Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Afɔkpawo Sɔ Wò Nyuiea?

Ðe Wò Afɔkpawo Sɔ Wò Nyuiea?

Ðe Wò Afɔkpawo Sɔ Wò Nyuiea?

“Ame aɖeke menya afisi afɔkpadola le veve sem le o, negbe eya ŋutɔ ko.”​—ROMA NUNYALA AÐEE GBLƆE.

ƔEKAƔIE nye zi mamlɛ si nèƒle afɔkpa? Alekee wosɔ wòe? Wona nèvo le wo mea? Ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi nète ŋu tia wo? Alekee nudzrala alo amesi kpe ɖe ŋuwò nèdo wo kpɔ la tsɔ ɖe le eme na wòe? Afɔkpa ƒe atsyã koŋue na nèƒlea, eye menye alesi woasɔ wò tae oa? Alekee nèkpɔ woe vaseɖe fifia? Ðe wovea afɔ ƒe afi aɖe na wòa?

Afɔkpa ƒeƒle mele bɔbɔe nenema gbegbe o. Eye esi asɔ ame nyuie kpɔkpɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Nukatae wòle nenema ɖo?

Esi Asɔ Ame Nyuie Kpɔkpɔ

Gbã la wò afɔ kae lolo wu—ɖusifɔe loo alo miafɔ yea? Ðe nèsusu be wo katã sɔa? Gbugbɔ bu eŋu kpɔ! Nu bubu si hã ŋu wòle be woabu enye be dzidzemɔnu enee li na afɔkpa ƒe sɔsɔ na afɔ ɖesiaɖe: afɔkpaa ƒe ame sɔsɔ ne wonɔ anyi, eƒe ame sɔsɔ ne wotso ɖe tsitre nu, eƒe ame sɔsɔ ne wodoe le azɔli zɔm, kple dzoxɔxɔ si wonana ame ne dzoxɔxɔ li alo fafa li. Vovototo kawoe le wo dome?

Agbalẽ si nye Professional Shoe Fitting gblɔ ku ɖe afɔkpa ƒe ame sɔsɔ le anyinɔƒe ŋu be: “Eyae nye esi sɔa ame le anyinɔƒe (esime eƒlela nɔ anyi).” Abe alesi nyagbɔgblɔ “ne esɔ ame le tsitrenu” fia ene la, wokpɔnɛ ne amea doe le tsitrenu. Tsitrenu nɔnɔ trɔa ame ƒe afɔ ƒe lolome kple nɔnɔme. Numekugbalẽ si ƒe nyawo míeyɔ va yi la gblɔ be: “Ne woagblɔe tututu la, afɔ la nyea ƒu kple ƒuxlɔ̃e siwo me gbɔdzɔ ne míele anyinɔƒe, gake ‘hesẽna’ enumake ne wotso ɖe tsitrenu, si wɔnɛ be afɔ ɖeka ma ƒe nɔnɔme trɔna.” Gake edzidzemɔnu eve bubuwo gali.

Afɔkpa ƒe ame sɔsɔ ne wodoe le azɔli zɔm enye esime wodoe le nane wɔm—ne wole zɔzɔm, ne wole du ƒum, ne wole dzodzom, alo wole kame dem kplii. Esia “wɔnɛ be afɔa ƒe didime, nɔnɔme, kple lolome ƒe tɔtrɔ vovovoawo dzena.” Eƒe ame sɔsɔ ƒe mɔnu eneliae nye alesi wòasɔ afɔ na ame le ya me ƒe tɔtrɔ vovovo me siwo nye dzoxɔxɔ, fafa, kple ne tsi le ya me me. Nusiawo ate ŋu ana afɔ nalolo ɖe edzi alafa memama 5. Mewɔ nuku o be esia tae ame ƒe dzi dzea eme ne woɖe afɔkpa le ŋkekea ƒe nuwuwu ɖo, vevietɔ ne esi mesɔ ame o ye wodo! Eye zi geɖe la, alea wòdzɔnae.

Alekee Wodzidzea Wò Afɔe?

Ƒe gbogbo aɖewoe nye esia si Eric ƒlea afɔkpa si ƒe didime nye ewo kple afã alo 11, si ƒe kekeme nye vedomesitɔ. Le ɣeyiɣi siawo ke me la, eƒe agblɔfɔkui to kɔ eye fe yeye tona ɖe eƒe mia degblefetsua te. Eƒe afɔdɔdala ɖo aɖaŋu nɛ be wòana afɔkpadzidzela bibi aɖe nadzidze eƒe afɔwo. Ewɔ nuku na Eric esi wòva kpɔe dze sii be afɔkpa si mave afɔ na ye o si wòle be yeanɔ ƒeƒlem hafi ƒe didimee nye 12 kple afã, eƒe kekeme nanye A tɔ! “A” fia afɔ lɛtɔwo tɔ. Gake ɖe dzidzeme eve, siwo nye didime kple kekeme ɖeɖeko sɔ gbɔ be woana woakpɔ esi asɔ na amea? Alekee wòle be nàdzidze wò afɔwoe?

Dɔwɔnu nyanyɛ aɖe si wozãna le dukɔ aɖewo me tsɔ dzidzea afɔ ƒe nɔnɔme enye Brannock ƒe dzidzenu. (Kpɔ fotoa ɖa.) Woate ŋu azãe atsɔ anya dzidzeme etɔ̃: afɔ bliboa ƒe didime, tso afɔkpodzi va ɖo afɔbidɛawo ƒe kpeƒe, kple afɔbidɛawo ƒe kpeƒe ƒe kekeme. Nyateƒee, afɔ ɖesiaɖe kple eƒe nɔnɔme kple lolome. Susu nyui sia tae míedoa afɔkpawo kpɔna hafi ƒlea wo ɖo. Afisiae wòle be míakpɔ nyuie le. Ðe nèsɔ afɔkpa aɖe si dzɔ dzi na wò vevie kpɔa, eye kaka nàkpɔ ko wole afɔ vem na wòa? Afɔkpadzrala la gblɔ be: “Eme ava agblɔ. Wò afɔ ava sɔ eme.” ȃlee eye le edodo ŋkeke alo kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la eva le vewòm be yeƒlee. Eye kaka nàkpɔ koa wò afɔbidɛwo to kɔ, fe yeyewo to ɖe egɔme, alo degblefetsuawo to kɔ!

Ðe Nèle Kekem Ðe Esi Asɔ Afɔ na Wò Nyuie la Ŋua?

Ðe wòate ŋu akpɔ afɔkpa nyuitɔa? Agbalẽ si nye Professional Shoe Fitting ɖo eŋu kpuie be ao. Nukatae? “Etso kuxi gbogbo aɖewo siwo dzi manya ɖu bɔbɔe o gbɔ. . . . Ame aɖeke meli si ƒe afɔ eveawo ƒe lolome, kple eƒe nɔnɔme sɔ alo wɔa dɔ pɛpɛpɛ o.” Eyata ne afɔkpa aɖe sɔ na wò afɔ lolotɔ hã la, masɔ na evelia tututu o. “Esia mefia be mate ŋu akpɔ afɔkpa si asɔ na wò o, ke boŋ ɖeko wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe nya alo nukpɔsusu si nye afɔkpa ‘nyuitɔ’ la ŋu.”

Ne èdi be yeakpɔ afisi wò afɔwo miana wò le afɔkpa me la, ke lé ŋku ɖe wò afɔkpa xoxo aɖewo ŋu kpɔ. Lé ŋku ɖe nusi wotsɔ ɖo afɔkpa me ŋu. Eƒe afikae nèkpɔ be enyi wu? Zi geɖe la, àkpɔ dzesiawo le afɔkpodzia nɔƒe, afɔkpodzia megbe, kple afɔbidɛawo ƒe kpeƒe. Nukae esia fia? Esia fia be “afɔkpa ƒe akpa aɖewo mesɔ kple afɔa ƒe teƒe mawo o. Eƒe akpa aɖewo nyina vevie gake akpa bubuawo ya menyina kura o.”

Ele vevie be woawɔ afɔkpakadeƒea gɔ̃ hã be nàvo. Ðe nède dzesii be wowɔa afɔkpakadeƒewo ɖe atsyã vovovowo mea? Le bal tɔ tɔgbewo gome la, wohea afɔkpakadeƒe evea kpena le gɔmea womiana. Gake ne lã sɔ gbɔ le wò afɔ ŋu la ekema blucher tɔ tɔgbee asɔ na wò wu, elabena eƒe afɔkpakadeƒe evea mekpena o. (Kpɔ nɔnɔmetata ɖa.) Nukata numeɖeɖe sia le vevie ɖo? Numekugbalẽ ma gagblɔ be: “Zi geɖe la afɔkpodzi ƒe ame veve le afɔkpa me geɖe alo akpa gãtɔ tsoa alesi afɔkpa mia ame akpa le afɔta, si wɔnɛ be afɔkpodzia miana le afɔkpa ƒe megbe gbɔ.”

Ke Nyɔnuwo ƒe Afɔkpa Zɔ Kɔkɔwo Ya Ðe?

Afɔkpa zɔ kɔkɔ siwo nyɔnuwo lɔ̃a dodo nana wosea veve le ŋutilã ƒe akpa vovovowo. Afɔkpa zɔ kɔkɔ dodo trɔa alesi wòle be ame nanɔ le tsitrenu eye wònana wobina yia ŋgɔgbe zi geɖe, si ganana be kloa glɔ̃na ɖe edzi wu be ametia nate ŋu adzɔ. Afɔkpa zɔ kɔkɔ dodo nana sobo liana, si wɔnɛ be wòdzena nyuie wu.

Esia ta afɔkpa ƒe zɔe nye nyɔnuwo ƒe afɔkpa ƒe akpa vivietɔ kple nusi koŋ nana woƒe dzi dzea eme alo esi nana womevona o. Professional Shoe Fitting gblɔ be susu vevi etɔ̃ tae wodoa afɔkpa zɔ kɔkɔwo ɖo: ‘(1) “amedzidede,” le kpɔɖeŋu me be wòadzi ame ƒe kɔkɔme ɖe edzi, (2) hena atsyɔ̃ɖoɖo—esia nyea atsyã yeye si wogade afɔkpa ŋu, kple (3) enana dzedzeme nyona ɖe edzi—le kpɔɖeŋu me be wòana nyɔnu ƒe afɔ ƒe dzedzeme nanya kpɔ ɖe edzi.’

Ele be nyɔnuwo natsi dzi ɖe alesi gbegbe afɔkpaa ƒe zɔ xae ŋu, si fia afisi ametia ƒe kpekpe nɔna na afɔkpodzia. Ne ame ƒe kpekpeme va le afɔkpaa ƒe zɔa ŋgɔ alo va le emegbe la ate ŋu ahe afɔku vɛ. Nukatae wòle alea ɖo? Elabena ate ŋu ana afɔkpaa ƒe zɔa nagli eye woadze anyi vevie.

Numedzodzro kpui sia na eme va kɔ ƒã be afɔkpa si sɔ kpɔkpɔ xɔa ɣeyiɣi vi aɖe kple ɖewohĩ ga geɖe wu, le esi afɔkpa nyui wɔwɔ bia ɣeyiɣi geɖe ta. Gake zi geɖe la afɔkpa si nèdona te ŋu wɔa akpa vevi aɖe le wò dzidzemekpɔkpɔ kple wò lãmesẽ me nɔnɔ gɔ̃ hã ŋu. Eyata megayɔ o. Di dzidzeme si asɔ. Xɔ dzigbɔɖi. Mègana atsyã siwo le tsia dzi alo woƒe dzedzeme naflu wò o.

[Aɖaka si le axa 29]

Nu Vevi Siwo Ŋu Nàlé Ŋku Ðo Ne Èle Afɔkpa Ƒlem

William A. Rossi kple Ross Tennant ɖo aɖaŋu siwo gbɔna la le woƒe agbalẽ si nye Professional Shoe Fitting me.

“Tameɖoɖo si tae wodzidzena afɔa menye be woakpɔ afɔkpa si asɔ pɛpɛpɛ na ame abe alesi wosusunɛ ene o.” Ke nukatae? Nusitae nye be nu vovovowo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe lolome dzi le kpɔɖeŋu me, abe afɔkpaa ƒe zɔ ƒe kɔkɔme, eƒe atsyã, aɖaŋu si wotsɔ wɔe, nusiwo wotsɔ wɔe, kple dɔwɔƒe si wɔe. Esia le alea egbea vevietɔ esi dukɔ geɖewo va le afɔkpa wɔm kple dzidzenu vovovowo ta.

Ne wole wò afɔ dzidzem la, he afɔwuia ƒe afɔnu do ɖe ŋgɔ be afɔbidɛawo nagaglɔ̃ ne woawɔ vodada le afɔa dzidze me o.

Aleke wòle be woadzidze wòe—ne èle anyinɔƒe loo alo le tsitrenu? “Afɔkpa ƒlela abui be anyinɔnɔ woadzidze ye enye mɔ bɔbɔetɔ.” Enana wowɔa vodada ne wole edzidzem. Eyata anyo be nànɔ tsitrenu hafi woadzidze wò afɔ. Ẽ, dzidze afɔ eveawo. Megatsɔe be miafɔ lae anye gãtɔ o. Dzidze evea siaa!

“Afɔkpadzidze nye aɖaŋudɔ si aɖaŋudɔwɔla bibi siwo lɔ faa be yewosubɔ amewo la wɔna eye amesiawo wɔa dɔ kple fiasetɔ gbogbo aɖewo eye wonya vevienyenye si le afɔkpadzidze nyuie ŋu.”

[Nuwo ƒe nɔnɔmewo siwo le axa 28]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Afɔkpa ƒe akpa vovovowo

afɔkpata

afɔkpameɖonu

zɔgɔmeɖonu

afɔkpazɔŋukpa

afɔkpagɔmekpa

afɔtatsyɔkpa

afɔkpodzi gɔmeɖonu

kadeƒekpa

kadeƒe tekpeƒe

afɔnutsyɔkpa

afɔkpazɔ

afɔkpatafli

afɔtatsyɔkpa

egɔmeɖonu

afɔkpagɔmekpa

[Nɔnɔmetata siwo le axa 29]

Brannock ƒe dzidzenu

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Atsyã adre siawo dzie afɔkpa bubuwo wɔwɔ nɔ te ɖo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Afɔkpakadeƒea ƒe atsyãwo

Blucher

Bal