Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xe Dadzo Siwo Ðua Ɣe

Xe Dadzo Siwo Ðua Ɣe

Xe Dadzo Siwo Ðua Ɣe

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

GBE akpe nanewo le ɖiɖim. Xɔxlɔ̃ sesĩe madzudzɔmadzudzɔ la tso ta aɖe si le adzɔge ɖaa me. Xe dzẽ akpe nanewoe le tsi si ƒe amadede nye gbemu la me zɔm. Woƒe dzodzo si nya kpɔna ŋutɔ la xɔ yame ƒe afisiafi. Woƒoa woƒe aʋala falɛfalɛ didiawo le yame wodaa dzo hɛ̃ ne wole xla ƒom le tsia dzi. Xeawo ƒe hame nɔnɔ dzeani keklẽ la doa dzidzɔ na ame ale gbegbe! Xe siawo anye esiwo ƒe nu wɔ nuku wu ɖesiaɖe le xexeame—wonye flamingo dzẽ siwo le Afrika ƒe Ɣedzeƒe Bali Gã la me.

Afɔ Legbe Dzeaniwo

Tso blema ke la, wokpɔa dzidzɔ ɖe flamingo ŋu ɖe eƒe nɔnɔme tsralɛ nyoameŋua ta. Wokpa eƒe kɔ legbe la ƒe nɔnɔme ɖe kpewo dzi eye esia dzena le Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo me. Xea ƒe nɔnɔme le etɔxɛ henyoa ame ŋu ale gbegbe be Egiptetɔwo dea bubu eŋu be enye yewoƒe mawu Ra ƒe nɔnɔme. Wotaa flamingo dzẽ la ƒe kɔ legbe xaxa la kple afɔ lɛlɛ dzeaniawo ɖe kpetowo dzi le blema.

Egbea la, woate ŋu akpɔ flamingo ƒomevi ene le Carib-nutome, Anyiehe Amerika, Europa kple Asia, Afrika, kpakple India. Flamingo dzẽ suetɔwoe nye eƒomevi siwo melolo o. Eƒe fu siwo biã kple eƒe afɔ siwo le dzẽ la na wòdzea ani. Flamingo gãwo lolo wu suetɔwo zi gbɔ zi eve eye woƒe kɔkɔme te ŋu dea sentimeta 140. Nɔnɔme ɖeka ŋugbee nɔa flamingowo katã si—woƒe dɔ bi vie le titina eye wòxa yi anyi me lɔƒo wonya kpɔ.

Ne xe sia be yeadzo la, eƒoa eƒe aʋalawo sesĩe eye wòƒua du kple eƒe afɔ lɛlɛawo le tsia dzi be dzo naɖo eme wòate ŋu adzo ayi yame. Edzɔa eƒe ta kple kɔ legbe la dona ɖe ŋgɔ eye wodidia eƒe afɔwo ɖe megbe sesĩe hedzona atsyãtɔe toa yame. Flamingo dzẽ siwo anɔ miliɔn enee le Afrika ƒe Ɣedzeƒe Bali Gã la me.

Xe Beliwo, Le Nuto Tsakliwo Me

Flamingo gbogbo siwo le Bali Gã la me la nɔa agbe le ta siwo me sodium carbonate le la dzi wòwɔa nuku. Sodium carbonate sɔ gbɔ le tsia me ale gbegbe be tsia méa ame vie eye ami léna ɖe ŋuti na ame ne wode asi eme. Yame ƒe dzoxɔxɔ le afisiwo Bali me tawo le la te ŋu ɖona Celsius 65. Sulfur kple brine ƒe ʋeʋẽ dona tsoa ta la me va tsakana kple ya xɔdzo la. Dze ƒomevi vovovowo sɔ gbɔ ɖe tsia me ale gbegbe be woblana zua kɔ ɣiwo ɖe goawo dzi.

Nu gbagbe ʋɛ aɖewo koe ate ŋu anɔ agbe le tsi siawo tɔgbe siwo me aɖi le la me. Gake nugbagbevi suesue aɖewo nɔa agbe le eme—esiae nye tɔmegbe sue si ƒe amadede nye blɔ kple gbemu. Ŋdɔ si ʋuna le anyigba xɔdzo ma dzi nana dzoxɔxɔ ɖoa tsi ɖaɖia me, eye wòwɔnɛ be tɔmegbeawo te ŋu vuna sɔa gbɔ. Tɔmegbeawo sɔa gbɔ ale gbegbe be wonana ta la me tsiwo katã zua gbemu. Abe alesi wotsɔa atsyɔ̃ɖonu gbemutɔwo dea kɔdzonuwo dome ene la, nenemae ta siawo ɖo atsyɔ̃ na bali kple to siwo yɔ Ɣedzeƒe Bali Gã la mee.

Enye nuku be nuwɔwɔ si nye flamingo beli sia te ŋu nɔa nuto tsakli madeamedzi sia me. Ke hã flamingo sia te ŋu nɔa agbe le afisia. Eƒe afɔ lɛlɛawo te ŋu nɔa te ɖe tsi ɖaɖia nu, eye eƒe afɔtame siwo me mefe o la nana meɖina ɖe bà ma si ɖiɖina ŋutɔ la me o. Flamingo suetɔ le ale gbegbe be ete ŋu nɔa agbe le nuto madeamedzi ma me. Do suesue aɖewo le eƒe dɔa me si nana wòte ŋu lɔa tsia hetsyɔa nugbagbevi suesue siwo sɔa gbɔ ɖe tsia me dea to sentimeta 5 va ɖo 7 la. Ne flamingo la le nu ɖum la, ebina eƒe dɔ ɖe akɔ me le tsia te. Flamingo ƒe aɖe lɔa tsia gagbugbɔ tunɛ to do la me eye nugbagbevi suesueawo susɔna.

Hamenɔnɔ Dzeani La

Ne ɣe dze ɖe ta la me tsi siwo ƒe amadede nye gbemu dzi le ŋdi me la, enɔna abe xɔmetsovɔ gã aɖee wofɔ ɖe dzi ene. Kekeli nana wokpɔa flamingo ha gbogbo aɖewo nɔa keklẽm abe dzo ƒe aɖewo ene le ta la dzi. Xeawo mimina ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Xe ɖeatsyã siawo didia woƒe kɔwo dona ɖe dzi nɔa wo dam tso axadzi yi axadzi nɔa yiyim le ƒuƒoƒo me.

Ne xe siawo ƒe hatsotso eve zɔ va to wo nɔewo ŋu ɖo ta teƒe vovovowo la, ɣea klẽna ɖe woƒe fu beliawo dzi eye wònana keklẽ dzẽ kple hɛ̃ tsakatsaka dzeaniawo dzena. Xeawo nɔa kpo tim henɔa ɣe ɖum, eye wokekea woƒe aʋalawo gbadzaa be woƒe aʋala me fu dzẽawo nadze nyuie. Ne wole woƒe amadede dzeaniawo ɖem fia la, woƒua du toa tsia dzi hedzona yia yame ɖadzena ɖe teƒe bubu aɖe eye wogadzea wɔnawo gɔme ake. Flamingoawo mimina ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbe be womate ŋu adzo ɖekaɖeka o ke boŋ ele be woalala be esiwo le axadziwo nadzo gbã hafi. Woƒe xɔxlɔ̃ atraɖii madzudzɔmadzudzɔe la ɖea toɣli ŋutɔ.

Kaka zã nado la, xeawo dzona trɔna le hame. Ne wole dzodzom le fli ɖeka me alo le dzodzom le nɔnɔme si ɖi akplɔ ƒe ta ƒe dzedzeme la, wozɔna kilometa alafa geɖe vaseɖe esime woɖo wo nɔƒe—si nye ta ɖaɖi si sɔ na woƒe atɔwo wɔwɔ kple wo vi suewo nyinyi. Nukutɔe la, flamingo dzẽ siawo ʋuna kple wo tɔ bubu siwo le Bali Gã la ƒe ta ɖaɖi siwo le eƒe go kemɛawo dzi ɖekae.

Wovlo le Ðevime Gake Wonya Kpɔna le Tsitsime

Flamingowo lɔ̃a atɔwo wɔwɔ ɖe ta siwo le adzɔge ʋĩ siwo gbɔ menya ɖona na amewo bɔbɔe o la dzi. Adzɔge nɔnɔ alea le vevie, elabena ƒuƒoƒo siwo va atɔwo wɔ ge aɖɔ azi ahaƒo viwo la medina be naneke nado kplamatsɛ yewo o. Ne nane do kplamatsɛ wo la, xenɔawo agblẽ woƒe aziawo ɖi eye womagatrɔ ava gbeɖe o.

Ƒuƒoƒo siwo va azi ɖɔ ge la tsona ɖe dɔ ŋu kple moveviɖoɖo blibo. Xenɔ siawo tsɔa dzidzɔ dzea woƒe atɔwo wɔwɔ gɔme. Wobia woƒe kɔ legbeea ɖe anyi eye woka bà kple xemi, eye wofɔa xefu ʋɛ aɖewo tsɔ ƒoa kpo si ƒe kɔkɔme nɔna sentimeta 40 lɔƒo. Woɖea do kotoe aɖe ɖe etame si doa azi ku ɖeka la ɖe dzi vie tso tsi ɖaɖi magogloea gbɔ. Eteƒe medidina hafi azi alafa nanewo ƒona o. Xenɔawo dzona tsoa atɔawo gbɔ yina gbɔna le agbɔsɔsɔ gã aɖe me henɔa nuɖuɖu dim be woatsɔ ana wo vi fẽ siwo le xɔxlɔ̃m hele nuɖuɖu biam la.

Emegbe ne xevi fẽ siawo tsi nyuie eye woate ŋu azɔ la, xenɔawo gblẽa wo ɖi kpata eye woʋuna yia ta la ƒe akpa kemɛ, afisi tɔmegbewo dama le wu hesɔ gbɔ le wu hã. Adzɔge nɔnɔ tso wo vi fẽawo gbɔ alea ana woate ŋu aɖu nu nyuie ŋusẽ nagaɖo wo ŋu. Xenɔ ʋɛ siwo susɔ la ƒoa xe fẽ siawo nu ƒu henyia wo. Xenɔ siwo le xevi siawo dzi kpɔm la tsɔa beléle kplɔa xevi fẽ siwo le xɔxlɔ̃m sesĩe la toa dzetsia ƒe go kemɛ ʋuu vaseɖe esime wova wɔa ɖeka kple wo dzilawo. Nukutɔe la, xenɔawo tea ŋu dea dzesi wo viwo eye woyia edzi léa be na wo togbɔ be wotɔtɔ ɖe ame hã.

Xevi fẽawo vlo eye womeɖi wo dzila dzeaniawo o. Woƒe afɔwo kple kɔwo nɔna kpuie, woƒe dɔawo dzɔ ka, eye woƒe fuwo funa le fẽ me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woƒe afɔwo va tea tsitsi, woƒe kɔwo va didina ɖe edzi hexana, eye woƒe dɔawo nɔa xaxam yi akɔme eye wova nɔa nɔnɔme gɔdɔ̃gɔdɔ̃e si wokpɔna le flamingowo ŋu la me. Axɔ tso ƒe eve va ɖo ƒe etɔ̃ hafi xevi fẽ siawo siwo menya kpɔna o natsi azu flamingo siwo ƒe fu daa dzo. Emegbe wonɔa hame atsu kple nɔe, atsu kple nɔe eye wogena ɖe flamingo dzẽ dzeaniawo ƒe ha gã siwo nya kpɔna le Bali Gã la ƒe ta ɖaɖiawo me la me.

Flamingo ƒe atsyãɖeɖe kple anidzedze nye aɖaŋudɔ wɔnukuawo dometɔ ɖeka. Nuwɔwɔ dzeani sia kpɔkpɔ le gbedzi ahanɔ woƒe gbe sem doa dzidzɔ na ame. Gawu la, edzia ŋudzedzekpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa Mawu, wo Wɔla wɔnuku la ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

“Flamingo” gãwo

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

“Flamingo” suewo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Wo vi fẽwo meɖi wo dada dzeaniawo o