Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mate Ŋu Akpɔ Videohaƒoƒowoa?

Ðe Mate Ŋu Akpɔ Videohaƒoƒowoa?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Mate Ŋu Akpɔ Videohaƒoƒowoa?

“Videohaƒoƒowo nyo ŋutɔ. Wo dometɔ aɖewo le abe sinima kpuiwo ɖeɖe fia ene. Wogblɔa ŋutinya aɖe, eye mekpɔa dzidzɔ ɖe atsyã si wotsɔ le ɣea ɖum la ŋu ŋutɔ.”​—Casey.

“Wonye mɔ nyui aɖe si dzi woato ake ɖe ha yeyewo ŋu. Wonana ame kena ɖe ha geɖewo ŋu wu 40 vevitɔ siwo wolɔ̃a ƒoƒo. Azɔ hã, videohaƒoƒowo te ŋu nyea dzeɖonya nyui aɖe.”​—Josh.

“Videohaƒoƒo dzi wɔnawo nɔa vevie nam​—wonana mekpɔa hadzila la, nusiwo wòdo kple alesi wòwɔa nui. Esiawo katã nana hadzidzi me nyawo me kɔna.”​—Kimberly.

“Madi be makpɔ nusi haƒolawo ƒe ha si ŋu mekpɔa dzidzɔ ɖo la gbɔna wɔwɔ ge fifia. Melɔ̃a atsyã siwo wotsɔ ɖea nuawo fianae. Eye video aɖewo doa nukokoe na ame. Gake ele be nàkpɔ nyuie.”​—Sam.

ÐEWOHĨ wò hã èkpɔa dzidzɔ ɖe videohaƒoƒowo ŋu. Esi wotoe vɛ teti la, wowɔe ɖe asi bɔbɔe dzi. Gake esi wova kpɔe be videohaƒoƒo menye nusi woaƒo asi o eye wòva na wonɔ viɖe geɖe kpɔm le haƒoƒowo dzadzra me la, woto aɖaŋudzedze kple nuwɔwɔ ɖe ɖoɖonu me trɔ asi le wo ŋu etɔxɛ wòde ŋgɔ. Egbea la wowɔa akpa vevi aɖe le haƒoƒowo me, eye wonye esiwo sɔhɛwo lɔ̃na vevie. Le dukɔ aɖewo me la, woɖo television dɔwɔƒe aɖewo na videohaƒoƒowo koŋ!

Gake nukatae sɔhɛ aɖewo abe Sam, si ƒe nya míeyɔ gblɔna be ele be woakpɔ nyuie? Ðe wòanye be videohaƒoƒo aɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwòa—ɖewohĩ be wòagblẽ wò nukpɔsusu kple wò agbenyuinɔnɔ alo agblẽ mía kple Wɔwòla dome ƒomedodoa mea? Biabia ma adze abe nusi gbɔ eme akpa ene. Gake bu eŋu kpɔ, Tsɔe be èyina tsi ƒu ge le ta aɖe alo le atsiaƒu aɖe me eye nèkpɔ dzesi aɖewo siwo fia be afɔku le afima, ɖe wòanye nusi me nunya anɔ be nàŋe aɖaba ƒu nuxlɔ̃ame mawo dzia? Gbeɖe. Ekema anye nusi me nunya le be nàdzro nuxlɔ̃amenya aɖewo siwo ku ɖe videohaƒoƒo ŋu me.

Afɔku Teƒewo

Ahiã be nàde dzesi nyateƒenya sia be nusiwo nèkpɔna kple nusiwo nèsena ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò! Biblia la gblɔ na mí be Saul si nye Israel-fia gbãtɔ wɔ haƒoƒo ŋudɔ le mɔ nyuitɔ nu—tsɔ faa dzi na eɖokui. (Samuel I, 16:14-23) Ðe haƒoƒo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ hã ɖe ame dzia? Agbalẽ si nye Rock and Roll—Its History and Stylistic Development he susu yi nya vevi sia dzi be: “Ame aɖeke mate ŋu agblɔ be mɔ aɖewo nu koe haƒoƒo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi le o. Ne míelɔ̃ ɖe edzi be rock-hawo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame dzi (abe alesi wòdzɔnae ene la), ekema ele be míanɔ klalo alɔ̃ ɖe edzi hã be ekpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi (abe alesi wòdzɔnae ene). Amesi gblɔna dadatɔe be ‘Tsoo, meɖoa to haƒoƒoa me nyawo, gake mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o’ la tsi bome loo alo menya nyateƒea o.”

Biblia hea susu yia dɔ si ŋku ƒe nukpɔkpɔ wɔna ɖe míaƒe tamebubu kple seselelãmewo dzi enuenu. (Lododowo 27:20; Yohanes I, 2:16) Eyata esime video wɔlawo tsɔ nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedziwo kpe ɖe haƒoƒoawo ŋu la, wona eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia nu gasẽ ɖe edzi. Nukpɔkpɔ kawo ƒomevie wozãna zi geɖe?

Numekuku aɖe ɖee fia be ŋutasẽnuwɔnawoe le rock-video siwo anɔ 57 le alafa me dzi. Gbɔdɔdɔnuwɔnawo dze le 76 le alafa me la me. Numekuku bubu aɖe si wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be le videohaƒoƒo siwo gblɔa ŋutinya me la, 75 le alafa me ɖea gbɔdɔdɔnuwɔnawo fiana, eye esi wu afã ɖea ŋutasẽnuwɔnawo fiana, eye wonyea esiwo kuna ɖe nyɔnuwo ŋu zi geɖe. Ekema ɖe video siawo kpɔkpɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò nyateƒea? Magazine aɖe gblɔ be, “numekuku 37 siwo wowɔ ɖee fia be videohaƒoƒowo te ŋu nana ƒewuiviwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me esi womekpɔ tsi o alo wokpɔa gome le gbɔdɔdɔnuwɔna si me afɔku le me.” Eye nyateƒee wònye be esi haƒolawo le agbagba dzem be yewoato yewo tɔ siwo nɔ anyi va yi kple yewo hatiwo ŋu la, wova le atsyã siwo me ŋukpenanuwɔwɔ tɔŋku geɖe le la dem videohaƒoƒowo me.

Nufiala bibi aɖe gblɔ be: “Ame geɖe gblɔna be nusiwo yewosena—hekpɔna to videohaƒoƒowo me—ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo meto vovo kura tso dzidzime siwo nɔ anyi va yi tɔ gbɔ o . . . Gake edze abe ɖe dada na be egbegbe fefewɔlawo da asi ɖe nya ƒaƒãwo kple ŋukpenanuwɔwɔ dzi be wonye mɔ nyui aɖewo siwo dzi yewoate ŋu ato ana ame geɖe naƒle yewoƒe haƒoƒowo ene.” Eye Chicago magazine gblɔ le ame aɖewo siwo lɔ̃a television dɔwɔƒe aɖe ƒe videohaƒoƒo kpɔkpɔ ŋu be: “Nusiwo wokpɔna nyea esiwo me woyia edzi ɖea gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo fiana afã kple afã ʋuu madzudzɔmadzudzɔe.”

Chicago magazinea gaƒo nu tso videohaƒoƒo aɖe ŋu si me “sɔhɛ aɖe si le dɔ wɔm le nuɖuɖudzraƒe aɖe bi eƒe ta yi megbe vie. Nane si veme nɛ wòlã kple ʋu eye eƒe ta ge le enu.” Wogagblɔ be esi ŋutsu aɖe le awuɖeɖe le ŋuti ƒe wɔwɔfia aɖe wɔm le videohaƒoƒo bubu aɖe me la, eva nɔ eƒe ŋutigbalẽ kple lãkusiwo hã fom le eɖokui ŋu. Woɖe nu bubu nyɔŋu siwo tɔ ŋku akpa be woagblɔ le afisia hã fia.

Gake ame aɖewo aŋe aɖaba aƒu nya siawo dzi ahagblɔ be video siwo ŋu nya wogblɔ le afisia la gbɔ eme akpa eye be videohaƒoƒowo dometɔ akpa gãtɔ megblẽ nenema gbegbe o. Ame aɖewo ake ɖi gɔ̃ hã be yewomekpɔe be videohaƒoƒowo vloe nenema gbegbe o. Gake ɖe esia mefia ko be video siawo kpɔkpɔ edziedzie na amesiawo ƒe dzi va ku atri oa? Casey, si nye ɖekakpui si míeyɔ va yi lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne mewɔ tiatia le nusiwo nèkpɔna me o la, nusiwo dzia ŋɔ na ame tsã la va zua gbesiagbenu. Ðeko nànɔ mɔ kpɔm na nu bubu le manyamanya me eye kaka nàkpɔ la èva lɔ̃ ɖe nusiwo kpɔkpɔ nana nèɖia vo tsã la dzi.”

Nukae ate ŋu ado tso eme? Ate ŋu ana wò nyametsotso nyui wɔwɔ me nagbɔdzɔ kura. Esi nuwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe míaƒe susuwo dzi bɔbɔe ta la, Biblia la xlɔ̃ nu mí be ‘míalé nya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesĩe.’ (Lododowo 3:21; 5:2) Nu bubu si agate ŋu ado tso eme enye mia kple Yehowa Mawu ƒe xɔlɔ̃dzedze me gbegblẽ. Ðe menye wò nu vevitɔ enye ema oa? Ekema ahiã be nàkpɔ xɔlɔ̃dzedze ma ta to nusiwo nàwɔ aƒo asa na modzakaɖeɖe gbegblẽ ɖesiaɖe kpɔkpɔ me. Aleke nàte ŋu awɔ esia?

Alesi Nàkpɔ Ðokuiwò Tae

Taflatse gbã la, lɔ̃ ɖe edzi be enye nu gbegblẽ be woanɔ dadam le nusiwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe kɔte be wo kpɔkpɔ menyo o la dzi anɔ wokpɔm. (Psalmo 11:5; Galatiatɔwo 5:19-21; Nyaɖeɖefia 21:8) Ne video aɖe kafua nusiwo ‘medze ame kɔkɔewo’ o la, ele be nàɖoe kplikpaa adzudzɔ ekpɔkpɔ. (Efesotɔwo 5:3, 4) Ele eme baa be television dzi nukpɔkpɔ aɖe tɔtrɔ ɖe bubu dzi—alo etsitsi kura—te ŋu nyea nu sesẽ ne nusiwo ɖem wole le dzidzɔ dom na ame ya. Eyata anyo be nàdo gbe ɖa abe alesi hakpala la wɔe ene esi wòŋlɔ be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”—Psalmo 119:37.

Le dzɔdzɔme nu la, àƒo asa na video siwo nana woɖia vo abe esiwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi ene. Ke hã le video aɖewo gome la, wodze aye le nɔnɔme gbegblẽwo ɖeɖe fia me. Gbɔdɔdɔnuwɔna adze vie ko le nukpɔkpɔ aɖe me. Woate ŋu atrɔ asi le hadzidzia me nyawo kple nukpɔkpɔa ŋu aɖaŋutɔe eye woanɔ mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nukpɔsusu aɖe kafum nya aɖeke magblɔmagblɔ alo naneke maɖemaɖe fia tẽ. Ke hã ne èse seselelãme ƒe fɔbuame vi aɖe le video aɖe kpɔkpɔ me la, anye be esi meɖɔ ʋu o alo mesɔ na Kristotɔwo le mɔ aɖe nu o tae. Ekema aleke nàwɔ atso nya me le nusiwo wòle be nàkpɔ kple esiwo wòle be nàtsri ŋu nenye be mènya nusi wòdze be nàwɔ o?

Nyateƒee, ne àkpɔ videohaƒoƒo alo màkpɔe o la nye wò ŋutɔ kple dziwòlawo, amesiwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woatia nusi wòle be nàkpɔ kple esiwo mele be nàkpɔ o la ƒe nyametsotso. (Efesotɔwo 6:1, 2) Gake ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nàkpɔ videohaƒoƒowo hã la, ele be nu bubu aɖe, si menye nusiwo dze ŋuwò wɔwɔ o, nafia mɔ wò. Hebritɔwo 5:14 de dzi ƒo na mí be ‘míamlã míaƒe sidzenuwo’ be ‘míate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃’ dome. Míemlãa míaƒe sidzenuwo ne míesrɔ̃ Biblia ƒe gɔmeɖosewo, eye wokpena ɖe mía ŋu be míenyaa nusi nyo kple nusi gblẽ le Yehowa ŋkume. To ŋugbledede le Biblia ƒe gɔmeɖose mawo ŋu me la, àte ŋu ava de dzesi nusi nye afɔku na wò gbɔgbɔ me lãmesẽmenɔnɔ, ne Biblia ƒe se aɖeke meli ku ɖe eŋu tẽ afia mɔ wò o hã.

Ekema Biblia ƒe gɔmeɖose kawo tututue afia mɔ wò le videohaƒoƒowo tiatia me? Míadzro esia me le nyati si míagata me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

“Amesi gblɔna dadatɔe be ‘Tsoo, meɖoa to haƒoƒoa me nyawo, gake mekpɔa ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o’ la tsi bome loo alo menya nyateƒea o.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Ðe nàte ŋu anɔ nu maɖɔʋuwo kpɔm eye magblẽ nu le ŋuwò oa?