz, si nye kɔƒedu aɖe le Austria. Edzroa Biblia-srɔ̃gbalẽwo me kplim enuenu elabena hame aɖeke metsɔ kpui ɖe mía gbɔ o. Dzidzɔtɔe la, Eduard Wohinz doa gasɔ tso Graz vaa mía ƒeme zi eve le ɣletia me be wòade dzi ƒo na mí le gbɔgbɔ me, si ƒe yiyi ɖeɖe nye kilometa 100 ƒe mɔzɔzɔ!

Le Hitler ƒe ŋutasẽdziɖuɖua ƒe gɔmedzedze le ƒe 1938 me la, Wolé Nɔviŋutsu Wohinz. Míelé blanui ŋutɔ esi míese be wotsɔ aɖiya wui le Linz, si nye afisi wowua amesiwo ŋu wobe wɔna aɖeke megale o la. Eƒe xɔse sesẽ la do ŋusẽ mí be míayi Yehowa subɔsubɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe.

Ƒe 1938​—Ƒe Dziŋɔ Aɖe

Woxe mɔ ɖe Ðasefowo ƒe dɔa nu le Austria le ƒe 1935 me. Esi Hitler ƒe asrafohawo va Austria le ƒe 1938 me la, afɔku va nɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu ŋutɔ. Aƒelikawo nya be Yehowa Ðasefowoe mía kple Dada míenye, eyata míekpɔ egbɔ be amewo ƒe ŋku naganɔ mía ŋu o. Meva nɔ avawo me gɔ̃ hã mlɔm kple susu be Nazitɔwo nagalém bɔbɔe o.

Le ƒe 1938 ƒe gɔmedzedze la, mewu nye gɔmedzesuku nu hedze dɔ gɔme le abolomeƒe aɖe. Esi megbe “Heil Hitler” gbɔgblɔ alo gbe be nyemanye Hitler Sɔhɛwo ƒe ha me tɔ o ta la, wonyam le dɔa me. Gake meva ɖoe kplikpaa wu tsã be matsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ aɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi.

Mía kple Dada míexɔ nyɔnyrɔ le April 8, 1938, dzi. Mía kple ame adre bubu míeƒo ƒu ɖe xɔ sue aɖe si sa ɖe aga me le aveme le zã aɖe me. Le nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa megbe la, míetoa mɔ xaxɛ aɖe ɖekaɖeka yina ɖe woƒe nunyaƒe le miniti ewo ɖesiaɖe megbe. Afimae wonyrɔ mí ɖe ʋe aɖe si me wode simintii wònye lãwo ƒe tsinoƒe la me.

Le April 10, 1938, dzi la, woda akɔ aɖe si nye alakpanuwɔwɔ be woatsɔ akpɔe ɖa be amewo alɔ̃ woatsɔ Austria akpe ɖe Germany ŋu hã. Woklã agbalẽvi siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Mida akɔ na Hitler!” ɖe dukɔa me godoo. Womebia tso mía kple Dada si be míada akɔ o le esi míenye dukɔ aɖeke me tɔwo o le míaƒe France nɔnɔ ɣeyiɣi didi aɖe ta—esia va nye nusi kpɔ tanye emegbe. Franz Ganster, si tso Klagenfurt le anyiehe Austria tsɔa Gbetakpɔxɔ vɛ na mí edziedzi. Eyata míete ŋu xɔ gbɔgbɔ me ŋusẽdoame tso Mawu ƒe Nya la me hafi Xexemeʋa II dze egɔme.

Fonye, Willi

Willi, si nye xoxo nam ƒe ene la, meŋlɔ agbalẽ alo ƒo ka na mía kple Dada kpɔ tso esime míedzo le France wu ƒe asiekee nye ma o. Togbɔ be Dada fia Bibliae tso eƒe ɖevime hã la, woflui wòbu be Hitler ƒe dunyaheɖoɖowoe ahe etsɔme nyui aɖe vɛ. Le May 1940 me la, Franseawo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe de Willi game ƒe eve ɖe eƒe Nazitɔwo dzidedenuwɔna siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o ta. Gake eteƒe medidi o, wova ɖe asi le eŋu esime Germany srafowo dze France dzi. Ɣeyiɣi sia mee wòɖo agbalẽ ɖe mí tso Paris. Dzi dzɔ mí be míese be ele agbe gake míeɖi vo le amesi wòva zu la ta!

Le aʋaŋɔlia la, Willi te ŋu srãa mí kpɔ edziedzi le kadodo kplikplikpli si nɔ wo kple SS (Schutzstaffel, Hitler ƒe dzɔla veviwo) dome ta. Hitler ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le asrafonyawo me wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Agbagba ɖesiaɖe kloe si madze be mahe eƒe susu ayi Biblia ƒe mɔkpɔkpɔ dzi la, ɖeko wòva ƒoa nya ta be: “Bometsinya! Kpɔ Hitler ƒe aʋadziɖuɖu alɔtsɔtsɔe ɖa. Eteƒe madidi o Germanytɔwo ava zu xexeame dzi ɖulawo!”

Le Willi ƒe mɔkeke aɖe si wòva mía gbɔ le February 1942 me la, metsɔ agbalẽ si nye Enemies (Futɔwo) si Yehowa Ðasefowo ta la nɛ. Ewɔ nuku nam be esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, metso kpɔ kaka vaseɖe esime wòxlẽ agbalẽ bliboa wu enu o. Eva nɔ ekpɔm dze sii be Hitler ƒe dziɖuɖua ava do kpo nu godoo. Enɔ nuɖoanyi sẽŋuta aɖe dzi dem eye wòɖoe kplikpaa be yeaɖɔ yeƒe vodadawo ɖo enumake.

Willi Nɔ Biblia me Nyateƒea ƒe Akpa Dzi

Esi Willi va srã mí kpɔ le ɣleti si kplɔe ɖo me la, míekpɔe be eƒe nɔnɔme trɔ kura. Egblɔ be: “Anton, metra mɔ kura!”

Megblɔ nɛ be: “Willi, ewɔ abe ètsi megbe vie hafi kpɔe dze sii ene.”

Eɖo eŋu be: “Ao, nyemetsi megbe o! Biblia gblɔ be ‘nàwɔ nusi wòle be nàwɔ zi alesi nègakpɔtɔ le agbe,’ eye meda akpe na Mawu be megale agbe vaseɖe fifia!”—Nyagblɔla 9:10.

Mebiae be: “Ke nuka tututue nèdi be yeawɔ?”

Eɖo eŋu be: “Nyemegadi be mayi asrafodɔa wɔwɔ dzi o. Matso kadodo me kple Nazitɔwo ne makpɔ nusi adzɔ ɖa.”

Enumake edze mɔ yi Zagreb, Yugoslavia, be yeagava kpɔ mía nɔvi Pepi ɖa. Le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe siwo nu woxe mɔ ɖo le afima dede le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wòna nyɔnyrɔe le adzame. Vibubua trɔ gbɔ mlɔeba!—Luka 15:11-24.

Be wòate ŋu asi le Nazitɔwo nu le France la, Willi dze agbagba be yeatso dea ayi Switzerland. Gake Germany srafopoliswo lée. Wodrɔ̃ ʋɔnui le asrafowo ƒe ʋɔnu le Berlin, eye le July 27, 1942, dzi la, wotso kufia nɛ ɖe eƒe asiɖeɖe le asrafodɔa ŋu ta. Woɖe mɔ nam be mava srãe kpɔ le Berlin-Tegel Asrafo Gaxɔ me. Wokplɔm yi xɔvi aɖe me, eye eteƒe medidi o Willi va do, wode kɔsɔkɔsɔe tsi ɖe gaxɔdzikpɔla aɖe ŋu. Ekpɔkpɔ le nɔnɔme ma me na aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam. Womeɖe mɔ na mí be míakpla asi kɔ na mía nɔewo o, eye miniti 20 koe wona be míatsɔ ado hedenyuie na mía nɔewo.

Willi kpɔ nye aɖatsiawo eye wòbiam be: “Anton, nukatae nèle avi fam? Ele be dzi nadzɔ wò! Meda akpe na Yehowa geɖe be wòkpe ɖe ŋunye be megakpɔ nyateƒea ake! Nenye ɖe meku na Hitler la, anye ne mɔkpɔkpɔ aɖeke manɔ asinye o. Gake kuku na Yehowa fia be magafɔ ake godoo eye míagado go ake!”

Le Willi ƒe kaklãlɛta si wòɖo ɖe mí me la, eŋlɔ be: “Mía Mawu lɔlɔ̃tɔ, si mesubɔna la, naa nusianu si hiãm lam eye meka ɖe edzi be além ɖe te vaseɖe nuwuwu, be mate ŋu ado dzi eye makpɔ dziɖuɖu. Megale egblɔm be kakaɖedzi nenɔ mia si be mevem be mele tsitre sesĩe le Aƒetɔ la me o!”

Wowu Willi le Brandenburg Gaxɔ me, esi tsɔ ɖe Berlin gbɔ eƒe ŋufɔke si nye September 2, 1942. Ƒe 27 ye wòxɔ. Kpɔɖeŋu si wòɖo la ɖo kpe nya siwo le Filipitɔwo 4:13 me nyawo ƒe nyateƒenya dzi, be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”

Vinko ƒe Nuteƒewɔwɔ Vaseɖe Ku Me

Germany srafowo ɖe zɔ ge ɖe Yugoslavia le ƒe 1941 me, si ƒoe ɖe Pepi kple srɔ̃a, Vinko, kpakple wo vinyɔnu Fini si xɔ ƒe 12 nu be woagbɔ va aƒe le Austria. Le ɣemaɣi la, wode Ðasefo siwo le Austria akpa gãtɔ gaxɔ alo fuwɔamegaxɔwo me. Esi womenye dukɔ aɖeke me tɔ o—alo ne míagblɔe bubui la, esi womenye Germanytɔwo o ta la, wode dɔ sesẽ asi na wo be woawɔ le agble aɖe me le anyiehe Austria, le teƒe si tsɔ ɖe mía de gbɔ.

Emegbe le August 26, 1943, dzi la, adzamekpovitɔwo (Gestapo) lé Vinko. Esi Fini di be yeado hedenyuie na fofoa la, kpovitɔwo ƒe amegã ƒoe sesĩe ale gbegbe be wòva dze adzɔge ɖaa le xɔa me. Adzamekpovitɔwo tea Vinko ƒe nu me sena enuenu heƒonɛ vevie eye wova kplɔe yi Stadelheim Gaxɔ me le Munich.

Le October 6, 1943, dzi la, kpovitɔwo va lém le nye dɔwɔƒe, eye wokplɔ nye hã yi Stadelheim Gaxɔa me, afisi Vinko nɔ. Esi mete ŋu doa Fransegbe nyuie ta la, wozãm menye gbegɔmeɖela na Francetɔ siwo wolé le aʋawɔɣia de game. Ne mele tsa ɖim le gaxɔa ƒe xɔxɔnu la, mɔnukpɔkpɔ sua asinye mía kple Vinko míegblɔa nya siwo míese na mía nɔewo.

Mlɔeba la, wova tso kufia na Vinko. Wobu fɔe be enaa Biblia-srɔ̃gbalẽ Ðasefowo eye wònaa gakpekpeɖeŋu Ðasefo nyɔnu siwo srɔ̃wo wode fuwɔamegaxɔ me. Wokplɔe yi ɖe gaxɔ si me wowu Willi le le Berlin la ke me. Afimae wotso ta le enu le le October 9, 1944, dzi.

Zi mamlɛa si Vinko ƒe ƒomea kpɔe la gbã dzi na wo ŋutɔ. Wokpɔe le kɔsɔkɔsɔ me woƒoe kutɔkutɔe, eye eƒe kɔsɔkɔsɔawo na wòsesẽ nɛ be wòakpla asi kɔ na wo. Ƒe 14 ye Fini xɔ esi wòkpɔ fofoa zi mamlɛa. Egaɖoa ŋku fofoa ƒe nya mamlɛawo dzi, si nye: “Fini, lé be na dawò sea!”

Le fofoa ƒe ku megbe la, woxɔ Fini le dadaa si sesẽe tsɔ na Nazitɔwo ƒe ƒome aɖe siwo di be ‘yewoatrɔe.’ Woƒonɛ vevie enuenu. Esi Russia srafowo ge ɖe Austria la, woda tu Germanytɔwo ƒe ƒome si wɔ fui alea gbegbe la. Wobu ƒomea be wonye Nazitɔ sẽŋutawo.

Esi aʋa la ke la, nɔvinyenyɔnua yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ dzi. Ewɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Switzerland alɔdzedɔwɔƒe vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1998 me kple Hans Förster, si nye ŋutsu evelia si wòva ɖe. Fini to dzilawo ƒe afɔtoƒe eye wòle Mawu vavã Yehowa subɔm le Switzerland fifia.

Ablɔɖe Mlɔeba!

Míaƒe gaxɔ si le Munich nye xɔ siwo me woda bɔmb ɖo le ƒe 1945 ƒe gɔmedzedze dometɔ ɖeka. Dua va zu dudo. Esi ŋkekea de be ʋɔnudrɔ̃la la nase nye nya mlɔeba la, mexɔ ɣleti 18 le gaxɔa me xoxo. Kwasiɖa eve koe ma kpɔtɔ ne aʋa la nake keŋkeŋ le May 8, 1945 dzi. Le nyadɔdrɔ̃a me la wobiam be: “Èlɔ̃ be yeawɔ asrafodɔa?”

Meɖo ŋu be: “Mɔɖeɖe meli be woado asrafowu na gamenɔla alo wòagblɔ ‘Heil Hitler’ o.” Esi wobiam be malɔ̃ anye Germany srafo hã la, meɖo eŋu be: “Taflatse tsɔ agbalẽ siwo dzi woŋlɔ nye ŋkɔ ɖo be woaɖom asrafoe la nam ne magblɔ nye nyametsotso na wò!”

Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, aʋa la ke, eye wogblɔ nam be mate ŋu adzo faa. Eteƒe medidi o meʋu yi Graz, afisi hame sue aɖe si me Ðasefo 35 le la. Egbea hame enyi sɔŋ ye le Graz nutoa me.

Kpeɖeŋutɔ Lɔ̃ame Aɖe

Le aʋa la megbe kpuie la, medo go Helene Dunst, ɖetugbi si nye nufiala aɖe si nye Nazi dunyahehabɔbɔ me tɔ tsã. Mɔkpɔkpɔ bu ɖee kura le esi nu nyui siwo wòsusu be Nazi dziɖuɖua awɔ meva eme o. Le mía kplii ƒe dzeɖoɖo zi gbãtɔ me la, ebiam be: “Aleke wodzɔe be miawo ɖeɖekoe nya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa eye ame bubuwo ya menyae o?”

Meɖo eŋu nɛ be: “Esi ame akpa gãtɔ medzroa Biblia me o tae.” Emegbe mefia Mawu ƒe ŋkɔe le Biblia me.

Egblɔ kple dzidzɔ be: “Ne Biblia gblɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, ke ele be míagblɔe na amesiame!” Helene dze Biblia me nyateƒeawo gbɔgblɔ gɔme eye le ƒe ɖeka megbe la etsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa. Míeɖe mía nɔewo le June 5, 1948, dzi.

Le April 1, 1953, dzi la, míeva zu Yehowa Ðasefo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo. Mlɔeba wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 31 lia le South Lansing, New York. Míese vivi le hadede dodzidzɔname me kple hati sukuvi siwo tso dukɔ 64 me le afima.

Le míaƒe sukua nuwuwu vɔ megbe la, wogaɖo mí ɖe Austria. Wode dɔ asi na mí be míava srã hamewo akpɔ ado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me ƒe ʋɛ aɖewo. Emegbe womia asi mí be míava subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Luxembourg. Emegbe wobia tso mía si be míaʋu ayi alɔdzedɔwɔƒe si le Austria, le Vienna. Esi míenɔ subɔsubɔm le afima le ƒe 1972 me la, míeva dze Serbia kple Croatiatɔwo ƒe gbe sɔsrɔ̃ gɔme be míate ŋu aɖi ɖase na Yugoslaviatɔ dɔwɔla siwo ʋu va Viena. Fifia Serbia kple Croatiatɔwo ƒe hame enyie le Vienna afisia, si me amesiwo tso Europa ƒe akpa sia akpa kloe le!

Le August 27, 2001, dzi la, Helene dɔ alɔ̃ le ku me. Eɖo kpe edzi be yenye kpeɖeŋutɔ nyui si ŋu woaɖo ŋu ɖo le míaƒe ƒe 53 ƒe srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔkpɔkpɔ nɔ la me. Meva bu tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nu xɔasii fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.

Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Na Nye Dzi Dze Eme

Togbɔ be nublanuinyawo dzɔ ɖe dzinye hã la, megakpɔa dzidzeme le dɔ si mewɔna le Austria ƒe alɔdzedɔwɔƒea me. Mɔnukpɔkpɔ aɖe si su asinye nyitsɔ laa enye be magblɔ nye nuteƒekpɔkpɔ le numeɖekpekpe si ƒe tanya nye “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be le Nazi Dziɖuɖua Te” la me. Tso ƒe 1997 me la, numeɖekpekpe sia wɔlawo de Austria ƒe dugã kple duvi 70 me, si na mɔnukpɔkpɔ su Nazi gaxɔwo kple fuwɔamegaxɔ teƒekpɔlawo si be woagblɔ xɔse kple dzinɔameƒo si Kristotɔ vavãwo ɖe fia esi Nazitɔwo ti wo yome la ŋu nya.

Mebui mɔnukpɔkpɔ gã aɖee be nye ŋutɔ menya nuteƒewɔla siawo. Wonye kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi si ɖoa kpe Romatɔwo 8:38, 39 me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi be: “Eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Míaƒe ƒomea le ƒe 1930 me (tso miame yi ɖusime): nye ŋutɔ, Pepi, Papa, Willi, Dada, kple Vinko

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Fonye Willi, le ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na ewuwu

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple Vinko míenɔ Stadelheim Gaxɔ me le Munich

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Woda Vinko vinyɔnu, Fini, ɖe Nazi ƒome sẽŋuta aɖe gbɔ; elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi va de asi na egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Helene nye zɔhɛ vevi aɖe nam le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 53 me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ ƒe wɔna si nye “Fukpela Siwo Woŋlɔ Be le Nazi Dziɖuɖua Te” me